Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Eureka Drama” La Na Ame Geɖe Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu

“Eureka Drama” La Na Ame Geɖe Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu

“EUREKA” gɔmee nye “Meke ɖe eŋu!” Le ƒe alafa 19 lia me esime amewo nɔ sika dim vevie le California, U.S.A. la, sikakulawo gblɔa nya sia ne woke ɖe sika ŋu. Gake ɣemaɣi la, Nɔviŋutsu Charles Taze Russell kple ehati Biblia Nusrɔ̃viwo ke ɖe nane si xɔ asi kura wu sika ŋu, si nye Biblia me nyateƒea. Eye wodi vevie be yewoagblɔe na amewo.

Kaka ƒe 1914 ƒe dzomeŋɔli naɖo la, ame miliɔn geɖe kpɔ “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la le dugãwo me. Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwoe wɔ sinima sia si xɔa gaƒoƒo enyi. Sinima dzeani sia si ƒe fotowo le amadede me, si me gbeɖiɖi si me kɔ, kple haƒoƒo viviwo le la ku ɖe Biblia me nyawo ŋu, tso xexemewɔwɔ kple amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya dzi va se ɖe Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua dzi.Nyaɖ. 20:4. *

Ke ame siwo le duviwo kple kɔƒewo me ya ɖe? Be naneke nagato nyateƒea dilawo dometɔ aɖeke ŋu o la, Biblia Nusrɔ̃viwo ɖe “Fotoɖeɖefia” la ƒe totoɖeme, si ŋu sinima la mekpe ɖo o la, hã ɖe go le August 1914 me, eye woyɔe be “Eureka Drama.” Wowɔ eƒomevi vovovo etɔ̃ le gbegbɔgblɔ geɖe me. Woyɔ ɖeka be “Eureka X,” si me numeɖeɖe siwo wolé ɖe agba dzi la katã kple haƒoƒoawo le. Woyɔ evelia be “Eureka Y,” si me gbeɖiɖiawo katã kple foto siwo le amadede me la le. Woyɔ etɔ̃lia be “Eureka Ƒome Ƒe Drama,” si me numeɖeɖeawo ƒe akpa aɖewo kple hadzidziwo le. Wowɔ agbaƒomɔ̃ siwo mexɔ asi o kple mɔ̃ siwo wozãna tsɔ ɖea ɖeɖefiawo hã.

A projector was used to show the colored slides

Biblia Nusrɔ̃viwo ate ŋu atsɔ nutovɛ yeye siawo, si mehiã be woazã sinimaɖemɔ̃wo o la, ayi kɔƒe nutowo me aɖee afia amewo femaxee be woase Fiaɖuƒegbedeasia. Woate ŋu aƒo “Eureka X,” si me gbeɖiɖiawo ko le la na amewo le ŋkeke alo zã me. Woate ŋu azã “Eureka Y” ƒe mɔ̃ la atsɔ aɖe fotoawo afia elɛktrikŋusẽ manɔmee, elabena wowɔa carbide ŋu dɔ tsɔ sia akaɖi si mɔ̃a zãna. Finlandgbe me Gbetakpɔxɔ aɖe ka nya ta be: “Míetea ŋu ɖea fotoawo fiana le afi sia afi kloe.” Nyateƒe tututue!

Mehiã be Biblia Nusrɔ̃viwo nahaya sinimaɖeƒe gãwo o, ke boŋ zi geɖe la, wozãa sukuxɔwo, ʋɔnudrɔ̃ƒexɔwo, ketekedzeƒewo, kple amewo ƒe aƒe gãwo me. Zi geɖe la, woɖea fotoawo fiaa amewo le gota esi wotsi aklala ɖe gli ŋu. Nɔviŋutsu Anthony  Hambuch gblɔ be: “Agbledelawo dzraa teƒe aɖe ɖo le woƒe atikutsetsebɔwo me, wodaa atikpowo ɖi be amewo nanɔ wo dzi, eye wova ƒoa ƒu kpɔa ɖeɖefiaawo.” Biblia Nusrɔ̃vi siawo zã keke si wotsɔ ŋkɔ na be “Drama keke” tsɔ kɔa fotoɖemɔ̃awo, woƒe agbawo, avɔgbadɔwo kple nuɖanuwo.

Ame siwo ƒoa ƒu kpɔa “Eureka” ɖeɖefiawo nyea ame ʋɛ aɖewo alo alafa geɖewo. Le Amerika ƒe kɔƒe aɖe si me ame 150 ko le me la, ame 400 sɔŋ ye tso teƒe vovovowo va kpɔ ɖeɖefia la le sukukpo aɖe dzi. Le teƒe bubuwo la, amewo zɔ afɔ kilometa 8 sɔŋ hafi va kpɔ “Eureka Drama” la. Le Sweden la, ɖeɖefia la wɔ dɔ ɖe aƒelika siwo ƒo ƒu ɖe Nɔvinyɔnu Charlotte Ahlberg ƒe aƒe me la dzi vevie. Le tomenukuƒe aɖe le Australia la, ame 1,500 ye ƒo ƒu kpɔ ɖeɖefia la. Woka nya ta le Gbetakpɔxɔ me be, esi woɖee fia le suku kɔkɔwo kple kɔledziwo la, “míaƒe agbaƒomɔ̃wo kple foto dzeaniawo wɔ nuku na nufialawo kple sukuviawo siaa.” Míaƒe “Eureka Drama” la nya kpɔ na amewo le nuto siwo me sinimaɖeƒe gãwo le gɔ̃ hã.

NYATEƑEA ƑE NUKUWO WUWU

“Eureka Drama” la nye dɔwɔnu vevi aɖe si Biblia Nusrɔ̃viwo zã le nuto siwo me wodi be yewoaɖo nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo yeyewo ɖo la me. Míenya ame agbɔsɔsɔ si kpɔ ɖeɖefia siawo o. Gake nɔviwo zã dɔwɔnu sia ale gbegbe. Le ƒe 1915 me la, nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo vovovo 86 siwo nɔ dɔwɔnu siawo zãm la dometɔ 14 koe ɖoa dɔa ŋuti nyatakakawo ɖa. Togbɔ be ete ɖe nɔviwo dzi be dɔ sia ŋuti akɔntabubuawo mede o hã la, wogblɔ be ame siwo kpɔ “Drama” la awu miliɔn ɖeka. Eye ame siwo ade 30,000 bia be woaɖo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe yewo.

Togbɔ be “Eureka Drama” la ŋu nya menye ŋutinya nyanyɛ le ame geɖewo gome o hã la, ame miliɔn geɖe kpɔ ɖeɖefia wɔdɔɖeamedzi sia tso Australia yi Argentina, tso South Africa yi Britain Ƒukpowo dzi, kple India kpakple Carib ƒukpowo dzi. Wo dometɔ geɖe va ke ɖe Biblia me nyateƒea, si xɔ asi sãsãsã wu sika la ŋu, eya ta woate ŋu agblɔ kple dzidzɔ be, “Meke ɖe eŋu!”

^ mm. 4 Kpɔ “Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe—Sinima Si Tu Amewo Ƒe Xɔse Ðo La Xɔ Ƒe 100,” le Gbetakpɔxɔ, February 15, 2014, axa 30-32.