GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA April 2014

Tata sia dzro ale si míate ŋu atu xɔse si le abe Mose tɔ ene ɖo me. Aleke Yehowa bua míaƒe ƒomegbanɔamedziwoe eye aleke wòkpena ɖe mía ŋu le wo tsɔtsɔ me?

Srɔ̃ Mose Ƒe Xɔse

Aleke xɔse ʋã Mose wògbe nu le ŋutilãmenudzodzrowo gbɔ eye wòde asixɔxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu? Nu ka tae Mose ƒe “ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu”?

Èle “Ame Si Womekpɔna O” La Kpɔma?

Aleke Mose ƒe xɔse kpɔ eta tso amegbetɔvɔvɔ̃ me hekpe ɖe eŋu wòxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se? Do ŋusẽ wò xɔse be nàkpɔe be Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ si le klalo be yeakpe ɖe ŋuwò.

AGBEMEŊUTINYA

Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa—Yayra Siwo Mekpɔ Tso Eme

Esi Robert Wallen ɖo ŋku ƒe 65 siwo wòzã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔa me dzi la, egblɔ be yekpɔ dzidzeme, eye taɖodzinu vavã le yeƒe agbe ŋu. Kpɔ nu si tae ɖa.

Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O

Ame aɖewo zɔ mɔ yi duta be yewoawɔ dɔ akpɔ ga geɖe. Ne dzila dzo le ƒomea gbɔ ɖe dɔwɔɖui ta la, aleke wògblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea, ɖeviawo kple ƒomedodo si le wo kple Mawu dome la ŋu?

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ!

Nu kae vifofo aɖe wɔ tsɔ ɖɔ nu si gblẽ le eƒe ƒomea ŋu esi wòdzo le wo gbɔ ɖe dɔ ta la ɖo? Aleke Yehowa kpe ɖe eŋu wòkpɔ eƒe ƒomea dzi le dukɔ si me ganyawo mede ame dzi le o me?

Edzɔa Dzi Na Wò Be Yehowa Ƒe Ŋku Le Ŋuwòa?

Kpɔ nu atɔ̃ siwo ɖo kpe edzi be Mawu lɔ̃ mí kpakple ale si eƒe ŋkuléle ɖe mía ŋu ɖea vi na míi.

Ènyaa?

Le Biblia ŋlɔɣiwo la, nu ka tae amewo ɖonɛ koŋ dzea woƒe awuwo?