Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Nyawo—‘Ðe Wonyea Ɛ̃, Ganyea Aoa’?

Wò Nyawo—‘Ðe Wonyea Ɛ̃, Ganyea Aoa’?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Hamemetsitsi aɖe si nye Kɔdzi Kadodo Kɔmiti metɔ wɔ ɖoɖo kple nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe be yewoazɔ le gbeadzi Kwasiɖagbe ŋdi. Ŋdi ma tututu la, nɔviŋutsu aɖe si srɔ̃ kpɔ ʋufɔku eye wokplɔe yi kɔdzi la,ƒo ka na hamemetsitsia. Ebiae be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ ɖɔkta si alɔ̃ akpɔ ye srɔ̃ gbɔ ʋumadomadoe.Eya ta hamemetsitsia te fli ɖe gbeadziɖoɖo si wòwɔ kple nɔviŋutsu sɔhɛa me ale be wòate ŋu ana kpekpeɖeŋu ƒome si dzi afɔku dzɔ ɖo.

Bu kpɔɖeŋu bubu aɖe hã ŋu kpɔ: Atsu kple asi aɖe kpe nɔvinyɔnu dzilaɖekɛ aɖe kple via eveawo, siwo le woƒe hamea me, be woaɖi tsa ava yewo gbɔ. Esi nɔvinyɔnua gblɔe na viawo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Wonɔ mɔ kpɔm na fiẽ ma vevie. Gake ŋkeke si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo la, atsu kple asia gblɔ na nɔvinyɔnua be nane si yewomenɔ mɔ kpɔm na o do mo ɖa, eya ta yewoƒe ɖoɖoa magadze edzi o. Nɔvinyɔnua va see emegbe be esi atsu kple asia kpe yewo vɔ megbe la, wo xɔlɔ̃ aɖewo kpe woawo hã be woava yewo gbɔ fiẽ ma ke, ema tae wote fli ɖe yewoƒe ɖoɖoa me ɖo.

Enye nyateƒe be ele be mí Kristotɔwo míawɔ ɖe ŋugbe siwo míedo dzi. Mele be míaƒe nya ‘nanye ɛ̃, aganye ao’ gbeɖe o. (2 Kor. 1:18) Ke hã, abe ale si kpɔɖeŋu eve siawo ɖee fia ene la, nɔnɔme siwo míedoa goe la toa vovo. Ɣeaɖewoɣi la, edzena abe naneke meli míawɔ tsɔ wu be míate fli ɖe ɖoɖo aɖe si míewɔ la me o ene. Nu ma tɔgbi dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi.

ÐE PAULO ƑE SUSU TRƆNA KABAKABA?

Le ƒe 55 me, esime Paulo nɔ Efeso le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, eɖoe be yeatsò Aegea Ƒua ayi Korinto eye tso afi ma la, yeayi Makedonia. Eɖoe be ne yetrɔ gbɔna Yerusalem la, yeagato Korinto hamea gbɔ zi evelia, ɖewomahĩ kple susu be yeaxɔ woƒe nunana ayi na nɔviawo le Yerusalem. (1 Kor. 16:3) Esia dze ƒãa le 2 Korintotɔwo 1:15, 16, afi si gblɔ be: “Kakaɖedzi siae nɔ asinye esime meɖoe gbã be mava mia gbɔ, bene dzi nadzɔ mi zi evelia, eye ne meva to mia gbɔ vɔ la, mayi Makedonia, eye be matrɔ tso Makedonia agava mia gbɔ, eye miaɖom ɖa vie ne mayi Yudea.”

Edze abe Paulo na Korinto nɔviwo nya ɖoɖo si wòwɔ la le lɛta aɖe si wòŋlɔ na wo do ŋgɔ me ene. (1 Kor. 5:9) Gake esi Paulo ŋlɔ lɛta ma megbe kpuie la, Xloe ƒe aƒemetɔwo na wònya be nyahehe kple dzre  sesẽwo le hamea me. (1 Kor. 1:10, 11) Paulo ɖoe be yeatrɔ ɖoɖo si yewɔ gbã, eye wòŋlɔ agbalẽ si míeyɔna fifia be 1 Korintotɔwo la na wo. Le agbalẽ sia me la, Paulo ɖo aɖaŋu na wo heɖɔ wo ɖo lɔlɔ̃tɔe. Ena wonya hã be yetrɔ yeƒe mɔzɔɖoɖoa, eye be yeayi Makedonia gbã hafi ava Korinto.1 Kor. 16:5, 6. *

Edze abe esi nɔvi siwo le Korinto xɔ eƒe agbalẽa la, ame aɖewo siwo bua wo ɖokui ‘apostolo deŋgɔwo’ la, tso enu be enye ame si ƒe susu trɔna kabakaba, si fia be mewɔna ɖe eƒe ŋugbedodo dzi o. Esi Paulo nɔ eɖokui ta ʋlim la, ebia be: “Esi meɖoe nenema tsã la, menye fefemee menɔ o ɖe, alo? Alo nu siwo meɖo ɖe tame la, ɖe meɖo wo le ŋutilã nu, si wɔe be nye nyawo nye ‘Ɛ̃, Ɛ̃,’ gatrɔ zu ‘Ao, Ao’ mahã?”2 Kor. 1:17; 11:5.

Míabia be: Le nɔnɔme sia me la, “fefemee” apostolo Paulo nɔa? Gbeɖe! Woate ŋu ase nya si gɔme woɖe be ‘fefem’ la gɔme be, ame ƒe susu nanɔ tɔtrɔm kabakaba, abe ɖe womate ŋu aka ɖe amea dzi o, alo be mewɔna ɖe eƒe ŋugbedodo dzi o ene. Ele be nya si Paulo bia be “nu siwo meɖo ɖe tame la, ɖe meɖo wo le ŋutilã nu” mahã? la nana eme nakɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto be, esi Paulo trɔ ɖoɖo siwo wòwɔ la, ema mefia be enye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o.

Paulo tsi tre ɖe amenutsotso ma ŋu esi wògblɔ be: “Gake esi wònye woate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ta la, nya si míegblɔ na mi la menye Ɛ̃ ganye Ao o.” (2 Kor. 1:18) Ðikeke mele eme o be nɔvi siwo nɔ Korinto la ƒe nyonyo tae Paulo trɔ eƒe ɖoɖowo ɖo. Egblɔ le 2 Korintotɔwo 1:23 be, ‘nublanui si yekpɔ na wo tae’ yemeva Korinto ɣemaɣi o ɖo. Le nyateƒe me la, ɖe wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woaɖɔ nuwo ɖo hafi yeava wo gbɔ. Esi Paulo nɔ Makedonia la, Tito va gblɔ nɛ be agbalẽ si wòŋlɔ la ʋã nɔviawo wose veve hetrɔ dzi me abe ale si wònɔ mɔ kpɔm ene, eye esia na wòkpɔ dzidzɔ gã aɖe.2 Kor. 6:11; 7:5-7.

WOGBLƆA “AMEN” NA MAWU TO EYAMA DZI

Ne amewo tso Paulo nu be enye ame si ƒe susu trɔna kabakaba la, ke ema afia be womate ŋu aka ɖe edzi be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi le eƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me o, eye womate ŋu aka ɖe eƒe gbeƒãɖeɖedɔa hã dzi o. Ke hã, Paulo ɖo ŋku edzi na Korintotɔwo be Yesu Kristo ŋue yeɖe gbeƒã le na wo. Egblɔ be: “Mawu ƒe Vi, Kristo Yesu, ame si woɖe gbeƒã le mia dome to mía kple Silvano kpakple Timoteo dzi, la menye Ɛ̃ ganye Ao o, ke boŋ Ɛ̃ zu Ɛ̃ le eyama gome.” (2 Kor. 1:19) Ðe Paulo ƒe kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo nye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o le mɔ aɖe nua? Kura o! Yesu to nyateƒe ɣesiaɣi le eƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa katã me. (Yoh. 14:6; 18:37) Ne nya si Yesu ɖe gbeƒãe nye nyateƒe eye kakaɖedzi le eŋu, eye Paulo hã nɔ gbeƒã ɖem nya ma ke la, ekema woate ŋu aka ɖe apostoloa ƒe gbeƒãɖeɖedɔa hã dzi.

Vavãe, ‘nyateƒe Mawu’ ye Yehowa nye. (Ps. 31:6) Míekpɔ esia le nya si Paulo gblɔ kplɔe ɖo me. Egblɔ be: “Aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã wozu Ɛ̃ to eyama dzi,” si fia be to Kristo dzi. Ale si Yesu wɔ nuteƒe bliboe esime wònɔ anyigba dzi la ɖe ɖikeke ɖe sia ɖe si anɔ ame aɖe me ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu la ɖa. Paulo gblɔ yi edzi be: “Eya ta eya [Yesu] dzi kee wogblɔa ‘Amen’ na Mawu le hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe to mía dzi.” (2 Kor. 1:20) Yesu nye “Amen,” alo kpeɖodzi, be Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe ava eme godoo!

Ale si ko Yehowa kple Yesu toa nyateƒe ɣesiaɣi la, nenema kee Paulo hã ƒe Ɛ̃ nyea Ɛ̃ ɣesiaɣi. (2 Kor. 1:19) Paulo menye ame si ƒe  susu trɔna kabakaba, alo ame si doa ŋugbe le “ŋutilã nu” o. (2 Kor. 1:17) Ke boŋ ‘ezɔna le gbɔgbɔ me.’ (Gal. 5:16) Amewo ƒe nyonyoe nɔa vevie nɛ ne ele nu wɔm kple wo. Eƒe Ɛ̃ nyea Ɛ̃!

ÐE Ɛ̃ NYEA Ɛ̃ ƔESIAƔIA?

Egbea ebɔ be ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu o nado ŋugbe eye ne kuxi vi aɖe do mo ɖa alo nane si nyo wu vie dze ko la, womegawɔa ŋugbe si wodo dzi o. Le asitsanyawo me la, woƒe “ɛ̃” menyea “ɛ̃” ɣesiaɣi o, nenye be wowɔ agbalẽ ɖe ɖoɖoawo dzi gɔ̃ hã. Ame geɖe megabua srɔ̃ɖeɖe, si nye nubabla si ŋutsu kple nyɔnu wowɔ, be ebia be woaku ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe agbe me katã o. Ke boŋ ale si gbegbe srɔ̃gbegbe le dzidzim ɖe edzi la ɖee fia be ame geɖe bua srɔ̃ɖeɖe be enye nubabla tsɛ si me woate ŋu atso bɔbɔe.2 Tim. 3:1, 2.

Ke wò ya ɖe? Ðe Ɛ̃ nyea Ɛ̃ ɣesiaɣia? Ke hã abe ale si míekpɔe le nyatia ƒe gɔmedzedze ene la, ate ŋu adzɔ be nàgli ɖoɖo aɖe si nèwɔ kple ame aɖe; menye le esi wò susu trɔna kabakaba ta o, ke boŋ le nɔnɔme siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o ta. Gake esi nènye Kristotɔ ta la, ele be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui awɔ ŋugbe siwo nèdo alo nu si dzi nèlɔ̃ ɖo be yeawɔ la dzi. (Ps. 15:4; Mat. 5:37) Ne èwɔe alea la, amewo ava nya wò be ènye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, ame si wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi kple ame si toa nyateƒe ɣesiaɣi. (Ef. 4:15, 25; Yak. 5:12) Ne amewo kpɔe be yewoate ŋu aka ɖe dziwò le gbe sia gbe nyawo me la, woadi geɖe wu be yewoaɖo to wò ne èle Mawu Fiaɖuƒea ŋu nyateƒea gblɔm na wo. Eya ta mina míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ vavã!

^ mm. 7 Esi Paulo ŋlɔ 1 Korintotɔwo megbe kpuie la, ezɔ mɔ to Troa yi Makedonia vavã, eye afi mae wòŋlɔ 2 Korintotɔwo le. (2 Kor. 2:12; 7:5) Ema megbe la, eyi Korinto abe ale si wògblɔe ene.