Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ɣetoɖoƒe Afrika

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ɣetoɖoƒe Afrika

NUTO dahe aɖe mee Pascal nɔ le Côte d’Ivoire, eye esi wònɔ tsitsim la, edi vevie be nuwo nadze edzi na ye le agbe me. Esi wòsrɔ̃a kɔdada tsɔ tea kamee ta la, enɔa eɖokui biam be, ‘Afi kae mazɔ mɔ ayi ale be maxɔ ŋkɔ le kamedefefe me ahazu hotsuitɔ?’ Esi wòxɔ ƒe 25 lɔƒo la, etso nya me be Europa ye yeayi be nu nadze edzi na ye. Gake esi ga mele esi o ta la, eva hiã be wòadi mɔnu aɖe ayi Europa mɔzɔgbalẽwo mawɔmawɔe.

Le ƒe 1998 me esi Pascal xɔ ƒe 27 la, edze mɔ. Etso dea yi Ghana, eye wòtsiãe ɖe enu yi Togo, tso afi ma wòyi Benin heva do ɖe Birni Nkonni le Niger mlɔeba. Azɔ hafi mɔzɔzɔa ƒe akpa si me afɔku le ŋutɔŋutɔ la dze ŋgɔe. Hafi wòaɖo Afrika ƒe dziehe la, ele be wòalia agbatsɔʋu anɔ etame be wòakɔe atso Sahara Dzogbe la. Ne eɖo Mediterranea-ƒua nu la, aɖo tɔdziʋu ayi Europa. Emae wòɖo be yeawɔ, gake nu eve aɖewo xe mɔ nɛ esi wòɖo Niger.

Gbãtɔe nye be ga vɔ le kotoku me nɛ. Evelia, edo go Noé, si nye mɔɖela, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Nu si srɔ̃m Pascal nɔ la wɔ dɔ ɖe edzi vevie, eye wòtrɔ susu. Fifia edze gbɔgbɔmenuwo yome titi ɖe ŋutilãmenuwo teƒe. Pascal xɔ nyɔnyrɔ le December 1999 me. Be wòada akpe na Yehowa ɖe nu si wòwɔ nɛ ta la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le Niger—du si tututu me wòxɔ nyateƒea le—le ƒe 2001 me. Aleke wòsena le eɖokui me tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu? Egblɔ kple dzidzɔ be, “Mekpɔ dzidzeme blibo le agbe me!”

DZIDZEME GEÐE KPƆKPƆ LE AFRIKA

Anne-Rakel

Abe Pascal ene la, ame geɖe kpɔe be Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome titie nana wokpɔa dzidzeme geɖe wu le agbe me. Eya ta ame aɖewo ʋu tso Europa va Afrika va le subɔsubɔm le nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le. Le nyateƒe me la, Ðasefo siwo ade 65—siwo xɔ tso ƒe 17 va ɖo 70—ʋu va Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ siwo nye Benin, Burkina Faso, Niger kple Togo. * Nu kae ʋã wo woʋu tso keke Europa va afi sia, eye aleke nuwo va yii na wo?

Anne-Rakel si tso Denmark gblɔ be: “Dzinyelawo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Senegal. Woƒoa nu tso dɔ sia ŋu dzidzɔtɔe ale gbegbe be wòdzrom be nye hã mawɔ dɔ ma tɔgbi.” Ƒe 15 ye nye esi va yi tso esime Anne-Rakel ʋu va Togo esi wòxɔ ƒe 20 to eŋu vie, eye wòle subɔsubɔm le tokunɔgbe hame aɖe me. Ŋusẽ kae eƒe ʋuʋua kpɔ ɖe amewo dzi? Egblɔ be: “Emegbe nɔvinyenyɔnu kple nɔvinyeŋutsu hã ʋu va Togo.”

Albert-Fayette kple Aurele

Aurele, si xɔ ƒe 70, nye nɔviŋutsu srɔ̃tɔ aɖe si tso  France. Egblɔ be: “Esi mexɔ dzudzɔ le dɔme ƒe atɔ̃e nye esi va yi la, tiatia aɖe dze ŋgɔm: be manɔ France kpoo ahanɔ Paradisoa lalam alo maʋu aɖakeke nye subɔsubɔdɔa ɖe enu.” Aurele tiae be yeaʋu. Anɔ ƒe etɔ̃e nye esia eya kple srɔ̃a Albert-Fayette woʋu va Benin. Aurele gblɔ be: “Afɔɖeɖe nyuitɔ kekeakee wònye míewɔ be míetsɔ mía ɖokui na faa be míasubɔ Yehowa le afi sia.” Eko alɔgbɔnu hegblɔ kpee be: “Eva dzɔ be míaƒe anyigbamamaa ƒe akpa aɖe nye ƒuta dzeani aɖe si ɖoa ŋku Paradisoa dzi nam.”

Clodomir kple srɔ̃a Lysiane hã ʋu tso France va Benin ƒe 16 sɔŋ nye esia. Le gɔmedzedzea la, wosusua woƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo le France la ŋutɔ, eye wonɔ vɔvɔ̃m be yewomate ŋu atrɔ ɖe afi sia ƒe agbenɔnɔ ŋu o. Gake wova kpɔe be mele be yewoavɔ̃ hafi o. Wole dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Clodomir gblɔ be: “Le ƒe 16 siawo me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be ƒe sia ƒe la, míekpena ɖe ame ɖeka ya teti ŋu wòxɔa nyateƒea.”

Lysiane kple Clodomir kpakple ame siwo ŋu wokpe ɖo wosrɔ̃ nyateƒea la dometɔ aɖewo

Johanna kple Sébastien

Sébastien kple Johanna, siwo nye atsu kple asi tso France, ʋu va Benin le ƒe 2010 me. Sébastien gblɔ be: “Dɔ geɖe le hamea me mawɔ. Ðeko subɔsubɔ le afi sia le abe hehexɔxɔ kabakaba le teokrasi hehenasuku aɖe me ene!” Aleke gbeadzisubɔsubɔdɔa le? Johanna gblɔ be: “Nyateƒea ƒe tsikɔ le ame geɖe wum. Ne míele gbeadzi o gɔ̃ hã la, amewo tɔa mí le mɔ dzi hebiaa Biblia me nyabiasewo mí eye woxɔa míaƒe agbalẽwo.” Ŋusẽ kae woƒe ʋuʋua kpɔ ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖe dzi? Sébastien gblɔ be: “Edo ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖea. Dzidzɔ blibo wònyena nam be manɔ gbeadzi kple srɔ̃nye ŋkeke bliboa.”

Eric kple srɔ̃a Katy le mɔɖeɖedɔa wɔm le Benin ƒe dzigbe gome, afi si amewo mesɔ gbɔ le o eye kɔƒeawo dome didi. Ƒe ewo aɖewoe nye esi va yi esime wonɔ France la, wote nyati siwo ku ɖe subɔsubɔ le afi si hiahiã lolo wu le ŋu xexlẽ, eye woɖoa dze kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Esia ʋã wo wodi be yewoaʋu aɖasubɔ le duta, eye wowɔ esia le ƒe 2005 me. Ale si dɔa dzi ɖe edzi la teƒe kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Eric gblɔ be: “Le ƒe evee nye esi va yi la, gbeƒãɖela 9 koe nɔ míaƒe ƒuƒoƒoa me le Tanguiéta, gake fifia woɖo 30. Le Kwasiɖagbewo la, ame 50 va ɖo 80 ye vaa kpekpea. Dzidziɖedzi sia teƒe kpɔkpɔ nana míekpɔa dzidzɔ glo!”

Katy kple Eric

KUXIAWO DZI ÐUÐU

Benjamin

Kuxi kawoe ame siwo le subɔsubɔm le afi si hiahiã lolo wu le la dometɔ aɖewo do goe? Benjamin, si xɔ  ƒe 33, nye Anne-Rakel nɔviŋutsu. Le ƒe 2000 me la, edo go dutanyanyuigblɔla aɖe si nɔ subɔsubɔm le Togo la le Denmark. Benjamin gblɔ be: “Esi meka eta na dutanyanyuigblɔla la be medi be mawɔ mɔɖeɖedɔa la, egblɔ nam be: ‘Ènyaa? Àte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa le Togo.’” Benjamin bu eƒe nyaa ŋu. Egblɔ be: “Nyemexɔ ƒe 20 gɔ̃ hã ɣemaɣi o, gake nɔvinyenyɔnu eveawo nɔ subɔsubɔm le Togo xoxo. Eya ŋuti mekpɔe be anɔ bɔbɔe nam be mayi afi ma.” Eya ta eʋu. Ke hã kuxi aɖe dze ŋgɔe. Benjamin ɖe eme be: “Nyemese Fransegbe ɖeka teti hã o. Menɔ bɔbɔe nam kura le ɣleti ade gbãtɔawo me o, elabe nyemete ŋu ɖoa dze kple amewo o.” Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva se gbea. Benjamin le subɔsubɔm le Betel fifia le Benin, elɔa agbalẽwo yina na hamewo eye wòkpea asi ɖe dɔa ŋu le kɔmpiuta dɔwɔƒea hã.

Marie-Agnès kple Michel

Eric kple Katy, siwo ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la nɔ subɔsubɔm le dutagbe hame aɖe me le France hafi ʋu va Benin. Aleke nɔnɔmeawo trɔe na wo le Ɣetoɖoƒe Afrika? Katy gblɔ be: “Teƒe nyui si míanɔ kpɔkpɔ sesẽ ŋutɔ. Míenɔ aƒe aɖe si me elektrikŋusẽ kple pɔmpi menɔ o ɣleti geɖe.” Eric gblɔ kpee be: “Amewo nɔa ha ƒom bobobo le nutoa me va se ɖe zãtiƒe ke. Ehiã be míado dzi ahatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu.” Atsu kple asi sia gblɔ kple nusɔsɔe be: “Dzidzɔ si kpɔm míele le dɔwɔwɔ le nuto si me womeɖe gbeƒã le boo o me la ƒo kuxi ɖe sia ɖe ta sãa.”

Michel kple Marie-Agnès, atsu kple asi siwo tso France eye wòsusɔ vie woaxɔ ƒe 60, hã ʋu va Benin ƒe atɔ̃ aɖewoe nye esia. Wonɔ vɔvɔ̃m gbã. Michel gblɔ be: “Ame aɖewo tsɔ míaƒe ʋuʋua sɔ kple fefewɔla si le ka si wotsi ɖe yame dzi zɔm hegale kekevi tem le edzi—eye míawo míenɔ anyi ɖe kekevia me! Esia adze nu ɖivɔvɔ̃ aɖe ŋutɔ ne mènya be Yehowa ŋutɔe le ka si wotsi ɖe yame dzi zɔm hele kekevia tem o. Yehowa tae míeʋu, eye ele megbe na mí hã vavã.”

ALE SI NÀDZRA ÐO

Ame siwo kpɔ nuteƒe le subɔsubɔ le afi si hiahiã lolo wu le la tea gbe ɖe afɔɖeɖe siwo gbɔna wɔwɔ atsɔ adzra ɖo dzi: Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ. Srɔ̃ ale si nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Nya ga zazã. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu.Luka 14:28-30.

Sébastien, si ŋu míeƒo nu tsoe la gblɔ be: “Hafi nye kple Johanna míaʋu la, míedzra ga ɖo ƒe eve. Nu si míewɔe nye be, míeɖe ga si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu dzi kpɔtɔ eye míeƒlea nu yakayaka o.” Be woate ŋu ayi edzi asubɔ le duta la, wotrɔna yia Europa ɖawɔa dɔ ɣleti ʋɛ aɖewo, eye wozãa ga si wokpɔ tsɔ wɔa mɔɖeɖedɔa le Benin le ƒea ƒe ɣleti susɔeawo me.

Marie-Thérèse

 Marie-Thérèse nye nɔvinyɔnu tre 20 siwo ʋu va le subɔsubɔm le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe nuto siwo me hiahiã geɖe wu le la dometɔ ɖeka. Ewɔa dɔ le France abe ʋukula ene; ke le ƒe 2006 me la, exɔ mɔkeke ƒe blibo ɖeka heva wɔ mɔɖeɖedɔa le Niger. Eteƒe medidi o, eva kpɔe be esiae nye dɔ nyui si yeadi be yeawɔ le agbe me. Marie-Thérèse gblɔ be: “Esi metrɔ yi France la, mete ɖe míaƒe dɔmemegã ŋu gblɔ nɛ be medi be mawɔ tɔtrɔ le nye dɔwɔɖoɖo ŋu, eye wòda asi ɖe edzi. Eya ta fifia mewɔa ʋukukudɔa le France tso May va se ɖe August me, eye mewɔa mɔɖeɖedɔa le Niger tso September va se ɖe April me.”

Saphira

Ame siwo ‘dia Fiaɖuƒe la gbã’ ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana ‘nu bubu siwo katã hiã’ la wo. (Mat. 6:33) Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ ɖe Saphira si tso France va le mɔɖeɖedɔa wɔm le Benin dzi ŋu kpɔ. Enye tre, eye esusɔ vie wòaxɔ ƒe 30. Le ƒe 2011 me la, etrɔ yi France be yeawɔ dɔ akpɔ ga vi aɖe atsɔ akpɔ ye ɖokui dzi ƒe ɖeka le Afrika (esiae anye zi adelia si wòzɔ mɔ va). Saphira gblɔ be: “Fiɖagbee, eye wònye ŋkeke mamlɛtɔ si mawɔ dɔ le dɔwɔƒea, gake egahiã be mawɔ dɔ ŋkeke ewo hafi akpɔ ga si ade nam mazã ƒe ɖeka. Kwasiɖa eve koe gasusɔ nam le France. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa heɖe nye nɔnɔmea me nɛ. Ema megbe kpuie la, dɔwɔƒe aɖe ƒo ka nam biam be mate ŋu ava xɔ ɖe ame aɖe teƒe awɔ dɔ kwasiɖa eve mahã.” Le Dzoɖagbe la, Saphira yi dɔwɔƒe yeyea be ame si yeaɖɔ li la nafia nanewo ye hafi adzo. Egblɔ be: “Aleke gbegbe wòwɔ nuku namee nye esi be ame si ɖɔli ge meyina la nye nɔvinyɔnu Kristotɔ si bia mɔ ŋkeke ewo be yeate ŋu ade Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua! Eƒe dɔmemegã gbe be yemana mɔe o negbe ɖe yewokpɔ ame bubu si awɔ dɔ ɖe eteƒe ŋkeke mawo. Nɔvinyɔnua ƒo koko na Yehowa be wòade asi nyaa me na ye—abe ale si ko nye hã mewɔe ene.”

DƆ SI NAA DZIDZEME VAVÃ AME

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo va le subɔsubɔm le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe geɖee nye esia, eye wotsɔ afi sia wɔ wo de. Ame aɖewo hã va subɔ ƒe ʋɛ aɖewo eye wogatrɔ yi dukɔ si me wotso. Ke hã va se ɖe egbe la, nɔvi siwo subɔ le afi si hiahiã lolo wu le ƒe geɖe va yi la kpɔtɔ le eme viɖewo kpɔm. Wokpɔe be Yehowa subɔsubɔe nana ame kpɔa dzidzeme vavã le agbe me.

^ mm. 6 Benin alɔdzedɔwɔƒea ye kpɔa dɔa dzi le dukɔ ene siawo katã siwo me wodoa Fransegbe le la me.