Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòasɔ be dzila Kristotɔ kple via si woɖe le ha me nanɔ teƒe ɖeka le hame ƒe kpekpewo mea?

Susu aɖeke meli si tae míatsi dzi ɖe afi si ame si woɖe le hamea me nɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me ŋu o. Magazine sia de dzi ƒo na dzila Kristotɔwo zi geɖe be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo vi si woɖe le ha me si kpɔtɔ le wo gbɔ le aƒe me ŋu, ne esɔ be woawɔ esia. Abe ale si wòdze le yevugbe me Gbetakpɔxɔ, November 15, 1988, ƒe axa 19 kple 20 ene la, dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Biblia kple wo vi sue si woɖe le hame si kpɔtɔ le wo gbɔ le aƒe me la gɔ̃ hã. Ðewohĩ esia ade dzi ƒo na ɖevia wòatrɔ agbenɔnɔ.

Le anyinɔnɔ le Fiaɖuƒe Akpata me gome la, edze abe susu le eme be ɖevi si woɖe le hamea me ate ŋu anɔ edzilawo gbɔ kpoo ene. Esi wònye be menye se wònye be ame si woɖe le ha me nanɔ megbezikpuiwo dzi o ta la, mele be ame aɖeke nahe nya ne ɖevi si woɖe le haa me nɔ dzilaawo gbɔ o, afi ka kee woɖanɔ anyi ɖo o. Esi dzilawo le be lém na wo via le gbɔgbɔ me ta la, kakaɖedzi li be woadi be yewoakpɔ egbɔ be kpekpeawo le vi ɖem nɛ. Be woate ŋu awɔ esia la, ɖewohĩ anyo be ɖevia nanɔ wo gbɔ tsɔ wu be woaɖe asi le eŋu wòanɔ afi sia afi si dzroe.

Gake ne ɖevi si woɖe le ha me la megale dzilawo gbɔ le aƒe me o ya ɖe? Ðe esia fia be mate ŋu anɔ dzilawo gbɔ oa? Magazine sia gblɔ nɔnɔme si sɔ si wòle be Kristotɔwo naɖe afia ku ɖe hadede kple ƒometɔ si woɖe la haa me si megale wo gbɔ le aƒe me o la ŋu va yi eme kɔ. * Ke hã ne ame si woɖe le ha me nɔ anyi ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ kpoo le kpekpeawo me la, esia to vovo kura na ƒometɔwo ƒe eɖoɖo koŋ anɔ mɔnukpɔkpɔwo dim be yewoade ha kplii madzemadzee. Nenye be nɔnɔme si ƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ɖena fiana ɖe ƒometɔ si woɖe le haa me ŋu la sɔ eye wole agbagba dzem be yewoawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe hadede kplii ŋu dzi la, ekema edze abe susu aɖeke meli si ta ame aɖe natsi dzi o ene.1 Kor. 5:11, 13; 2 Yoh. 11.

Ne ame si woɖe le ha me nɔ anyi ɖe eƒe ƒometɔwo xa loo alo ɖe hamea me tɔ bubu aɖe xa la, susu aɖeke meli si ta ame aɖe natsi dzi o nenye be enya le wɔwɔm ɖe ameɖeɖelehame ŋuti ɖoɖowo dzi ko. Sedede ɖe afi si ame anɔ ŋu ate ŋu ahe kuxi vovovowo vɛ, le ale si nɔnɔmea le nu. Ne nɔviwo katã, siwo dome ƒometɔ wɔnuteƒewo hã le, le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yewoawɔ ɖe mɔfiame siwo Biblia na ku ɖe ameɖeɖelehame ŋu dzi, eye afi si ame si woɖe le haa me nɔna mezua nuklikli na ame aɖeke o la, mehiã be Kristotɔwo ƒe kpekpewo valawo ƒe nɔƒewo nazu nya o. *

^ mm. 5 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, January 1, 1982, axa 5 kple 6 (yevugbe me tɔ, September 15, 1981, axa 29 kple 30).

^ mm. 6 Numekɔkɔ sia xɔ ɖe esi wota ɖe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, April 1, 1953, axa 223 la teƒe.