Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’

Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’

“Míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.”—2 KOR. 1:24.

1. Nu kae na be Paulo kpɔ dzidzɔ le Kristotɔ siwo nɔ Korinto la ta?

ƑE 55 M.Ŋ. mee. Apostolo Paulo nɔ tɔdziʋudzeƒe si nɔ dugã si nye Troa me, gake mete ŋu dzudzɔ nɔvi siwo nɔ Korinto ŋu bubu o. Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ, le ƒe ma me la, ete ɖe edzi vevie esi wòsee be nɔvi siwo nɔ afi ma la nɔ dzre wɔm kple wo nɔewo. Esi wòlɔ̃ wo abe ale si vifofo lɔ̃a viawo ene ta la, eŋlɔ agbalẽ aɖe ɖo ɖe wo tsɔ ɖɔ wo ɖo. (1 Kor. 1:11; 4:15) Gakpe ɖe eŋu la, edɔ eƒe hadɔwɔla Tito ɖe wo eye wòwɔ ɖoɖo be Tito nava Troa ne wòaka ale si woƒe nɔnɔmea le la ta na ye. Azɔ la, Paulo nɔ Tito lalam le Troa henɔ mɔ kpɔm vevie be yease ale si nɔnɔmeawo nɔ na Korinto nɔviawoe. Gake Paulo ƒe mɔkpɔkpɔa meva eme nɛ o, elabena Tito meva o. Nu kae Paulo ate ŋu awɔ? Eɖo tɔdziʋu yi Makedonia, eye dzi dzɔe esi woa kple Tito wodo go le afi ma. Tito ka nya ta nɛ be nɔvi siwo nɔ Korinto la wɔ ɖe eƒe lɛtaa me nyawo dzi. Esi Paulo se nyatakaka nyui ma la, ‘egakpɔ dzidzɔ geɖe wu.’—2 Kor. 2:12, 13; 7:5-9.

2. (a) Nya kae Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo tso xɔse kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

2 Esia megbe kpuie la, Paulo ŋlɔ agbalẽ evelia ɖo ɖe Korintotɔwo. Egblɔ na wo be: “Menye be míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke boŋ míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ, elabena miaƒe xɔsee na miele tsitre.” (2 Kor. 1:24) Nu kae Paulo ƒe nya mawo fia? Eye nu kae wòle be Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea nasrɔ̃ tso nya mawo me?

MÍAƑE XƆSE KPLE MÍAƑE DZIDZƆKPƆKPƆ

3. (a) Esi Paulo ŋlɔ bena, “Miaƒe xɔsee na miele tsitre” la, nu kae wòwɔnɛ? (b) Aleke hamemetsitsi siwo li egbea la srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

3 Paulo yɔ nɔnɔme nyui eve siwo wɔa akpa vevi aɖe le míaƒe tadedeagu me: woawoe nye xɔse kple dzidzɔ. Ðo ŋku edzi be eŋlɔ tso xɔse ŋu be: “Menye be míeɖua  aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, . . . elabena miaƒe xɔsee na miele tsitre.” Paulo to nya siawo dzi lɔ̃ ɖe edzi be Korinto nɔviawo nɔ tsitre sesĩe, menye le ye alo amegbetɔ bubu aɖeke ta o, ke boŋ le esi woawo ŋutɔwo xɔ Mawu dzi se ta. Eya ta Paulo kpɔe be mehiã kura be yeaɖu aƒetɔ ɖe ye nɔviawo ƒe xɔse dzi o, eye medzroe be yeawɔ nenema hã o. Eka ɖe edzi be wonye Kristotɔ wɔnuteƒe siwo di be yewoawɔ nu si le eteƒe. (2 Kor. 2:3) Egbea la, hamemetsitsiwo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua eye wokana ɖe edzi be yewo nɔviwo xɔ Mawu dzi se eye susu nyuiwo tae wole esubɔm ɖo. (2 Tes. 3:4) Hamemetsitsiwo medea se kpaɖiiwo na nɔviawo le hamea me o. Ke boŋ wozãa Biblia me gɔmeɖosewo kple mɔfiame siwo woxɔna tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ tsɔ kpena ɖe nɔviawo ŋu be woawɔ nyametsotsowo. Nya lae nye be hamemetsitsi siwo li egbea meɖua aƒetɔ ɖe wo nɔviwo ƒe xɔse dzi o.—1 Pet. 5:2, 3.

4. (a) Esi Paulo ŋlɔ bena, “Míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ” la, nu kae wòwɔnɛ? (b) Aleke hamemetsitsi siwo li egbea la srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua?

4 Paulo gagblɔ hã be: “Míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ.” Eto nya sia dzi he susu yi eya ŋutɔ kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwo dzi. Nu ka tae míeƒo nya ta alea? Nya lae nye be, le lɛta ma ke me la, Paulo ɖo ŋku zɔhɛ siawo dometɔ eve dzi na Korintotɔawo esi wòŋlɔ na wo be: “Yesu, ame si woɖe gbeƒã le mia dome to mía kple Silvano kpakple Timoteo dzi.” (2 Kor. 1:19) Gakpe ɖe eŋu la, ɣesiaɣi si Paulo zã nyagbɔgblɔ “hadɔwɔlawo” le eƒe lɛtawo me la, ekuna ɖe eƒe zɔhɛ kplikplikpli siwo dometɔ aɖewoe nye Apolo, Akwila, Priska, Timoteo, Tito kple bubuawo, ŋu godoo. (Rom. 16:3, 21; 1 Kor. 3:6-9; 2 Kor. 8:23) Eya ta esi Paulo gblɔ be, “Míenye hadɔwɔlawo hena miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ” la, eka ɖe edzi na Korintotɔawo be ye kple yeƒe zɔhɛwo yewodi be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã akpe ɖe hamea me tɔwo katã ŋu woanɔ dzidzɔ kpɔm. Didi ma kee le Kristotɔ hamemetsitsiwo si egbea. Wodi be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui akpe ɖe nɔviawo ŋu ‘woasubɔ Yehowa kple dzidzɔ.’—Ps. 100:2; Flp. 1:25.

5. Nyabiase ka ƒe ŋuɖoɖowo mee míadzro, eye nu ka ŋu wòle be míade ŋugble le?

5 Nyitsɔ laa la, wobia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dovevienu aɖewo siwo le xexea ƒe akpa vovovo la ɖekaɖeka be, “Nya kae hamemetsitsi aɖe gblɔ na wò alo nu kae wòwɔ na wò si na nègakpɔ dzidzɔ geɖe wu?” Esi míele haxɔsetɔ mawo ƒe nyaŋuɖoɖoawo me dzrom le nyati sia me la, de ŋugble le nya siwo hamemetsitsiwo gblɔ na wò alo nu siwo wowɔ na wò siwo na nègakpɔ dzidzɔ geɖe wu la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, mina mí katã míade ŋugble le ale si míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be míaƒe hamea me tɔwo nanɔ dzidzɔ geɖe wu kpɔm la ŋu. *

“MIDO GBE NA MÍAƑE LƆLƆ̃TƆ PERSIS NAM”

6, 7. (a) Mɔ ɖeka ka dzie hamemetsitsiwo ate ŋu ato asrɔ̃ Yesu, Paulo kple Mawu subɔla bubuwo? (b) Nu ka tae ŋkuɖoɖo mía nɔviwo ƒe ŋkɔ dzi nana wogakpɔa dzidzɔ geɖe wu?

6 Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe gblɔ be yewokpɔ dzidzɔ geɖe wu esime hamemetsitsiwo tsɔ ɖe le eme na yewo etɔxɛ. Mɔ vevi ɖeka aɖe si dzi hamemetsitsiwo tona wɔa esiae nye kpɔɖeŋu si David, Elihu kple Yesu ɖo ɖi la sɔsrɔ̃. (Mixlẽ 2 Samuel 9:6; Hiob 33:1; Luka 19:5.) Yehowa subɔla ɖe sia ɖe tsɔa ɖe le eme na nɔvia vevie to nɔvia ƒe ŋkɔ yɔyɔ me. Paulo hã kpɔ nu si tae ŋkuɖoɖo haxɔsetɔwo ƒe ŋkɔwo dzi kple wo yɔyɔ le vevie la dze sii. Eyɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 25  sɔŋ ƒe ŋkɔwo, siwo dome wòyɔ Persis, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe hã ŋkɔ le, tsɔ ƒo eƒe lɛtawo dometɔ ɖeka ta, eye wògblɔ tso eŋu be: “Mido gbe na míaƒe lɔlɔ̃tɔ Persis nam.”—Rom. 16:3-15.

7 Esesẽna na hamemetsitsi aɖewo be woaɖo ŋku nɔviwo ƒe ŋkɔ dzi. Ke hã ne wodze agbagba vevie ɖo ŋku nɔviawo ƒe ŋkɔ dzi la, ema afia be wole gbɔgblɔm na woƒe haxɔsetɔwo be, ‘Metsɔ ɖe le eme na mi.’ (2 Mose 33:17) Hamemetsitsiwo ana wo nɔviwo nagakpɔ dzidzɔ geɖe wu ne woɖo ŋku woƒe ŋkɔ dzi heyɔ wo be woaɖo nya ŋu ne wole Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a alo kpekpe bubuwo dzi kpɔm.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 10:3.

“EWƆ DƆ SESẼ GEÐEWO LE AƑETƆ LA ME”

8. Mɔ vevi ɖeka ka nue Paulo srɔ̃ Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu le?

8 Paulo gaɖe ɖetsɔtsɔ le eme na nɔviawo fia esi wòkafu wo tso dzi blibo me, eye esia nye mɔ vevi bubu aɖe si dzi hamemetsitsiwo ate ŋu ato ana woƒe haxɔsetɔwo nakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Eya ta egblɔ le eƒe lɛta si me wògblɔ le be yedi be yeawɔ dɔ hena nɔviawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ la me hã be: “Meƒoa adegbe geɖe le mia ta.” (2 Kor. 7:4) Kafukafunya mawo anya do dzidzɔ na Korinto nɔviawo ŋutɔ. Paulo gblɔ nya mawo tɔgbi ke na hame bubuawo hã. (Rom. 1:8; Flp. 1:3-5; 1 Tes. 1:8) Le nyateƒe me la, esi Paulo yɔ Persis ŋkɔ le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe hame si nɔ Roma me vɔ megbe la, egblɔ kpee be: “Ewɔ dɔ sesẽ geɖewo le Aƒetɔ la me.” (Rom. 16:12) Aleke gbegbe kafukafunya mawo anya de dzi gbɔ na nɔvinyɔnu mae nye esi! Esi Paulo kafu amewo la, Yehowa kple Yesu siaa ƒe kpɔɖeŋu wòsrɔ̃.—Mixlẽ Marko 1:9-11; Yohanes 1:47; Nyaɖ. 2:2, 13, 19.

9. Nu ka tae kafukafunyawo gbɔgblɔ na mía nɔewo nana nɔviwo kpɔa dzidzɔ geɖe wu le hamea me?

9 Hamemetsitsi siwo li egbea hã kpɔe dze sii be ele be yewoaɖe yewoƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nɔviawo ŋu agblɔ na wo. (Lod. 3:27; 15:23) Ɣesiaɣi si hamemetsitsi aɖe wɔ esia la, efia be ele gbɔgblɔm na nɔvi la be: ‘Mede dzesi wò dɔwɔwɔwo. Metsɔ ɖe le eme na wò.’ Eye míaƒe haxɔsetɔwo di be yewoasee hamemetsitsiwo nagblɔ dzideƒonyawo na yewo. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 50 kple edzivɔ la gblɔ ale si nɔvi geɖe sena le wo ɖokuiwo me esi wògblɔ be: “Le dɔme la, ƒãa hafi wokafuam. Ðekematsɔlemename kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ koe le afi ma. Eya ta ne hamemetsitsi aɖe kafum le nane si mewɔ na hamea ta la, efaa akɔ nam ŋutɔ, eye wòdoa ŋusẽm ale gbegbe! Enana mesena le ɖokuinye me be Fofonye si le dziƒo la lɔ̃m.” Nɔviŋutsu aɖe si nye dzilaɖekɛ, si le vi eve hem, la hã se le eɖokui me nenema ke. Hamemetsitsi aɖe kafui tso dzi blibo me nyitsɔ laa. Aleke esia wɔ dɔ ɖe mía nɔvia dzi? Egblɔ be: “Hamemetsitsia ƒe nyawo do ŋusẽm ŋutɔ!” Vavãe, ne hamemetsitsi aɖe kafua haxɔsetɔwo tso dzi blibo me la, enaa woƒe dzi dzea eme eye wokpɔa dzidzɔ geɖe. Esia hã doa ŋusẽ wo woyia edzi nɔa zɔzɔm le agbemɔa dzi eye “ɖeɖi metea wo ŋu o.”—Yes. 40:31.

‘MIKPLƆ MAWU ƑE HAME LA’

10, 11. (a) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Nexemya ƒe kpɔɖeŋua? (b) Nu kae akpe ɖe hamemetsitsi aɖe ŋu wòate ŋu ana gbɔgbɔ me nunana aɖe nɔviawo ne ele wo srãm kpɔ?

10 Mɔ vevi aɖe si le etɔxɛ ka dzie hamemetsitsiwo tona ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le eme na nɔviawo, si wɔnɛ be nɔviawo gakpɔa dzidzɔ geɖe wu? Eyae nye tsotso kaba ade dzi ƒo na nɔvi siwo hiã dzideƒo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:28.) Ne hamemetsitsiwo wɔe alea la, ekema wole Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la srɔ̃m. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nu si dzikpɔla wɔnuteƒe Nexemya wɔ esi wòkpɔe be ye nɔvi Yudatɔwo dometɔ aɖewo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ɖa. Nuŋlɔɖia gblɔ be etso enumake eye wòde dzi ƒo na wo. (Neh. 4:8) Egbea  la, hamemetsitsiwo hã dina be yewoawɔ nenema ke. ‘Wotsona,’ si fia be wotsona le wo ɖokui si, naa kpekpeɖeŋu haxɔsetɔwo be woali ke le xɔse me. Be woate ŋu ade dzi ƒo na wo alea la, woyia wo nɔviawo gbɔ le woƒe aƒewo me, ne nɔnɔmea ɖe mɔ. Ne woyi ɖasrã wo kpɔ alea la, wodina be ‘yewoana gbɔgbɔ me nunana’ aɖe wo. (Rom. 1:11) Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woawɔ esia?

11 Hafi hamemetsitsi aɖe nayi aɖasrã nɔvi aɖe kpɔ la, ele be wòadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nɔvi si srã ge kpɔ wòyina la ŋu. Kuxi kawoe le fu ɖem na nɔvia? Nya kawoe ate ŋu ade dzi ƒo nɛ? Mawunyakpukpui alo Biblia me kpɔɖeŋu kae asɔ kple nɔnɔme siwo me tom wòle? Ŋugbledede le nɔvia ŋu do ŋgɔ alea akpe ɖe hamemetsitsia ŋu wòate ŋu aɖo dze tuameɖo kplii, ke manye dzeɖoɖo le nya siwo mele vevie o ŋu o. Le sasrãkpɔa me la, hamemetsitsia aɖe mɔ nɔviawo naƒo nu faa eye wòalé to ɖe woƒe nyawo ŋu nyuie. (Yak. 1:19) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Efaa akɔ nam ŋutɔ ne hamemetsitsi aɖe ƒe dzi ku ɖe nya si gblɔm mele nɛ ŋu.”—Luka 8:18.

Ne hamemetsitsiwo dzra ɖo nyuie la, ‘wonaa gbɔgbɔ me nunana’ aɖe nɔviawo le sasrãkpɔɣi

12. Ame kawoe hiã dzideƒonyawo le hamea me, eye nu ka tae?

12 Ame kawoe hiã hamemetsitsiwo ƒe sasrãkpɔ? Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔ hamemetsitsiwo be “mikpɔ . . . alẽha blibo la dzi nyuie.” Le nyateƒe me la, hamea me tɔwo katã hiã dzideƒonyawo, gbeƒãɖela kple mɔɖela siwo wɔ woƒe subɔsubɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe hã le eme. Nu ka tae wohiã na hamemetsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu? Nu si tae nye be, ɣeaɖewoɣi la, xexe vɔ̃ɖi sia me xaxawo naa nu tena ɖe ame siwo li ke le gbɔgbɔ me la hã dzi. Be míase nu si tae Mawu subɔla siwo ŋu ŋusẽ le la gɔ̃ hã hiãa kpekpeɖeŋu tso woƒe zɔhɛ aɖe gbɔ gɔme la, mina míadzro Fia David ƒe agbemenudzɔdzɔ aɖe me kpɔ.

“ABISAI XƆ NƐ”

13. (a) Ɣekaɣie Yisbi di be yeawu David? (b) Nu ka tae Abisai te ŋu xɔ na David?

13 Esi wosi ami na ɖekakpui David be wòazu fia megbe kpuie la, ekpe kple Goliat, si tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzime siwo nɔ anyi ɣemaɣi la me. David dzinɔameƒotɔ la wu ame dzɔtsu la. (1 Sam. 17:4, 48-51;  1 Kron. 20:5, 8) Ƒe geɖe megbe, esime wonɔ aʋa aɖe wɔm kple Filistitɔwo la, David gakpe kple ame dzɔtsu aɖe ake. Eŋkɔe nye Yisbi, eye eya hã tso ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimea me. (2 Sam. 21:16) Gake fifia ya, esusɔ vie ame dzɔtsu la wu David kloe. Nu ka tae? Menye ɖe dzi menɔ David ƒo o, ke boŋ esi wògbɔdzɔ tae. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ðeɖi te Dawid ŋu.” Esi Yisbi nya de dzesii be ŋusẽ vɔ le David ŋu ko la, ‘edi be, yeawu Dawid.’ Gake kaka ame dzɔtsu la nabe yeaƒo eƒe yi ɖe David la, enumake “Zeruya vi Abisai xɔ [na David], eye wòwu Filistitɔ la.” (2 Sam. 21:15-17) David ku kloe! Aleke gbegbe David ada akpee nye esi be Abisai ƒe ŋku nɔ ye ŋu eye wòva xɔ na ye kaba esime yeƒe agbe ɖo afɔku me! Nufiame kawoe le ŋutinya sia me na mí?

14. (a) Nu kae kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi wɔa nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me? (b) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nɔviawo ŋu ŋusẽ nagaɖo wo ŋu eye woagakpɔ dzidzɔ ake? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

14 Le xexea me godoo la, mí Yehowa ƒe amewo míele míaƒe subɔsubɔdɔa wɔm togbɔ be Satana kple ame bubuwo dzea agbagba be yewoado kplamatsɛ mí gɔ̃ hã. Mía dometɔ aɖewo kpe akɔ kple kuxi siwo sesẽ ale gbegbe, gake esi míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, edo ŋusẽ mí míete ŋu ɖu kuxi mawo dzi abe ale si ko wòdo ŋusẽ David wòwu Goliat ame dzɔtsu la ene. Ke hã esi wònye be míekpea akɔ kple xexea sia ƒe nyaƒoɖeamenuwo ɖaa ta la, ɣeaɖewoɣi la, wonaa ɖeɖi tea mía ŋu eye dzi ɖena le mía ƒo. Ɣeyiɣi mawo siwo me míegbɔdzɔ la mee wòate ŋu adzɔ le bɔbɔe be xaxa siwo dzi míate ŋu aɖu bɔbɔe hafi la natsɔ mí aƒu anyi. Ɣeyiɣi mawo me la, hamemetsitsi aɖe ƒe kpekpeɖeŋu si wòana mí le ɣeyiɣi dzi tututu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagakpɔ dzidzɔ eye ŋusẽ nagaɖo mía ŋu, abe ale si wònɔ le ame geɖe gome ene. Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ la gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi la, dzi ɖe le ƒonye vevie, eye ɖeɖi te ŋunye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Hamemetsitsi aɖe kpɔe dze sii be ɖeɖi te ŋunye eye wòte ɖe ŋunye. Eɖo dze kplim eye wòzã Biblia me ŋutinya aɖe tsɔ de dzi ƒo nam. Mewɔ ɖe aɖaŋu siwo wòɖo nam la dzi eye woɖe vi nam.” Nɔvinyɔnua gblɔ kpee be: “Edo dzidzɔ nam ŋutɔ be hamemetsitsi ma de dzesii be dzi ɖe le ƒonye eye wòna kpekpeɖeŋum!” Ɛ̃, efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be hamemetsitsi siwo ƒe ŋku le mía ŋu lɔlɔ̃tɔe eye wole klalo ana kpekpeɖeŋu mí, abe ale si ko Abisai wɔe le blema ene, la le mía si.

“MIANYA LƆLƆ̃ GEÐE SI LE ASINYE NA MI”

15, 16. (a) Nu ka tae nɔviawo lɔ̃ Paulo vevie ɖo? (b) Nu ka tae míelɔ̃a hamemetsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na ame?

15 Hamemetsitsiwo wɔa dɔ sesĩe. Ɣeaɖewoɣi la, wotsia zãdomadɔlɔ̃e zã geɖe le esi wole nɔviawo ŋu bum vevie ta, eye wotea ŋu nyɔna le zãtiƒe doa gbe ɖa ɖe wo ta alo yina ɖakpena ɖe wo ŋu ne ehiã. (2 Kor. 11:27, 28) Ke hã hamemetsitsiwo wɔa woƒe dɔa nyuie eye wowɔnɛ kple dzidzɔ, abe ale si Paulo wɔe ene. Eŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo be: “Adzɔ dzi nam be mazã nye nuwo katã, eye be woazãm bliboe, ɖe miaƒe luʋɔwo ta.” (2 Kor. 12:15) Vavãe, lɔlɔ̃ ʋã Paulo wòlɔ̃ zã eƒe ŋusẽ katã ɖe wo ta. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 2:4; Flp. 2:17; 1 Tes. 2:8) Mewɔ nuku o be nɔviawo lɔ̃ Paulo vevie ŋutɔ!—Dɔw. 20:31-38.

16 Mí Mawu subɔla siwo li egbea hã míelɔ̃ Kristotɔ hamemetsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na ame la, eye míedaa akpe na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me be ena hamemetsitsiwo mí. Wonana míegakpɔa dzidzɔ geɖe wu ne wotsɔ ɖe le eme na mí. Ne wova srã mí kpɔ la, míekpɔa yayra geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, edzɔa dzi na mí be wole klalo ɣesiaɣi be yewoana kpekpeɖeŋu mí le ɣeyiɣi siwo me xexe sia me xaxawo na nu te ɖe mía dzi la me. Ɛ̃, Kristotɔ hamemetsitsi siawo tɔgbi nye ‘míaƒe hadɔwɔlawo hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ’ vavã!

^ mm. 5 Wogabia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu mawo ke be, “Nɔnɔme nyui kae doa dzidzɔ na wò wu le hamemetsitsiwo ŋu?” Ewɔ nuku ŋutɔ be wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo eŋu be hamemetsitsi siwo ŋu “wotea ŋu tena ɖo bɔbɔe” la ƒe nu doa dzidzɔ na yewo. Míava dzro nu si tae wòle be hamemetsitsiwo nanɔ alea la me le nyati bubu aɖe me le etsɔme kpuie.