Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wodzea Alẽvi La Yome Ðaa’

‘Wodzea Alẽvi La Yome Ðaa’

 ‘Wodzea Alẽvi La Yome Ðaa’

“Ame siawoe dzea Alẽvi la yome, afi ka kee wòɖayi o.”—NYAÐ. 14:4.

1. Alekee Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo se le wo ɖokuiwo me ku ɖe eyomedzedze ŋu?

ANƆ abe ƒe eve kple afã ene tso esime Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, enɔ “nu fiam le teƒe aɖe si amewo ƒo ƒu ɖo le Kapernaum.” Gbe ma gbe la, “eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo trɔ yi nu siwo le megbe la gbɔ, eye womegazɔna kplii o” le esi wose le woɖokui me be nya siwo wògblɔ la sesẽ akpa ta. Esi Yesu bia eƒe apostolo 12-awo be woawo hã woadzo hã la, Simon Petro ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò; eye míexɔe se, eye míeva nyae be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.” (Yoh. 6:48, 59, 60, 66-69) Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo gbe be yewomadzudzɔ eyome dzedze o. Esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na wo vɔ megbe la, woyi edzi bɔbɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiafia te.—Dɔw. 16:7-10.

2. (a) Ame kae nye “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela,” alo “aƒedzikpɔla nyateƒetɔ” la? (b) Alekee kluvi la ɖo ‘alẽvi la yome dzedze’ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi?

2 Nya kae míagblɔ tso Kristotɔ amesiamina siwo li le egbeŋkekeawo me ŋu? Esime Yesu nɔ nya gblɔm ɖi ku ɖe “[eƒe anyinɔɣi] kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ŋu la, eyɔ eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la katã ƒe ƒuƒoƒo be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela,” alo “aƒedzikpɔla nyateƒetɔ.” (Mat. 24:3, 45; Luka 12:42) Abe ƒuƒoƒo ene la, kluvi ƒe ha la ɖee fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu be “[yewodzea] Alẽvi la yome, afi ka kee wòɖayi o.” (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 14:4, 5.) Ƒuƒoƒo sia me tɔwo kpɔtɔ nye ame siwo ‘menya nyɔnu o’ le gbɔgbɔmegɔmesese nu to ale si wometsɔ “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la, ƒe dzixɔse kple kɔnuwo ƒo ɖi wo ɖokuiwo o me. (Nyaɖ. 17:5) Womekpɔ aʋatsonufiafia aɖeke ‘le woƒe nu me o’ eye wonye “mokaka manɔŋutɔwo” le Satana ƒe xexea me. (Yoh. 15:19) Le etsɔme la, amesiamina susɔe siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la ‘adze’ alẽvi la “yome” ayi ɖe keke dziƒo ke.—Yoh. 13:36.

3. Nu ka tae wòle vevie be míaka ɖe kluvi ƒe ha la dzi?

3 Yesu tsɔ kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la “ɖo eƒe aƒemesubɔviwo,” siwo nye kluvi ƒe ha la me tɔ ɖekaɖekawo, nu be “wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Etsɔ kluvi la ɖo “eƒe nuwo katã nu” hã. (Mat. 24:45-47) ‘Eƒe nu’ siawo dometɔ aɖewoe nye ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” si le dzidzim ɖe edzi. (Nyaɖ. 7:9; Yoh. 10:16) Ðe mele be amesiaminawo ƒe ha la kple ‘alẽ bubuawo’ siaa me tɔ ɖekaɖekawo naka ɖe kluvi si wotsɔ ɖo wo nu la dzi oa? Susu geɖewo li siwo ta wòle be míaka ɖe kluvi ƒe ha la dzi. Susu siawo dometɔ vevi evee nye: (1) Yehowa ka ɖe kluvi ƒe ha la dzi. (2) Yesu hã ka ɖe kluvi la dzi. Mina míadzro kpeɖodzi siwo li be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo siaa ka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzelaa dzi bliboe la me.

Yehowa Ka Ðe Kluvi La Dzi

4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzelaa nana la dzi?

4 Wò ya bu nu si nana be kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la te ŋu naa gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò.” Egblɔ kpee be: “Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Ps. 32:8) Ɛ̃, Yehowa fiaa mɔ kluvi la. Eya ta míate ŋu aka ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋuti gɔmesese, numeɖeɖe, kple mɔfiame siwo míexɔna tso kluvi la gbɔ la dzi bliboe.

5. Nu kawoe ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ dom kluvi ƒe ha la?

 5 Yehowa tsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã yrana kluvi ƒe ha la. Togbɔ be wometea ŋu kpɔa Yehowa ƒe gbɔgbɔa o hã la, ale si wòwɔa dɔ ɖe eƒe amewo dzi la me tsonuwo ya dzena míekpɔna. Bu nu siwo gbegbe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la te ŋu wɔ le ɖaseɖiɖi tso Yehowa Mawu, Via, kple Fiaɖuƒea ŋu le xexea me godoo la ŋu kpɔ. Yehowa subɔlawo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le dukɔ kple ƒukpo siwo wu 230 la me dzonɔamemetɔe. Ðe esia menye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o be Mawu ƒe gbɔgbɔ le ŋusẽ dom kluvi la oa? (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8.) Le gbɔgbɔmenuɖuɖu nana Yehowa subɔla siwo le xexe bliboa katã me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi me la, ehiãna be kluvi ƒe ha la nawɔ nyametsotso veviwo. Le nyametsotso siawo wɔwɔ kple egbɔkpɔkpɔ be woatsɔ wo ade dɔwɔna me me la, kluvi la ɖea lɔlɔ̃, tufafa, kple gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa bubuwo fiana.—Gal. 5:22, 23.

6, 7. Aleke gbegbee Yehowa ka ɖe kluvi nyateƒetɔ la dzi?

6 Be nàte ŋu ase ale si gbegbe Yehowa ka ɖe kluvi nyateƒetɔ la dzi gɔme la, de ŋugble tso ŋugbe si wòdo na wo ŋu kpɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Kpẽ la aɖi, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽe, eye woatrɔ míaƒe nɔnɔme. Elabena ele be nu sia, si gblẽna la, nado magblẽmagblẽ, eye ele be nu sia, si kuna la, nado makumakunyenye.” (1 Kor. 15:52, 53) Wofɔa Kristo yomedzela amesiamina siwo subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe heku le amegbetɔ ƒe ŋutilã si gblẽna me la ɖe tsitre wozua ame siwo de ŋgɔ wu gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu siwo anɔ agbe tegbee. Wona makumakunyenye—si nye agbe si nuwuwu manɔe na o, si womate ŋu atsrɔ̃ gbeɖe o la—wo. Gawu la, woxɔ magblẽmagblẽ, si nye ŋutilã si magblẽ gbeɖe o, eye edze ƒãa be anye ŋutilã si alé eɖokui ɖe te ɖaa. Nyaɖeɖefia 4:4 ɖɔ ame siawo siwo wofɔ ɖe tsitre la be wobɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi eye sikafiakukuwo le wo ta. Fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe le Kristotɔ amesiaminawo lalam. Gake yayra bubu geɖe gali woaxɔ.

7 Nyaɖeɖefia 19:7, 8 gblɔ be: “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo. Ɛ̃, woɖe mɔ nɛ be, woatsɔ aklala nyui dzadzɛ si le dzo dam la aɖo atsyɔ̃ nɛ, elabena aklala nyui la tsi tsitre ɖi na ame kɔkɔewo ƒe nuwɔna dzɔdzɔewo.” Yehowa tia Kristotɔ amesiaminawo be woava zu ye Vi la ƒe ŋugbetɔ. Magblẽmagblẽ, makumakunyenye, fianyenye, “Alẽvi la ƒe  srɔ̃ɖeɖe”—nunana wɔnuku kawo gbegbee nye esi! Nunana siawo nye ale si gbegbe Mawu ka ɖe amesiaminawo, siwo “dzea Alẽvi la yome, afi ka kee wòɖayi o” dzi la ƒe kpeɖodzi.

Yesu Ka Ðe Kluvi La Dzi

8. Alekee Yesu ɖee fia be yeka ɖe ye yomedzela amesiaminawo dzi?

8 Kpeɖodzi kawoe li be Yesu ka ɖe eyomedzela amesiaminawo dzi bliboe? Le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, edo ŋugbe aɖe na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo. Egblɔ na wo be: “Miawoe nye ame siwo nɔ ŋunye le nye tetekpɔwo me; eye mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe aɖe, bene miaɖu nu ano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.” (Luka 22:28-30) Nubabla si Yesu wɔ kple apostolo 11-awo ɣemaɣi la va lɔ Kristotɔ amesiamina 144,000 la katã ɖe eme. (Luka 12:32; Nyaɖ. 5:9, 10; 14:1) Ðe Yesu abla nu kpli wo be woava kpɔ gome kpli ye le Fiaɖuƒe dziɖuɖua me ne meka ɖe wo dzi oa?

9. Nu kawoe nye “[Kristo ƒe] nuwo katã” dometɔ aɖewo?

9 Gakpe ɖe ŋu la, Yesu Kristo tsɔ kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la “[ɖo] eƒe nuwo katã nu”—si nye Fiaɖuƒea ƒe nu siwo katã le anyigba dzi. (Mat. 24:47) Eƒe nu siawo dometɔ aɖewoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gãa, alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ vovovo me, Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔwo kple Fiaɖuƒe Akpatawo. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hã nye eƒe nuawo dometɔ aɖe. Ðe ame aɖe atsɔ ame si dzi meka ɖo o la aɖo eƒe nu xɔasiwo nu be wòakpɔ wo dzi ahanɔ wo ŋu dɔ wɔma?

10. Nu kae ɖee fia be Yesu Kristo li kple eyomedzela amesiaminawo?

10 Do ŋgɔ teti hafi Yesu si wofɔ ɖe tsitre nayi dziƒo la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo eye wòdo ŋugbe na wo be: “Kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Ðe Yesu wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo sia dzia? Le ƒe 15 siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo dzi ɖe edzi tso 70,000 va ɖo 100,000 kple edzivɔwo—si wu dzidziɖedzi 40 le alafa me. Ke nusrɔ̃la yeyewo ƒe xexlẽme ya ɖe? Nusrɔ̃la 4,500,000 kloe xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 15 siwo va yi me—si fia be ame siwo wu 800 xɔa nyɔnyrɔ gbe sia gbe le mama dedie nu. Dzidziɖedzi wɔnuku siawo nye kpeɖodzi si me kɔ ƒãa be Kristo le mɔ fiam  eyomedzela amesiaminawo le woƒe hamewo ƒe kpekpewo me, eye wòle kpekpem ɖe wo ŋu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me.

Kluvi La Nye Nyateƒetɔ Kple Aɖaŋudzela

11, 12. Alekee kluvi la ɖee fia be yenye nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela?

11 Esi wònye be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la dzi ɖe, ɖe mele be míawo hã míaka ɖe edzi oa? Le nyateƒe me la, kluvi la ɖee fia be yenye nyateƒetɔ alo nuteƒewɔla le dɔ siwo wode esi la wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, wole Gbetakpɔxɔ magazine tam ƒe 130 sɔŋ enye esia. Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo kpakple takpekpe gãwo kple suewo yi edzi le mía tum ɖo le gbɔgbɔ me.

12 Kluvi nyateƒetɔ la dze aɖaŋu hã le mɔ sia nu be mewɔa nu le eɖokui si o, medoa ŋgɔ na Yehowa alo hena ɖe megbe le Mawu ƒe mɔfiame si me kɔ le nya aɖe ŋu la dzi wɔwɔ me o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be alakpasubɔsubɔhawo daa asi ɖe xexea ƒe ɖokuitɔdidi kple mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe agbenɔnɔ dzi gaglãa alo le aye me hã la, kluvi la ya naa nuxlɔ̃ame ku ɖe afɔku siwo le Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia me ŋu. Kluvi la tea ŋu naa nuxlɔ̃ame siwo me nunya le, siwo sɔna ɖe ɣeyiɣia dzi le esi Yehowa Mawu kple Yesu Kristo le eyram ta. Eya ta ele be míaka ɖe kluvi la dzi bliboe. Gake alekee míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la dzi?

‘Yi Kple’ Amesiaminawo Esi Wodze Alẽvi La Yome

13. Le Zaxariya ƒe nyagblɔɖia nu la, alekee míate ŋu aɖee afia be míaka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la dzi?

13 Zaxariya ƒe agbalẽa ƒo nu tso “ŋutsu ewo” siwo te ɖe “Yuda-ŋutsu ɖeka” ŋu hegblɔ be, “Míayi kpli mi” la ŋu. (Mixlẽ Zaxariya 8:23.) Esi wònye be wozã agbɔsɔsɔfianya “mi” na “Yuda-ŋutsu ɖeka” la ta la, efia be amewo ƒe ƒuƒoƒoe wònye. Le míaƒe ɣeyiɣia me la, ele tsitre ɖi na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ƒe ame susɔeawo—siwo nye “Mawu ƒe Israel” la ƒe akpa aɖe. (Gal. 6:16) “Ŋutsu ewo [siwo tso] dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me” la le tsitre ɖi na alẽ bubuawo ƒe ameha gã la. Ale si ko Kristotɔ amesiaminawo dzea Yesu yome yia afi sia afi la, nenema kee ameha gã la hã ‘yina kple’ kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la, alo kplɔnɛ ɖo. Mele be wòakpe ŋu na ameha gã la me tɔwo gbeɖe be yewoaɖee afia be yewonye “dziƒoyɔyɔ gome kpɔlawo” ƒe zɔhɛwo o. (Heb. 3:1) Mekpea ŋu na Yesu gbeɖe be yeayɔ amesiaminawo be ye “nɔviwo” o.—Heb. 2:11.

14. Aleke míate ŋu ana kpekpeɖeŋu Kristo nɔviwo nuteƒewɔwɔtɔe?

14 Yesu Kristo bua kpekpeɖeŋu si amewo nana nɔviawo nuteƒewɔwɔtɔe la be enye kpekpeɖeŋunana ye. (Mixlẽ Mateo 25:40.) Ekema mɔ ka nue ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la kpena ɖe Kristo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ŋu le? Wowɔa esia to gomekpɔkpɔ kpli wo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa koŋ me. (Mat. 24:14; Yoh. 14:12) Esi amesiamina siwo le anyigba dzi ƒe xexlẽme dzi  le ɖeɖem kpɔtɔ ƒe blananewoe nye esia la, alẽ bubuawo ya le dzidzim ɖe edzi. Ne ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la kpɔa gome le ɖaseɖiɖidɔa me, wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, ekema wole kpekpeɖeŋu nam amesiaminaawo le woƒe dɔdeasi si nye nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. (Mat. 28:19, 20) Nu si hã dzi mele be míaŋe aɖaba aƒu o ye nye mɔnukpɔkpɔ siwo sua mía si be míana gakpekpeɖeŋu wo le mɔ vovovowo nu.

15. Alekee wòle be Kristotɔ ɖekaɖekawo nawɔ nu ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo kluvi la nana ɖe ɣeyiɣi dzi kple hakplɔɖoɖowo ŋuti nyametsotso siwo wòwɔna ŋu?

15 Aleke mí Kristotɔ ɖekaɖekawo míebua gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo kluvi nyateƒetɔ la nana mí ɖe ɣeyiɣi dzi to Biblia srɔ̃gbalẽwo kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dzi lae? Ðe míeɖua gbɔgbɔmenu siawo ŋudzedzekpɔkpɔtɔe helɔ̃na faa wɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ la dzia? Alekee míewɔa nu ɖe hakplɔɖoɖowo ŋuti nyametsotso siwo kluvi la wɔna ŋu? Wɔwɔ ɖe mɔfiameawo dzi faa toɖoɖotɔe ɖoa kpe edzi be míeɖea xɔse fiana ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu.—Yak. 3:17.

16. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo katã naɖo to Kristo nɔviwo?

16 Yesu gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye menya wo, eye wodzea yonyeme.” (Yoh. 10:27) Nya sia nye nyateƒe le Kristotɔ amesiaminawo gome. Ke ame siwo ‘yina kpli’ wo ya ɖe? Ele be ame siawo naɖo to Yesu. Ele be woaɖo to nɔviawo hã. Elabena woawo koŋ si mee wotsɔ beléle na Mawu ƒe amewo le gbɔgbɔ me ƒe agbanɔamedzia de. Nu kae toɖoɖo Kristo nɔviwo lɔ ɖe eme?

17. Nu kae toɖoɖo kluvi ƒe ha la lɔ ɖe eme?

17 Dziɖuha lae le kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la teƒe egbea, eye eyae xɔa ŋgɔ henaa mɔfiame le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le anyigba bliboa dzi. Dziɖuha la me tɔwo nye amesiamina kpɔnuteƒe siwo tsi le gbɔgbɔ me. Woate ŋu agblɔ tso woamawo koŋ ŋu be wonye “ame siwo le ŋgɔ xɔm” le mía dome. (Heb. 13:7) Dzikpɔla amesiamina siawo le “geɖe [wɔm] le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me” le beléle na Fiaɖuƒegbeƒãɖela miliɔn 7 kloe siwo le xexea me godoo le hame siwo wu 100,000 me la me vavã. (1 Kor. 15:58) Toɖoɖo kluvi la fia be míawɔ nu aduadu kple eƒe Dziɖuha la tso dzi blibo me.

Woyraa Ame Siwo Ðoa To Kluvi La

18, 19. (a) Aleke woyraa ame siwo ɖoa to kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela lae? (b) Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

18 Tso esime woɖo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzelaa la, eyi edzi le “dzɔdzɔenyenye mɔ nu [fiam] ame geɖewo.” (Dan. 12:3) Ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoatsi agbe ne wova tsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia. Yayra ka gbegbee nye esi tenɔnɔ dzɔdzɔe ƒe amesinɔnɔ le Mawu ŋkume sia nye!

19 Le etsɔ si gbɔna me, ne ‘du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye la [si nye ame 144,000-awo] ɖi tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ aɖe si woɖo atsyɔ̃ na hena srɔ̃a ene’ la, yayra kawoe ame siwo ɖo to kluvi la ƒe gbe la axɔ? Biblia gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖ. 21:2-4) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to Kristo kple nɔvia amesiamina siwo dzi wòka ɖo la.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Kpeɖodzi kawoe li be Yehowa ka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la dzi?

• Nu kae ɖee fia be Yesu Kristo ka ɖe kluvi ƒe ha la dzi bliboe?

• Nu ka ta wòle be míaka ɖe aƒedzikpɔla nyateƒetɔ la dzi?

• Mɔ kawo nue míeɖenɛ fiana le be míeka ɖe kluvi la dzi le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ènya ame siwo Yehowa tia be woava zu ye Vi ƒe ŋugbetɔ le etsɔmea?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yesu Kristo tsɔ kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la ɖo eƒe “nuwo” nu

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ne míekpɔa gome le ɖaseɖiɖidɔa me la, ke míele kpekpem ɖe ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ŋu