Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu

Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu

 Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu

KONYIFAƔLIWO xɔ teƒea keŋ. Konyifalaawo, siwo do awu yibɔ tɔxɛwo la le avi fam lélele hetsɔ nuxaxa le wo ɖokuiwo xlãm ɖe anyi. Ɣeɖulawo le ɣe ɖum ɖe haƒoƒo si le dzi dem bobobo la dzi. Ke hã, ame bubuwo le nu ɖum hetsɔ dzidzɔ kple nukoko hahaha le aseye tsom. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo no deha kple biya si bɔ ɖe teƒea fũu la mu hetsi anyigba. Wɔna ka koŋue le edzi yim? Le xexea ƒe teƒe aɖewo la, esiawoe nye nu siwo yia edzi le kuteƒe siwo ame alafa geɖewo ƒoa ƒu ɖo be yewoado hedenyuie na ame kukua.

Yehowa Ðasefo geɖewo le nuto siwo me woƒe ƒometɔwo kple aƒelikawo lé aʋatsodzixɔsewo me ɖe asi vevie eye wovɔ̃na na ame kukuwo ŋutɔ la me. Ame miliɔn geɖe xɔ edzi se be ne ame ku la, etrɔna zua ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ siwo si ŋutete le be woakpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nuvevi wo. Dzixɔse sia dzie wotu kukɔnu geɖewo ɖo. Le nyateƒe me la, esɔ le dzɔdzɔme nu be woaxa nu ne ame aɖe ku. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo xa nu ɣeaɖewoɣi esime woƒe ame veviwo ku. (Yoh. 11:33-35, 38; Dɔw. 8:2; 9:39) Ke hã, womexa nu wògbɔ eme abe ale si amewo wɔnɛ le woƒe ɣeyiɣia me ene kpɔ o. (Luka 23:27, 28; 1 Tes. 4:13) Nu ka tae? Susu ɖekae nye be wonya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu.

Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: ‘Elabena agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke. Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, si nye ameƒomea ƒe yɔdo, afi si yi ge nàla o.’ (Nyagb. 9:5, 6, 10) Mawunyakpukpui sia si gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ la me nyawo na eme kɔ ƒãa be ne ame ku la, meganyaa naneke o. Mate ŋu abu tame, alo ase naneke gɔme o. Aleke wòle be Biblia me nyateƒe vevi sia gɔme sese nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si Kristotɔwo wɔa kunui dzi?

“Midzudzɔ Asikaka Nu Makɔmakɔ La Ŋu”

Eɖanye gbegbɔgblɔ ka kee Yehowa Ðasefowo dona, alo dukɔ ka ke mee wotso o, woƒoa asa na dekɔnu ɖe sia ɖe si do ƒome kple dzixɔse si nye be ame kukuwo gale agbe eye be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi. Ŋudɔdɔ, ameɖiɖimegbekplɔ̃ɖoɖo, kuzãɖuɖu, ame kuku ƒe ɖa ɖiɖi, vɔsasa ɖe ame kuku ta, kple ahowɔwɔwo katã nye kɔnu makɔmakɔwo, eye womedzea Mawu ŋu o, elabena wodo ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia si nye be luʋɔ mekuna o, si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o. (Xez. 18:4) Esi wònye be nyateƒe Kristotɔwo “[mate] ŋu anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o” ta la, womekpɔa gome le kɔnu siawo me o. (1 Kor. 10:21) Wowɔna ɖe sedede sia dzi be: “Miɖe mia ɖokui ɖa, . . . eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.” (2 Kor. 6:17) Gake afɔ sia ɖeɖe menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o.

Le Afrika kple teƒe bubuwo la, ame geɖe xɔ edzi se be ele be woawɔ kɔnu aɖewo godoo, ne menye nenema o la, woado dziku na tɔgbui kukuwo. Eye wobua kɔnu siawo mawɔmawɔ agɔdzedze gã si ate ŋu ahe fiƒode alo dzɔgbevɔ̃e ava nutoa katã dzi. Esi Yehowa subɔla geɖewo gbe gomekpɔkpɔ le kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o me ta la, woƒe kɔƒenuto me tɔwo alo ƒometɔwo he nya ɖe wo ŋu, dzu wo hegbe wo. Wobua fɔ ame aɖewo be wonye hadomenuwɔwɔtsrilawo kple ame siwo medea bubu ame kukuwo ŋu o. Ɣeaɖewoɣi la, dzimaxɔsetɔwo tsɔa akpa sesẽ xɔa Kristotɔ aɖe si ku ƒe kunuwɔwɔ ƒua akɔ. Eya ta alekee míawɔ ate ŋu  akpe akɔ kple ame siwo tea tɔ ɖe edzi vevie be míawɔ ɖe kukɔnu siwo medzea Mawu ŋu o dzi la? Esi gale vevie wue nye be, nu kae míate ŋu awɔ be míayi edzi aɖe mía ɖokui ɖa tso kɔnu kple nuwɔna makɔmakɔ siwo ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo me la gbɔ?

Gblɔ Wò Didiwo Wo Me Nakɔ

Le xexea ƒe akpa aɖewo la, enye nu si bɔ be hlɔ̃metsitsiwo kple ƒometɔ siwo menye amevi alo amesrɔ̃ o nakpɔ gome le ame kukua ɖiɖi ŋuti ɖoɖowo wɔwɔ me. Eya ta ele be Kristotɔ wɔnuteƒe nana eme nakɔ be Yehowa Ðasefowoe akpɔ yeƒe kunuwɔwɔ dzi le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me gɔmeɖosewo. (2 Kor. 6:14-16) Mele be woawɔ naneke le Kristotɔ ƒe kuteƒe si aɖe fu na haxɔsetɔwo ƒe dzitsinya alo azu nukikli na ame siwo nya míaƒe dzixɔse kple nufiafia siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu la o.

Ne wobia tso nɔvi aɖe si be wòanɔ Kristotɔwo ƒe hame aɖe teƒe akpɔ kunuwɔwɔ aɖe dzi la, hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na nɔvi siwo dzi kua dzɔ ɖo la ahana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo bene ɖoɖowo katã nawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo. Ne ame siwo menye Ðasefowo o di be yewoawɔ nuwɔna makɔmakɔ aɖe la, ele vevie be míatɔ afɔ to sesĩe ahaɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ me na wo dzinɔameƒotɔe le tufafa kple bubu me. (1 Pet. 3:15) Gake nu kae míawɔ ne ƒometɔ dzimaxɔsetɔ aɖewo te tɔ ɖe edzi be yewoawɔ kɔnu makɔmakɔ aɖewo le kunuwɔwɔa me godoo? Ekema ƒometɔ siwo nye xɔsetɔwo ate ŋu aɖe asi le kunuwɔwɔa me keŋkeŋ. (1 Kor. 10:20) Ne edzɔ alea la, woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kunuƒo ƒoƒo le Fiaɖuƒe Akpata me alo le teƒe bubu aɖe si sɔ la ko ŋu bene woana “akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me” la ame siwo le nu xam ŋutɔŋutɔ le woƒe ame vevia ƒe ku ta la. (Rom. 15:4) Togbɔ be womakɔ amea ava afi ma o hã la, bubu anɔ ɖoɖo ma tɔgbi ŋu eye asɔ bliboe hã. (5 Mose 34:5, 6, 8) Ele eme be ƒometɔwo ƒe nudede ɖoɖoawo me madzemadzee adzi nuxaxa kple vevesese si míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku do na mí la ɖe edzi ya, gake nyanya be Mawu, ame si ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí la dea dzesi ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ nu si sɔ la faa akɔ na mí.—2 Kor. 4:7.

Ŋlɔ Wò Nyametsotsowo Ði

Ne ame aɖe ŋlɔ ale si wòdi be woawɔ yeƒe kunui ɖe agbalẽ me da ɖi la, enɔa bɔbɔe be woaɖe nu me na ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, le esi wònye be zi geɖe la, wodea bubu ame siwo ku la ƒe didiwo ŋu ta. Ale si wòle be woawɔ kunua, afi si woawɔe le, kpakple ame siwo koŋ awɔ ɖoɖo ɖe kunuwɔwɔa ŋu ahakpɔ eƒe akpa sia akpa dzi la katã nye nya vevi siwo wòhiã be woanɔ nuŋlɔɖia me. (1 Mose 50:5) Eɖea vi geɖe wu ne ame ŋutɔ kple ame bubu siwo anye eƒe ɖasefowo de asi agbalẽa te. Ame siwo tsɔa nugɔmesese kple nunya siwo wotu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi bua etsɔme ŋu la nyae be mehiã be yewoalala va se ɖe esime yewoku amegã alo ku nyagã alo dze dɔ ɖo  kudo nu hafi abu afɔ sia ɖeɖe ŋu o.—Lod. 22:3; Nyagb. 9:12.

Eɖea fu na ame aɖewo be yewoaŋlɔ mɔfiame mawo tɔgbi ɖi do ŋgɔ. Ke hã, esia wɔwɔ ɖea Kristotɔwo ƒe tsitsi kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo lɔlɔ̃tɔe fiana. (Fp. 2:4) Anyo wu be ame nakpɔ nya siawo katã gbɔ esime wòle agbe, tsɔ wu be wòagblẽe ɖe ƒomea me tɔ siwo anɔ nu xam la si me be woawɔ nyametsotso mawo, le esi ƒometɔ bubuwo ate ŋu aƒoe ɖe wo nu alo azii ɖe wo dzi be woawɔ wɔna makɔmakɔ aɖewo siwo dzi ame si ku la meda asi ɖo alo xɔ se o ta.

Kunuwɔwɔa Nada Asɔ

Le Afrika ƒe teƒe geɖewo la, ame geɖewo xɔe se be ele be kunuwɔwɔa nanɔ kpeɖi bene woagadze agɔ le tɔgbui kukuwo dzi o. Ame bubuwo bua kunuwɔwɔ be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoaɖe hadomeɖoƒe kple ga si gbegbe le yewo si la afia “adegbeƒoƒotɔe.” (1 Yoh. 2:16) Ame aɖewo zãa ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi geɖe ɖe kunuwɔwɔa ŋu bene amewo nakpɔe be woɖi amea “nyuie.” Le didi be ame gbogbo aɖewo nava kuteƒea ta la, amewo taa agbalẽ siwo dzi ame kukua ƒe foto nɔna la heklãna ɖe teƒeteƒewo tsɔ doa boblo kunuwɔwɔa. Woɖea ame si ku la ƒe foto ɖe dziwuiwo dzi hemana na fanamelawo be woado. Woƒlea amekukuɖaka xɔasi siwo wodo atsyã na etɔxɛe be wòawɔ dɔ ɖe ekpɔlawo dzi. Le Afrika dukɔ aɖe me la, ame aɖewo nana wokpaa ame kuku ɖaka siwo nɔa ʋuwo, yameʋuwo, tɔdziʋuwo, kple nu bubuwo ƒe nɔnɔme me la na wo be yewoatsɔ aɖe kesinɔtɔnyenye, gãnyenye, kple atsyɔɖoɖo afia. Wotea ŋu ɖea ame kukua le aɖakaa me dana ɖe abati si woɖo atsyɔ̃ na etsɔxɛe la dzi. Ne nyɔnue ku la, wotea ŋu tsɔa srɔ̃ɖewu ɣi, sikanuwo, dzonu xɔasiwo, kple nu bubu geɖewo ɖoa atsyɔ̃ nɛ. Ðe wòasɔ be Mawu ƒe amewo nakpɔ gome le nuwɔna mawo ƒomevi mea?

Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la kpɔa nu si tae nunya le eme be yewoaƒo asa na nuwɔna gbɔme mawo siwo me ame siwo menya mawumegɔmeɖosewo loo alo dina be yewoawɔ ɖe wo dzi o ƒoa wo ɖokuiwo ɖo la dzea sii. Míenyae be kɔnu kple nuwɔna siwo gbɔ eme eye womesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la ‘metso Mawu gbɔ o, ke boŋ xexe si nu va le yiyim la mee wotso.’ (1 Yoh. 2:15-17) Ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si medze na Kristotɔwo o la ɖem anɔ fiafiam be míadze agbagba awɔ míaƒe kunu wòalolo wu ame bubuwo  tɔ o. (Gal. 5:26) Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be le nuto siwo me vɔvɔ̃ na ame kukuwo kpɔ ŋusẽ ɖe dekɔnuwo kple hadomenuwɔnawo dzi le me la, ame gbogbowo vaa kuteƒe zi geɖe, si wɔnɛ be wòsesẽna be woakpɔ wɔnaa dzi nyuie, eye nuwo tea ŋu tɔtɔna bɔbɔe. Bubudede ame kukuwo ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzimaxɔsetɔwo dzi ale gbegbe be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe nu makɔmakɔwo wɔwɔ me le kuteƒewo. Woanɔ avi fam lélele, anɔ ame kukua dzi mlɔm, anɔ nu ƒom nɛ tẽe abe ɖe wògale agbe ene, eye woanɔ ga kple nu bubuwo dam ɖe edzi. Ne nu siawo ayi edzi le Kristotɔ aɖe ƒe kuteƒe la, ahe vlodoame gã aɖe ava Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe amewo dzi.—1 Pet. 1:14-16.

Ele be nɔnɔme si me ame kukuwo le nyanya nana dzi nanɔ mía ƒo be míakpɔ egbɔ be xexemenuwɔna aɖeke kura nagadze le míaƒe kunuwɔwɔwo me o. (Ef. 4:17-19) Togbɔ be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ hã la, eɖiɖi nɔ kpokploe, le mɔ si mehe amewo ƒe susu o nu. (Yoh. 19:40-42) Ameɖiɖi le mɔ ma tɔgbi nu menyea ŋukpe na ame siwo si “Kristo ƒe tamesusu” le la kura o. (1 Kor. 2:16) Kakaɖedzitɔe la, nana be míaƒe kunuwɔwɔ nanɔ kpokploe ahada asɔe nye mɔ nyuitɔ si dzi míato aƒo asa na nu siwo nye nu makɔmakɔwo le Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu nu la wɔwɔ, eye nuwo ayi edzi le tomefafa kple bubu me, woada asɔ ahasɔ na ame siwo lɔ̃a Mawu.

Ðe Wòle Be Aseyetsotso Nayi Edzia?

Etea ŋu nyea kɔnu na ƒometɔwo, aƒelikawo, kple ame bubuwo be wolɔna hoo yina ɖaɖua nu noa nu heɖua ɣe ɖe ha siwo dea dzi bobobo la dzi le ameɖiɖia vɔ megbe. Zi geɖe la, aha geɖe nono kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo yia edzi le ameɖiɖimegbezã siawo ɖuɖu me. Ame aɖewo gblɔna be aseyetsotso alea nana kutɔawo megaléa blanui o. Ame bubuwo hã bunɛ be yewoƒe dekɔnu koe wònye. Ke hã, ame geɖewo xɔ edzi se be nu mawo wɔwɔ le kuteƒe nye kɔnu si hiã bene woatsɔ ade bubu ame kukua ŋu, eye wòaʋu mɔ na amea ƒe gbɔgbɔ be wòayi tɔgbuiawo gbɔ dedie.

Kristotɔ vavãwo kpɔ nunya si le Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia me la dze sii be: “Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.” (Nyagb. 7:3) Gawu la, wonya viɖe si le ŋugbledede le ɖoɖoezizi me tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa kple ale si gbegbe ame ƒe agbe le kpuie ŋu la ŋu. Enye nyateƒe be le ame siwo le ƒomedodo nyui me kple Yehowa gome la, “kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagb. 7:1) Eya ta nyanya be dzidzɔdonamenuwo wɔwɔ le kuteƒe do ka kple gbɔgbɔyɔyɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo wɔe be mesɔ kura be Kristotɔ vavãwo nawɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu loo alo ade teƒe mawo gɔ̃ hã o. Kuteƒe siwo amewo wɔa dzidzɔdonamenuwo le dede anye bubumademade Mawu ŋu kple hati Yehowa subɔlawo ƒe dzitsinya ŋu mabumabu.

Ele Be Míana Amewo Nakpɔ Vovototoa

Aleke gbegbee míedaa akpe be míevo tso vɔvɔ̃ na ame kuku, si nye ŋɔdzi na ame siwo le gbɔgbɔmeviviti me la, mee nye esi! (Yoh. 8:32) Abe “kekeli ƒe viwo” ene la, ale si míexaa nu hefaa konyi la ɖea gbɔgbɔmenugɔmesese fiana, edana sɔna, bubu nɔa eŋu, eye wòɖenɛ fiana be tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le mía si. (Ef. 5:8; Yoh. 5:28, 29) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mía ŋu be míexaa nu wògbɔa eme abe ‘ame siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o’ ene o. (1 Tes. 4:13) Ana dzi nanɔ mía ƒo be míanɔ tadedeagu dzadzɛtɔ la ƒe akpa dzi sesĩe, eye míana ta le amegbetɔvɔvɔ̃ ta o.—1 Pet. 3:13, 14.

Ne míelé Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose siawo me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe la, míana mɔnukpɔkpɔ amewo be ‘woakpɔ vovototo si le mawusubɔlawo kple ame siwo mesubɔnɛ o dome’ la adze sii. (Mal. 3:18) Ŋkeke li gbɔna esime ku maganɔ anyi o. (Nyaɖ. 21:4) Esi míele ŋugbedodo wɔnuku siawo me vava lalam la, mina míaɖoe kplikpaa be Yehowa nakpɔ mí be míenye ame siwo ŋu ɖiƒoƒo kple mokaka aɖeke mele o, kpakple ame siwo ɖe wo ɖokui ɖa tso xexe vɔ̃ɖi sia kple eƒe nuwɔna siwo doa vlo Mawu la gbɔ keŋkeŋ.—2 Pet. 3:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Enye nu si me nunya le be míaŋlɔ ale si míedi be woawɔ míaƒe kunui ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ele be Kristotɔwo ƒe kunuwɔwɔ nada asɔ eye bubu nanɔ eŋu