Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowae Nye Nye Ŋusẽ”

“Yehowae Nye Nye Ŋusẽ”

“Yehowae Nye Nye Ŋusẽ”

Abe ale si Joan Covill gblɔe ene

Wodzim le July 1925 me le Huddersfield, England. Viɖekɛ menye na dzinyelawo eye lãmesẽ mede dzinye tututu o. Fofonye lɔ̃a gbɔgblɔ zi geɖe be, “Kaka ya nya ƒo ɖe wò ko la, nèdze dɔ.” Eye ewɔ nam be eƒe nyaa le eme!

LE NYE ɖevime la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo doa gbe ɖa vevie hena ŋutifafa, gake esime xexemeʋa evelia tɔ zi la, wodo gbe ɖa ɖe dukɔa ta be wòaɖu dzi. Esia ɖe fu nam ŋutɔ, eye wòna ɖikeke aɖewo ge ɖe menye. Ɣemaɣi lɔƒo tututue Annie Ratcliffe, si nye Yehowa Ðasefo ɖeka pɛ si nɔ míaƒe nutoa me la, va mía ƒe me.

Keke Ðe Nyateƒea Ŋu

Annie na agbalẽ si nye Salvation (Salut) la ɖeka mí, eye wòkpe Dada be wòava Biblia me numedzodzro aɖe si woawɔ le Annie ƒe aƒe me la wɔƒe. * Danye bia tso asinye be mayi kpli ye. Megaɖoa ŋku Biblia me numedzodzro gbãtɔ ma dzi kokoko. Eku ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu, eye ewɔ nuku nam ŋutɔ be numedzodzroa meti mí kura o. Ena mekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabia geɖewo. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, míegade ake. Ɣemaɣi la, woɖe Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ŋu la me. Le ale si xexea me ƒe nɔnɔme wɔ nublanui ta la, mía kple Dada míede dzesii enumake be nyateƒeae nye ema. Gbe ma gbe kee wokpe mí be míava Fiaɖuƒe Akpata me.

Esi míeyi Fiaɖuƒe Akpataa me la, medo go sɔhɛ mɔɖela aɖewo, siwo dome Joyce Barber (si nye Ellis fifia), si kpɔtɔ le subɔsubɔm kple srɔ̃a Peter le London ƒe Betel, hã nɔ. Ewɔ nam be mɔɖeɖedɔa nye dɔ si ame sia ame wɔna. Eya ta mete gbeƒãɖeɖe gaƒoƒo 60 ɣleti sia ɣleti, togbɔ be mekpɔtɔ nɔ suku dem hã.

Le ɣleti atɔ̃ megbe, si nye le February 11, 1940 dzi la, mía kple Danye míexɔ nyɔnyrɔ le nutometakpekpe (si míeyɔna egbea be nutome sue takpekpe) le Bradford. Papa metsia tsitre ɖe míaƒe dzixɔse yeyea ŋu o, gake eya ŋutɔ meva xɔ nyateƒea o. Ɣeyiɣi si me mexɔ nyɔnyrɔ lɔƒoe woto ɖaseɖiɖi le mɔwo ƒe dzogoewo dzi vɛ. Meƒo ɖokuinye ɖe eme heléa akplo siwo me magazinewo nɔ ɖe asi hekplaa pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo hã. Le Memleɖa aɖe gbe la, wobia tso asinye be matɔ ɖe asiɖiƒe aɖe ƒe akpa si amewo sɔa gbɔ le wu. Ɣemaɣi la, amegbetɔvɔvɔ̃ gakpɔtɔ nye kuxi nam, eye ɖeko wòwɔ nam abe ɖee nye sukuhatiwo katã va to dzogoe si dzi metɔ ɖo la ene!

Le ƒe 1940 me la, eva hiã be woama hame si me menɔ. Esi woma hamea vɔ la, hanyetiwo katã kloe tsi hame kemɛa me. Mefa konyi le esia ŋu na míaƒe hamesubɔla (si woyɔna egbea be dzikpɔla zimenɔla). Egblɔ nam be, “Ne èle zɔhɛ siwo nye hawòtiwo dim la, yi ɖadi wo le gbeadzi.” Eye nenema tututue mewɔ! Eteƒe medidi o medo go Elsie Noble. Eva xɔ nyateƒea eye wòva zu xɔ̃nye vevi aɖe le agbe me.

Mɔɖeɖedɔa Kple Eme Yayrawo

Esi mewu suku nu la, mewɔ dɔ na gadzikpɔla aɖe. Gake esi mede dzesi dzidzɔ si gbegbe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo kpɔna la, didi si nɔ menye be mawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa abe mɔɖela ene la, nu gasẽ ɖe edzi. Dzi dzɔm ŋutɔ be le May 1945 me la, mete subɔsubɔ abe mɔɖela vevi ene. Le nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa dzi la, tsi dza ŋkekea katã. Ke hã, dzi dzɔm be menɔ gbeadzi gbe ma gbe ale gbegbe be nyemetsɔ ɖeke le tsidzadzaa me o. Le nyateƒe me la, gbeadzidede gbe sia gbe kple gasɔdodo edziedzi le subɔsubɔdɔa me na meva nɔ lãmesẽ nyui me wu. Togbɔ be nye kpekpeme mewu kilogram 42 kpɔ o hã la, nyemedzudzɔ mɔɖeɖedɔa hena ɣeyiɣi vi aɖe gɔ̃ hã kpɔ o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔe dze sii ŋutɔŋutɔ be ‘Yehowae nye nye ŋusẽ.’—Ps. 28:7.

Esi menye mɔɖela vevi ta la, woɖom ɖe du siwo me Ðasefo aɖeke menɔ o la me bene woate ŋu aɖo hame yeyewo ɖe afi mawo. Gbã la, mesubɔ le England ƒe etɔ̃, emegbe le Ireland hã ƒe etɔ̃. Esime menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Lisburn, Ireland la, mesrɔ̃ nu kple ŋutsu aɖe si nye osɔfo ƒe kpeɖeŋutɔ le Protestant sɔlemeha aɖe me. Esi Biblia me gɔmedzenufiafia aɖewo ŋuti sidzedze va su esi la, efia nu siawo woƒe hameviwo. Wo dometɔ aɖewo yi ɖatso enu na sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔlawo, eye wobia tso esi be wòaɖe eɖokui nu. Egblɔ be yese le ye ɖokui me be enye yeƒe agbanɔamedzi abe Kristotɔ ene be yeana hameviawo nanya be yefia alakpanu geɖe woamawo. Togbɔ be eƒe ƒomea tsi tsitre ɖe eŋu vevie hã la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hesubɔe nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe esime wòku.

Le Larne, Ireland, si nye du evelia si me woɖem yi abe mɔɖela vevi ene la, nye ɖeka meɖe gbeƒã hena kwasiɖa ade sɔŋ, le esi nye zɔhɛ mɔɖela vevi la yi Teokrasi Ƒe Dzidziɖedzi Takpekpe le New York, le ƒe 1950 me ta. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɣemaɣi sesẽ nam ŋutɔ. Nye hã medi vevie be made takpekpea hafi. Ke hã, le kwasiɖa mawo me la, nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname geɖewo su asinye le gbeadzi. Medo go ŋutsu tsitsi aɖe si xɔ míaƒe agbalẽ aɖe ƒe 20 kple edzivɔwoe nye ema. Exlẽ agbalẽa gaxlẽe hena ƒe geɖe ale gbegbe be enya eme nyawo katã kloe ɖe ta me. Eya kple viaŋutsu kpakple vianyɔnu woxɔ nyateƒea.

Hehexɔxɔ Le Gilead Suku

Le ƒe 1951 me la, wokpe mía kple mɔɖela ewo bubuwo tso England be míaɖade Gilead Suku ƒe klass 17 lia le South Lansing, New York. Oo, aleke gbegbe mekpɔ dzidzɔ ɖe Biblia me nufiame siwo míexɔ le sukua le ɣleti mawo me ŋue nye esi! Ɣemaɣi la, nɔvinyɔnuwo mewɔa dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le hamewo me o, gake le Gilead Sukua me la, mɔnukpɔkpɔ su mí nɔvinyɔnuwo si míekpɔ gome le dɔdeasiwo wɔwɔ kple nyatakakawo nana le nuƒolanɔƒe me. Vɔvɔ̃ ɖoa mí ale gbegbe! Zi gbãtɔ si mewɔ dɔ sia la, asi si metsɔ lé nye nuŋlɔɖia la nɔ ƒoƒom va se ɖe esime mewu enu. Nɔviŋutsu Maxwell Friend, si nye nufialaa la, gblɔ nukokoedonametɔe be: “Menye ɖeko nènɔ vɔvɔ̃m le dɔa ƒe gɔmedzedze abe ale si ko wòdzɔna ɖe nuƒola bibiwo katã dzi ene o, ke ènɔ vɔvɔ̃m va se ɖe eƒe nuwuwu ke.” Le sukudeɣia la, mí katã míewɔ ŋgɔyiyi nyuiwo le dɔdeasiwo wɔwɔ le klass bliboa ŋkume me. Kasia, míaƒe hehexɔxɔa va nuwuwu, eye woɖo mí sukunuwulaawo ɖe dutadukɔ geɖewo me. Woɖom ɖe Thailand!

“Anyigba Si Dzi Woɖoa Nukomo Le”

Mekpɔe be yayra wònye tso Yehowa gbɔ nam be wotia Astrid Anderson be wòanye nye zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me le Thailand. Kwasiɖa adre sɔŋ wòxɔ hafi agbatsɔmeli si míeɖo la ɖaɖo afi ma. Esi míeva ɖo Bangkok, si nye fiadua me la, míekpɔe be enye du si me asiɖiƒe siwo me amewo nɔa kplakplakpla dzi le ɖaa la bɔ ɖo, eye wònye du si me yɔ kple tsimɔ siwo koŋ wozãna abe mɔ gãwo ene. Le ƒe 1952 me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nɔ Thailand la mede 150 o.

Esi míekpɔ Thailandgbe me Gbetakpɔxɔ zi gbãtɔ la, míebia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe míate ŋu ava do gbe sia gbe ɖeka?’ Nu si koŋ sesẽ le gbea ŋue nye nyawo yɔyɔ le mɔ nyuitɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, ne wokɔ gbe dzi tsɔ dze nya si nye khaù yɔyɔ gɔme hetsɔ gbe bɔbɔe wu enu la, ke efiaa “mɔli,” gake ne wobɔbɔ gbe tsɔ yɔ nya ma ke la, efiaa “nya nyui.” Eya ta le gɔmedzedzea me ne míeyi gbeadzi la, ɖeko míenɔa gbɔgblɔm na amewo be, “Metsɔ mɔli nyui vɛ na wò,” le esi wòle be míagblɔ be metsɔ “nya nyui” vɛ na wò teƒe! Gake ʋɛʋɛʋɛ, le nukoko geɖe megbe la, míete ŋu va doa gbea nyuie.

Thailandtɔwo doa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ. Eya ta esɔ be woyɔa Thailand be Anyigba Si Dzi Woɖoa Nukomo Le. Du si me woɖo mí ɖo gbãe nye Khorat (si woyɔna fifia be Nakhon Ratchasima), afi si míesubɔ le hena ƒe eve. Emegbe wova ɖo mí ɖe dugã si nye Chiang Mai me. Thailandtɔ akpa gãtɔ nye Buddha subɔsubɔha me tɔwo, eye womenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Mesrɔ̃ nu kple posudzikpɔla aɖe le Khorat. Meƒo nu tso blemafofo Abraham ŋu nɛ. Esi wòse ŋkɔ Abraham kpɔ ta la, enɔ ta lɔ̃m dzidzɔtɔe. Gake eteƒe medidi hafi meva de dzesii be Abraham bubu ŋue eƒe susu nɔ o. Abraham Lincoln, si nye United States (États-Unis) ƒe dukplɔla tsã la, ŋue posudzikpɔlaa ƒe susu nɔ!

Biblia fiafia Thailandtɔ dzi nyuitɔwo doa dzidzɔ na mí ŋutɔ, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míesrɔ̃ ale si míana míaƒe dzi nadze eme le agbe tsɛ nɔnɔ me tso Thailandtɔwo gbɔ. Esia kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ, elabena akaɖi kple pɔmpimetsi menɔ mía si le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Khorat me o. Míesrɔ̃ ‘nu ɣaɣla sia: be míanya ale si nu bɔna ɖe ame si kple ale si nu hiãa ame.’ Abe apostolo Paulo ene la, míekpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii, be: “Mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—Fp. 4:12, 13.

Zɔhɛ Yeye Kple Dɔdeasi Yeye

Do ŋgɔ, le ƒe 1945 me la, meɖi tsa yi London. Le tsaɖiɖi ma me la, mía kple mɔɖela bubuwo kpakple nɔvi siwo nɔ Betel la dometɔ aɖewo míeyi Britain Blemanudzraɖoƒe. Wo dometɔ ɖekae nye Allan Coville, si eteƒe medidi o wòde Gilead Suku ƒe klass 11 lia. Woɖoe ɖe France, eye emegbe ɖe Belgium. * Emegbe esime menɔ subɔsubɔm abe dutanyanyuigblɔla ene le Thailand la, egblɔ nam be yedi be yeaɖem, eye melɔ̃.

Míeɖe mía nɔewo le Brussels, Belgium, le July 9, 1955 dzi. Enye nye didi xoxoxo be ne meɖe srɔ̃ la, míayi aɖaɖu míaƒe srɔ̃ɖemɔkeke le Paris, eya ta Allan wɔ ɖoɖo be míade takpekpe aɖe le afi ma le kwasiɖa si kplɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖo me. Gake esi míeɖo afi ma la, wobia tso Allan si enumake be wòana kpekpeɖeŋu ahanye gbegɔmeɖela le takpekpea wɔɣi katã. Enɔ nɛ be wòadzo le aƒe me kaba ŋdi sia ŋdi, eye zã dona hafi míetrɔna gbɔna va míaƒe dzeƒea. Eya ta meyi ɖaɖu nye srɔ̃ɖemɔkekea le Paris ya, gake ɖeko mekpɔa Allan le adzɔge ɖaa, le nuƒolanɔƒea, zi geɖe! Togbɔ be enɔ alea hã la, edzɔ dzi nam be Yehowa nɔ ŋutsu si meɖe teti koe nye ema la zãm wònɔ nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnuwo subɔm, eye kakaɖedzi nɔ asinye be ne Yehowa le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me la, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

Srɔ̃ɖeɖea na wòva hiã hã be maʋu yi dukɔ bubu me, si nye Belgium. Nu si ko menya tso Belgium ŋue nye be wowɔ aʋa geɖewo le afi ma kpɔ, gake eteƒe medidi o meva kpɔe be ŋutifafalɔ̃lawo ŋutɔŋutɔe Belgiumtɔ akpa gãtɔ nye. Subɔsubɔ le Belgium bia hã be masrɔ̃ Fransegbe, si nye gbe si koŋ wodona le dukɔa ƒe anyiehe gome.

Gbeƒãɖela 4,500 aɖewo koe nɔ Belgium le ƒe 1955 me. Mía kple Allan míesubɔ le Betel kpakple le mɔzɔzɔdɔa me hena ƒe 50 kloe. Le ƒe eve gbãtɔawo me la, míedoa gasɔ nɔa togbɛwo liam henɔa abuwo ɖim le tsidzadza kple ŋdɔʋuʋu me. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míetsi mía nɔvi Ðasefo vovovo siwo wu 2,000 ƒe aƒewo me dɔ! Zi geɖe la, medoa go nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo si lãmesẽ menɔ tututu o gake wotsɔa ŋusẽ si le wo si la katã subɔa Yehowae. Woƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo nam be magana ta le nye subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o. Míekpɔa tutuɖo geɖe le hamewo subɔsubɔ kwasiɖa ɖe sia ɖe vɔ megbe me. (Rom. 1:11, 12) Allan nye zɔhɛ vavã aɖe ŋutɔ nam. Aleke gbegbee nya siwo le Nyagblɔla 4:9, 10 be, “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre” la nye nyateƒee nye esi!

Subɔsubɔ Le ‘Yehowa Ƒe Ŋusẽ’ Me Ƒe Yayrawo

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo va su mía kple Allan si le kpekpe ɖe amewo ŋu be woava subɔ Yehowa me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1983 me la, míeyi ɖasrã Fransegbe hame si le Antwerp la kpɔ, eye míedze ƒome aɖe gbɔ, eye nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Benjamin Bandiwila, si tso Zaire (Democratic Republic of Congo fifia) hã dze afi ma. Benjamin ʋu va Belgium hena suku kɔkɔ dede. Egblɔ na mí be, “Mele ŋu ʋãm ale si míetsɔ míaƒe agbe katã na hena Yehowa subɔsubɔ la ŋutɔ.” Allan ɖo eŋu nɛ be: “Èbe yele ŋu ʋãm mí, evɔ nèle xexemetaɖodzinuwo yome tim. Mèkpɔe be nu eve siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu oa?” Eƒe nyaŋuɖoɖo sia si nɔ tẽe la na Benjamin te tamebubu tso eƒe agbe ŋu. Emegbe esi wòtrɔ yi Zaire la, ete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, eye fifia ele subɔsubɔm abe Alɔdzekɔmiti me tɔ ene.

Le ƒe 1999 me la, wowɔ dɔ nam heɖe nutete aɖe le nye vehlo me. Tso ɣemaɣi la, nye kpekpeme ɖiɖi va kilogram 30 pɛ ko. ‘Anyigoe’ si ate ŋu agbã bɔbɔe ye menye vavã. Ke hã, meda akpe be Yehowa na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” lam. Le dɔwɔwɔ nam vɔ megbe la, Yehowa kpe ɖe ŋunye megate ŋu wɔ mɔzɔzɔdɔa kple Allan. (2 Kor. 4:7) Eye le March 2004 me la, Allan ku ɖe alɔ̃ me. Mesusu nɛ ale gbegbe, gake nyanya be Yehowa aɖo ŋku edzi faa akɔ nam.

Fifia esi mexɔ ƒe 83 la, meɖoa ŋku ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si mewɔ hena ƒe 63 sɔŋ la dzi. Megakpɔa gome le subɔsubɔdɔa me kokoko. Nye Biblia nusrɔ̃vi aɖe vaa gbɔnye le aƒe me mesrɔ̃a nu kplii, eye mezãa mɔnukpɔkpɔ siwo sua asinye gbe sia gbe la tsɔ ƒoa nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukua ŋu na amewo. Ɣeaɖewoɣi la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Alekee nye agbe anɔ ne ɖee nyemedze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1945 me o?’ Ɣemaɣi la, ale si nye lãme mesẽna tututu o ate ŋu anye taflatsɛdonu nam hafi. Gake aleke gbegbe dzi dzɔmee nye esi be meƒo ɖokuinye ɖe mɔɖeɖedɔa me le nye sɔhɛ me! Mɔnukpɔkpɔ su asinye nye ŋutɔ mekpɔe be ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, anye míaƒe ŋusẽ godoo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Woɖe Salvation gbalẽa ɖe go le ƒe 1939 me. Gake womegale etam fifia o.

^ mm. 22 Nɔviŋutsu Coville ƒe agbemeŋutinya dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ March 15, 1961 tɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mía kple Astrid Anderson (le ɖusime), si nye nye zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mía kple srɔ̃nye, le mɔzɔzɔdɔa me le ƒe 1956 me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Allan, le ƒe 2000 me