Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòsɔ be Yehowa Ðasefo nade eƒe ƒometɔ alo eƒe ame nyanyɛ aɖe si menye Ðasefo o ƒe srɔ̃ɖeƒea?

Srɔ̃ɖeɣiwo nye dzidzɔɣiwo, eye susu le eme be Kristotɔ nadi be yeakpɔ gome le wɔna dodzidzɔname mawo me. Enye nyateƒe be ele be ɖevi siwo wokpe na wɔna siawo dede nabia mɔ tso wo dzilawo alo wo dzi kpɔlawo gbɔ, ame siwo kpɔ mɔ awɔ nyametsotso mamlɛtɔ le nya sia gome. (Efesotɔwo 6:1-3) Gake ne srɔ̃ŋutsu aɖe si menye Yehowa Ðasefo o bia tso srɔ̃a Kristotɔ si be wòakplɔ ye ayi srɔ̃kpekpe aɖe si ayi edzi le sɔlemexɔ aɖe me ya ɖe? Eƒe dzitsinya ate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòade abe nukpɔla dzaa ko ene, eye wòaɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le subɔsubɔnuwɔna siwo ayi edzi le afi ma la dometɔ aɖeke me o.

Ne míagblɔe koŋ la, be woade srɔ̃kpeƒe aɖe alo womadee o nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke hã, ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nanyae be Yehowa abia akɔnta tso ye si eye ele be wòabu Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose geɖe ŋuti ne ele nyametsotso wɔm ku ɖe ame aɖe si menye Ðasefo o ƒe srɔ̃kpeƒe yiyi ŋu.

Nu vevitɔ si wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ ye nye didi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu. Yesu gblɔ be: “Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Eya ta Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le xɔsetsakatsaka ƒe nuwɔnawo, abe gbedodoɖawo, kɔnuwo, alo wɔna siwo tsi tsitre ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ene me o.—Korintotɔwo II, 6:14-17.

Kristotɔ kpɔnɛ dzea si be yeƒe nyametsotsowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Ne èɖoe be yeayi la, ɖe wòave wò ƒometɔwo ne ègbe be yemakpɔ gome bliboe le srɔ̃ɖezã me oa? Ele be nàbu ŋusẽ si nyametsotso sia ate ŋu akpɔ ɖe wò haxɔsetɔwo dzi hã la ŋu. (Romatɔwo 14:13) Nenye be wò ŋutɔ loo alo wò aƒemetɔwo gblɔ be naneke megblẽ le ame si menye Ðasefo o ƒe srɔ̃ɖeƒe yiyi ŋu o gɔ̃ hã la, ɖe wòate ŋu agblẽ nu le wò gbɔgbɔmenɔviwo ya ŋua? Ðe wòate ŋu ade abi wo dometɔ aɖewo ƒe dzitsinya ŋua?

Ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ƒe srɔ̃ɖeƒe yiyi ate ŋu ahe kuxiwo vae. Ke ne wobia tso asiwò be nànye ŋugbetɔa alo ŋugbetɔsrɔ̃a ŋu nɔla ya ɖe? Alo nenye be srɔ̃wò menye Ðasefo o eye wòdi be yeakpɔ gome le wɔnawo me bliboe ya ɖe? Nenye be dziɖuɖu gbɔ srɔ̃ɖeɖe si dzi ʋɔnudrɔ̃la aɖe alo dziɖuɖumegã aɖe akpɔ ye la, afi ma yiyi abia be woanye wɔna siwo le se nu la teƒekpɔla ko.

Gake srɔ̃ɖeɖe si woawɔ le subɔsubɔha aɖe ƒe takpexɔ me alo esi dzi subɔsubɔhakplɔla aɖe akpɔ ya afɔ kuxi bubuwo ɖe te. Be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò dzitsinya si nètsɔ Biblia na hehee ƒe mɔfiamewo, eye màgawɔ nu wòatsi tsitre ɖe wò dzixɔsewo ŋu loo alo awɔ nane si aɖe fu na srɔ̃ɖelawo o la, ɖewohĩ àtiae be yemayi srɔ̃ɖeƒea o. (Lododowo 22:3) Àte ŋu aƒo asa na nuxaxa dodo na wò ƒomea alo na ɖokuiwò ne èɖe wò Biblia me dzixɔsewo me na wo do ŋgɔ hena wonya afi si nàdi be yeakpɔ gome le wɔnawo me ase ɖo, alo ɖewohĩ ègblɔ nu bubu aɖe si nàte ŋu awɔ ɖe eteƒe la na wo.

Le nya siawo me dzodzro nyuie vɔ megbe la, Kristotɔ aɖewo ate ŋu atso nya me be manye nu gbegblẽ be woade ame aɖe si menye Ðasefo o la ƒe srɔ̃ɖeƒe abe nuteƒekpɔla ko ene o. Gake ne Kristotɔ aɖe bui be afi ma yiyi ate ŋu ana yeada mawumegɔmeɖosewo dzi la, ate ŋu aƒo nya ta be afɔkuawo sɔ gbɔ wu viɖe siwo yeakpɔ tso afi ma yiyi me. Ne etiae be yemayi srɔ̃ɖeƒea o gake yeayi kplɔ̃ɖoƒe si akplɔ ema ɖo si wokpee na la, ele be wòaɖoe kplikpaa be yeawɔ nuwo “katã na Mawu ƒe kafukafu.” (Korintotɔwo I, 10:31) Le nyametsotso sia wɔwɔ me la, ‘ame sia ame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.’ (Galatiatɔwo 6:5) Eɖanye nyametsotso kae nèwɔ o, ɖo ŋku edzi be dzitsinya nyui me léle ɖe asi le Yehowa Mawu ŋkumee le vevie.