Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kititɔwo Ƒe Ʋuwo” Toa Atsiaƒuwo Dzi

“Kititɔwo Ƒe Ʋuwo” Toa Atsiaƒuwo Dzi

 “Kititɔwo Ƒe Ʋuwo” Toa Atsiaƒuwo Dzi

WOWƆ ƒudziʋa geɖe le Mediterranea ƒe ɣedzeƒe gome. Dze gbagba nàtsɔ susu akpɔ aʋa siawo dometɔ ɖeka si wowɔ ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ na Kristo ƒe anyigba dzi vava ɖa. Aʋawɔtɔdziʋu aɖe si tea ŋu trɔna bɔbɔe, si woyɔna le Eŋlisigbe me be trireme, le du ƒum to atsiaƒu dzi kple ŋusẽ katã. Tɔdziʋukula 170 siwo ɖo ɖe hatsotso etɔ̃ me, siwo bla lãgbalẽ ƒe suɖi ɖe meƒi nu la, le ekum kple alɔkame sesẽ hele atabluwo hem le ŋgɔ yim le gbɔgbɔm.

Aʋawɔtɔdziʋu sia si ƒua du kilomita 13 va se ɖe 17 le gaƒoƒo ɖeka me la to ƒutsotsoewo me lũ ɖe futɔwo ƒe tɔdziʋu aɖe dzi kple ŋusẽ. Tɔdziʋu si dzi wòlũ ɖo la le agbagba dzem be yeasi adzo. Esi wòɖo sesẽaƒe la, duƒuƒu zu dɔ nɛ, eye eƒe akpa ɖeka trɔ ɖo ɖe futɔawo gbɔ. Trireme aʋawɔtɔdziʋu la tsɔ eƒe nugbɔ biɖoe si ŋu wofa gadzẽ ɖo la ŋɔ futɔawo ƒe tɔdziʋua ƒe axadzi si metri fũu o la. Tɔdziʋua ƒe afi si ŋɔ la ƒe ŋeŋewo kple atsiaƒutsi si to ŋɔŋɔƒea le gegem ɖe ʋua me la ƒe gbeɖiɖi na be ŋɔdzi lé ʋua kulawo. Aʋawɔla ʋɛ aɖewo siwo bla akpa nyuie siwo le Trireme aʋawɔtɔdziʋu la me la to mɔ si le tɔdziʋua ƒe domedome la ɖadze tɔdziʋu si woŋɔ la me tɔwo dzi. Nyateƒee, blema tɔdziʋu aɖewo ɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ!

Biblia nusrɔ̃viwo tsɔa ɖe le nyagblɔɖi siwo ku ɖe “Kitim” kple “Kititɔwo ƒe ʋuwo” ŋu me ŋutɔ. (Mose IV, 24:24; Daniel 11:30; Yesaya 23:1) Afi ka koŋue Kitim nɔ? Nu kae míenya tso eƒe tɔdziʋuwo ŋu? Eye nu ka tae wòle be nàtsɔ ɖe le nya siawo ƒe ŋuɖoɖo me?

 Yudatɔ blemaŋutinyaŋlɔla Josephus yɔ Kitim be “Chethimos” eye wòyɔe tɔ ɖe Kipro ƒukpoa ŋu. Kition (alo Citium) dugã si le Kipro ƒukpoa ƒe anyieheɣedzeƒe gome la hã ɖee fia be Kitim do ƒome kple Kipro. Kipro nɔ afi si blema asitsamɔwo do go le, eye wòkpɔa viɖe geɖe tso tɔdziʋudzeƒe si nɔ dua me si te ɖe ɣedzeƒe Mediterranea ŋu la me. Kipro ƒe ŋkɔxɔxɔ le dunyahehe me kple teƒe si wònɔ wɔe be edea dukɔ siwo le aʋa wɔm la dometɔ aɖe dzi kokoko. Eva zu du si nyea kpeɖeŋutɔ sesẽ aɖe loo alo mɔxeɖenu ɖefuname aɖe hã.

Kiprotɔwo Kple Atsiaƒu La

Nu siwo ŋu woke ɖo le tomenukuku siwo wowɔ le atsiaƒu gɔme kple yɔdowo me, kple blema nuŋlɔɖiwo, kpakple nu siwo wota ɖe anyinuwo dzi kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu kpɔa ale si Kipro ʋuwo nɔna la le susu me. Kiprotɔ gbãtɔawo nye tɔdziʋukpala bibiwo. Avetsuwo kple ƒukɔme siwo trɔ zu tɔdziʋudzeƒewo nɔ woƒe ƒukpoa dzi. Menye tɔdziʋukpakpa ɖeɖe ko tae womua atiwo ɖo o, ke boŋ wotsɔa wo doa dzo tsɔ loloa akɔbli—si nye dzɔdzɔmenu si na Kipro xɔ ŋkɔ le blema xexea me.

Foiniketɔ siwo tso kɔƒeduwo ɖe woƒe asitsamɔwo dzi la kpɔ ale si Kiprotɔwo kpɔa dzidzedze ŋutɔ le adzɔnuwo ɖoɖo ɖe duta me la dze sii. Kɔƒedu siawo dometɔ ɖekae nye Kition, si nɔ Kipro.—Yesaya 23:10-12.

Edze ƒã be esime Tiro dze anyi la, dua me tɔwo si yi ɖatsi Kitim. Anɔ eme godoo be ale si Foiniketɔwo bi ɖe ƒudzidɔwɔwɔ me la wɔ akpa vevie aɖe le Kiprotɔwo ƒe ƒudziɖaŋu ƒe ŋgɔyiyi me. Afi si Kition nɔ nye teƒe deamedzi aɖe si nye takpɔnu na Foinike tɔdziʋuwo.

Wozã Le Dutasitsatsa Me

Asitsatsa le blema Mediterranea nutoawo me le ɣeyiɣi mawo me menɔ bɔbɔe kura o. Wotsɔa tɔdziʋu kua adzɔnu xɔasiwo tso Kipro yia Kreta, Sardinia, Sicily, kple Aegean ƒukpowo siaa dzi. Woke ɖe kplu kple ze siwo tso Kipro ŋu le teƒe siawo, eye woke ɖe Mycenaetɔwo (Helatɔwo) ƒe anyinu nyui gbogboa aɖewo ŋuti le Kipro. Esi numekulawo do akɔbli siwo ŋu woke ɖo le Sardinia kpɔ la, woƒo nya ta be Kipro ye wotsɔ wo tsoe.

Le ƒe 1982 me la, woke ɖe tɔdziʋu aɖe si gbã tso keke ƒe alafa 14 lia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo ke  la ŋu le teƒe aɖe si te ɖe anyiehe Turkey ƒe ƒuta. Ƒu gɔme numekuku siwo wowɔ na woke ɖe nu xɔasi gbogbo aɖewo ŋu—siwo nye akɔbli siwo wobu be Kipro wotsɔ tsoe, atimitsi, Kanaantɔwo ƒe kpluwo, ʋuyi, atigblinyi ƒe tsyo, Kanaantɔwo ƒe atsyɔ̃ɖonu siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ, atsyɔ̃ɖonu siwo wowɔ ɖe adoŋgo ƒe nɔnɔme me kple nu bubuwo siwo tso Egipte. Esi numekula aɖewo lé ŋku ɖe anyinu siwo nɔ tɔdziʋua me ŋu la, wogblɔ be anye Kripro ye tɔdziʋua tso.

Nukutɔe la, le ɣeyiɣi si me wobui be eya mee tɔdziʋu sia gbã me la, Bileam ƒo nu tso Kitimtɔwo ƒe tɔdziʋuwo ŋu le eƒe “numegbe” me. (Mose IV, 24:15, 24) Edze ƒã be Kiprotɔwo ƒe tɔdziʋuwo va xɔ ŋkɔ ŋutɔ le Titina Ɣedzeƒe nutowo me. Aleke tɔdziʋu siawo nɔ?

Asitsatɔdziʋuwo

Woke ɖe tɔdziʋu kple aklo sue siwo wome kple anyi ŋu le yɔdowo me le blemadugã Amathus si nɔ Kipro la me. Esiawo na nyatakaka veviwo mí ku ɖe ale si Kiprotɔwo ƒe tɔdziʋuwo nɔna ŋu, eye wo dometɔ aɖewo le blemanudzraɖoƒewo fifia.

Kpɔɖeŋunumeme siawo ɖee fia kɔte be le gɔmedzedzea me la, wozãa tɔdziʋu mawo hena asitsatsa ke menye na aʋawɔwɔ o. Tɔdziʋukula 20 woe kua tɔdziʋu sue siawo. Wowɔ tɔdziʋu gã siwo keke hetri be woalɔ adzɔnuwo kple mɔzɔlawo ato Kipro ƒuta ayi teƒe siwo medidi fũu o. Pliny Tsitsitɔ gblɔ be, Kiprotɔwo wɔ tɔdziʋu sue aɖe si metri fũu o si wotsɔa atablu kuna eye etea ŋu tsɔa agba si ƒe kpekpeme ade tɔn 90.

Eye asitsatɔdziʋu gã siwo ƒe kekeme anɔ abe esi ŋu woke ɖo le Turkey ƒuta ene la hã nɔ anyi. Wo dometɔ aɖewo tea ŋu tsɔa agba siwo ƒe kpekpe ade tɔn 450 toa atsiaƒu dzi. Tɔdziʋukula 50 sɔŋ tea ŋu kua tɔdziʋu gãwo, ame 25 nɔa axa ɖe sia ɖe dzi, eye tɔdziʋua ƒe didime tea ŋu nyea meta 30 eye eƒe kɔkɔme nyea meta 10.

“Kitim” Ƒe Aʋawɔtɔdziʋuwo Le Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me

Yehowa ƒe gbɔgbɔ ye na wogblɔ nya sia ɖi be: “Ʋuwo atso Kitim, ava bɔbɔ Asur kple Eber ɖe anyi, eye woatsrɔ̃ eya hã.” (Mose IV, 24:2, 24) Ðe nyagblɔɖi sia va emea? Akpa kae Kipro tɔdziʋuwo wɔ le nyagblɔɖi sia ƒe emevava me? ‘Tɔdziʋu  siwo tsoa Kitim ƒuta’ la menye asitsatɔdziʋu siwo toa Mediterranea Ƒua dzi o. Wonye aʋawɔtɔdziʋu siwo hea xaxa vaa amewo dzii.

Esi tɔtrɔwo nɔ vavam le aʋawɔwɔ me ta la, wova trɔ asi le tɔdziʋuwo ŋu hewɔ esiwo ƒua du sesĩe eye ŋusẽ le wo ŋu wu la. Anɔ eme be Kipro ƒe aʋawɔtɔdziʋu gbãtɔawoe dze le nutata aɖe si ŋu woke ɖo le Amathus la me. Tɔdziʋu si le nutata la me didi hele tsralɛ eye eƒe megbe kɔ yi dzi hexa ɖe eme gobaa abe ale si Foiniketɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋuwo nɔna ene. Gakpo biɖoe aɖe kple akpoxɔnu siwo le nogoo le tɔdziʋua ƒe ŋgɔgbe kple megbe.

Ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. mee wowɔ tɔdziʋu si tɔdziʋukulawo ƒe hatsotso eve kuna si woyɔna le Eŋlisigbe me be bireme la ƒe gbãtɔwo le Hela. Tɔdziʋu siawo didi meta 24 eye wokeke meta 3. Le gɔmedzedzea me la, wotsɔa tɔdziʋuawo kɔa aʋawɔlawoe, gake wowɔa aʋa la ŋutɔ le anyigba ƒuƒui dzi. Eteƒe medidi kura o, wova de dzesii be ne wotsɔ tɔdziʋukulawo ƒe hatsotso ɖeka kpee eye wotre ga biɖoe si ŋu wofa gadzɛ ɖo ɖe tɔdziʋua ƒe nugbɔ la anyo wu. Wova yɔ tɔdziʋu yeye siawo be trireme si nye esi ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Tɔdziʋu sia xɔ ŋkɔ le Salamis ƒe aʋa la me (ƒe 480 D.M.Ŋ.) esime Helatɔwo ɖu Persia ƒudziʋawɔlawo dzi.

Emegbe la, esi Aleksanda Gãtɔ nɔ didim be yeakeke yeƒe dziɖuɖu ɖe enu la, eho kple eƒe Trireme aʋawɔtɔdziʋuwo ɖo ta ɣedzeƒe nutowo me. Wowɔ tɔdziʋu siawo hena aʋawɔwɔ, ke menye na mɔ legbee zɔzɔ to atsiaƒu gãwo dzi o, esi wònye be teƒe menɔ wo me woadzra nuɖuɖu sɔgbɔ ɖo o ta. Esia na wòhiãna be woatɔ ɖe Aegean ƒukpowo dzi hena nuhiahiãwo ƒeƒle kple ʋuawo dzadzraɖo. Aleksanda ƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ Persiatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋuwo katã dome. Gake hafi wòakpɔ dzidzedze la, gbã la, ele be wòaɖu Tiro ƒukpoa ƒe mɔ sesẽ la dzi. Kipro nye afi si wotɔna ɖo vie le mɔa dzi.

Kiprotɔwo wɔ ɖeka kple Aleksanda Gãtɔ esime wòɖe to ɖe Tiro (ƒe 332 D.M.Ŋ.), eye wonae aʋawɔtɔdziʋu 120. Kipro fia etɔ̃ ho kple aʋawɔtɔdziʋuwo yi ɖakpe ɖe Aleksanda ŋu. Wokpe ɖe eŋu wòɖe to ɖe Tiro ɣleti adre sɔŋ. Tiro mu, eye Biblia ƒe nyagblɔɖiwo va eme. (Xezekiel 26:3, 4; Zaxarya 9:3, 4) Aleksanda na ŋusẽ tɔxɛwo Kipro fiawo tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe wo ŋu.

Nyagblɔɖi Me Vava Ðedzesi Aɖe

Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Strabo gblɔ be, Aleksanda wɔ ɖoɖo be Kipro kple Foinike ƒe tɔdziʋuwo nava kpe ɖe ye ŋu yewoaɖawɔ aʋa kple Arabiatɔwo. Tɔdziʋu siawo mekpena fũu o, wote ŋu ɖea wo ŋuti nuwo hegakpea wo bɔbɔe, eya ta woɖo Thapsacus (Tiphsah) si nɔ Siria ƒe dziehe la le ŋkeke adre pɛ ko me. (Fiawo I, 5:4) Tso afi sia la, woate ŋu aɖiɖi ato tɔ dzi ayi Babilon.

Aleae Biblia me nyagblɔɖi aɖe si dze nya si me mekɔ tututu o la va eme nukutɔe le ƒe alafa ewo aɖewo le egbɔgblɔ megbee nye esi! Le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo le Mose IV, 24:24 me la, Aleksanda Gãtɔ ho kple aʋawɔnu sesẽwo tso Makedonia heɖe zɔ megbemakpɔmakpɔtɔe yi ɣedzeƒe gome ɖaxɔ Asiriatɔwo ƒe anyigbawo, eye mlɔeba wòɖu Medo-Persia Fiaɖuƒe sesẽ la dzi.

Nyatakaka ʋɛ siwo su mía si ku ɖe “Kititɔwo ƒe ʋuwo” ŋu gɔ̃ hã fia asi Biblia me nyagblɔɖi wɔnuku aɖe ƒe emevava. Ŋutinya me kpeɖodzi siawo nana be kakaɖedzi si le mía si ku ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu me sẽna ɖe edzi. Nyagblɔɖi siawo ƒe akpa gãtɔ ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu, eya ta nunya anɔ eme be míabu wo nya veviwoe.

[Anyigbatata si le axa 16, 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ITALY

Sardinia

Sicily

Aegean Ƒu

HELA

Kreta

LIBIA

TURKEY

KIPRO

Kition

Tiro

EGIPTE

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Helatɔwo ƒe Trireme aʋawɔtɔdziʋu aɖe ƒe nɔnɔmetata

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Blema Foiniketɔwo ƒe bireme aʋawɔtɔdziʋu aɖe ƒe nɔnɔmetata

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ze aɖe si dzi wota Kiprotɔwo ƒe tɔdziʋu aɖe ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Published by permission of the Director of Antiquities and the Cyprus Museum

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Blema tɔdziʋu si wotsɔ lɔa agbawoe