Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàƒã Mawu Lɔlɔ̃ Ðe Viwòwo Ƒe Dzi Me

Ale Si Nàƒã Mawu Lɔlɔ̃ Ðe Viwòwo Ƒe Dzi Me

Ale Si Nàƒã Mawu Lɔlɔ̃ Ðe Viwòwo Ƒe Dzi Me

DOMENYINU nyuitɔ si míate ŋu ana mía viwoe nye ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa Mawu. (Psalmo 16:8) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. Ame akpa gãtɔwo nye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:1-5) Nyateƒee, lɔlɔ̃ vavã ɖoɖo na Mawu mebɔ le xexea me egbea kura o.

Lɔlɔ̃ na Mawu mate ŋu aɖo ɖeviwo ƒe dzi me le eɖokui si o. Ele be míaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu ɖe mía viwo ƒe dzi me. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

Dzeɖoɖo Tso Dzi Me

Ne lɔlɔ̃ na Mawu yɔ mía ŋutɔwo míaƒe dzi me la, míate ŋu aƒã lɔlɔ̃ sia ke ɖe mía viwo ƒe dzi me. (Luka 6:40) Biblia he susu yi esia dzi esime wògblɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo.”—Mose V, 6:4-7.

Aleke míate ŋu aƒã lɔlɔ̃ na Mawu ɖe mía viwo ƒe dzi mee? Gbã la, ele be míanya nu si le mía viwo ƒe dzi me. Evelia, ele be míaɖe nu siwo le mía ŋutɔwo míaƒe dzi me afia.

Esime Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve nɔ mɔ dzi yina Emaus la, ede dzi ƒo na wo gbã be woaɖe nu siwo wokpɔa mɔ na kple nu siwo ŋu wotsia dzi ɖo la agblɔ. Esi Yesu ɖo to wo hena ɣeyiɣi aɖe vɔ ko hafi wòɖɔ woƒe nukpɔsusuwo ɖo to Ŋɔŋlɔawo me ɖeɖe na wo me. Le esia megbe la, nusrɔ̃lawo gblɔ be: ‘Alo míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí o mahã?’ Dzeɖoɖo tso dzi me ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye ema. (Luka 24:15-32) Aleke míate ŋu awɔ anya ale si mía viwo sena le wo ɖokuiwo me?

Nyitsɔ laa la, wobia gbe dzila aɖewo, siwo ƒe viwo tsi fifia alo wole dodom le sɔhɛmenɔɣiwo me eye woɖoa xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui le hamea me la, ku ɖe dzeɖoɖo tso dzi me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Glen si le Mexico nye dzila aɖe si si vi tsitsi ene le. * Egblɔ be: “Dzilawo kple wo viwo dome dzeɖoɖo dziɖeɖitɔe mevana le eɖokui si o. Mía kple srɔ̃nye míeɖea asi le nu siwo mele vevie tututu o ŋu be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi ɖe mía viwo ŋu. Esime wonɔ woƒe ƒewuiwo me la, míenɔa anyi ɖoa dze zã bliboa tso nu sia nu si va woƒe susu me ŋu ɣeaɖewoɣi. Nenema kee ne míele dze ɖom le nuɖuɣiwo la, míedea dzesi woƒe nukpɔsusu siwo mesɔ o, míeɖɔa wo ɖo dɔmefafatɔe, eye zi geɖe la woawo ŋutɔwo medea dzesii o.”

Dzeɖoɖo si tso dzi me bia hã be míaɖe nu siwo le mía ŋutɔwo míaƒe dzi me la agblɔ. Yesu gblɔ be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; . . . elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Toshiki, ame si ƒe vi etɔ̃wo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm le Japan la, gblɔ be: “Megblɔna nu si ta mexɔ Yehowa dzi se la na wo zi geɖe—ale si meva xɔ edzi se tso dzi blibo me be enye ame si li ŋutɔŋutɔ, kple ale si nye agbemenuteƒekpɔkpɔwo na meka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe eye wonye mɔfianu nyuitɔ kekeake le agbe me.” Nyɔnu aɖe si woyɔna be Cindy si le Mexico gblɔ be: “Srɔ̃nye kple ɖeviawo doa gbe ɖa ɖekae ɣesiaɣi. Ne wose eƒe nya siwo tso dzi me la, wokpɔnɛ dzea si be menye glimeme aɖe si meli ŋutɔŋutɔ o ye Yehowa nye o.”

Ŋusẽ Si Míaƒe Kpɔɖeŋu Kpɔna Ðe Wo Dzi

Míaƒe agbenɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe mía viwo dzi wu nya siwo míegblɔna, elabena eya mee wokpɔa ale si gbegbe míelɔ̃ Mawui la le. Esi amewo lé ŋku ɖe ale si Yesu Kristo ɖo to Yehowae ŋu la, wote ŋu de dzesi lɔlɔ̃ deto si nɔ esi na Mawu. Yesu gblɔ be: “Bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna.”—Yohanes 14:31.

Gareth, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si le Wales la gblɔ be: “Ele be mía viwo nakpɔe be míelɔ̃ Yehowa eye míedzea agbagba be míawɔ nu ɖe eƒe mɔwo nu. Le kpɔɖeŋu me, vinyewo kpɔnɛ be melɔ̃na ɖe nye vodadawo dzi abe ale si Mawu di tso mía si be míawɔe ene. Fifia vinyewo hã dzea agbagba be yewoawɔ nu nenema ke.”

Greg si nye Australiatɔ la gblɔ be: “Míedi be mía viwo nakpɔe adze sii be nyateƒeae nye nu vevitɔ na mí le agbe me. Ne míele nyametsotsowo wɔm ku ɖe dɔ alo modzakaɖeɖe aɖe ŋu la, nu si ŋu míedea ŋugble le gbãe nye ale si esia akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔdeasiwo dzi. Enye dzidzɔ na mí be míakpɔe be mía vinyɔnu si xɔ ƒe 19 la hã ɖea nɔnɔme ma ke fiana le eƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me.”

Kpekpe Ðe Mía Viwo Ŋu Be Woanya Mawu Nyuie

Míate ŋu alɔ̃ ame aɖe si míenya nyuie o alo aka ɖe edzi o. Esi apostolo Paulo di be lɔlɔ̃ si nɔ Kristotɔ siwo nɔ Filipi si na Yehowa nadzi ɖe edzi la, eŋlɔ bena: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me.” (Filipitɔwo 1:9) Falconerio si le Peru si le vi ene hem la, gblɔ be: “Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ kpli wo edziedzi tua woƒe xɔse ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, medo kpo nusɔsrɔ̃wɔwɔ kpli wo, eye mekpɔe be lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu la me gbɔdzɔ.” Gary si tso Australia hã gblɔ be: “Enuenue la, metsɔa nu siwo ɖee fia be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam la fiaa vinyewo. Mehea woƒe susu yia viɖe siwo dona tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ me la dzi. Ale si míewɔa míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi lae nye nu vevitɔ si koŋ tu woƒe xɔse ɖo.”

Mɔ vevitɔ si wɔa dɔ wu si dzi míato be sidzedze nade mía viwo ƒe dzi gbɔe nye be míasrɔ̃ nu kpli wo le nɔnɔme si ana woaɖe dzi ɖi si naa nusɔsrɔ̃ vivina la me, gake wòanye nɔnɔme si me bubu le. (Yakobo 3:18) Shawn kple Pauline siwo le Britain siwo si vi ene le, gblɔ be: “Le ƒomea ƒe Biblia srɔ̃ɣi la, míedzea agbagba be míaganɔ bublum ɖe mía viawo ta o, nenye be womele anyi nɔm kpoo o gɔ̃ hã. Míesrɔ̃a nua le mɔ vovovowo nu. Ɣeaɖewoɣi la, míenaa mɔnukpɔkpɔ ɖeviawo ŋutɔ be woatia nyati si míasrɔ̃. Míeɖea video siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ la na wo. Ɣeaɖewoɣi la, míegbugbɔ ɖea video si kpɔm míele la ƒe akpa aɖewo alo tsinɛ vie be míadzro emenyawo me.” Nenema kee vidada aɖe si hã tso Britain si ŋkɔe nye Kim gblɔ be: “Medzrana ɖo ɖe ƒome nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie bene mate ŋu abia nya siwo ana vinyeawo nabu tame la wo. Nusɔsrɔ̃a doa dzidzɔ na mí. Míekoa nu ŋutɔ.”

Xɔlɔ̃wo Tiatia

Mía viwo tua lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tadedeagu vavã ŋu ɖo bɔbɔe nenye be wole ame siwo nye Mawu xɔlɔ̃wo la dome. Ebia agbagbadzedze be míawɔ ɖoɖo adi ame siwo aɖo dze ahafe fefe kple mía viwo hena wo tutuɖo. Gake esia wɔwɔ ɖea vi ŋutɔ! Gawu la, eɖea vi ŋutɔ ne míewɔa ɖoɖo be mía viwo nade ha kple Yehowa Ðasefo siwo tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔ woƒe agbemedɔe. Hadede kple Mawu subɔla dovevienuwoe na be ame siwo ƒo wo ɖokui ɖe dɔ sia wɔwɔ me dometɔ geɖe va le dɔ sia wɔm. Nɔvinyɔnu aɖe si va zu dutanyanyuigblɔla gblɔ be: “Dzinyelawo kpea mɔɖelawo wova ɖua nu kpli mí zi geɖe. Edze kɔte nam be wokpɔa dzidzɔ le woƒe subɔsubɔdɔa me ale gbegbe be medi be masubɔ Mawu nenema ke.”

Enye nyateƒe be amewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui loo alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía viwo dzi. Afɔku siwo le hadede vɔ̃wo me doa mí dzilawo ƒe viheheŋutete kpɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Nufiafia ɖeviwo be woagade ha kple ame siwo melɔ̃ Yehowa loo alo dze sii o la bia aɖaŋu. (Lododowo 13:20) Shawn si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Míefia mía viwo be woawɔ nu ɖe amewo ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, gake be wòase ɖe afi ma—efia be woasee ɖe sukua. Mía viwo se nu si tae mele be woakpɔ gome le wɔna siwo wotsɔ kpena ɖe sukunusɔsrɔ̃wo ŋu kple suku lãmesẽfefe ƒe hoʋiʋliwo me o la gɔme.”

Hehenana Ƒe Vevienyenye

Ne míena hehe mía viwo be woaʋu woƒe xɔse me la, akpe ɖe wo ŋu be lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu ɖeɖe fia nado dzidzɔ na wo. Mark si le United States gblɔ be: “Míedi be mía viŋutsuviawo nase le wo ɖokuiwo me be nuƒoƒo tso woƒe dzixɔsewo ŋu ɣesiaɣi ate ŋu ado dzidzɔ na wo, menye ne wole dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa wɔm koe o. Eya ta ne míeyi modzakaɖeƒewo abe modzakaɖebɔwo, ƒuta, alo tsaɖivewo me ene la, míetsɔa Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe asi, eye míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na amewo le afi mawo. Mía viawo kpɔa dzidzɔ ɖe vomeɖaseɖiɖi kpli mí alea ŋu ŋutɔ. Wokpɔa gome le dzeɖoɖoa me eye woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu.”

Apostolo tsitsi Yohanes kpe ɖe ame geɖewo ŋuti woƒe lɔlɔ̃ na Mawu dzi ɖe edzi. Egblɔ le wo ŋu be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, [nye gbɔgbɔmeviwo] zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 4) Ne míeƒã lɔlɔ̃ na Mawu ɖe mía viwo ƒe dziwo me la, míawo hã míakpɔ dzidzɔ ma ke godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Dzeɖoɖo tso dzi me tso nya siwo ku ɖe miaƒe xɔse ŋu mevana le eɖokui si o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Na hehe viwòwo be woaɖe lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu la afia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Green Chimneys Farm