Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa

Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa

 Mifia Mia Viwo Ale Si Woalɔ̃ Yehowa

“Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo.”—PSALMO 127:4.

1, 2. Alekee ɖeviwo le abe “aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii” ene?

AŊUTRƆDALA aɖe di be yeada aŋutrɔ wòaɖatɔ nane. Etsɔ aŋutrɔa ɖo dakaa nu nyuie, eye wòtsɔ alɔkame sesẽ he eme. Togbɔ be esia wɔwɔ bia ŋusẽ geɖe zazã hã la, etsɔ dzigbɔɖi dzidze aŋutrɔa ɖe nu si wòdi be wòatɔ la dzi tututu. Tete wòdae ʋĩam! Ðe aŋutrɔa atɔ nu si dzi wòdzidzee ɖoa? Nu vovovowo, siwo dometɔ aɖewoe nye aŋutrɔdalaa ƒe aɖaŋu, ale si ya le ƒoƒomee, kple ale si aŋutrɔa ŋutɔ le, dzie ŋuɖoɖoa anɔ te ɖo.

2 Fia Salomo tsɔ ɖeviwo sɔ kple ‘aŋutrɔwo le kalẽtɔ si me.’ (Psalmo 127:4) Bu nu si míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me ŋu kpɔ. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe le aŋutrɔdalaa si be wòatsɔ ahe daa me ahada aŋutrɔa. Ele be wòadae kaba hafi wòate ŋu atɔ nu si dzi wòdzidzee ɖo. Le dzilawo hã gome la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe le wo si woatsɔ ana hehe wo viwo be woalɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi blibo. Le nu si dzena abe ƒe ʋɛ aɖewo ko ene megbe la, ɖeviawo tsina ɖanɔa wo ɖokui si. (Mateo 19:5) Ðe aŋutrɔa atɔ nu si dzi wodzidzee ɖoa—si fia be, ɖe ɖeviawo ayi edzi alɔ̃ Mawu ahasubɔe ne woɖo wo ɖokui sia? Nu geɖewo dzie ŋuɖoɖoa nɔ te ɖo. Wo dometɔ etɔ̃e nye dzilaawo ƒe aɖaŋu, nɔnɔme si me wonyi ɖevia le, kple ale si ‘aŋutrɔa,’ si nye ɖevia, nɔ agbe ɖe hehe si wonae nu. Mina míadzro nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me tsitotsito. Gbã la, míadzro nɔnɔme siwo ɖea dzesi le dzila dzeaɖaŋuwo ŋu la me.

Dzila Dzeaɖaŋuwo Ðoa Kpɔɖeŋu Nyui

3. Nu ka tae wòle be dzilawo nana woƒe nuwɔnawo nawɔ ɖeka kple woƒe nyagbɔgblɔwo?

3 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawo le mɔ sia nu be enɔ agbe ɖe nu si wòfia nu. (Yohanes 13:15) Le go bubu me la, ebu fɔ Farisitɔ siwo ‘gblɔnɛ,’ gake “womewɔnɛ o” la. (Mateo 23:3) Be dzilawo nana wo viwo nalɔ̃ Yehowa la, ele be woƒe nuwɔnawo nasɔ kple woƒe nyagbɔgblɔwo. Ðeko dzilawo ƒe nya siwo wogblɔna gake woawo ŋutɔwo mewɔna ɖe wo dzi o la le abe dati si ŋu daka mele o ene.—Yohanes I, 3:18.

4. Nya kawoe wòanyo be dzilawo nabia wo ɖokuiwo, eye nu ka tae?

4 Nu ka tae wòle vevie be dzilawo naɖo  kpɔɖeŋu nyui? Abe ale si ko ame tsitsiwo ate ŋu alɔ̃ Mawu to Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ mee ene la, ɖeviwo hã ate ŋu asrɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowa to wo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo sɔsrɔ̃ me. Ame siwo ɖeviwo dea ha kplii la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi loo, alo ‘agblẽ woƒe nɔnɔme nyuiwo.’ (Korintotɔwo I, 15:33) Dzilawoe nyea ame siwo ɖeviwo dea ha kple kplikplikpli wu, vevietɔ le woƒe ɖevimenɔɣi, si nye ɣeyiɣi vevi si me womlãa wo, ƒe akpa gãtɔ. Eya ta anyo be dzilawo nabia wo ɖokui be: ‘Aleke mía kple vinyewo dome hadede le? Ðe nye kpɔɖeŋu dea dzi ƒo na vinyewo be woatu numame nyuiwo ɖoa? Kpɔɖeŋu kae meɖona le nu vevi siwo nye gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ gome?’

Dzila Dzeaɖaŋuwo Doa Gbe Ða Kple Wo Viwo

5. Nu kawoe ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso wo dzilawo ƒe gbedodoɖawo me?

5 Mia viwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu ne miedoa gbe ɖa kpli wo. Ne wosenɛ miedaa akpe na Mawu le nuɖuɣiwo eye miedoa gbe ɖa kpli wo le Biblia srɔ̃ɣiwo la, nu kawoe woate ŋu asrɔ̃ tso eme? Woate ŋu akpɔe dze sii be Yehowae nana míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo mí, si tae wòle be míada akpe nɛ ɖo, eye be eyae fiaa Biblia me nyateƒewo mí. Nufiame vevi aɖewoe nye esiawo.—Yakobo 1:17.

6. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔe be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe?

6 Gake ne miedoa gbe ɖa kple miaƒe ƒomea le ɣeyiɣi siwo to vovo na nuɖuɣi kple Biblia srɔ̃ɣiwo, eye mieƒoa nu tso nu siwo ku ɖe mia kple mia viwo koŋ ŋu le miaƒe gbedodoɖawo me la, nu nyui geɖe wu ado tso eme. Esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu woase le wo ɖokui me be Yehowa li kple miaƒe ƒomea, eye wòtsɔa ɖe le eme na mia dometɔ ɖe sia ɖe vevie. (Efesotɔwo 6:18; Petro I, 5:6, 7) Vifofo aɖe gblɔ be: “Tso esime míenya dzi mía vinyɔnua ko la, míedoa gbe ɖa kplii. Esi wònɔ tsitsim la, míeƒoa nu tso eƒe hadede kple nu bubu siwo ku ɖe eyama ŋu la ŋu le gbedodoɖa kplii me. Va se ɖe esime wòyi atsuƒe la, ŋkeke aɖeke meva yi kpɔ si míedo gbe ɖa kplii ɖekae o.” Ðe wò hã àte ŋu anɔ gbe dom ɖa kple viwòwo gbe sia gbea? Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔe be Yehowa nye Xɔlɔ̃ si kpɔa woƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ eye wòtsɔa ɖe le woƒe seselelãmenuhiahiãwo hã me veviea?—Filipitɔwo 4:6, 7.

7. Hafi dzilawo nate ŋu aƒo nu tso wo viwo ƒe nuhiahiã aɖewo koŋ ŋu le gbedodoɖa me la, nu kae wòle be woanya?

7 Ke hã, hafi miate ŋu aƒo nu tso mia viwo ƒe nuhiahiã aɖewo koŋ ŋu le gbedodoɖa me la, ehiã be mianya nu siwo me tom mia viawo le. Se nya si vifofo aɖe si nyi vinyɔnu eve gblɔ ɖa: “Le kwasiɖaa ƒe nuwuwu la, mebiaa nya eve ɖokuinye: ‘Nu kawoe ɖe fu na vinyeawo le kwasiɖa sia me? Eye nu kawoe do dzidzɔ na wo le kwasiɖaa me?’” Dzilawo, ɖe miate ŋu abia nya mawo tɔgbi mia ɖokuiwo ahade ŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewo gbe siwo miedona ɖa kple mia viwo mea? Ne miewɔnɛ alea la, menye gbedodoɖa na Yehowa—gbedodoɖawo Sela la—koe miele wo fiam o, ke boŋ ale si woalɔ̃ eyama hãe.—Psalmo 65:3.

Dzila Dzeaɖaŋuwo Dea Nusɔsrɔ̃ Edziedzi Ƒe Dzi Ƒo

8. Nu ka tae wòle be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woatu Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ edziedzi ƒe nɔnɔme ɖo?

8 Aleke nɔnɔme si dzilawo ɖena fiana ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si anɔ wo viwo kple Mawu dome dzi? Bene ame eve dome ƒomedodo me nasẽ ahali ke la, menye ɖeko wòhiã be woanɔ dze ɖom kple wo nɔewo o, ele be woanɔ to ɖom wo nɔewo nyuie hã. Mɔ siwo dzi míetona ɖoa to Yehowa dometɔ ɖekae nye agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla” tana la zazã le Biblia sɔsrɔ̃ me. (Mateo 24:45-47; Lododowo 4:1, 2)  Eya ta be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu be ƒomedodo nyui si anɔ anyi ɖaa nanɔ woa kple Yehowa dome la, ele be woade Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi ƒe dzi ƒo na wo.

9. Alekee woate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woatu nusɔsrɔ̃ edziedzi ƒe nɔnɔme nyui ɖo?

9 Alekee dzilawo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woatu nusɔsrɔ̃ edziedzi ƒe nɔnɔme ɖo? Le go sia hã me la, dzilaawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖoe nye mɔ nyuitɔ. Ðe viwòwo kpɔa wò nènɔa Biblia xlẽm alo nɔa esrɔ̃m edziedzia? Anɔ eme be viwòwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nana vovo menɔa ŋuwò kura o, eye mènya ale si nàwɔ akpɔ ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ o. Gake bia ɖokuiwò be, ‘Ðe vinyewo kpɔam le television gbɔ edziedzia?’ Ne nenemae la, ɖe nàte ŋu azã ɣeyiɣi mawo ƒe ɖe atsɔ aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ gomea?

10, 11. Nu ka tae wòle be dzilawo nanɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple wo viwo edziedzi?

10 Mɔ nyui bubu si dzi dzilawo ate ŋu ato afia wo viwo be woaɖo to Yehowae nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi. (Yesaya 30:21) Gake ame aɖewo abia be, ‘Nu ka tae wòhiã be dzilawo naganɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm kple wo viwo esi wònye be wokplɔa wo yia hamea ƒe kpekpewo edziedzi?’ Susu nyui geɖewo tae. Dzilawo koŋ sie Yehowa tsɔ nufiafia wo viwo ƒe agbanɔamedzia de. (Lododowo 1:8; Efesotɔwo 6:4) Ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kpena ɖe ɖeviawo ŋu wokpɔnɛ dzea sii be menye hadomenuwɔna koe tadedeagu nye o, ke enye nu si wòle be woanɔ wɔwɔm le ƒomea me hã.—Mose V, 6:6-9.

11 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ƒomenusɔsrɔ̃ tuameɖowo wɔwɔ kpena ɖe dzilawo ŋu wote ŋu sea ale si ɖeviawo susuna tso gbɔgbɔmenuwo kple agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖeviawo metsi fũu o la, dzilawo ate ŋu azã agbalẽwo abe Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ene atsɔ asrɔ̃ nu kpli wo. * Nyabiasewo le Biblia srɔ̃gbalẽ sia ƒe memama ɖe sia ɖe kloe me siwo biana tso ɖeviwo si be woagblɔ woƒe nukpɔsusu ku ɖe nyati si me dzrom wole ŋu. To mawunyakpukpui siwo le agbalẽa me me dzodzro me la, dzilawo ate ŋu akpe ɖe ɖeviawo ŋu woatu woƒe sidzedze ŋutete ɖo bene woate ŋu ‘ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’—Hebritɔwo 5:14.

12. Alekee dzilawo ate ŋu atrɔ asi le ƒomenusɔsrɔ̃ ŋu wòasɔ ɖe wo viwo ƒe nuhiahiãwo nu, eye mɔnu ka zazãe nèkpɔ be ate ŋu aɖe vi le esia wɔwɔ me?

12 Ne ɖeviawo le tsitsim la, anyo be miatrɔ asi le nusɔsrɔ̃a ŋu wòasɔ ɖe woƒe nuhiahiãwo nu. Kpɔ ale si dzila aɖewo kpe ɖe wo vi ƒewuiviwo ŋu be woade ŋugble tso sukuɣeɖuƒeyiyi ŋui ɖa. Vifofoa gblɔ be: “Míegblɔ na mía viawo be le ƒomenusɔsrɔ̃ si míagava wɔ me la,  mía kple srɔ̃nye míawɔ abe míawoe nye ɖeviawo ene, eye be mía vinyɔnuawo awɔ abe woawoe nye dzilawo ene. Ðeviawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ Papa alo Dada ƒe wɔƒe, gake woawɔ numekuku tso nyatia ŋu ɖekae, eye woana mɔfiamewo ku ɖe sukuɣeɖuƒeyiyi ŋu.” Nu kae do tso eme? Vifofoa gblɔ yi edzi be: “Vovototodede nyui kple vɔ̃ dome ƒe ŋutete si woɖe fia (le woƒe akpaa dzi wɔwɔ abe dzilawo ene me) esime wonɔ woƒe nukpɔsusu siwo wotu ɖe Biblia dzi le nu si tae nunya manɔ sukuɣeɖuƒeyiyi me o la me ɖem na mí (abe wo viwo ene) la wɔ nuku na mí ŋutɔ. Nu si gawɔ nuku na mí wue nye wɔna tuameɖo bubu siwo wogblɔ be woate ŋu awɔ ɖe sukuɣeɖuƒeyiyi teƒe. Esia na míese woƒe nuŋububu kple dzimedidiwo gɔme nyuie wu.” Le nyateƒe me la, togbɔ be ehiã kutrikuku kple ŋugbledede be woanɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi ahana wòasɔ ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo nu ɣesiaɣi hã la, viɖe geɖewo dona tsoa eme.—Lododowo 23:15.

Na Ŋutifafa Nanɔ Ƒomea Me

13, 14. (a) Alekee dzilawo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me? (b) Ne dzila aɖe lɔ̃na ɖe eƒe vodadawo dzi la, viɖe kae ado tso eme?

13 Aŋutrɔ te ŋu tɔa nu si dzi aŋutrɔdalaa dzidzee ɖo bɔbɔe ne ya mele ƒoƒom sesĩe hafi wòdae o. Nenema kee ɖeviwo hã te ŋu srɔ̃a ale si woalɔ̃ Yehowa ne dzilawo na ŋutifafa le ƒomea me. Yakobo gblɔ be: “Woƒãa dzɔdzɔnyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.” (Yakobo 3:18) Alekee dzilawo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me? Ehiã be dzila eveawo nana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ woawo ŋutɔwo dome. Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo lɔ̃a wo nɔewo hedea bubu wo nɔewo ŋu la te ŋu fiaa wo viwo ale si woalɔ̃ Yehowa kpakple amewo ahade bubu wo ŋu la nyuie wu. (Galatiatɔwo 6:7; Efesotɔwo 5:33) Lɔlɔ̃ kple bubudeameŋu nana ŋutifafa nɔa amewo dome. Ne ŋutifafa le dzilaawo dome la, ate ŋu ana woakpɔ kuxi siwo ado mo ɖa le ƒomea me la gbɔ bɔbɔe wu.

14 Gake ale si ko srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo o la, nenema kee ƒome deblibo aɖeke hã mele xexea me fifia o. Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be dzilawo nado kpo gbɔgbɔa ƒe kutsetse ɖeɖe fia le nuwɔwɔ kple wo viwo me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ne edzɔ nenema la, aleke wòle be dzilawo nawɔ nui? Ne wolɔ̃ ɖe woƒe vodadaa dzi la, ɖe wòana ɖeviawo magade bubu wo ŋu tututu oa? Bu kpɔɖeŋu si apostolo Paulo ɖo la ŋu kpɔ. Enɔ na ame geɖe siwo wòfia Mawu ƒe Nya lae la abe vifofo ene. (Korintotɔwo I, 4:15) Ke hã, elɔ̃ ɖe edzi faa be yewɔa vodada. (Romatɔwo 7:21-25) Gake eƒe ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi na míegadea bubu eŋu geɖe wu tsɔ wu be wòaɖe bubu si míedea eŋu la dzi kpɔtɔ. Togbɔ be  Paulo wɔ vodadawo hã la, ete ŋu ŋlɔ ɖo ɖe hame si nɔ Korinto la kakaɖedzitɔe be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.” (Korintotɔwo I, 11:1) Ne miawo hã mielɔ̃na ɖe miaƒe vodadawo dzi la, mia viwo aŋe aɖaba aƒu miaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi godoo.

15, 16. Nu ka tae wòle be dzilawo nafia wo viwo be woalɔ̃ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo, eye alekee woate ŋu awɔ esia?

15 Nu ka hãe dzilawo ate ŋu awɔ bene nɔnɔme siwo akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woayi edzi alɔ̃ Yehowa ne wole tsitsim la nanɔ aƒea me? Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃a nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?” (Yohanes I, 4:20, 21) Eya ta ne miefia mia viwo be woalɔ̃ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo la, ekema ale si woalɔ̃ Mawue nye ema fiam miele wo. Anyo be dzilawo nabia wo ɖokuiwo be, ‘Ðe meƒoa nu nyui tso hamea ŋua, alo ɖeklemiɖenyawo koe megblɔna? Aleke miawɔ anya? Milé to ɖe nya siwo mia viwo gblɔna tso kpekpeawo kple hamea me tɔwo ŋu la ŋu nyuie. Ðewohĩ nya siwo miegblɔna anɔ dzedzem le ɖeviawo ƒe dzeɖoɖowo me.

16 Nu kawoe dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woalɔ̃ nɔviawo le hamea me? Peter, si si ŋutsuvi ƒewuivi eve le la gblɔ be: “Tso mía viawo ƒe ɖevime ke la, míekpea nɔvi siwo bi le gbɔgbɔ me la wova ɖua nu kpli mí le aƒe me, eye míekpɔa dzidzɔ geɖe le esia wɔwɔ me. Esi mía viŋutsuawo nɔ tsitsim la, wova dea ha kple ame siwo lɔ̃ Yehowa, eye fifia, wokpɔe be Mawu subɔsubɔ nye nu si me dzidzɔ geɖe le.” Dennis, si nye nyɔnuvi atɔ̃ fofo la gblɔ be, “Míede dzi ƒo na mía viawo be woadze xɔlɔ̃ hamea me tɔ siwo tsi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, eye ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míewɔa amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo.” Ðe miawo hã miate ŋu aɖoe koŋ be miakpe ɖe mia viwo ŋu bene woabu hamea me tɔwo abe ƒomea ƒe akpa aɖe enea?—Marko 10:29, 30.

Ðeviwo Ƒe Agbanɔamedzi

17. Tiatia kae wòle be ɖeviwo ŋutɔwo nawɔ mlɔeba?

17 Gabu aŋutrɔdalaa ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ne edze aɖaŋu hã la, ate ŋu adzɔ be eƒe aŋutrɔa mayi ɖatɔ nu si dzi wòdzidzee ɖo la o ne aŋutrɔa ŋutɔ xa alo glɔ̃. Ele eme be dzilawo adze agbagba vevie be yewoadzɔ aŋutrɔa, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, to agbagbadzedze be yewoaɖɔ ɖeviawo ƒe nukpɔsusu gbegblẽwo ɖo me. Gake ɖeviawo ŋutɔwoe atiae nenye be woaɖe mɔ xexe sia natrɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu loo, alo woaɖe mɔ Yehowa ‘nata mɔ dzɔdzɔe’ na wo.—Lododowo 3:5, 6; Romatɔwo 12:2.

18. Ŋusẽ kae tiatia si ɖeviwo awɔ la akpɔ ɖe ame bubuwo dzi?

18 Togbɔ be agba gã aɖee wònye le dzilawo dzi be woahe wo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple susu mamla me” hã la, ɖeviawo ŋutɔwoe awɔ nyametsotso mamlɛa, nenye be woasubɔ Yehowa le woƒe tsitsime. (Efesotɔwo 6:4, NW) Eya ta ɖeviwo, mibia mia ɖokuiwo be, ‘Ðe malɔ̃ axɔ hehe si nam dzinyelawo lem lɔlɔ̃tɔe la?’ Ne mielɔ̃ xɔe la, ke agbemɔ nyuitɔ kekeakee nye ema tiam miele. Esia ado dzidzɔ na mia dzilawo geɖe ŋutɔ. Vevietɔ wu la, miado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Alekee dzilawo ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo viwo le gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ gome?

• Alekee dzilawo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me?

• Tiatia ka wɔwɔe kpɔ ɖeviwo ŋutɔwo ƒe ŋkume, eye aleke tiatia si woawɔ la akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðe nèɖoa kpɔɖeŋu nyui na viwòwo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ gomea?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ƒome si me ŋutifafa le la me tɔwo kpɔa dzidzɔ