Kpɔ Amekafukafu Ƒe Vevienyenye Dze Sii
Kpɔ Amekafukafu Ƒe Vevienyenye Dze Sii
ÐE NÈSEE ame aɖe to nyatoƒoe kpɔ be, ƒãa hafi yeƒe dɔtɔ kafua yea? Ðe wò ŋutɔ gɔ̃ hã nèto nyatoƒoe sia tɔgbi kpɔa? Alo ne sɔhɛe nènye la, ɖe nègblɔ nya mawo tso dziwòlawo alo nufialawo ŋu kpɔa?
Anɔ eme be nyatoƒoetoto siawo dometɔ aɖewo le eteƒe. Gake le Germanytɔ dzideƒoname ŋuti hehenala aɖe ƒe nya nu la, le dɔwɔlawo gome la, ale si dɔtɔwo mekafua wo o la meɖea fu na wo dea ale si dɔtɔawo metsɔa ɖeke le eme na wo o nu o. Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be nane hiã vevie. Amekafukafu kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame siaa le vevie bene míanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo.
Nya sia nye nyateƒe le tadedeagu hã gome. Ele be amekafukafu, vividodo ɖe ame ŋu, kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame nɔewo naɖe dzesi le Kristo hamea ŋu. Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe nana be hamea me tɔwo te ŋu tua nɔnɔme siawo ɖo heɖena wo fiaa wo nɔewo. Gake aleke kee míeɖalɔ̃a mía nɔewo le hamea me o, míagate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le go sia me. Esi nya sia le susu me na wò la, na míadzro kpɔɖeŋu nyui siwo Mawu subɔla Elihu, si nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, apostolo Paulo, kple Yesu Kristo ŋutɔ hã ɖo le amekafukafu me la me.
Aɖaŋuɖoɖo Le Ameŋububu Kple Bubudede Ame Ŋu Me
Elihu, si anɔ eme be enye Abraham ƒe ƒometɔ aɖe la, wɔ akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe Hiob ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nasu esi le woa kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu me. Elihu ɖe ameŋububu kple bubudeameŋu fia. Egbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe esime wòɖo edzi be wòaƒo nu. Togbɔ be ɖeko Hiob ƒe yeaɖixɔlɔ̃wo bu fɔe hã la, Elihu ya ɖo aɖaŋu nɛ hekafui hã ɖe eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta. Ewɔ esia ɖetsɔlemetɔe le lɔlɔ̃ me abe xɔlɔ̃ vavã ene heyɔ Hiob ŋkɔ gɔ̃ hã, nu si xɔlɔ̃ bubuawo mewɔ o. Ebia bubutɔe be: “[Oo,] Hiob, se nye nyawo, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒowo katã ŋu!” Bubutɔe la, etsɔ eɖokui ɖo Hiob teƒe hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu tɔe menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.” Azɔ ekafui, gblɔ be: “Ne nya le asiwò la, ekema ɖo ŋu; ƒo nu, [“elabena wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ nyo ŋunye,” NW].”—Hiob 33:1, 6, 32.
Ame bubuwo ŋu bubu kple nuwɔwɔ ɖe wo ŋu bubutɔe nye wo kafukafu le mɔ aɖe nu. Le nyateƒe me la, míele gbɔgblɔm na ame si ŋu míewɔa nu ɖo alea la be, ‘Wò nu dzea ŋunye eye medea bubu ŋuwò ŋutɔ.’ Míetoa esia dzi ɖea vividoɖeameŋu kple ɖetsɔleme fiaa amea.
Menye nudzeamewɔwɔ ƒe sewo dzi wɔwɔ dzro koe bubudede ame ŋu kple ameŋububu nye o. Hafi amewo nakpɔe be míebua yewo ŋu hedea bubu yewo ŋu ŋutɔŋutɔ la, ele be míawɔe tso dzi blibo me. Ele be wòanye ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ vavã ɖeɖe fia.
Amewo Kafukafu Ŋuɖɔɖotɔe
Apostolo Paulo ɖe akpa vevi si ŋuɖɔɖo wɔna le amewo kafukafu me la fia. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ gbeƒã ɖem le Atene le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, eʋli Kristotɔnyenye ta le Helatɔ xexemenunyala aɖewo ŋkume. De dzesi ale si wòwɔ dɔ sia si menɔ bɔbɔe o la ŋuɖɔɖotɔe. “Epikuro- kple Stoa-nunyaxɔlɔ̃ aɖewo hã sẽ nu kplii. Eye ame aɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ? Ke ɖewo bena: Ewɔ abe dutamawuwo fiam wòle ene.” (Dɔwɔwɔwo 17:18) Togbɔ be wogblɔ nya mawo ɖe Paulo ŋu hã la, elé eɖokui kpoo hegblɔ be: “Mi Atene-ŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋutɔ.” Paulo mebu fɔ wo le esi wonye trɔ̃subɔlawo ta o, ke boŋ ekafu wo ɖe woƒe veviedodonu le subɔsubɔ me ta.—Dɔwɔwɔwo 17:22.
Alakpanue wònye Paulo wɔa? Kura o. Enyae be menye yeƒe dɔe wònye be yeadrɔ̃ ʋɔnu yeƒe nyaselawo o; enyae be ye hã yenye ame manyanu le nyateƒea gome kpɔ. Mawu ƒe gbedeasia gbɔgblɔ na amewoe nye eƒe dɔdeasi, ke menye be wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Nu siwo me eya ŋutɔ to la na wòkpɔ nyateƒenya sia si Yehowa Ðasefo geɖe siwo li egbea hã de dzesi la dze sii, be: Ame aɖewo siwo ʋlia alakpasubɔsubɔ ta vevie tsã la dometɔ aɖewo va zu subɔsubɔha vavãtɔa ta ʋlila dovevienuwo.
Nu nyui geɖe do tso mɔnu nyui sia si Paulo zã la me. “Ŋutsu aɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dionisio, Areopago tɔ la, kple nyɔnu aɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le.” (Dɔwɔwɔwo 17:34) Nunya ka gbegbee nye esi Paulo ɖe fia le esi mebu fɔ Atenetɔawo ɖe esi sidzedze vavãtɔ mesu wo si o ta la ta o, ke boŋ wòkafu wo ɖe fɔléle ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu ta, togbɔ be wonye alakpadzixɔsewo hã! Zi geɖe la, dzi nyui nɔa ame siwo wotsɔ alakpanufiafiawo blee la si.
Esi wòva hiã hã be Paulo naɖe eɖokui nu le Herodes Agripa II ŋkume la, ewɔe ŋuɖɔɖotɔe. Amewo nyae be Herodes ɖe ye ŋutɔ nɔvia nyɔnu, Bernice, nu si ŋu Mawu ƒe Nya la de se ɖo eme kɔ nyuie. Ke hã, Paulo mebu fɔe ɖe ema ta kura o. Ke boŋ ekpɔ nu nyui aɖe le Herodes ŋu hekafui ɖe eta. Egblɔ be: “Mebui dzidzɔ, fia Agripa, bena maɖe ɖokuinye nu egbe sia le ŋkuwò me le nusiwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome.”—Dɔwɔwɔwo 26:1-3.
Ðe nunya manɔ eme be míawo hã míaɖe ŋuɖɔɖo sia tɔgbi afia le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me oa? Míaƒe aƒelika, sukuhati, alo dɔwɔhatiwo kafukafu ate ŋu ana be ŋutifafa kple ƒomedodo nyui nanɔ mía kpli wo dome. Ne amewo kpɔe be míekafua yewo anukwaretɔe la, ate ŋu adzɔ be míaʋã wo dometɔ siwo si dzi nyui le la be woatrɔ asi le woƒe nukpɔsusu kple nuwɔna masɔmasɔwo ŋu woava nɔ ɖekawɔwɔ me kple sidzedze vavãtɔ la.
Kpɔɖeŋu Deblibo Si Yesu Ðo Le Amewo Kafukafu Me
Yesu kafu amewo. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi vɔ megbe la, Yesu wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi, ƒo nu na hame adre siwo nɔ Asia Sue la to apostolo Yohanes dzi. Megbe ame siwo dze na kafukafu la kafukafu o. Egblɔ nya siwo gbɔna la na hame siwo nɔ Efeso, Pergamo, kple Tiatira, be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o”; “nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti . . . o”; kple “menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu Nyaɖeɖefia 2:2, 13, 19; 3:4) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Yesu ɖo!
gbãtɔwo.” Le Sardes hamea, si wòhiã be Yesu naxlɔ̃ nui kple ŋkubiã gɔ̃ hã gome la, ede dzesi ame aɖewo siwo dze na kafukafu, eye wògblɔ na wo be: “Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋɛ aɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze.” (Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, mele be míabu fɔ ƒuƒoƒo aɖe le wo dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe kpododo nu ta, alo aɖo aɖaŋu na ame, evɔ míado kpo ekafukafu le go aɖewo me gbeɖe o. Gake anyo be wòanɔ susu me na mí be, ne ɣesiaɣi si míeɖoe be míaɖo aɖaŋu na ame aɖe koe míekafunɛ gbã la, míaƒe kafukafunyawo mawɔ dɔ aɖeke ɖe ame dzi o. Kafu amewo ɣesiaɣi si wòhiã! Ne aɖaŋuɖoɖo va hiã ɣebubuɣi la, anɔ bɔbɔe be woaɖo to wò.
Hamemetsitsi Siwo Kafua Ame Ale Si Dze
Cornelia, si nye nyɔnu Kristotɔ aɖe si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa fifia la ɖo ŋku edzi be le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe si va nɔ hamea srãm kpɔ la bia ye be, ɖe yete ŋu xlẽa magazineawo hewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ hã. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ŋu kpem vie.” Gake egblɔ na dzikpɔlaa be menye magazineawo ƒe nyati ɖe sia ɖee yete ŋu xlẽna o. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Mebu fɔm o, ke boŋ ɖe wò kafum ɖe esi nu mete ŋu xlẽna la ta. Eƒe kafukafua de dzi ƒo nam ale gbegbe be, tso ɣemaɣi la, meɖoe be manɔ nyatiawo dometɔ ɖe sia ɖe xlẽm.”
Ray, si le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa la ɖo ŋku eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe
ŋkeke gbãtɔ dzi. Esi hamea ƒe zimenɔla, si nye gbe sia gbe dɔwɔla, eye ƒome kple hamea ƒe agbanɔamedzi geɖewo hã le edzi, ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me fiẽ ma la, ezɔ ɖe Ray dzi tẽ hebiae be, “Alekee wò mɔɖeɖedɔa ƒe ŋkeke gbãtɔ sia nɔ na wò?” Fifia, si nye ƒe 60 megbe la, Ray gakpɔtɔ ɖoa ŋku hamemetsitsia ƒe ameŋububu nuwɔna ma dzi.Abe ale si nuteƒekpɔkpɔ eve siawo ɖee fiae ene la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia amewo lɔlɔ̃tɔe ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta tso dzi me—menye kafukafunya dzro aɖewo ko gbɔgblɔ, alo kesekukuɖɔɖɔ na ame o—ate ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ. Susu geɖewo li siwo ta wòle be míakafu mía nɔvi Kristotɔwo le hamea me ɖo. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu akafu wo le didi si le wo me be yewoasubɔ Yehowa, nyaŋuɖoɖo siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie, agbagba siwo wodze te ŋu ɖu vɔvɔ̃ si nɔa wo me ne wole dɔdeasiwo wɔm alo le nya ŋu ɖom le kpekpeawo me dzi, woƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me, kple agbagbadzedze be yewoatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo kpakple gbɔgbɔ me taɖodzinuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me la ta. Amewo kafukafu ɖea vi geɖe na míawo ŋutɔwo hã. Enana míekpɔa dzidzɔ eye nukpɔsusu nyui nɔa mía si ɣesiaɣi.—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Enyo ŋutɔ be hamemetsitsiwo kafua nɔvi siwo le hamea me la ɖe dɔ nyui siwo wowɔna ta. Eye ne eva hiã be woaɖo aɖaŋu la, wowɔnae le lɔlɔ̃ me. Le go bubu me la, mele be woadi be woawɔ nu sia nu kpɔtsɔtsɔ aɖeke manɔŋui ale gbegbe be, ne nɔvi aɖe mete ŋu wɔe nenema pɛpɛpɛ o la, woabui nɛ vodada gãe o.
Kristotɔ hamemetsitsi siwo srɔ̃a Elihu ƒe ameŋububu kple bubudeameŋu lɔlɔ̃tɔe, ŋuɖɔɖo si Paulo ɖe fia, kple ale si Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo lɔlɔ̃tɔe la, nyea dzideƒonametsoƒe vavã na nɔviawo. Ne míekafua amewo la, ana woagadze agbagba geɖe wu, eye wòana dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ nanɔ mía kple amewo dome. Aleke gbegbee dzi anya dzɔ Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi be Fofoa si le dziƒo la gblɔ kafukafunya siawo nɛ, be, “Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena” enye esi! (Marko 1:11) Neva eme be míado dzidzɔ na mía nɔviwo ƒe dzi to wo kafukafu tso dzi me faa me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Nu nyuiwo do tso ŋuɖɔɖo si Paulo ɖe fia la me, nenema kee wòanɔ le míawo hã gome
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Viɖe geɖewo ate ŋu ado tso amewo kafukafu tso dzi me me