Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nu Gã” Si Wona Polandtɔwo

“Nu Gã” Si Wona Polandtɔwo

 “Nu Gã” Si Wona Polandtɔwo

LE JULY 6, 1525, dzi la, Fiagã Albrecht si tso Hohenzollern fiaƒome la me ɖe gbeƒãe be Luther ha zu dukɔa ƒe subɔsubɔha. Aleae Prussia si dzi Fiagãwo nɔ ɖuɖum, si nɔ Poland ƒe ŋusẽ te ɣemaɣi la, va zu dukɔ gbãtɔ si da asi ɖe Martin Luther ƒe nufiafiawo dzi le Europa.

Albrecht di be yeatsɔ Königsberg—si nye Ɣedzeƒe Prussia ƒe fiadu—awɔ Protestanttɔwo ƒe subɔsubɔha ƒe teƒe vevitɔ. Eʋu yunivɛsiti aɖe le dugã la me, eye wòdo alɔ Luther ƒe nuŋlɔɖiwo tata ɖe gbe vovovowo me. Le ƒe 1544 me la, fiagã la de se be ele be woaxlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa aɖewo na Polandtɔ siwo le yeƒe anyigba dzi la le wo degbe me. Gake Biblia gɔmeɖeɖe aɖeke menɔ anyi le Polandgbe me ɣemaɣi o.

Gbegɔmeɖeɖe Si Me Wozã Nya Siwo Amewo “Lɔ̃a zazã le nuƒoƒo Me” Le

Be woakpɔ hiahiã sia gbɔ la, Albrecht te ame aɖe si ate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖe Polandgbe me la didi. Le ƒe 1550 me lɔƒo la, exɔ Jan Seklucjan, si nye nuŋlɔla, agbalẽdzrala, kple agbalẽtala be wòawɔ dɔ na ye. Seklucjan de suku le Leipzig Yunivɛsiti, eye wonyae nyuie be edoa dziku na Katoliko Ha la to eƒe Protestant nufiafia siwo wòkakana la me. Le nyateƒe me la, Seklucjan si va nɔ Königsberg kpɔ be woagadrɔ̃ ʋɔnu ye ɖe yeƒe subɔsubɔ me dzixɔsewo kaka ta o.

Jan Seklucjan tsi dzi ɖe Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe Polandgbe me la tata ŋu vevie. Ƒe ɖeka ko le Seklucjan ƒe dɔdeasia xɔxɔ megbe la, woɖe Mateo ƒe Nya Nyui gbalẽa ƒe tata gbãtɔwo ɖe go. Nu siwo le tata sia me la dometɔ aɖewoe nye numeɖeɖewo kple axadzinuŋɔŋlɔ, siwo me woŋlɔ ale si woagate ŋu aɖe mawunyakpukpui aɖewo gɔme bubui le, eye woɖea vi ŋutɔ. Esia megbe kpuie la, Seklucjan kpɔ gɔmeɖeɖe aɖe si me Nya Nyui gbalẽ eneawo katã le la tata dzi. Le ƒe etɔ̃ pɛ ko me la, eta Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ bliboa katã.

Be gɔmeɖeɖea nade pɛpɛpɛ la, gbegɔmeɖelaa wɔ numekuku le Hela nuŋlɔɖiwo me. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe 1551 ƒe tata ƒe ŋgɔdonya gblɔ be “ewɔ numekuku” tso Latingbe me gɔmeɖeɖewo kple “esiwo gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me la hã me.” Stanisław Rospond si ŋlɔ Studies on the Polish Language of the 16th Century gblɔ tso gɔmeɖeɖe sia ŋu be “wozã  nya siwo nya se hele bɔbɔe le eme.” Rospond gagblɔ be gbegɔmeɖelaa ‘mezã agbalẽmenya gãgãwo o.’ Ke boŋ edze agbagba be yeazã Polandgbe me nya siwo ‘amewo lɔ̃a zazã le nuƒoƒo me’ boŋ.

Togbɔ be Seklucjan ye kpɔ dɔ sia dzi hã la, kpeɖodziwo li be menye eyae nye gbegɔmeɖela la o. Ke ame kae wɔ gbegɔmeɖeɖedɔ sia memie alea? Stanisław Murzynowski ye, enye sɔhɛ aɖe si xɔ abe ƒe 23 ene esime Seklucjan de dɔ sesẽ sia asi nɛ.

Wodzi Murzynowski le kɔƒedu aɖe me, gake esime wòtsi va ɖo afi aɖe la, fofoa ɖoe ɖe Königsberg be wòaɖadze Helagbe kple Hebrigbe sɔsrɔ̃ gɔme. Emegbe la, Murzynowski yi ɖade suku le Wittenberg Yunivɛsiti, si le Germany, eye ɖewohĩ edo go Martin Luther le afi ma. Sukuvi sɔhɛ sia lé to ɖe Philipp Melanchthon ƒe nufiafiawo ŋu, eye ɖikeke mele eme o be eyae kpe ɖe eŋu wòɖu tu na Helagbe kple Hebrigbe. Esi wògade suku bubuwo le Italy vɔ megbe la, Murzynowski trɔ gbɔ va Königsberg eye wòva wɔ dɔ na Fiagã Albrecht.

Maria Kossowska gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Bible in the Polish Language me be: “Murzynowski wɔ dɔ nyuie kutrikukutɔe, gake mehe susu yi eɖokui dzi, di nɔƒe gã, alo bia be woaŋlɔ yeƒe ŋkɔ ɖe axa si dzi Biblia gɔmeɖeɖe ƒe ŋkɔ dzena le la dzi o.” Le nyateƒe me la, sɔhɛ sia ŋlɔ tso eɖokui ŋu be: “Nyemebi ɖe Latingbe kple Polandgbe siaa ŋɔŋlɔ me o.” Togbɔ be ɖikeke sia nɔ Murzynowski me hã la, ekpe ɖe Polandtɔwo ŋu be Mawu ƒe Nya la su wo si le wo degbe me. Eƒe hadɔwɔla Seklucjan gblɔ tso woƒe Biblia gɔmeɖeɖea ŋu be enye “nu gã si wona” Polandtɔwo.

Nunana Gãtɔwo Dometɔ Ðeka

Tso Polandgbe me Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ ma dzi la, bubu geɖewo kplɔe ɖo. Le ƒe 1994 me la, woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures Biblia ɖe go, eye le ƒe 1997 me la woɖe New World Translation of the Holy Scriptures bliboa ɖe go, ɖe Polandgbe me. Gbegɔmeɖelaawo mehe susu yi wo ɖokuiwo dzi o, ke boŋ wodze agbagba ɖe Mawu ƒe Nya la gɔme wòde pɛpɛpɛ, eye wozã nya siwo amewo zãna le nuƒoƒo me egbea, ke menye esi wozãna le ƒe alafa 16 lia me o.

Egbea la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,400 sɔŋ me. Ne Mawu ƒe Nya si gɔme woɖe wòde pɛpɛpɛ ɖe mia degbe me su asiwò la, ke nunana gãtɔ si ate ŋu asu asiwò la dometɔ ɖekae nye ema, nu si Yehowa Mawu na wò be wòafia mɔ wò.—Timoteo II, 3:15-17.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Stanisław Murzynowski, ame si ɖe “Nubabla Yeye” la gɔme ɖe Polandgbe me, ƒe ŋkuɖodzikpe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mateo ƒe agbalẽ si gɔme Stanisław Murzynowski ɖe ƒe ta 3 lia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Dzięki uprzejmości Towarzystwa Naukowego Płockiego