Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Wɔnuku Eve Dzɔ Le Takpekpe Aɖe Si Wowɔ Le Georgia Me

Nu Wɔnuku Eve Dzɔ Le Takpekpe Aɖe Si Wowɔ Le Georgia Me

 Nu Wɔnuku Eve Dzɔ Le Takpekpe Aɖe Si Wowɔ Le Georgia Me

NU WƆNUKU eve dzɔ le takpekpe aɖe si womaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o, si wowɔ le Georgia le ƒe 2006 me, la me. Wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe “Ðeɖekpɔkpɔ Gogo!” Nutome Gã Takpekpea le Georgia dukɔa ƒe teƒe ade, tso July 7 va se ɖe 9. Gbɔgbɔmewɔna tuameɖo aɖee wònye na vavala 17,000 kple edzivɔawo katã.

Le January 2006 me la, wote teƒe si asɔ nyuie na takpekpe sia si ame akpe geɖe ade le Georgia ƒe fiadu, Tbilisi, me la didi. Woana ame siwo ade takpekpea le teƒe bubuawo ya nase nyawo to telefonkadodowo dzi.

Wonɔ subɔsubɔblɔɖe nam Ðasefowo le Georgia vivivi le ƒe gbogbo aɖewo siwo va yi la me. Eya ta togbɔ be wotsi tsitre ɖe Ðasefowo ŋu kaɖikaɖi le ƒe siwo va yi me hã la, kakaɖedzi nɔ wo si be yewoakpɔ teƒe le fiadua me hena takpekpea wɔwɔ. Georgiatɔwo doa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ hewɔa amedzro hã. Ke hã, subɔsubɔ me nazãbubu ƒo ke ɖe to ɖe dziɖuɖumegã aɖewo me vevie. Ðe woaɖu woƒe seselelãme mawo dzi ahaɖe mɔ na Ðasefoawo woahaya teƒe aɖe hena takpekpea wɔwɔa?

Nɔviŋutsu siwo le Takpekpekɔmitia me la yi ɖadi teƒe le bɔlƒoƒe kple kamedefefewɔƒe gã vovovowo. Togbɔ be teƒeawo dzikpɔlawo lɔ̃na gbã hã la, wogava gbena ne nɔviawo gblɔ ŋkeke siwo dzi wodi be yewoahaya teƒeawo. Eya ta ewɔ nuku na kɔmitia me tɔwo ŋutɔ esime Tbilisi Haƒoƒe gã la dzikpɔlawo lɔ̃ be yewohaya teƒea na Yehowa Ðasefowo. Dua ƒe titinae haƒoƒe sia si wowɔa wɔna ɖedzesi geɖewo le la le.

Esi kɔmitia kpɔe be yewoƒe agbagbadzedzewo kpɔ dzidzedze ta la, wote ɖoɖowo wɔwɔ ɖe Tbilisi takpekpea kple esiwo woawɔ  le dukɔa ƒe duvi kple dugã bubuwo, siwo nye Tsnori, Kutaisi, Zugdidi, Kaspi, kple Gori me, la ŋu. Woku kutri geɖe te ŋu na be ame siwo ade takpekpea le teƒe bubu siawo nase nyawo to telefonkadodowo dzi tẽe. Nu sia nu sɔ gbe. Gake esi wòsusɔ kwasiɖa ɖeka ne woadze takpekpea gɔme la, Tbilisi Haƒoƒe gã la dzikpɔlawo gbe be yewomagahaya teƒea na nɔviawo o. Womeɖe nu si tututu tae la me o.

Nu Wɔnuku Gbãtɔ

Nu kae nɔviawo ate ŋu awɔ le ŋkeke ʋɛ mawo siwo kpɔtɔ la me? Afi si ko woagate ŋu atrɔ ɖoe nye Marneuli, si nye agblenuto aɖe si didi tso Tbilisi gbɔ abe kilometa 40 ene. Wowɔ takpekpe geɖewo le afi ma kpɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ƒe anyigba dzi. Agble gã aɖe ŋutɔe wodena le edzi tsã. Le ƒe ewo siwo va yi me la, teƒe ma koe Tbilisi hameawo wɔa takpekpewo le. Ke hã, adzohawo va dze Yehowa Ðasefowo dzi ŋutasesẽtɔe le Marneuli dua me zi geɖe.

Amedzidzedze siawo dometɔ ɖeka dzɔ le September 16, 2000 dzi. Ɣemaɣi la, Marneuli dua me kpovitɔwo va tso mɔ na Ðasefoawo be woagayi takpekpewɔƒea o. Emegbe ameha ŋutasẽla vɔ̃ɖi aɖewo siwo Orthodɔks nunɔla gege Vasili Mkalavishvili nɔ ŋgɔ na la va do. Wotɔ ʋu siwo me ame siwo gbɔna takpekpea nɔ la le Marneuli, eye wohe wo dometɔ geɖe do go le ʋuawo me heƒo wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye woha bubuawo ya ƒe nuwo, siwo dome woƒe Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo le.

Ame 60 aɖewo yi ɖadze nɔviwo dzi le Marneuli takpekpewɔƒea ŋutɔ hã. Wowɔ nu vevi Ðasefoawo dometɔ 40 aɖewo. Wotɔ hɛ akɔta na nɔviŋutsu aɖe. Amedzidzelawo dometɔ aɖewo tsɔ tuwo ɖe asi henɔ wo dam ɖe ya me dzikutɔe. Wo dometɔ ɖeka tsɔ tu ɖo anyigbatɔa dzi be wòalɔ eƒe ga kple sikanuwo na ye. Adzohaawo kaka nuwo le eƒe aƒea, si le anyigbaa ƒe mlɔenu la, me hefi eƒe nunɔamesiwo. Esi wokaka fesreawo le aƒea ŋu vɔ la, wotɔ dzo Biblia srɔ̃gbalẽwo kple bentsi siwo wokpa hena takpekpea wɔwɔ la. Wogblẽ agbalẽ tɔn ɖeka kple afã sɔŋ dome. Le esi teƒe be kpovitɔ siwo nɔ teƒea nalé adzohawo nu la, ɖee wokpɔ gome le anyrawɔwɔ le Ðasefoawo ŋu me boŋ. *

 Menye adzohawo ƒe amedzidzedze ŋu koe Takpekpekɔmitia me tɔwo tsi dzi ɖo o, ke boŋ ale si woawɔ ame 5,000 nanɔ anyi ɖe afi si ame 2,500 nɔna tsã ƒe kuxia hã dze ŋgɔ wo. Alekee woakpɔ kuxi sia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si susɔ me? Nu wɔnuku aɖe ŋutɔ wònye esime agblenyigbatɔ eve siwo ƒe anyigbawo tsia ɖe Ðasefoa tɔ nu la gblɔ be yewoahaya wo na nɔviawo.

Dɔ sesẽ ŋutɔe wònye be woadzra anyigbaa dzi ɖo wòasɔ nyuie na takpekpea wɔwɔ. Nu si na dɔa gasesẽ ɖe edzie nye be tsi dza kwasiɖa bliboa katã do ŋgɔ na takpekpea. Yevute siwo tsi hena hoho la le anyigba siwo wohaya na wo la dzi. Gbã la, ame geɖe tsɔ wo ɖokui na faa be yewoaho yevuteawo esime tsia nɔ dzadzam. Emegbe woɖe kpɔtɔtɔwo ɖa eye wotu agbadɔ siwo te vavalawo anɔ be tsi kple ŋdɔ nagaɖe fu na wo o. Wokpa bentsi geɖewo, eye wogatsia ka na nyasemɔ̃ geɖewo kpee. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo nɔ atiwo tsom, nɔ nuwo klãm henɔ dɔ bubu siwo hiã la wɔm, eye wo dometɔ aɖewo nɔ dɔ dzi zã kple keli.

Ame sia ame tsi dzi be, “Alekee wòanɔ ne tsia yi edzi dza le takpekpea wɔɣia katã? Ðe banyigbaa mami vavalaawo oa?” Woƒle be hekɔ ɖe banyigbaa dzi keŋ. Ŋdɔ va ʋu mlɔeba! Ŋdɔa ʋu le takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã dzi.

Esi vavalawo va ɖo la, wokpɔ be teƒea nya kpɔ ŋutɔ. Ŋutifafa si xɔ aƒe ɖe agblenutoa me la he woƒe susu yi ale si xexe yeyea anɔ dzi. Vavalawo nɔ anyi heɖe dzi ɖi le gbotiwo kple ati tsekuwo kpakple bli kple timati gblewo dome. Weintsetse siwo nɔ nuƒolanɔƒea megbe la nye atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ. Sẽ kple sẽ la, vavalawo sea koklowo ƒe xɔxlɔ̃ ne wole aziwo fɔm le wo te. Agbledzigbeɖiɖi bubuwo hã nɔ ɖiɖim, gake ɖeko wònɔ na nyaselawo abe haƒoƒo vivi aɖe ene. Le esi teƒe be gbeɖiɖiawo naɖe fu na vavalaawo la, ƒãa hafi woƒe susu yia wo dzi, elabena wonɔ to lém ɖe nuƒo nyui siwo wotu ɖe Biblia dzi la ŋu. Ke hã, nu geɖe ŋutɔ yi edzi le takpekpe sia me, siwo womaŋlɔ be gbeɖe o.

Nu Wɔnuku Evelia

Le Fiɖagbe ŋdikpa dzi wɔnawo ƒe nuwuwu la, ewɔ nuku na vavalawo katã ŋutɔ esime Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ, Geoffrey Jackson, ɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures—Traduction du monde nouveau) Biblia bliboa  ɖe go le Georgiagbe me. * Aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi na ame geɖe, eye woƒe nu ku. Ƒome aɖe gblɔ dzidzɔtɔe be: “Míate ŋu adzudzɔ akpedada na Yehowa ɖe nukunu sia ta o—Yehowa ƒe nukunue. Dɔ gã sia gbegbee wowɔ le ɣeyiɣi kpui sia me!”

Nɔvinyɔnu aɖe si se nuƒoawo to telefon dzi le Tsalendjikha dua me la gblɔ be: “Nyemate ŋu aɖe dzidzɔ si gbegbe mekpɔ esime Biblia bliboa ka asinye la agblɔ o. Medi be mada akpe na mi ɖe ŋkeke etɔ̃ takpekpe nyui sia ta. Nyemaŋlɔe be akpɔ o.” Ƒome aɖe si le hame aɖe si le ɣetoɖoƒe Georgia, afi si te ɖe Ƒu Yibɔ la ŋu, me la gblɔ be: “Biblia ɖeka koe nɔ ƒome bliboa si va se ɖe egbe, gake fifia la, New World Translation Biblia le mí ame eneawo katã si. Azɔ la, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ Biblia le eɖokui si.”

Gake menɔ bɔbɔe kura o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wota New World Translation Biblia bliboa heɖoe ɖe Georgia ɖe game dzi hã la, Dedzidɔwɔƒea gbe asiɖeɖe le Biblia siawo ŋu. Nɔviawo tsɔ nyaa ɖo Dukɔmeviwo Taʋiʋlila ƒe ŋkume. Edze agbagba na woɖe asi le Bibliaawo ŋu ɖe game dzi pɛpɛpɛ na takpekpea. Edɔ eƒe kpeɖeŋutɔ ɖe Marneuli takpekpea me be wòaxɔ Biblia yeyea xexlẽme aɖewo na woƒe dɔwɔƒea.

Georgiatɔwo Ƒe Dzaadoname Vividoɖeameŋutɔe

Nutome gã takpekpe si wowɔ le Marneuli la nɔ etɔxɛ na Yehowa Ðasefo siwo le Georgia la le susu bubu aɖe hã ta. Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ ɖeka ƒo nuƒowo le takpekpea me. Dzi dzɔ vavalawo katã ale gbegbe be, wo dometɔ ɖe sia ɖe di be yeado dzaa nɛ lɔlɔ̃tɔe abe ale si wowɔnɛ le dukɔa me ene. Ehiã be Nɔviŋutsu Jackson nanɔ tsitrenu hena gaƒoƒo geɖe anɔ gbe lɔ̃m na nɔviawo, do ŋgɔ na takpekpea, le ewɔɣi, kple eƒe nuwuwu siaa. Ke hã, ewɔe kple dzidzɔ.

Le ƒe 1903 me, esime wowu takpekpe aɖe wɔwɔ nu la, nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Togbɔ be ame dahe menye hã la, ne wonam dɔlar akpe ɖeka bene magayi takpekpe sia o la, nyemalɔ̃ o, le nu nyui siwo gbegbe va su asinye le takpekpe sia me la ta.” Le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe la, nenema tututue Ðasefo siwo de takpekpe ɖedzesi siwo wowɔ le ƒe 2006 ƒe dzomeŋɔli le Georgia la se le wo ɖokui me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ Yehowa Ðasefowo yome titi le Georgia ƒe ŋutinya bliboa le January 22, 2002, Yevugbe me Nyɔ!, axa 18-24.

^ mm. 16 Woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures Biblia ɖe go le Georgiagbe me le ƒe 2004 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Ame Suewo” Zu Akpe Vavã

“Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” Yesaya 60:22 me nya siawo va eme ŋutɔŋutɔ le Georgia. Le ƒe 20 kloe me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Georgia la dzi ɖe edzi tso ame siwo anɔ abe 100 ko ene dzi va ɖo 16,000 kloe. Mawu ƒe Nya la ƒe ɖaseɖila dovevienu siawo le aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple ame 8,000 kloe kwasiɖa ɖe sia ɖe—esia nye dzesi be dzidziɖedzi wɔnuku aɖe le eme va ge le Georgia.

[Diagram/​Maps on page 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

RUSSIA NYIGBA

GEORGIA

⇨ Zugdidi

⇨ Kutaisi

Marneuli ⇨ Gori

⇨ Kaspi

⇨ Tsnori

TBILISI

TURKEY

ARMENIA

AZERBAIJAN

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigba nogo la: Based on NASA/Visible Earth imagery

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Kpetata aɖe si le Tbilisi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Woto asitelefonwo dzi na amewo se Marneuli takpekpea me nuƒoawo le takpekpewɔƒe atɔ̃ bubuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzi dzɔ vavalawo eye wòwɔ nuku na wo esime woɖe “New World Translation” Biblia bliboa ɖe go le Georgiagbe me