Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔmemenyenye Didi

Gbɔgbɔmemenyenye Didi

 Gbɔgbɔmemenyenye Didi

YESU gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3, NW) Ðewohĩ èlɔ̃ ɖe nya sia dzi. Ame sia ame kloe dea dzesii be yehiã gbɔgbɔmenuwo, eye wòkpɔa mɔ be ne wonya su ye si ko la, yeakpɔ dzidzɔ le agbe me. Nu ka koŋue nya “gbɔgbɔmemenyenye” fia?

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe gbɔgbɔmemenyenye gɔme be, enye “dzesidede mawusubɔsubɔ dzidzenuwo alo kuku ɖe wo ŋu” kple “viviedodonu le mawusubɔsubɔ alo gbɔgbɔmenuwo gome.” Eya ta gɔmesese ɖekae le nyagbɔgblɔ siwo nye “gbɔgbɔmemenyenye,” “mawumemenyenye,” alo “fɔléle ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu” si. Be nàse nya sia gɔme nyuie la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe bi ɖe asitsatsa me la, wogblɔna be eléa fɔ ɖe asitsatsa ŋu. Nenema kee, ne ame aɖe dea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo alo mawusubɔsubɔnyawo ŋu la, wogblɔna be eléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Ke aleke ame wɔna nyea gbɔgbɔmeme vavãtɔ? Togbɔ be subɔsubɔhawo katã gblɔna be yewonya mɔ si dzi ame ato anye gbɔgbɔmeme hã la, nu siwo wo dometɔ ɖe sia ɖe fiana tso gbɔgbɔmemenyenye ŋu la to vovo. Ne Protestanttɔwo de kpekpe aɖe si wowɔna tsɔ dea dzo yeye amewo me ɖe woƒe dzixɔsewo ŋu la, wogblɔna be yewokpɔ ɖeɖe. Katolikotɔwo toa kɔminiɔxɔxɔ le sɔleme dzi dina be yewo kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Buddhatɔwo dia gbɔgbɔmenumekɔkɔ to ŋugblemeyiyi dzi. Hindutɔwo dina be yewoavo tso gbugbɔgadzɔ atraɖii me to nuteameɖokuigbenɔnɔ dzi. Ðe nu siawo katã nana be ame zua gbɔgbɔmeme vavãtɔa? Ðe wo dometɔ aɖe te ŋu kpena ɖe ame ŋu le go sia mea?

Ame geɖe aɖo biabia siawo ŋu be ao. Ame siawo gblɔna be, gbɔgbɔmemenyenye fia be “woanye xɔsetɔ le ame ɖokui si,” si fia be woaxɔ mawu aɖe dzi se, evɔ womanye subɔsubɔha aɖeke me tɔ o. Ame bubuwo hã gblɔna be gbɔgbɔmemenyenye medo ƒome aɖeke kple fɔléle ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o, ke boŋ enye didi be susumekɔdzeanyi kple gɔmesese si le agbea ŋu nasu ame si. Wogblɔna be mehiã be ame siwo dina be yewoanye gbɔgbɔmemewo la nanye subɔsubɔha aɖeke me tɔ o. Ke boŋ nu si wohiã koe nye be woadzro wo ɖokui kple woƒe seselelãme ememetɔwo me. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Gbɔgbɔmemenyenye vavãtɔ nye nu si ŋu wokena ɖo le ame ɖokui me. Enye ale si nèlɔ̃a ame siwo dome nèle, kple ale si nèwɔa nu ɖe wo ŋu. Womate ŋu ake ɖe eŋu le sɔlemeha aɖeke me alo dzixɔse aɖewo ƒe ame si nɔnɔ me o.”

Eme kɔ ƒãa be, susu vovovowoe le amewo si ku ɖe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Togbɔ be wota agbalẽ akpe geɖewo be woatsɔ afia mɔ siwo dzi ame ato anye gbɔgbɔmeme vavãtɔ hã la, wo xlẽlawo mesena le wo ɖokui me be yewoɖo taɖodzinu ma gbɔ o, eye wotɔtɔna. Gake agbalẽ aɖe li, si me mɔfiame siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la le. Enye agbalẽ si me kpeɖodziwo le be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee wòtso. (Timoteo II, 3:16) Na míakpɔ nu si agbalẽ ma, si nye Biblia la, gblɔ tso nu si gbɔgbɔmemenyenye fia ŋu kple asixɔxɔ si le eŋu la ɖa.