Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi wònye be wodzea nuŋeŋe gɔme le ɣeyiɣi si me Israel ŋutsuwo katã yia Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyuia ɖuƒe ta la, ame kawoe ŋea lubabla gbãtɔ siwo wotsɔna vaa Mawu ƒea mee?

Wode se na Israel viwo le Mose ƒe Sea me be: “Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi.” (Mose V, 16:16) Tso Fia Salomo ƒe ɣeyiɣia me ke la, teƒe si Mawu tiae nye gbedoxɔ si nɔ Yerusalem.

Woɖua ŋkekenyui etɔ̃awo ƒe gbãtɔ le adame ƒe gɔmedzedze. Woyɔa ŋkekenyui sia be Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyui, eye wòdzea egɔme tso ŋkeke si kplɔ Nisan 14 lia si nye ŋkeke si dzi woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le ɖo la dzi, eye woɖunɛ ŋkeke adre ʋuu va se ɖe Nisan 21 lia dzi. Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia, si nye Nisan 16 lia le ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi, dzie wodzea ƒea ƒe nuŋeŋe gbãtɔ gɔme. Gbe ma gbe la, nunɔlagã la tsɔa luŋeŋe ƒe “lubabla gbãtɔwo” eye wònyènɛ “le Yehowa ŋku me” le Mawu ƒea me. (Mose III, 23:5-12) Esi wònye be wobia tso ŋutsuwo katã si be woayi Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyuia ɖuƒe ta la, ame kawoe ŋea lubabla siawo?

Dukɔa katãe wode se na be woatsɔ nuŋeŋe gbãtɔwo asa vɔe na Yehowa le Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyuia dzi. Womebia tso ame sia ame si be wòadze nuŋeŋea gɔme eye eya ŋutɔ natsɔ nuŋeŋe gbãtɔwo ava Mawu ƒea me o. Ke boŋ wode se na dukɔa be woana ame dɔdɔwo nawɔe ɖe wo teƒe. Eya ta woate ŋu adɔ ameawo woayi aɖatso luawo le lugble siwo te ɖe teƒea ŋu me hena Abolo Maʋamaʋã Ƒe Ŋkekenyuia ɖuɖu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso esia ŋu be: “Ne luawo ʋã la, woŋea wo tso Yerusalem ƒe golɔgoewo me; woate ŋu aŋe wo tso teƒe bubu ɖe sia ɖe le Israel ne womekpɔe le afi sia o. Ame etɔ̃e tsonɛ, wo dometɔ ɖe sia ɖe léa eya ŋutɔ ƒe hɛ gobɛ kple kusi ɖe asi.” (Encyclopaedia Judaica) Ekema wohea lubabla ɖeka vanɛ na nunɔlagã la, eye wòtsɔnɛ saa vɔe na Yehowa.

Sedede si nye be woatsɔ nuŋeŋe gbãtɔwo asa vɔe la, na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe Israel viwo be woaɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Mawu ɖe ale si wòyra ɖe woƒe anyigba kple agblemenukuwo dzii la ta. (Mose V, 8:6-10) Gawu la, vɔ sia si wosana le kɔnua nu nye “nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli.” (Hebritɔwo 10:1) Eɖe dzesi ŋutɔ be wofɔ Yesu Kristo ɖe tsitre le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 16 lia dzi, ŋkeke si dzi wotsɔa nuŋeŋe gbãtɔwo saa vɔe na Yehowa le. Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe Yesu ŋu be: “Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ. . . . Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la.” (Korintotɔwo I, 15:20-23) Lubabla gbãtɔ siwo nunɔlagã nyèna le Yehowa ŋkume la tsi tsitre ɖi na Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre—ame gbãtɔ si wofɔ kpɔ tso ame kukuwo dome hena agbe mavɔ nɔnɔ. Yesu to esia dzi ʋu ɖeɖekpɔkpɔ tso nu vɔ̃ kple ku me ƒe mɔ ɖi na ameƒomea.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

© 2003 BiblePlaces.com