Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nunya Doa Vɔvɔli”

“Nunya Doa Vɔvɔli”

“Nunya Doa Vɔvɔli”

LODODOWO 16:16 gblɔ be: ‘Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, eye gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!’ Nu ka tae asixɔxɔ le nunya ŋu nenema gbegbe ɖo? “Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Ke aleke nunya léa ame siwo si wòle la ƒe agbe ɖe tee?

Mawumenunya ƒe amesisusu, si nye Mawu ƒe Nya, Biblia, me sidzedze vavã ƒe amesisusu, kple agbenɔnɔ woawɔ ɖeka kplii, kpena ɖe mía ŋu míezɔna le mɔ si dzea Yehowa ŋu la nu. (Lododowo 2:10-12) Blema Israel Fia Salomo gblɔ be: ‘Vɔ̃tsitsri enye nuteƒewɔlawo ƒe mɔtata; amesi léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, kpɔa eƒe agbe ta.’ (Lododowo 16:17) Ɛ̃, nunya ɖea ame siwo si wòle la tso mɔ vɔ̃wo me eye wòkpɔa woƒe agbe ta! Nya kpuikpuikpui siwo me nunya le siwo dze le Lododowo 16:16-33 me ɖe ŋusẽ nyui si mawumenunya ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe nɔnɔme, nuƒoƒo, kple nuwɔnawo dzi la fia. *

‘Bɔbɔ Ðokuiwò Ðe Anyi’

Nunya si woɖɔ abe ame ene la gblɔ be: “Melé fu dada, ɖokuidodoɖedzi.” (Lododowo 8:13) Ðokuidodoɖedzi kple nunya to vovo tso wo nɔewo gbɔ kura. Ele be míawɔ nu le nunya me ahaɖɔ ŋu ɖo be dada alo ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme nagage ɖe mía me o. Vevietɔ la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo ne míekpɔ dzidzedze le agbemenuwɔna aɖewo me alo wona agbanɔamedzi aɖewo mí le Kristo hamea me.

Lododowo 16:18 xlɔ̃ nu be: ‘Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.’ Bu anyidzedze gãtɔ si dzɔ le xexea me—Mawu ƒe gbɔgbɔmevi deblibo si wɔ eɖokui Satana Abosam ƒe anyidzedze—ŋu kpɔ. (Mose I, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9) Ðe meɖe ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ fia do ŋgɔ na eƒe anyidzedze oa? Biblia he susu yi nɔnɔme sia dzi esime wògblɔ be woagatsɔ dzikpɔladɔ ade asi na ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o le Kristo hamea me o, “bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.” (Timoteo I, 3:1, 2, 6) Aleke wòle vevie be míagade dada dzi na ame bubuwo alo aɖe mɔ wòage ɖe mía ŋutɔwo hã me o enye esi!

Lododowo 16:19 gblɔ be: ‘Ðokuibɔbɔɖeanyi le hiãtɔwo dome nyo wu ne woamã aboyonu kple dadalawo.’ Nu si ɖee fia be nuxlɔ̃ame nyui aɖee nya sia nye la dze le nu si dzɔ ɖe blema Babilon Fia Nebukadnezar dzi me. Ewɔ sikalegba gã aɖe—si ɖewohĩ enye eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme—dadatɔe ɖe Dura bali me. Ðewohĩ woda sikalegbaa ɖe kpe kɔkɔ aɖe dzi si na be wòte ŋu kɔ yi dzi boo meta 27. (Daniel 3:1) Wowɔ ŋkuɖodzikpe kɔkɔ sia be wòanye Nebukadnezar ƒe fiaɖuƒea ƒe dzesi wɔdɔɖeamedzi aɖe. Togbɔ be nu gãwo—abe kpememe ma, ŋkuɖodzikpewo, sɔlemexɔ gã tame tsutsũewo, kple dziƒoxɔ kɔkɔwo—ate ŋu awɔ dɔ ɖe amegbetɔwo dzi hã la, mele alea kura le Mawu ya gome o. Hakpalaa dzi ha be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.” (Psalmo 138:6) Le nyateƒe me la, “nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.” (Luka 16:15) Anyo be ‘míabɔbɔ mía ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo’ wu be míadi ‘nu kɔkɔwo yome.’—Romatɔwo 12:16.

‘Nugɔmesese Kple Nufiame’ Nenɔ Wò Nuƒoƒo Me

Aleke nunya ƒe mía si susu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuƒoƒo dzii? Fia nunyalaa gblɔ na mí be: ‘Ame si léa to ɖe nya ŋu la, eƒe asi sua nyui dzi; ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woayrae! Ame si si dzi nyanu le la, woyɔna be nugɔmesela; nya vivi dzia nufiame ɖe edzi. Gɔmesese enye agbevudo na ame si si wòle; ke bometsitsi enye tohenu na bometsilawo. Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.’Lododowo 16:20-23.

Nunya kpena ɖe mía ŋu be nugɔmesese kple nufiame nɔa míaƒe nuƒoƒo me. Nu ka tae? Elabena ame si si dzi nyanu le la dzea agbagba be yeakpɔ ‘nu nyui’ si le nya aɖe me eye ‘wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.’ Ne míedzea agbagba dea dzesi nu nyui siwo amewo wɔna la, enɔa bɔbɔe be míakafu wo. Le esi míaƒe nya me nasẽ alo míanye nyahelawo teƒe la, míaƒe nyawo vivina eye wonana kakaɖedzi amewo boŋ. Ame bubuwo ƒe nɔnɔmewo gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si gbegbe woƒe nɔnɔmewo nu sẽe kple ale si wole akɔ kpem kplii adze sii.

Nuƒoƒo si me nunya le le vevie le míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa hã me. Ne míele Mawu ƒe Nya la fiam amewo la, menye susuae nye be míagblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo na wo ko o. Míaƒe taɖodzinue nye be míana nya nade woƒe dzi gbɔ. Esia bia be nufiame nanɔ míaƒe aɖe dzi alo woakpɔ kakaɖedzi le míaƒe nyawo ŋu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu eƒe hadɔwɔla Timoteo be wòayi edzi anɔ nu siwo ŋu ‘wòkpɔ kakaɖedzi le’ la me.—Timoteo II, 3:14, 15.

Numekugbalẽ aɖe si woyɔna be An Expository Dictionary of New Testament Words si W. E. Vine ŋlɔ gblɔ be, Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be ana woakpɔ “kakaɖedzi” la fia be “woazã nya siwo me susu le alo nukpɔsusu nyuiwo atsɔ atrɔ ame ƒe susui.” Be amewo nalɔ̃ ɖe nya siwo me míedzrona kpli wo dzi eye woatrɔ woƒe susu la, ebia be míase ale si wobua tamee, nu siwo ŋu wotsia dzi ɖo, woƒe nɔnɔmewo, kple ame si ƒomevi wonye la gɔme. Aleke míawɔ be nugɔmesese sia nasu mía si? Nusrɔ̃la Yakobo ɖo eŋu be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yakobo 1:19) Ne míenaa nyaselaa ɖea eƒe susuwo gblɔna eye míeléa to ɖe nya siwo wògblɔna ŋu la, míate ŋu anya nu si le eƒe dzi me.

Apostolo Paulo ɖe dzesi le nyaƒoƒo ɖe amewo nu be woaka ɖe nyaa dzi me ŋutɔ. (Dɔwɔwɔwo 18:4) Eƒe tsitretsiɖeŋulawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Demetrio, si nye klosalonutula, gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame.” (Dɔwɔwɔwo 19:26) Ðe Paul tsɔ eƒe dzidzedzekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋuti kafukafua na eɖokuia? Kura o. Ebu eƒe gbeƒãɖeɖedɔa be enye “[Mawu ƒe] Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia.” (Korintotɔwo I, 2:4, 5) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe míawo hã mía ŋu. Esi míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, míekana ɖe edzi be ne míele agbagba dzem be míaƒo nu kple nugɔmesese eye míana amewo naka ɖe míaƒe nyawo dzi le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, akpe ɖe mía ŋu.

Mewɔ nuku o be woyɔ “amesi si dzi nyanu le la” be “nugɔmesela”! (Lododowo 16:21) Nyateƒee, “agbevudo” ye nugɔmesese nye na ame siwo si wòsu. Ke bometsilawo ya ɖe? ‘Wodoa vlo nunya kple amehehe.’ (Lododowo 1:7) Nu kae dona tso eme na wo ne wogbe Yehowa ƒe amehehe? Abe ale si wòdze le nya siwo do ŋgɔ me ene la, Salomo gblɔ be: “Bometsitsi enye tohenu na bometsilawo.” (Lododowo 16:22) Wogaxɔa amehehe bubuwo, siwo nyea tohehe vevie zi geɖe. Bometsilawo ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo, ŋukpe, kple dɔléle ava wo ɖokui dzi, alo aku kukpo gɔ̃ hã.

Esi Israel fia ganɔ susu hem yi ŋusẽ nyui si nunya ma kpɔna ɖe míaƒe nuƒoƒo dzi dzi la, egblɔ be: ‘Nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.’ (Lododowo 16:24) Abe ale si anyitsi vivina eye wònaa dɔwuitɔ ƒe dzi dzea eme kaba ene la, nenema ke nya dzetowo gbɔgblɔ dea dzi ƒo na amewo henana woƒe dzi dzea emee. Anyitsi daa dɔ aɖewo hã eye wonyo na ame ƒe lãmesẽ. Nenemae nya dzetowo le; wonyo na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ.—Lododowo 24:13, 14.

Kpɔ Nyuie Le ‘Mɔ Si Dzena Mɔ Dzɔdzɔe’ La Ŋu

Salomo gblɔ be: ‘Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.’ (Lododowo 16:25) Esia nye nuxlɔ̃ame ku ɖe tamesusu masɔmasɔwo kple agbenɔnɔ wòatsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu ŋuti. Le amegbetɔ madeblibo ƒe susu nu la mɔ aɖewo adze mɔ dzɔdzɔe, gake le nyateƒe me la wohenye mɔ siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la me gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu. Gawu la, Satana ate ŋu aflu ame wòasusu be yele agbenɔnɔmɔ nyuitɔ dzi, evɔ le nyateƒe me la wòhele mɔ si kplɔa ame yia ku me la dzi.

Ametakpɔnu nyuitɔ si ate ŋu akpɔ mía ta tso ameɖokuibeble sia mee nye be míana dzi nyanu senugɔme kpakple dzitsinya si wotsɔ Mawu ƒe Nya la me sidzedze fia mɔe nasu mía si. Nu nyuitɔ si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nyametsotsowo wɔm—eɖanye le agbenɔnɔ gome loo alo tadedeagu gome alo nu bubu ɖe sia ɖe gome o—yee nye be míana Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu nafia mɔ mí.

Dɔwɔla Ƒe Dɔwuamee Wɔa Dɔ Nɛ”

Fia nunyala la yi eƒe nyaa dzi be: ‘Dɔwɔla ƒe dɔwuamee wɔa dɔ nɛ; elabena eƒe nue le du ƒom ɖe ete.’ (Lododowo 16:26) Salomo le gbɔgblɔm be ale si nuɖuɖu dzroa dɔwɔlae la ate ŋu ‘awɔ dɔ sesẽ nɛ,’ elabena eƒe dɔwuamea ‘ƒoa du ɖe ete,’ alo ʋãnɛ. An American Translation ƒe Biblia gɔmeɖeɖe xlẽ be: ‘Dɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ; elabena eƒe dɔwuame le du ƒom ɖe ete.’ Nudzroame, abe nuɖuɖu ƒe amedzodzro, ate ŋu aʋã mí míalé fɔ ɖe dɔ ŋu. Nudzodzro sia ɖea vi. Ekema ne woɖe mɔ nudzodzro sia si sɔ la gbɔ eme hetrɔ zu ŋukeklẽ ya ɖe? Emetsonuawo sɔ kple ale si mlekpuimedzo si wodo ɖe asaɖa me hena nuɖaɖa natrɔ azu dzo gã alé ave blibo. Ŋukeklẽ nye nudzodzro si gbɔ eme, eye egblẽa nu ŋutɔ. Nunyala kpɔa afɔku sia dzea sii, eye wòléa eɖokui le dzodzro nyuiwo gɔ̃ hã gome.

Megato “Mɔ Manyomanyo Dzi” O

Nya siwo dona tso míaƒe nu me ate ŋu agblẽ nu abe dzobibi ene. Esime Salomo nɔ nu si vodada didi le amewo ŋu kple wo ŋuti nya kaka gblẽna ɖɔm la, egblɔ be: ‘Yakame tia dzɔgbevɔ̃e yome, eye dzo binu le eƒe nuyiwo me. Alakpatɔ dea dzre aƒe, eye sakplitɔ mãa xɔlɔ̃wo dome.’Lododowo 16:27, 28.

‘Yakamee’ ame si dina be yeagblẽ ye nɔvi ƒe ŋkɔ ŋu nye. Ele be míadze agbagba alé ŋku ɖe nu nyui si amewo wɔna la ŋu, eye míagblɔ nya siwo ana bubu nanɔ wo ŋu. Ekema toɖoɖo ame siwo kakaa ameŋugblẽnyawo ya ɖe? Woƒe nyawo ate ŋu ana woabu nazã ɖe amewo ŋu madzemadzee bɔbɔe, eye wòade mama xɔlɔ̃wo kple hamea me tɔwo siaa dome. Nunya aʋã mí be míagaɖo to wo o.

Esime fia Salomo nɔ nu xlɔ̃m tso amebleŋusẽ si ate ŋu ana míadze afɔ vɔ̃ dzi ŋu la, egblɔ be: ‘Ŋutasẽla blea ehavi nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ manyomanyo dzi. Amesi miã ŋku la, eɖo vɔ̃ ɖe ta me, amesi và nuyi ɖe nu me goŋgoŋ la, ewɔ vɔ̃ de goe xoxo.’Lododowo 16:29, 30.

Ðe ŋutasesẽ ƒe amebleŋusẽ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe tadeagula vavãwo dzia? Egbea la, ‘tame vɔ̃ ɖoɖo’ ƒe mɔ ɖe ame geɖe. Wowɔa ŋutasẽnuwo alo dea wo wɔwɔ dzi. Masesẽ na mí be míaƒo asa na gomekpɔkpɔ le ŋutasesẽnuwɔna siawo me tẽ o. Ke eƒe ameblemɔnu siwo menya kpɔna o ya ɖe? Ðe womeble ame miliɔn geɖe de modzakaɖeɖe alo kamedefefe siwo me woɖea ŋutasẽnuwo le kpɔkpɔ me oa? Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí eme kɔ nyuie be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Takpɔkpɔ nyui kae nye esi mawumenunya nye na mí!

Ke nu kae míagblɔ tso ame si wɔ nu le nunya kple nugɔmesese me le eƒe agbe me katã eye ‘meto mɔ manyomanyo dzi o’ la ŋu? Agbenɔnɔ le mɔ dzɔdzɔe nu nya kpɔna le Mawu ŋkume eye wòdze na bubu. Lododowo 16:31 gblɔ be: ‘Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.’

Le go bubu me la, naneke menya kpɔna le dziku helĩhelĩ dodo ŋu o. Adam kple Xawa ƒe ŋgɔgbevi, Kain, “bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã” ɖe nɔvia Habel ŋuti “eye wòwui.” (Mose I, 4:1, 2, 5, 8) Togbɔ be asɔ ɣeaɖewoɣi be míado dziku hã la, ele be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie be míagado dziku wòatso eme o. Lododowo 16:32 gblɔe eme kɔ be: ‘Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.’ Dziku helĩhelĩ dodo menye ŋusẽ alo nu dzeame wɔwɔ ƒe dzesi o. Ke boŋ gbɔdzɔgbɔdzɔ si ate ŋu ana ame ‘nato mɔ manyomanyo dzie’ wònye.

Ne ‘Nyametsotso Katã Nye Yehowa Tɔ’

Israel fia la gblɔ be: ‘Woda dzidzenu ɖe akɔme, ke Yehowa tɔe enye emetsotso katã.’ (Lododowo 16:33) Le blema Israel la, Yehowa toa nudzidzekpe dzi ɣeaɖewoɣi tsɔ ɖea eƒe tameɖoɖowo fiana. Nudzidzekpewo nyea ati alo kpe siwo le nogonogoe alo gbabɛgbabɛ. Gbã la, woƒoa koko na Yehowa be wòatso nya me le nya aɖe ŋu. Emegbe woŋlɔ́a awu ʋlaya aɖe helɔna nudzidzekpeawo kɔna ɖe eme, eye wogalɔna wo doa goe. Wolɔ̃na ɖe emetsonua dzi be etso Mawu gbɔ.

Yehowa megazãa nudzidzekpe tsɔ ɖea eƒe susuwo gblɔna na eƒe amewo o. Eɖe eƒe tameɖoɖowo gblɔ le eƒe Nya, Biblia, la me. Nu siwo wògblɔ le Biblia me ŋuti sidzedze vavã ƒe amesisusu le vevie bene mawumenunya nasu mía si. Eya ta mele be míaɖe mɔ ŋkeke ɖeka pɛ gɔ̃ hã nato mía ŋu Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la maxlẽmaxlẽe o.—Psalmo 1:1, 2; Mateo 4:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nu ka tae nunya nyo wu sika?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nu kae nana nufiame nɔa wò aɖe dzi ne èle subɔsubɔdɔa wɔm?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

‘Yakame tia dzɔgbevɔ̃e yome’

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Dziku helĩhelĩ ate ŋu ana ‘woato mɔ manyomanyo dzi’

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ŋutasẽnuwɔwɔ tea ŋu blea ame