Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Xɔasiwo Didi He Kesinɔnu Siwo Anɔ Anyi Ðaa Vɛ

Nu Xɔasiwo Didi He Kesinɔnu Siwo Anɔ Anyi Ðaa Vɛ

Agbemeŋutinya

Nu Xɔasiwo Didi He Kesinɔnu Siwo Anɔ Anyi Ðaa Vɛ

Abe Ale Si Dorothea Smith Kple Dora Ward Gblɔe Ene

Nu xɔasi kawo ƒomevi dimee míenɔ? Míenye ɖetugbui eve siwo di vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19) Mina míaɖe ale si nu xɔasiawo didi he kesinɔnu siwo anɔ anyi ɖaa vɛ la me.

DOROTHEA: Le ƒe 1915 me, esime Xexemeʋa I dze egɔme teti vɔ megbe la, wodzim menye ɖevi etɔ̃lia le míaƒe ƒomea me. Míenɔ afi si gogo du si woyɔna be Howell, si le Michigan, United States (États-Unis). Fofonye mesubɔa Mawu o, gake danye ya nye nyɔnu mawuvɔ̃la. Edzea agbagba fiaa mí be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Se Ewoawo nu, ke hã, eɖea fu nɛ be nɔvinyeŋutsu Willis; nɔvinyenyɔnu Viola; kple nye ŋutɔ hã míele subɔsubɔha aɖeke me o.

Esime mexɔ ƒe 12 la, Dada di be yeana woade tsi ta nam mazu Presbiteria Sɔlemeha me tɔ. Meɖoa ŋku gbe si gbe wode tsi ta nam la dzi nyuie. Wode tsi ta na vidzĩ eve aɖewo siwo wo dadawo lé ɖe asi la hã gbe ma gbe. Ekpe ŋu nam ŋutɔ be mía kple vidzĩwoe wode tsi ta na ɖekae. Nunɔlaa hlẽ tsi ɖe nye ta dzi hedo dalĩ gblɔ nya aɖewo siwo gɔme nyemese o. Le nyateƒe me la, abe vidzĩ eve mawo ke ene la, nye hã nyemenya naneke tso tsidedeta ŋu o!

Gbe ɖeka, le ƒe 1932 me la, ʋu aɖe va tɔ ɖe míaƒe agbo nu eye danye yi ɖaʋu agboa. Ðekakpui eve siwo nɔ mawusubɔsubɔgbalẽwo mam la tɔ ɖe afi ma. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be ye ŋkɔe nye Albert Schroeder. Etsɔ agbalẽ aɖewo siwo Yehowa Ðasefowo ta la fia Dada. Exɔ agbalẽawo. Agbalẽ mawo kpe ɖe eŋu wòke ɖe nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me ŋu.

Míete Nu Xɔasiwo Didi

Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, meʋu yi ɖanɔ nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ gbɔ le Detroit. Medo go nyɔnu tsitsi si nɔa Biblia srɔ̃m kple nɔvinyenyɔnua la le afi ma. Woƒe dzeɖoɖowo na meɖo ŋku radio dzi wɔna aɖe si menɔa sesem kwasiɖa sia kwasiɖa esime menɔ danye gbɔ la dzi. Wɔnaa nyea miniti 15 ƒe nuƒo aɖe si wotu ɖe Biblia me nyati aɖe dzi, si J. F. Rutherford, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ƒona. Le ƒe 1937 me la, míete hadede kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame gbãtɔ si nɔ Detroit. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me.

Le ƒe 1940 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, woɖe gbeƒãe be woʋu suku aɖe si woyɔ be Gilead Suku, le South Lansing, New York, si me woana hehe Yehowa Ðasefo aɖewo le be woazu dutanyanyuigblɔlawo. Esi mese be woaɖo suku sia delawo dometɔ aɖewo ɖe duta hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ele be nye hã made suku sia!’ Meɖo Gilead Sukua dede nye taɖodzinui. Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wòanye nam be mayi ɖadi ‘nu xɔasiwo’—siwo nye ame siwo di be yewoazu Kristo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la—le dukɔ bubuwo me!—Xagai 2:6, 7.

Nye Taɖodzinua Gbɔɖoɖo Vivivi

Le April 1942 me la, meɖe asi le nye dɔwɔɖui ŋu heyi ɖawɔ ɖeka kple gbɔgbɔmenɔvinyɔnu atɔ̃ bubuwo le Findlay, Ohio, hete mɔɖeɖedɔ alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Togbɔ be hame aɖeke menɔ afi ma si awɔe be míanɔ kpekpewo dem edziedzi o hã la, míedea dzi ƒo na mía nɔewo to Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me nyatiwo xexlẽ ɖekae me. Le nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ɣleti gbãtɔa me la, mena agbalẽ 95 sɔŋ ɖetsɔlemetɔwo! Anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene megbe la, woɖom ɖe Chambersburg, Pennsylvania, be maɖasubɔ abe mɔɖela vevi ene. Medo go mɔɖela atɔ̃ bubuwo, siwo dome Nɔvinyɔnu Dora Ward, si tso Iowa hã nɔ la le afi ma. Nye kple Dora míeva zu hadɔwɔlawo le mɔɖeɖedɔa me. Ƒe ɖeka mee míexɔ nyɔnyrɔ le, eye eya hã ƒe didi vevie nye be yeade Giliead Sukua ahazu dutanyanyuigblɔla, abe ale si nye hã medii ene.

Le ƒe 1944 me la, ŋkeke si míekpɔ mɔ na vevie la va ɖo mlɔeba! Wokpe mí ame evea siaa be míava de Gilead Sukua ƒe klass enelia. Míedze sukua gɔme le ƒe ma ƒe August me. Gake hafi mayi nye nyawo dzi la, mina Dora nagblɔ ale si wòdzɔ be wòva zu nye hadɔwɔla hena ɣeyiɣi didi aɖe le nu xɔasiwo didi me la na mi.

Didi Vevie Be Mazu Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Gbeƒãɖela

DORA: Danye nɔ didim vevie be yease Mawu ƒe Nya la gɔme, eye wòtsɔe de gbedodoɖa me vevie. Le Kwasiɖa aɖe gbe la, menɔ egbɔ esime míese J. F. Rutherford ƒe nuƒo aɖe le radio dzi. Le nuƒoa sese vɔ megbe la, Dada do ɣli be, “Nyateƒeae nye esia vavã!” Eteƒe medidi o, míete Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃. Le ƒe 1935 me, esime mexɔ ƒe 12 la, meyi ɖase nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo aɖe si Yehowa Ðasefo aɖe ƒo, eye mese le ɖokuinye me vevie be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa. Le ƒe etɔ̃ megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ. Nye adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ kpe ɖe ŋunye mete ŋu lé nye taɖodzinuwo me ɖe asi sesĩe le nye sukudeɣi ƒe ƒe susɔewo me. Menɔ didim vevie be mawu suku nu kaba ale be mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa.

Le ɣeyiɣi ma me la, Ðasefo siwo míedea ha kplii la ƒoa ƒu abe hame ene le Fort Dodge, Iowa. Ehiã agbagbadzedze vevie hafi míete ŋu dea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo. Le ɣeyiɣi mawo me la, womewɔa nyabiasewo kpena ɖe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ nyatiawo ŋu hena hamea ƒe numedzodzro o. Eya ta wobia tso mía si be míanɔ nyabiasewo dzram ɖo na nɔviŋutsu si kpɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzi. Le Dzoɖagbe fiẽwo me la, mía kple danye míedzraa nyabiase aɖe ɖo na memama ɖe sia ɖe, eye míetsɔa wo nana nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa bene wòate ŋu atia esiwo wòazã tso wo me.

Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe va srãa míaƒe hamea kpɔ. Esime mexɔ ƒe 12 la, nɔviŋutsu siawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye John Booth ye fiam tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔwɔ. Esi mexɔ ƒe 17 la, mebiae be wòafiam ale si wokpea mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽ ɖo, eye wòkpe ɖe ŋunye. Meva susume nam kpɔ be mía kplii míagava do go le afi aɖe kaka wòava nye xɔ̃nye hena ɣeyiɣi didi aɖe o!

Abe mɔɖela ene la, mía kple Nɔvinyɔnu Dorothy Aronson, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela si tsi wum ƒe 15 la, míedea gbeadzi edziedzi. Mía kplii míewɔ dɔ ɖekae va se ɖe esime wokpee be wòava de Gilead Sukua ƒe klass gbãtɔ le ƒe 1943 me. Esia megbe la, nye ɖeka meyi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi.

Tsitretsiɖeŋu Mete Ŋu Xe Mɔ Na Mí O

Ƒe 1940 ƒeawo nye ɣeyiɣi sesẽwo na mí, elabena Xexemeʋa II na dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nu sẽ le amewo me. Zi geɖe ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, amewo daa koklozi gbegblẽwo, timati vovowo, kple ɣeaɖewoɣi kpewo gɔ̃ hã ƒua mí! Dodokpɔ sesẽtɔ va mía dzi esime míenɔ Gbetakpɔxɔ kple Consolation (si va zu Nyɔ!) magazineawo mam le ablɔwo ƒe dzogoewo dzi. Esi míenɔ afi ma la, kpovitɔ aɖe si subɔsubɔha siwo tsi tre ɖe mía ŋu de dɔ asi na la te ɖe mía ŋu hedo ŋɔdzi na mí be yealé mí ne yegakpɔ mí míele ɖase ɖim na amewo.

Abe ale si miakpɔ mɔe ene la, míedzudzɔ ɖaseɖiɖidɔa o, eye wokplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe be woabia gbe mí. Esi woɖe asi le mía ŋu la, míegbugbɔ yi ɖatɔ ɖe mɔa ƒe dzogoe ma ke dzi hele magazine mawo ke mam. Le nɔviŋutsu siwo le mía nu ƒe aɖaŋuɖoɖo nu la, míezã Yesaya 61:1, 2 me nyawo tsɔ ɖe mía ɖokui nu. Gbe ɖeka esi ɖekakpui kpovitɔ aɖe te ɖe ŋunye la, metsi dzodzodzoe hegblɔ mawunyakpukpuia me nyawo nɛ. Nukutɔe la, ɖeko wòtrɔ enumake helé eƒe mɔ tsɔ! Mese le ɖokuinye me be mawudɔlawo nɔ mía ta kpɔm.

Ŋkeke Aɖe Si Nyemaŋlɔ Be Gbeɖe O

Le ƒe 1941 me la, dzi dzɔm ŋutɔ be mede ŋkeke atɔ̃ takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le St. Louis, Missouri la. Le takpekpe ma me la, Nɔviŋutsu Rutherford bia tso ɖevi siwo katã xɔ tso ƒe 5 va se ɖe 18 la si be woava ƒo ƒu ɖe bɔlƒoƒe si míele takpekpea wɔm le ƒe gbadzaƒea. Ðevi akpeakpewo va ƒo ƒu. Nɔviŋutsu Rutherford do eƒe takuvi ɖe dzi tsɔ do dzaa na mí. Mí ɖeviawo katã hã míedo míatɔwo ɖe dzi. Esi wòƒo nuƒo si xɔ gaƒoƒo ɖeka vɔ megbe la, ebia be: “Mi ɖevi siwo lɔ̃ be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye mietiae be yewoanɔ eƒe teokrasi dziɖuɖu si le Kristo Yesu si me ƒe akpa dzi, eye mieto esia me ɖee fia be yewolɔ̃ be yewoaɖo to Mawu kple eƒe Fia la la, miate ŋu atsi tre.” Ðevi 15,000 la katã tso enumake—nye hã menɔ wo dome! Nuƒolaa gblɔ kpee be: “Mi ɖevi siwo katã awɔ nu sia nu si miate ŋui ahaƒo nu tso Mawu ƒe Fiaƒuƒea kple yayra siwo wòahe vɛ ŋuti na ame bubuwo la, migblɔ be ɛ̃.” Míegblɔe, eye asikpe ɖi hede dzi bobobo.

Kasia woɖe agbalẽ si nye Children * (Deviwo) ɖe go, eye mí ɖeviawo míeɖo fli legbe aɖe to nuƒolanɔƒea, afi si Nɔviŋutsu Rutherford tɔ ɖo la, eye wòtsɔ agbalẽ yeyea ƒe ɖeka na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Dzi dzɔ mí ale gbegbe! Ðevi siwo xɔ agbalẽa ɣemaɣi la dometɔ gbogbo aɖewo gakpɔtɔ le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe le xexea me godoo hele nu ƒom tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti na amewo va se ɖe egbe.—Psalmo 148:12, 13.

Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be esi mewɔ mɔɖeɖedɔa hena ƒe etɔ̃ megbe la, wode dɔ asi nam be maɖasubɔ abe mɔɖela vevi ene le Chambersburg! Medo go Dorothea le afi ma, eye eteƒe medidi hafi míeva zu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Esi míenye sɔhɛwo ta la, ŋusẽ geɖe nɔ mía ŋu eye dzo nɔ mía me ŋutɔ. Míedi vevie be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi. Afi siae mía kple evea míete nu xɔasiwo didi le ɖekae hewɔ esia le míaƒe agbemeŋkekewo katã me.—Psalmo 110:3.

Esi míete mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔwɔ ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, míedo go Gilead Suku ƒe klass gbãtɔ nuwula aɖe si ŋkɔe nye Albert Mann. Esusɔ vie wòadze mɔ ayi ɖe eƒe dutadɔdeasia wɔƒe. Ede dzi ƒo na mí be míalɔ̃ axɔ dutadɔdeasi ɖe sia ɖe si woatsɔ ana mí.

Míede Sukua Ðekae

DORA KPLE DOROTHEA: Kpɔ ale si dzi adzɔ míi esime míete dutanyanyuigblɔlawo ƒe hehexɔxɔ la ɖa! Le sukua ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Albert Schroeder, si nye nɔviŋutsu si na agbalẽ si nye Studies in the Scriptures (Études des Écritures) Dorothea dada ƒe 12 enye ema lae ŋlɔ míaƒe ŋkɔwo. John Booth hã nɔ afi ma. Eyae nɔ Kingdom Farm alo Habɔbɔa Ƒe Agble, si nye afi si sukua hã nɔ ɣemaɣi la, dzi kpɔm. Emegbe wo ame eveawo siaa va subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me.

Le Gilead Sukua la, míesrɔ̃ nu tso Biblia me nyateƒe goglowo ŋu. Hehe nyui aɖe ŋutɔe wònye míexɔ. Sukua dela 104, siwo dometɔ ɖeka tso Mexico, lae nɔ míaƒe klass; eye esiae nye zi gbãtɔ si sukua dela aɖe tso duta va. Enɔ agbagba dzem be yeasrɔ̃ Eŋlisigbea nyuie esime míawo hã míenɔ agbagba dzem be míasrɔ̃ Spaingbe. Gbe si gbe Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr tsɔ míaƒe dutadɔdeasiawo na mí sukua delawo la, dzi dzɔ mí ŋutɔ! Woɖo sukua dela akpa gãtɔ ɖe Titina kple Anyiehe Amerika; woɖo míawo hã ɖe Chile (Chili).

Nu Xɔasiawo Didi Le Chile

Enɔ vevie be míaxɔ mɔɖegbalẽvi hafi míage ɖe Chile dukɔa me, eye esia xɔ ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ. Eya ta esi míewu sukua nu le January 1945 me megbe la, míesubɔ abe mɔɖela veviwo ene le Washington, D.C. hena ƒe ɖeka kple afã. Esime míexɔ míaƒe mɔɖegbalẽviawo la, mí dutanyanyuigblɔla asiekee ƒo ƒu zɔ mɔ ɖekae yi ɖe Chile. Wo ame adre de Gilead Sukua do ŋgɔ na mí.

Esi míeva ɖo dukɔa me la, Nɔviŋutsu geɖewo va kpe mí le Santiago, si nye fiadua me. Wo dometɔ ɖeka nye Albert Mann, Gilead Suku nuwula si de dzi ƒo na mí ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la. Woa kple Joseph Ferrari, si de Gilead Sukua ƒe klass eveliae va Chile ƒe ɖeka do ŋgɔ na mí. Gbeƒãla siwo mede 100 o ye nɔ Chile bliboa katã esime míeva ɖo. Míedi vevie be míadi nu xɔasiwo—dzianukwaretɔwo—ahake ɖe wo dometɔ geɖe ŋu le míaƒe anyigbamama yeyea me.

Wode dɔ aɖewo asi na mí le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si me míenɔ le Santiago la me. Anyinɔnɔ ɖekae kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒome gã la nye nu yeye na mí. Hekpe ɖe gaƒoƒonudidi si wobia tso mía si le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me ŋuti la, ele be dutanyanyuigblɔla ɖe sia ɖe naɖa nu na ƒomea zi ɖeka le kwasiɖaa me. Menɔ bɔbɔe na mí ɣeaɖewoɣi o. Gbe ɖeka míeme akpɔnɔ viviwo na míaƒe ƒome si dɔ nɔ wuwum vevie la hena ŋdinuɖuɖu, gake esi míeɖe akpɔnɔ viviawo do goe tso kpoa me la, míede dzesii be womele ʋeʋẽm nyuie o. Menye nu si wòle be míazã atsɔ ame akpɔnɔ viviawo lae míezã o, elabena ame aɖe kɔ nu bubu ɖe nugoea me.

Nu siwo gaɖea fu na mí wue nye vodada siwo míewɔna esime míenɔ Spaingbe srɔ̃m. Esusɔ vie ƒome gã aɖe si míenɔ Biblia srɔ̃m kpli nadzudzɔ nusɔsrɔ̃a le esi womete ŋu sea nu si míegblɔna la gɔme nyuie o ta. Gake esi woxlẽa mawunyakpukpuiawo le woa ŋutɔwo ƒe Biblia me ta la, wodze agbagba srɔ̃ nyateƒea, eye wo dometɔ atɔ̃ va zu Ðasefowo. Le ƒe mawo me la, dutagbefiafia dutanyanyuigblɔlawo ƒe ɖoɖo aɖeke menɔ anyi o. Eya ta míete gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ enumake henɔ gbea srɔ̃m tso ame siwo míeɖia ɖase na la nu.

Míesrɔ̃ Biblia kple ame geɖe, eye míaƒe nusrɔ̃viawo dometɔ aɖewo wɔ ŋgɔyiyi kaba ŋutɔ. Ehiã be míagbɔ dzi ɖi na bubuwo. Teresa Tello, nye ɖetugbui aɖe si ɖo to nyateƒegbedeasia eye wògblɔ na mí be, “Meɖe kuku, mitrɔ va ɣebubuɣi miava gblɔ geɖe nam.” Míetrɔ yi zi 12 sɔŋ gake míeke ɖe eŋu o. Ƒe etɔ̃ va yi. Emegbe míede takpekpe aɖe si wowɔ le fefewɔƒe aɖe le Santiago. Esi míenɔ dzodzom le takpekpewɔƒea le Kwasiɖagbe la, míese yɔyɔ aɖe le mía megbe be, “Aƒenɔvi Dora, Aƒenɔvi Dora!” Esi míetrɔ la, Teresae nye ema! Eyina nɔvia nyɔnu srã ge kpɔ le mɔa godo eye wòdi be yeavakpɔ nu si wɔm wole le fefewɔƒea. Aleke gbegbee dzi dzɔ míi enye esi be míegake ɖe eŋu ake! Míewɔ ɖoɖo ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu, eye eteƒe medidi o exɔ nyɔnyrɔ. Eva zu mɔɖela vevi emegbe. Egbea, si nye le ƒe 45 megbe la, Teresa gakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.—Nyagblɔla 11:1.

Keke Ðe Nu Xɔasiwo Ŋu Le “Kewo” Me

Le ƒe 1959 me la, woɖo mí ɖe Punta Arenas—si gɔmee nye “Kewo Me”—si le Chile dukɔa ƒe ƒutanuto si didi kilomita 4,300 la ƒe anyiehe kekeake. Punta Arenas ƒe anyigbamamaa to vovo ŋutɔ. Le dzomeŋɔliɣletiawo me la, ŋkekeawo didina wu—ŋdɔ nɔa dzi va ɖoa keke zã ga 11 kple afã. Míenɔa gbeadzi ŋkeke geɖe, gake menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, elabena Anyieheya sesẽwo ƒona le dzomeŋɔli. Le vuvɔŋɔli la, yame fana ŋutɔ, eye kasia ko zã do.

Togbɔ be fuɖenamenu siawo li hã la, nu dodzidzɔnamewo hã le Punta Arenas. Le dzomeŋɔlia la, tsililikpowo blana kɔtɔɔ henɔa mimlim le dziŋgɔlia ŋu le ɣetoɖoƒekpa dzi. Ɣeaɖewoɣi la, tsi dzana sesĩe le vome heƒoa mí vlevlevle, gake eteƒe medidina o, ya nana tsia ƒuna keŋkeŋ. Anyieʋɔ nyui aɖe kplɔnae ɖo ne ɣea ƒe keklẽ le dodom tso alilikpoawo me. Ɣeaɖewoɣi la, anyieʋɔ siawo nɔa anyi hena gaƒoƒo geɖe henɔa bubum ganɔa dodom ne ɣea le keklẽm to tsililikpoawo me.—Hiob 37:14.

Le ɣemaɣi la, gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ Punta Arenas. Mí nɔvinyɔnuwoe kpɔa kpekpewo dzi le nutoa me hame sue la me. Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Le ƒe 37 megbe la, míewɔ tsaɖiɖi yi nuto sia me. Nu kawoe míekpɔ? Míekpɔ hame ade siwo le dzidzedze kpɔm nyuie la kple Fiaɖuƒe Akpata dzeani etɔ̃. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeke ɖe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu le anyiehekenuto siawo me!—Zaxarya 4:10.

Nu Xɔasi Geɖewo Le “Ƒuta Gbadza” Aɖe

Esi míesubɔ le Punta Arenas ƒe etɔ̃ kple afã megbe la, woɖo mí ɖe melidzeƒedu si nye Valparaiso la me. Togbɛ 41, siwo ƒoxlã adɔ̃ si le Pacific Ƒua to la, le du sia me. Togbɛ siawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Playa Ancha, si gɔmee nye “Ƒuta Gbadza” la, dzi koŋue míeɖe gbeƒã le wu. Le ƒe 16 siwo míetsɔ nɔ afi ma me la, míekpɔ Nɔviŋutsu sɔhɛ geɖewo wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi; wo dometɔ aɖewo zu dzikpɔla mɔzɔlawo fifia, eye bubuwo zu Kristotɔ hamemetsitsiwo le hame vovovo siwo le Chile la me.

Emegbe woɖo mí ɖe Viña del Mar, be míaɖayi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le afi ma. Míesubɔ le afi ma ƒe etɔ̃ kple afã va se ɖe esime anyigbaʋuʋu aɖe va gblẽ nu le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea ŋu. Míetrɔ gbɔ va Santiago, afi si míedze dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme le ƒe 40 ye nye ema. Nuwo trɔ keŋ. Wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye, eye alɔdzedɔwɔƒe xoxoa zu dutanyanyuigblɔla siwo katã kpɔtɔ ɖe dukɔa me la ƒe aƒe. Emegbe aƒe sia va zu afi si wowɔa Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua le. Yehowa gave mía nu dɔmenyotɔe ake ɣemaɣi. Wokpe mí dutanyanyuigblɔla atɔ̃ siwo tsi le ƒe me la, be míava nɔ Betel. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, míesubɔ le Chile ƒe du vovovo 15 me. Míekpɔ ale si dzidzeɖedzi geɖe va, tso gbeƒãɖela siwo mede 100 o dzi va ɖo gbeƒãɖela 70,000 sɔŋ! Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míedi nu xɔasiwo le Chile hena ƒe 57 sɔŋ!

Míekpɔe be Yehowa yra mí geɖe le ale si wòkpe ɖe mía ŋu míeke ɖe ame gbogbo aɖewo ŋutɔ—siwo nye nu xɔasiwo vavã—siwo Yehowa yi edzi le zazãm le eƒe habɔbɔa me la ŋu. Le ƒe 60 kple edzivɔ siwo míetsɔ subɔ Yehowa ɖekae me la, ale si míese le mía ɖokui me la sɔ kple ale si Fia Dawid se le eɖokui me esime wòŋlɔ bena: “Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wò la, . . . sɔ gbɔ loo!”—Psalmo 31:20.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dorothea, le ƒe 2002 me kple le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le ƒe 1943 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ le Fort Dodge, Iowa, le ƒe 1942 me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Dora, le ƒe 2002 me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Dorothea kple Dora, le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe gbãtɔ si me wonɔ le Chile, le ƒe 1946 me la, ƒe agbo nu