Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Mɔkpɔkpɔ Meva Eme O

Ne Mɔkpɔkpɔ Meva Eme O

Ne Mɔkpɔkpɔ Meva Eme O

MƆKPƆKPƆBUÐEAME ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me, ne edze abe ŋutsua kple nyɔnua sɔ na wo nɔewo nyuie esime wonɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ene gɔ̃ hã. Gake aleke wɔ ame eve siwo dome le nyuie hafi woka srɔ̃ɖetam na wo nɔewo la ƒe nuwɔnawo va trɔ emegbe ale?

Biblia gblɔ be ame siwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ vevesese kple nuxaxa.” (Korintotɔwo I, 7:28, The New English Bible) Zi geɖe la, xaxa sia ƒe akpa aɖe tsoa amegbetɔwo ƒe blibomademade gbɔ. (Romatɔwo 3:23) Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka, alo wo ame evea siaa metsɔ Biblia me gɔmeɖosewo le dɔ wɔm o. (Yesaya 48:17, 18) Gake ɣeaɖewoɣi la, mɔkpɔkpɔ siwo mate ŋu ava eme o nɔa ŋutsu alo nyɔnu aɖewo si wotsɔna gena ɖe srɔ̃ɖeɖe mee. Ne edzɔ alea la, ame nɔewo gɔmemasemase ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avɛ.

Mɔkpɔkpɔ Siwo Mate Ŋu Ava Eme O

Ne srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnue nènye la, mɔkpɔkpɔ aɖewo anya nɔ asiwò hafi neva ɖe srɔ̃; enɔa nenema le ame akpa gãtɔ gome. Tɔ sẽ nàde ŋugble tso ale si nèkpɔ mɔ be yeƒe srɔ̃gbenɔnɔ nava nɔ ŋu kpɔ. Ðe nu siwo nèkpɔ mɔ na le srɔ̃ɖeɖe me la meva eme oa? Ne zã medo o la womebua fɔ ahakpala o, eya ta megaƒo nya ta be kuxiawo gbɔ manya kpɔ o. Agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖɔ nuwo ɖo. * (Timoteo II, 3:16) Gake fifia, anyo be nàgbugbɔ ŋku alé ɖe nu siwo nànya nɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me la ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susuna be vividoɖeameŋu sɔŋue nɔa srɔ̃gbenɔnɔ me, abe ale si wòdzena le ŋutinya kpakpawo mee ene. Alo ɖewohĩ ànya susui be mia kple srɔ̃wòa miakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe mia nɔewo ŋu, alo akpɔ masɔmasɔ ɖe sia ɖe gbɔ le ŋutifafa me abe ame tsitsiwo ene. Ame geɖe hã bui be ne yewonya ɖe srɔ̃ ko la, ɖokuidziɖuɖu le gbɔdɔdɔnyawo me ƒe nya aɖeke megali o. Esi wònye be mɔkpɔkpɔ siawo nye esiwo ɖewohĩ mate ŋu ava eme o ta la, ate ŋu ana dzi naɖe le ame aɖewo ƒo.—Mose I, 3:16.

Mɔkpɔkpɔ bubu si mate ŋu ava eme o enye be srɔ̃ɖeɖe ɖeɖe dzaa ana ame nakpɔ dzidzɔ. Ele eme baa be kpeɖeŋutɔ ƒe amesinɔnɔ le agbe me ana ame nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ ya. (Lododowo 18:22; 31:10; Nyagblɔla 4:9) Gake ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be srɔ̃ɖeɖe nanye nukumɔ aɖe si dzi woato akpɔ masɔmasɔwo katã gbɔa? Ðeko srɔ̃ɖeɖea tona le mo na ame siwo bunɛ nenema zi ɖeka!

Mɔkpɔkpɔ Siwo Womeɖe Gblɔ O

Menye mɔkpɔkpɔwo katãe metea ŋu vaa eme o. Ke boŋ, wo dometɔ aɖewo nyea didi siwo sɔ. Gake mɔkpɔkpɔ aɖewo ate ŋu ana kuxiwo nado mo ɖa. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Mekpɔna be dzre ɖoa srɔ̃tɔ aɖewo dome le esi wo dometɔ ɖeka le lalam be woawɔ didi aɖe dzi na ye, evɔa ame evelia ya menya naneke tso didi ma ŋu o ta.” Be míase ale si esia ate ŋu adzɔe gɔme la, bu kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ.

Kofi ɖe Ama, ame si le teƒe si didi tso wo dedu gbɔ kilometa gbogbo aɖewo. Hafi woaɖe srɔ̃ la, Ama kpɔe do ŋgɔ be ʋuʋu yi nuto yeyea me asesẽ na ye—vevietɔ esi wònye ame si kpea ŋu vie ta. Ke hã, eka ɖe edzi be Kofi akpe ɖe ye ŋu afi ma nanya nɔ na ye. Ama nɔ mɔ kpɔm be Kofi anɔ ye ŋu ahakpe ɖe ye ŋu yeanya exɔlɔ̃wo. Gake nuwo meva le yiyim nenema o. Ðeko Kofi ya nɔa dze ɖom kple exɔlɔ̃ gbogboawo hegblẽa Ama, si nye ame yeye le teƒea la, ɖeɖe ɖi. Ama bui be metsɔa ɖeke le eme na ye o, alo be egblẽ ye ɖi. Ebia eɖokui be: ‘Nu ka tae Kofi mebua ame ŋu o ale?’

Ðe Ama ƒe didia nye esi mate ŋu ava eme oa? Menye nenemae kura o. Ðeko wòdi be ye srɔ̃a nakpe ɖe ye ŋu teƒe yeyea nama ye. Ŋu kpea Ama, eye esesẽna nɛ ŋutɔ be wòado ɖe ame yeye gbogbowo dome. Gake nya lae nye be Ama meɖe eƒe seselelãme sia gblɔ na Kofi kpɔ o. Eya ta Kofi menya nu si me tom Ama le o. Ne womewɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o la, nu kae ava adzɔ? Ama anɔ dziku dom ɖe edzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, abui be ye srɔ̃a metsɔ ɖeke le yeƒe seselelãmewo me kura o.

Ðewohĩ wò hã èse le ɖokuiwò me be mɔkpɔkpɔ bu ɖe ye, eye dzi ɖe le ye ƒo esi wòdze abe srɔ̃wò mele ɖeke tsɔm le wò nuhiahiãwo me o ene. Ne edzɔ alea la, nu kae nàte ŋu awɔ?

Ðe Nya La Gblɔ

Mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o ate ŋu ate ɖe ame dzi ŋutɔ. (Lododowo 13:12) Ke hã, àte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ne edze nunya heƒoa nu nunyatɔe la ate ŋu aƒo nya ɖe amewo nu.” (Lododowo 16:23, Contemporary English Version) Eya ta ne èkpɔe be womele nane si sɔ si yele mɔ kpɔm na gbɔ kpɔm na ye o la, ɖee gblɔ na wò kpeɖeŋutɔa.

Dze agbagba nàdi ɣeyiɣi si sɔ, teƒe si sɔ, kple nya siwo sɔ nàtsɔ aɖe wò dzimedidiwo agblɔ. (Lododowo 25:11) Ƒo nu tufafatɔe kple bubudeameŋutɔe. Wò taɖodzinua nenɔ susu me na wò—menye be nàbu fɔ wò kpeɖeŋutɔa o, ke boŋ be nàna wòanya wò didiwo kple wò seselelãmewo.—Lododowo 15:1.

Nu ka ta kurae wòle be nàwɔ esia ɖo? Ðe mele be kpeɖeŋutɔ ameŋubula nakpɔ wò nuhiahiãwo adze sii oa? Ate ŋu adzɔ be srɔ̃wòa mele nuawo kpɔm abe ale si nèle wo kpɔmee ene o, eye alɔ̃ faa ase nu gɔme na wò ne eɖe nuwo me nɛ. Ne èɖe wò didiwo kple hiahiãwo gblɔ la, mefia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea mekpɔ dzidzedze o, alo be wò kpeɖeŋutɔa nye ameŋumabula o.

Eya ta megahe ɖe megbe o, mia kple srɔ̃wò milé nyawo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, le kpɔɖeŋu si do ŋgɔ me la, Ama ate ŋu agblɔ na Kofi be: “Meɖe kuku ènya, esesẽna nam ŋutɔ be mado ɖe ame gbogbowo dome. Ne anya wɔ la, manɔ kpekpem ɖe ŋunye vivivi va se ɖe esime manya amewo katã oa?”

‘Ðe Abla Le Nusese Me’

Fifia bu nyaa ŋu le mɔ bubu nu kpɔ. Tsɔe be srɔ̃wò yɔ hegblɔ na wò be dzi mele ye dzɔm o, elabena mele yeƒe didi aɖe si sɔ dzi wɔm na ye o. Ne edzɔ alea la, ɖo to srɔ̃wòa! Megadze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta o. Ke boŋ ‘nàɖe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, eye nànɔ blewu hã le dziku me.’ (Yakobo 1:19; Lododowo 18:13) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.”—Korintotɔwo I, 10:24.

Àte ŋu awɔ esia ne ètsɔ ɖokuiwò ɖo srɔ̃wòa teƒe. Biblia gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me” alo le J. B. Phillips ƒe Biblia ƒe nya nu la, “mi srɔ̃ŋutsuwo la, ele be miadze agbagba ase nu gɔme na mia srɔ̃ siwo mia kpli wo mieli la.” (Petro I, 3:7) Nenema ke wòle be srɔ̃nyɔnuwo hã nadze agbagba ase nu gɔme na wo srɔ̃wo.

Ðo ŋku edzi be aleke kee mia kple srɔ̃wòa mieɖasɔ na mia nɔewo o, miaƒe nukpɔsusuwo masɔ le nya sia nya me o. (Kpɔ aɖaka si nye “Wole Teƒe Ðeka, Le Nu Vovovo Kpɔm.”) Le nyateƒe me la, esia nyo, elabena enyo be woabu nyawo ŋu abe ale si ame bubu hã le ebumee ene. Le ƒome kple nuto si me mietso ta la, mɔkpɔkpɔ vovowoe nɔ mia kple srɔ̃wò si mitsɔ ge ɖe srɔ̃ɖeɖe me. Esia ate ŋu ana be togbɔ be mielɔ̃ mia nɔewo vevie hã la, miaƒe didiwo ya ato vovo.

Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu anya tanyenye ƒe gɔmeɖose si le Biblia me la nyuie. (Efesotɔwo 5:22, 23) Gake aleke wòle be woawɔ tanyenyea ŋu dɔ le miaƒe ƒomea me, eye aleke wòle be woaɖe ɖokuibɔbɔ afiae? Ðe Biblia me gɔmeɖose sia kplɔa mi ame evea siaa, eye miedzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe ɖe wo nua?

Miaƒe nukpɔsusuwo ate ŋu ato vovo le nya bubu siwo ku ɖe gbe sia gbe gbenɔnɔ ŋu ŋuti. Ame kae awɔ aƒemedɔ aɖewo? Ɣekaɣie miayi aɖasrã ƒometɔwo kpɔ, eye ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ? Aleke srɔ̃tɔ Kristotɔwo aɖee afia be yewotsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me? (Mateo 6:33) Le ganyawo gome la, woate ŋu anyi fe bɔbɔe, eya ta anyo be woazã ga nyuie ahalé be nɛ. Ke hã, nu kae beléle na ga kple ezazã nyuie fia? Ehiã be woadzro nya siawo tɔgbi me tso dzi me faa bubutɔe bene wòaɖe vi.

Nyawo me dzodzro alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ tomefafa geɖe le wò srɔ̃ɖeɖea me, nenye be nu siwo nèkpɔ mɔ na dometɔ aɖewo mekpɔ va eme haɖe o hã. Esia awɔe be anɔ bɔbɔe na wò be nàwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.”—Kolosetɔwo 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

WOLE TEƑE ÐEKA, LE NU VOVOVO KPƆM

“Tsɔe be tsaɖila gbogbo aɖewo le teƒe dzeani aɖe kpɔm. Togbɔ be nu ma ke ko kpɔm wo katã wole hã la, ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔnɛ toa vovo na nɔvia tɔ. Nu ka tae? Elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi tre ɖe teƒea ƒe akpa vovovo hafi le ekpɔm. Ame eve aɖeke meli siwo tsi tre ɖe afi ɖeka o. Hekpe ɖe eŋu la, menye teƒe ɖeka tututu ko kpɔm wo katã wole o. Ame sia ame le nu bubu si nya kpɔ nɛ wu la kpɔm. Nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe me. Ne wosɔ na wo nɔewo aleke ke hã, ame eve aɖeke ƒe susu mesɔ le nyawo ŋu pɛpɛpɛ o. . . . Dzeɖoɖo ƒe akpa aɖee nye be woadze agbagba ana nukpɔsusu vovovo siawo nade nu wo nɔewo me le ŋutilã ɖeka ƒe ƒomedodo me. Esia bia be woadi ɣeyiɣi aɖo dze.”—Gbetakpɔxɔ, August 1, 1993, axa 4.

[Aɖaka si le axa 11]

NU SI NÀTE ŊU AWƆ FIFIA

• Gbugbɔ dzro wò mɔkpɔkpɔwo me. Ðe wonye mɔkpɔkpɔ siwo ate ŋu ava emea? Ðe nèle mɔ kpɔm na nu geɖe tso srɔ̃wò gbɔ wu ale si dzea?—Filipitɔwo 2:4; 4:5.

• Dze agbagba nàɖɔ mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe si mate ŋu ava eme o la ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nànɔ gbɔgblɔm be, “Míado kpo nugɔmesese na mía nɔewo gbeɖe o la,” ɖoe wò taɖodzinu be yeawɔ ye tɔ sinua hena nyawo gbɔkpɔkpɔ le ŋutifafa me boŋ.—Efesotɔwo 4:32.

• Ðe wò mɔkpɔkpɔwo gblɔ. Nyawo ɖeɖe gblɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi wotona srɔ̃na ale si woaɖe lɔlɔ̃ afia amewo ahade bubu wo ŋu.—Efesotɔwo 5:33.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le toɖoɖo nu siwo le fu ɖem na srɔ̃wò me la, ‘ɖe abla le nusese me’