Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Biblia meƒo nu tso kpluwo kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na ame ŋu o, ke nu ka tae Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le eme o?
Kpluwo kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na ame nye nuwɔna aɖe si bɔ tso gbe aɖe gbe ke, togbɔ be ale si wowɔnɛ ate ŋu ato vovo tso teƒe yi teƒe hã. Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo kpɔa gome le nuwɔna sia me la katã kpea woƒe kpluawo ɖekae. Zi geɖe la, ame si doe ɖa gbã la biaa nudzedziname, agbe didi, lãmesẽ kple bubuawo na ame aɖe. Ame siwo le gome kpɔm le nuwɔna sia me kɔa gbe dzi lɔ̃na ɖe edzi alo doa woƒe kpluawo ɖe dzi henona aha vi aɖe ɖe nyaa dzi. Ame geɖe bunɛ be naneke megblẽ le kɔnu alo bubudeameŋunu sia ŋu o, gake susu vevi aɖewo tae Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le eme o ɖo.
Menye ɖe Kristotɔwo ya medina be amewo nakpɔ dzidzɔ ahanɔ lãmesẽ me o. Wowu lɛta aɖe si dziɖuha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋlɔ na hameawo nu kple nya siwo gɔme woate ŋu aɖe be, “míebia lãmesẽ na mi,” “minɔ anyi nyuie,” alo “eme nenyo na mi.” (Dɔwɔwɔwo 15:29) Mawusubɔla vavã aɖewo gblɔ na fia siwo nye amegbetɔwo be: “Nye aƒetɔ fia nanɔ agbe tegbee” alo “Fia nenɔ agbe tegbee!”—Fiawo I, 1:31; Nexemya 2:3.
Gake afi kae kpluwo kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na ame ƒe kɔnua dzɔ tso? January 1, 1968, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ yɔ nya tso The Encyclopædia Britannica (1910), Babla 13, ƒe axa 121 me gblɔ be: “Anɔ eme godoo be, ahanono ahabia ‘lãmesẽ’ na agbagbeawo nye nuwɔna aɖe si dzɔ tso blemakɔnu aɖe si me wonoa aha tsɔ dea bubu mawuwo kple ame kukuwo ŋu me. Helatɔwo kple Romatɔwo ƒoa aha ɖi na woƒe mawuwo le woƒe nuɖuƒewo, eye wonoa aha tsɔ dea bubu mawuawo kple ame kukuwo ŋu le kplɔ̃ siwo woɖona le azãɖuɣiwo ŋu.” Numekugbalẽa gblɔ kpee be: “Nu si kpena ɖe ahanono ƒe kɔnu siawo ŋu zi geɖee nye ahanono ahabia dzɔgbenyuie na agbagbeawo.”
Ðe gɔmesese ma gale eŋu kokokoa? Agbalẽ si ŋkɔe nye International Handbook on Alcohol and Culture si wota le ƒe 1995 me, gblɔ be: “Anɔ eme be, [kpluwo kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na ame] nye agbemenuwɔna aɖe si dzɔ tso tsiƒoɖi ƒe kɔnu si wowɔna le blema me, esiwo me woƒoa tsi kɔkɔe aɖe ɖi na mawuwo: etea ŋu nyea ʋu alo wein si wokɔ ɖi hebia dzɔgbenyuie, alo gbe aɖe si wodona ɖa kpuie be, ‘míebia agbe didi!’ alo ‘míebia lãmesẽ na mi!’”
Le nyateƒe me la, menye ɣesiaɣie mawusubɔla vavãwo tsria nane, nukpɔsusu aɖe, alo nuwɔna aɖe le esi wòdzɔ tso alakpasubɔsubɔ me alo sɔ kple nane si wowɔna le eme tsã la ta o. Bu yevuboɖa ŋu kpɔ. Biblia gɔmeɖegbalẽ xɔŋkɔ aɖe gblɔ be: “Ewɔ abe yevuboɖa nye nu kɔkɔe aɖe na trɔ̃subɔlawo hã tsã le woƒe subɔsubɔ me ene.” Ke hã, Mawu na wowɔ yevuboɖawo ɖe nunɔlagã la ƒe awu toga godoo va kpe, eye wotsɔ yevuboɖawo ɖo atsyɔ̃ na akɔblisɔti siwo nɔ Salomo ƒe gbedoxɔa me. (Mose II, 28:33; Fiawo II, 25:17) Gawu la, gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔ srɔ̃ɖesigɛ ŋu kpɔ le subɔsubɔnyawo me. Gake egbea, ame geɖe menya esia o, ɖeko wobunɛ be enye dzesi be ame aɖe ɖe srɔ̃.
Ke aha zazã le subɔsubɔkɔnu aɖe me ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, Sixemtɔ Baal subɔlawo ‘yi ɖe woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye wodo ɖiŋu na Abimelex,’ si nye Gideon ƒe vi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:22-28) Ðe nèsusu be Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ate ŋu akpɔ gome le ahanono ma me, ɖewohĩ abia be mawu aɖe nahe dzɔgbevɔ̃e va Abimelex dzia? Esime Amos nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi aɖe si me Israel vi geɖe dze aglã ɖe Yehowa ŋu ŋuti la, egblɔ be: “Wodraa afɔ . . . le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.” (Amos 2:8) Ðe Mawu subɔla vavãwo akpɔ gome le nuwɔna ma me, eɖanye ɖe woƒo aha ɖe anyi na woƒe mawuwo loo alo aha ko nom wole le wɔna mawo mea? (Yeremya 7:18) Alo ɖe Mawu subɔla vavã aɖe ate ŋu ado kplu ɖe dzi ahabia be mawu aɖe nana ame aɖe ƒe etsɔme nanyoa?
Nukutɔe la, Yehowa subɔlawo do woƒe asiwo ɖe dzi ɣeaɖewoɣi hebia yayra. Wodo woƒe asiwo ɖe dzi na Mawu vavã la. Biblia gblɔ be: “Salomo te ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ . . . eye wòke eƒe abɔwo do ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawu aɖeke mele abe wò ene [o] . . . Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nàsee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsɔe ke.” (Fiawo I, 8:22, 23, 30) Nenema ke, “Ezra kafu Yehowa, . . . eye dukɔ la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.” (Nexemya 8:6; Timoteo I, 2:8) Ðikeke mele eme o be, menye dzɔgbenyuie ƒe mawu aɖee nuteƒewɔla siawo do asi ɖe dzi na bene wòayra yewo o.—Yesaya 65:11.
Ðewohĩ ame geɖe siwo kpɔa gome le kpluwo kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na amewo me la masusui be yewole yayra biam tso mawu aɖe gbɔ o, gake womate ŋu aɖe nu si ta wodoa kpluawo ɖe dzi hã me o. Ke hã, nyateƒe si wònye be womenya nu si wònye yewowɔna o la, mefia be ele be Kristotɔ vavãwo hã nasrɔ̃ woƒe dzesi siawo kokoko o.
Ame geɖe nyae be dzesi bubu aɖewo hã li siwo ame akpa gãtɔ wɔna, gake Yehowa Ðasefowo ya mewɔna wo o. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe wɔa dzesi aɖewo le dukɔteƒenɔnuwo alo aflagawo ŋkume; womebua nuwɔna siawo be wonye subɔsubɔdzesiwo o. Kristotɔ vavãwo metsia tre ɖe dzesi siawo wɔwɔ ŋu o, gake woa ŋutɔwo mewɔa wo o. Esi Ðasefo geɖe nya ɣeyiɣi siwo me woawɔ wɔna siawo la, wowɔ nu aɖaŋutɔe be woagaɖia amewo nu o. Le goawo katã me la, woɖoe kplikpaa be yewomawɔ dulɔlɔ̃ ƒe dzesiwo, si nye dada le Biblia ƒe sewo dzi la, ƒe ɖeke o. (Mose II, 20:4, 5; Yohanes I, 5:21) Egbea ɖewohĩ ame geɖe mabu kplu kpekpe ahabia dzɔgbenyuie na ame be enye subɔsubɔdzesi o. Gake, susu vevi aɖewo li si tae mele be Kristotɔwo nakpɔ gome le eme o. Enye nuwɔna si dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me eye egbea gɔ̃ hã amewo bunɛ be enye yayra biabia tso ‘dziƒo’ gbɔ, abe ɖe wole kpekpeɖeŋu biam tso ŋusẽ aɖe si gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu gbɔe ene.—Mose II, 23:2.