Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sidzedze Mawu Aleke Wòanya Wɔe?

Sidzedze Mawu Aleke Wòanya Wɔe?

Sidzedze Mawu Aleke Wòanya Wɔe?

Ame Aɖewo Maka Ðe Edzi Be Mawu Di Vevie Be Yeaɖe Ye Ðokui Afia Amegbetɔwo O. Ne Edi La, Aleke Wòwɔnɛ?

ƑE ALAFA 16 lia me Protestant Ðɔɖɔɖowɔla John Calvin ƒo nya ta wòsɔ nyuie be amegbetɔwo ŋutɔ mate ŋu anya Mawu le wo ɖokui si o, negbe ɖee Mawua ŋutɔ ɖe eɖokui fia wo hafi. Gake ame aɖewo maka ɖe edzi be Mawu di vevie be yeaɖe ye ɖokui afia amegbetɔwo o. Ke ne edi vevie la, aleke wòwɔnɛ?

Susu aɖe tae Yehowa, amesi nye ‘Wɔla Gã’ la, wɔa nusianu si wòwɔna la ɖo. Azɔ hã, abe “Mawu ŋusẽkatãtɔ” ene la, esu gosu ana eƒe tameɖoɖowo katã nava eme. (Nyagblɔla 12:1; Mose II, 6:3) Míate ŋu aka ɖe edzi be edina vevie be yeaɖe yeƒe tameɖoɖowo afia amegbetɔwo faa, elabena gbɔgbɔ ʋa eƒe nyagblɔɖila Amos wòŋlɔ bena: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” Gake de dzesii be wogblɔ be Mawu subɔlawo, amesiwo lɔ̃ eyama tso dzi blibo me la, koe wòɖea eƒe tameɖoɖowo fiana. Ðe susu mele esia me oa? Amekae nègblɔa wò dzimenyawo na? Amesiame koe nègblɔnɛ na loo alo xɔwò veviwoe nègblɔnɛ na?—Amos 3:7; Yesaya 40:13, 25, 26.

Nunya kple sidzedze si le Mawu si wɔa nuku na ɖokuibɔbɔlawo ale gbegbe, eye esɔ nenema hã. Ke hã, hafi mawumenunya kple sidzedze naɖe vi na mía dometɔ ɖesiaɖe la, ke menye nuku koe wòle be woawɔ na mí o. Biblia te gbe ɖe edzi be, hafi míate ŋu anya Mawu ƒe tamesusuwo la, ele be mía bɔbɔ mía ɖokui le dzi me. Ebe: ‘Dzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ. Ƒu to anyi ɖe nunya ŋu. Bi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti. Yɔ nunya, eye nàkɔ gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu. Dii abe klosalo ene.’—Lododowo 2:1-4.

Ðokuibɔbɔla si dzea agbagba wɔa nusiawo la ate ŋu ava nya Mawu godoo. Lododowo ƒe agbalẽa me nyawo yi edzi be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.” Ẽ, amesiwo dia nyateƒea tso dzi blibo me la ate ŋu ‘ase dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ kple mɔ nyuiwo katã gɔme.’—Lododowo 2:6-9.

Alesi Wole Nyateƒea Dimee

The Encyclopedia of Religion gblɔ be: “Amegbetɔwo dina godoo be yewoanya vovototo si le nusi li ŋutɔŋutɔ kple esi meli ŋutɔŋutɔ o, nusi ŋu ŋusẽ le kple esi ŋu ŋusẽ mele o, nusi nye nyateƒe kple esi menye nyateƒe o, nusi nye nu kɔkɔe kple esi menye nu kɔkɔe o, nusi me kɔ kple esi me mekɔ o, eye wodina hã be yewoanya nusi nye nugbɔmewɔwɔ kple esi menye nugbɔmewɔwɔ o dome.” Be amewo nate ŋu anya nusiawo la, wodze nyateƒea didi gɔme tso gbaɖegbe ʋĩ ke. Wole nusiawo didi dzi kakaka va trɔ woƒe susu ɖe Yehowa, amesi hakpala la yɔ be ‘Mawu nyateƒetɔ’ la ŋu, si ɖee fia be wowɔ ŋgɔyiyi le edidi me.—Psalmo 31:6.

Ŋkɔ, Yehowa, gɔme ŋutɔŋutɔe nye “Enaa Wòvaa Eme.” (Mose I, 2:4) Eyata gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la gɔ̃ hã he susu yi eƒe Wɔlanyenye kple eƒe tameɖoɖowo dzi. Le nyateƒe me la, ŋkɔ, Yehowa, nyanya kple ezazã dea dzesi subɔsubɔha vavãtɔ. Yesu lɔ̃ ɖe esia dzi. Egblɔ tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le gbedodoɖa me na Mawu be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã manɔ woawo me.”—Yohanes 17:26.

Esi wobia tso blema Hebri-vi, Yosef, si be wòaɖe drɔ̃ewo gɔme la, eɖo ŋu ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ si le woa kple Mawu dome la ŋu hegblɔ kple kakaɖedzi be: “Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu tɔe oa?”—Mose I, 40:8; 41:15, 16.

Le ƒe alafa geɖewo megbe la, Babilon-fia Nebukadnezar ku drɔ̃e aɖe si gɔme eƒe nunyalawo mete ŋu ɖe o. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ na fia la bena: “Mawu aɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nebukadnezar.”—Daniel 2:28.

Yosef kple Daniel ƒe kpɔɖeŋuawo ɖee fia be, amesiwo subɔa Yehowa Mawu ko sie mawumenunya kple sidzedze suna. Gake be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míaɖe asi le nukpɔsusu masɔmasɔ siwo anɔ mía si la ŋu. Nusia tututue ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo la wɔ. Esi wònye be bubu dede Yudatɔwo ƒe sewo ŋu kple wo dzi wɔwɔe wotsɔ kpla wo le woƒe ɣeyiɣia me ta la, ele be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi woate ŋu axɔ Yesu dzi ase be eyae nye Mesia la. Eya ŋue Mose ƒe Se, si nye “nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli,” la ƒo nu tsoe. (Hebritɔwo 10:1; Mateo 5:17; Luka 24:44, 45) Se si va xɔ ɖe eteƒee nye “Kristo ƒe se,” si de ŋgɔ sasasã wu Mose ƒe Sea.—Galatiatɔwo 6:2; Romatɔwo 13:10; Yakobo 2:8.

Xexe si tra ɖa tso Mawu gbɔ mee wodzi mí katã ɖo. Le nuvɔ̃ ƒe dome si míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ ta la, mía kple Mawu dome didi hafi wodzi eye míese eƒe tameɖoɖowo gɔme bliboe o. Alakpadzi hã va le mía si. (Yeremya 17:9; Efesotɔwo 2:12; 4:18; Kolosetɔwo 1:21) Be míazu Mawu xɔlɔ̃wo la, ele be míadze agbagba ana míaƒe tamesusuwo nasɔ kple Mawu tɔ. Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o.

Asiɖeɖe le aʋatso dzixɔsewo alo nuwɔnawo ŋu ate ŋu anye nu sesẽ, vevietɔ ne ɖevime kee woƒã nu siawo ɖe mía me tsoe. Gake ɖe nunya anɔ eme be míayi edzi anɔ mɔ gbegblẽ dzia? Ao! Nunya anɔ eme godoo be míaɖe asi le nukpɔsusu masɔmasɔwo ŋu ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

Mɔ si Dzi Mawu Tona Fiaa Nu la Kpɔkpɔ Adze Sii

Afikae míate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le bene míate ŋu ase Mawu ƒe nya gɔme ahanɔ agbe ɖe enu? Le blema Israel la, Mawu tia nuteƒewɔla aɖewo siwo dzi wòka ɖo be woakplɔ dukɔa. Nenema kee Kristo, amesi nye Kristo-hamea ƒe Ta, hã kplɔa amesiwo tsɔa dzi faa dia nyateƒea lae. Ewɔna esia toa eyomedzela wɔnuteƒe siwo dzi wòka ɖo, siwo nye amesiwo dzi wòtona fiaa mɔ amesiwo le nyateƒea dim tso dzi blibo me eye wòkpɔa wo ta, la dzi. (Mateo 24:45-47; Kolosetɔwo 1:18) Gake aleke ame aɖe awɔ hafi akpɔ mɔ si dzi Mawu tona fiaa nu amewo la adze sii?

Yesu Kristo yomedzela akuakuawo dzea agbagba ɖea nɔnɔme siwo tututu Yesu ɖe fia esime wònye amegbetɔ la fiana. Le xexe sia si le vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi me la, alesi eyomedzela siawo ɖea gbɔgbɔmenɔnɔme siawo fiana nyuie la wɔnɛ be amewo te ŋu kpɔa wo dzea sii bɔbɔe. (Kpɔ aɖaka si le axa 6 lia.) Ðe subɔsubɔha si me nèle alo esiwo me wò aƒelikawo le la me tɔwo ɖea nɔnɔme siawo fianaa? Ade dziwò ŋutɔ be nàtsɔ Biblia aku nya sia mee.

Míele wò, amesi le agbalẽ sia xlẽm la, kpem be nàku nya sia me to Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe si míava wɔ kpli wò la dzi. Le ƒe si va yi me la, ame ɖekaɖekawo alo ƒome siwo wu 6,000,000 ye lɔ̃ faa ɖe mɔ Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kpli wo le dukɔ 235 me. Be mawumenunya kple sidzedze nasu ame si la nye nu dodzidzɔname aɖe si ɖea vi ŋutɔ eye wònɔa ame si sum vivivi. Ðe masɔ ŋutɔ be nàdze mawumenunya kple sidzedzea sɔsrɔ̃ gɔme fifia oa? Enye nusɔsrɔ̃ si mate ɖe dziwò akpɔ o. Ẽ, míate ŋu ava nya Mawu nyuie vavã!

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

AMESIWO WƆA NU ADUADU KPLE MAWU . . . 

medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o.—Yesaya 2:4.

tsea ku nyuiwo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.—Mateo 7:13-23.

ɖea lɔlɔ̃ akuakua fiana wo nɔewo. —Yohanes 13:35; Yohanes I, 4:20.

gblɔa nya ɖeka le afisiafi. —Mixa 2:12.

mesrɔ̃a amesiwo dome wole la ƒe nɔnɔme kple nuwɔna gblẽkuwo o.—Yohanes 17:16.

ɖea gbeƒã nyateƒea hewɔa amewo nusrɔ̃lawoe.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

sea vivi le kpekpe ɖekae hena dzidedeƒo na wo nɔewo me.—Hebritɔwo 10:25.

tsɔa nu sɔsɔe kafua Mawu ɖekae le xexeame katã.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Míate ŋu asrɔ̃ mawumenunya le ame aɖe gbɔ loo, le ƒomea me loo, alo le hamea me