Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Roma-mɔdodowo Nusiwo Wotsɔna Ðoa Ŋku Blemaɖaŋudɔwo Dzii

Roma-mɔdodowo Nusiwo Wotsɔna Ðoa Ŋku Blemaɖaŋudɔwo Dzii

 Roma-mɔdodowo Nusiwo Wotsɔna Ðoa Ŋku Blemaɖaŋudɔwo Dzii

NUKAWOE wotsɔna ɖoa ŋku Roma dzii wu? Ðe nàgblɔ be blema Fefewɔƒegã, si ƒe glikpowo gakpɔtɔ le afima, laea? Ne míedi be míaƒo nu tso Romatɔwo ƒe aɖaŋudɔ siwo nɔ anyi eteƒe didi wu, alo esiwo me wogakpɔtɔ srɔ̃a nu geɖe tsonɛ egbea ŋu la, ekema ele be míabu woƒe mɔdodowo ŋu.

Menye asiʋuwo alo asrafohawo koe to Roma-mɔdodowo dzi o. Blemanuŋɔŋlɔwo ŋuti nunyala Romolo A. Staccioli gblɔ be “nukpɔsusuwo, nutata ƒe aɖaŋuwo, kpakple xexemenunya kple subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo,” siwo dome Kristotɔwo ƒe nufiafiawo hã le, woe tɔ mɔdodoawo dzi kaka ɖe xexeame.

Le blema la, wobua Roma-mɔdodowo be wonye nusiwo wotsɔna ɖoa ŋku edzii. Romatɔwo tsɔ ƒe alafa geɖewo do mɔ nyui geɖe, siwo ƒe didi me wu kilometa 80,000, to teƒe siwo dukɔ 30 kple edzivɔwo le egbea.

Mɔgã, si nye vevitɔ, si wodo gbãe nye Via Appia, alo Appia-mɔ la. Woyɔa mɔ sia, si wodo tso Roma yi ɖe Brundisium (si zu Brindisi egbea), si nye dugã si me amewo yi ɖaɖoa meli le yia Ɣedzeƒeduwo me le la, be mɔdodowo katã ƒe fia. Esi wònye Roma-dziɖuɖumegã Appius Claudius Caecus ye dze mɔ sia dodo gɔme le ƒe 321 D.M.Ŋ. me tae woyɔe be Appia-mɔ ɖo. Roma-mɔdodo bubuwoe nye Salaria-mɔ la kple Flaminia-mɔ la; woa kple evea siaa yi ɖato Balkan-nutowo kpakple Rhine kple Danube nutowo me, heɖo ta Adriatic-ƒu si le ɣedzeƒe lɔƒo la gbɔ. Aurelia-mɔ la hã nye mɔdodo bubu si ɖo ta Gaul kple Iberia ƒukpo sueawo gbɔ le dziehe gome, eye Ostiensis-mɔ la hã ɖo ta Ostia, si nye Romatɔwo ƒe melidzeƒedu si me amewo ɖoa meli le yia Afrika gagbɔna.

Mɔ Gãtɔ Kekeake si Romatɔwo Do

Mɔwo dodo nɔ vevie na Roma xoxoxo hafi dua me tɔwo va te mɔ yeyewo dodo gɔ̃ hã. Afisi blema mɔwo va de nu wo nɔewo me le, le afisi koe wotsoa Tiber-tɔsisia le kple afɔ, ye wotso Roma-dua ɖo. Blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be Romatɔwo srɔ̃ mɔdodoɖaŋuwo tso Carthagitɔwo gbɔ bene woatsɔ atrɔ asi le woƒe mɔwo ŋu ne wòanyo ɖe edzi. Ke hã, anye be Etrucanitɔwo gbɔ koŋue Romatɔwo srɔ̃ mɔwo dodo tsoe. Mɔ siwo Etrucanitɔwo do, siwo womegazãna o la, gakpɔtɔ li wokpɔna egbea. Gawu la, mɔ aɖewo nɔ anyi siwo amewo tona hafi wotso Roma-dua. Woanya kplɔa lãwo toa mɔ siawo dzi yia gbeɖuƒe vovovowoe. Ke hã, mɔ mawo dzi zɔzɔ sesẽ elabena ʋuʋu nɔa wo dzi le dzomeŋɔli eye ba hã nɔa wo dzi le tsidzaŋɔli. Zi geɖe la, mɔ xoxo siawo teƒee Romatɔwo doa woƒe mɔwo ɖo.

Romatɔwo doa woƒe mɔwo ŋuɖɔɖotɔe eye wodoa wo wosẽna, wodzi zɔzɔ nɔa bɔbɔe, eye wonya kpɔna hã. Zi geɖe la, woɖea mɔawo toa teƒe si tsɔ kpuie wu yia du, alo afisi wodo wo yinae la, si wɔe be mɔawo dometɔ geɖe dzɔ tẽ. Ke hã, alesi anyigbaa le ŋutɔ hã kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòle be woado mɔae dzi. Le nuto siwo me to kple togbɛwo le me la, Roma-mɔawo dolawo doa mɔawo toa toawo kɔgo eye ne anya wɔ la, ɖe eƒe akpa si me ŋdɔ ʋuna le. Esia wɔnɛ be  yame ƒe nɔnɔme meɖea fu na mɔa zɔlawo fũ akpa o.

Gake aleke koŋue Romatɔwo doa woƒe mɔwoe? Vovototo viviviwo le alesi wodo wo dometɔ ɖesiaɖe me ya, gake nusi ŋu tomenukulawo ke ɖo enye si.

Gbã la, wotaa afisi woado mɔa atoe. Anyigbadzidzela siwo nɔ anyi ɣemaɣie wɔa dɔ sia. Emegbe asrafowo loo, agbatedɔwɔlawo loo, alo kluviwo, kua anyigba ale be woado mɔa. Woɖea tsisiƒe eve ɖe mɔa ƒe go eveawo dzi. Tsisiƒeawo dome didina meta 2.4 ya teti, gake zi geɖe la, wo dome didina meta 4, eye le teƒe siwo mɔa xa le gɔ̃ hã la, wo dome gadidina wu. Mɔ siwo wodo vɔ la ƒe kekeme te ŋu dea meta 10, ne wobu afɔtoƒe siwo le eƒe go eveawo dzi kpee. Azɔ wolɔa ke si le tsisiƒe eveawo dome la katã ɖa. Ne wolɔe kakaka va ke ɖe anyigba ƒuƒuia ŋu ko la, wokɔa kpe ƒomevi vovovo etɔ̃ alo ene ɖe edzi, le agbaka me. Wokɔa kpe gã  glidzadzawo ɖe edzi gbã. Emegbe wokɔa kpeku alo kpe gbadzɛ siwo wotsɔ simiti nyã la ɖe edzi. Eye wokɔa kpeku wuwluiwo ɖe edzi hetenɛ nyuie.

Zi geɖe la, kpekui siwo wote nyuie lae Roma-mɔdodowo nyena. Ke hã, mɔ siwo woɖo koŋ do nyuie lae dzea blematɔwo ŋu. Woɖoa kpe gbadza, siwo wotsɔ agakpe siwo woakpɔ le nutoa me wɔe la, ɖe mɔ siawo dzi. Wowɔa mɔa ƒe titina wòkɔa kpo vie ale be ne tsi dza la, wòate ŋu asi ayi ɖe tsisiƒe siwo woɖe ɖe mɔa ƒe go eveawo dzi me. Mɔawo dodo aleae wɔnɛ be wonɔa anyi eteƒe didina, eye ɖewo gakpɔtɔ li va ɖo egbe wotsɔ ɖoa ŋku blemaɖaŋudɔwo dzii.

Blemaŋutinyaŋlɔla, Byzantiumtɔ, Procopius yɔ Appius-mɔ la, le edodo ƒe 900 aɖewo megbe, be “nukunu.” Eŋlɔ tso kɔnkreti-kpe siwo woɖo mɔa dzi ŋu be: “Togbɔ be ƒe gbogbo aɖewoe nye esia si wodo mɔ sia, eye wokua agba gbogbowo toa edzi gbeawotsyogbe hã la, nu boo aɖeke megblẽ le eƒe nɔnɔme ŋu o, eye edzi hã gakpɔtɔ zrɔ̃ nyuie.”

Aleke wowɔ do mɔ siawo to dzɔdzɔmenu siwo te ŋu doa kplamatse mɔwo dodo, abe tɔsisiwo ene, la tae? Nu vevi siwo wowɔ la dometɔ ɖekae nye tɔdzisasrãwo, si dometɔ aɖewo gakpɔtɔ li va ɖo egbea, eye wole kpe ɖom alesi blema Romatɔwo te ŋu wɔ aɖaŋudɔ tɔxɛwoe dzi la. Mɔ siwo Romatɔwo do to tome la ŋuti nyawo koe manya de du tututu o, ke hã, aɖaŋu kple dɔwɔnu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ɖee fia be tomemɔ siawo boŋ dodoe sesẽ wu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: ‘Mɔ siwo wodo le Roma la nye esi tɔgbe womagate ŋu ado o hena ƒe alafa geɖewo.’ Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye tomemɔ si wodo le Furlo, le Flaminia-mɔa dzi. Le mɔa dolawo ƒe dzadzraɖo nyui wɔwɔ le ƒe 78 M.Ŋ. me vɔ megbe la, woɖe tomemɔ si ƒe didime nye meta 40, eye eƒe kekeme nye meta 5, eye eƒe kɔkɔme hã meta 5 la, to agakpe sesẽ aɖe me. Nu gã aɖee wònye wolã, elabena mɔdomɔ̃ gã siwo li egbea la menɔ anyi ɣemaɣi o. Mɔ ma dodoe nye dɔ gãtɔ kekeake siwo amegbetɔwo wɔ kpɔ la dometɔ ɖeka.

Mɔzɔlawo Kple Nusiwo Wosrɔ̃ tsɔ Dzoe

Asrafowo kple asitsalawo, mawunyagblɔlawo kple tsaɖimɔzɔlawo, fefewɔlawo kple yivuwɔlawo toa mɔ siawo dzi. Afɔzɔlawo te ŋu zɔna kilometa 25 va ɖo 30 gbeɖeka. Woɖi didimefiadzesikpewo, si kpena ɖe mɔzɔlawo ŋu wonyaa mɔ si wozɔ la ƒe didime kple esi susɔ woazɔ hafi woaɖo la, ɖe mɔawo to keŋ. Ne ame nya zɔ Romatɔwo ƒe mael ɖeka—si nye  meta 1,480—ɖesiaɖe ko la, akpɔ kpe sia, si womena ɖe nɔnɔme vovovowo me, gake akpa gãtɔ nye esi womli la. Agbadroƒewo hã nɔ mɔawo dzi, afisi mɔzɔlawo ɖina, heɖoa tasiaɖam bubu le loo, ƒlea nu ɖuna le loo, alo tsina dɔna ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Gbɔɖemeƒe siawo dometɔ aɖewo va zu duviwo.

Hafi ne Kristotɔnyenye nado la, Kaisaro Augusto dze mɔdzadzraɖodɔ aɖe gɔme. Eɖo dɔnunɔlawo be woakpɔ mɔawo dzadzraɖo dɔa dzi. Ena woɖi dzesikpe tɔxɛ aɖe si woyɔna le Italygbe me be miliarium aureum, si gɔmee nye sika-didimefiadzesikpe la, ɖe Romatɔwo ƒe Takpeƒegã la me. Dzesidekpe sia, si dzi wotsɔ gadzẽ si ŋu wofa sika ɖo ŋlɔ nu ɖo la, gbɔe Roma-mɔdodo siwo katã le Italy la yi ɖatɔ ɖo. Emae na wodoa lo be: “Mɔwo katã yi ɖe Roma.” Augusto na wota mɔdodo siwo katã le fiaɖuƒea me la ɖe agbalẽ dzi da ɖi be amewo nava nɔ kpɔkpɔm. Edze abe hiahiã kple dzidzenu siwo li ɣemaɣi nue wodo mɔawo katã ɖo ene.

Blema mɔzɔla aɖewo gɔ̃ hã zãa mɔfiagbalẽwo, alo mɔtabiagbalẽwo, tsɔ zɔa mɔawoe bɔbɔe. Agbadroƒewo alo gbɔɖemeƒewo ƒe didime tso wo nɔewo gbɔ kpakple nusiwo woate ŋu akpɔ le teƒe siawo la ŋuti nyatakakawo nɔa agbalẽ siawo me. Gake agbalẽ siawo xɔa asi ale gbegbe be menye amesiamee te ŋu ƒlenɛ o.

Ke hã, Kristotɔ nyanyuigblɔlawo wɔ ɖoɖo zɔ mɔ didiwo zi geɖe. Apostolo Paulo, ɖoa ŋu ɖe yaƒoƒoa ŋu, zɔa ƒudzimɔ yina ɖe ɣedzeƒeduwo me, abe alesi eŋɔlimetɔwo wɔnɛ ene. (Dɔwɔwɔwo 14:25, 26; 20:3; 21:1-3) Le Mediterranea-ƒua dzi la, yaa ƒona tsoa ɣetoɖoƒe le dzomeŋɔliwo. Gake ne Paulo trɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe gome la, Roma-mɔwoe wòtona. Mɔzɔɖoɖo siawo dzie Paulo zɔ ɖo le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia kple etɔ̃lia me. (Dɔwɔwɔwo 15:36-41; 16:6-8; 17:1, 10; 18:22, 23; 19:1) * Le 59 M.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo to Appius-mɔ la va yina Roma, eye wòdo go haxɔsetɔwo le Apiforo, alo Appius-takpeƒegã, si woɖia asi le ŋutɔ la, le Roma ƒe anyieheɣedzeƒe gome, esime wòsusɔ kilometa 74 wòaɖo Roma. Ame bubuwo hã nɔ elalam le gbɔɖemeƒe si le Tretaberne, esime wòsusɔ kilometa 14 ne wòaɖo Roma. (Dɔwɔwɔwo 28:13-15) Le ƒe 60 M.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo te ŋu gblɔ be woɖe gbeƒã nyanyuia le “xexe blibo la katã” si wonya ɣemaɣi la me. (Kolosetɔwo 1:6, 23) Mɔdodoawo hã wɔ akpa vevi aɖe le esia wɔwɔ me.

Eyata Roma-mɔdodowo nye ŋkuɖodzinu ɖedzesi siwo li ɖaa—kple esiwo dzi woto kaka Mawufiaɖuƒeŋutinya nyuia le xexeame.—Mateo 24:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Kpɔ anyigbatata si le “Kpɔ Anyigba Nyui la Ða,” si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe axa 33.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Didimefiadzesikpe si nɔa Roma mɔwo to

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mɔ si wodo le blema Ostia, Italy

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Blema tasiaɖamwo ƒe afɔteƒewo, Austria

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Roma-mɔdodo aɖe si to didimefiadzesikpewo le, Yordan

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Appia-mɔ si to Roma-dua xa

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Miame, Ostia: ©danilo donadoni/Marka/age fotostock; ɖusime, mɔ si to woɖi didimefiadzesikpe ɖo: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yɔdo gbagbã siwo le Appia-mɔa to, le Roma-dua godo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Furlo-tomemɔ si le Flaminia-mɔa dzi, le Marche-nutoa me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Tiberio ƒe tɔdzisasrã si le Emilia-mɔa dzi le Rimini, Italy

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Paulo do go haxɔsetɔwo le Apiforo, alo Appius-takpeƒegã, si woɖia asi le ŋutɔ la