Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èkpɔa Dzidzɔ Ŋutɔŋutɔa?

Èkpɔa Dzidzɔ Ŋutɔŋutɔa?

 Èkpɔa Dzidzɔ Ŋutɔŋutɔa?

ANYO be nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe dzi dzɔam ŋutɔŋutɔa?’ Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo le agbagba dzem be yewoanya alesi wò, alo amewo aɖo nya sia ŋui. Gake esia nyanya mele bɔbɔe o. Woate ŋu atsɔ alesi woawɔ anya nenye be dzi le ame dzɔm ŋutɔŋutɔ la asɔ kple didi be woanya alesi gbegbe ŋutsu aɖe lɔ̃ srɔ̃ae, alo didi be woanya alesi gbegbe amewo xaa nui ne woƒe ƒometɔ aɖe ku. Ame mete ŋu nyaa alesi tututu nɔvia sena le eɖokui me o. Gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya nyateƒenya vevi sia be: Ame ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ dzidzɔ.

Togbɔ be ɖe wowɔ mí be míakpɔ dzidzɔ hã la, kuxi sesẽwo wɔe be míegakpɔa dzidzɔ kura o. Se nudzɔdzɔ sia ɖa: Le du aɖewo me la, amesiwo AIDS wu la yɔ ameɖibɔwo me gbagba. Ameɖibɔ dzikpɔlawo ƒe amegãwo na wole amesiwo woɖi xoxoxo la hom bene woaɖi yeyewo ɖe wo teƒe. Le Afrika ƒe akpa aɖewo la, amekukuɖaka kpakpa va zu dɔ si koŋ ame geɖe wɔna. Eye afika kee nèɖale o, àkpɔe be dzi mele amesiwo dze dɔ vevie alo amesiwo ƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ viviwo ku la dzɔm kura o.

Ke le dukɔ siwo me nuwo de amewo dzi le me ya ɖe? Nuwo ƒe tɔtrɔ kpata ate ŋu awɔe be ga dome nagblẽ na amesiwo medzra ɖo ɖe eŋu o la enumake. Le Amerika la, ehiã be ame geɖe siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la nagava di dɔ awɔ, le esi womele dzudzɔxɔxɔledɔme ƒe ga xem na wo o ta. Zi geɖe la, ƒomewo tsɔa woƒe ga katã xea kɔdzifewoe. Senyawo ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Ne amesiawo va gblɔ woƒe ga kple lãmesẽ kuxi sesẽwo nam la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Zi geɖe la, ɖeko wòle be magblɔ na wo be, ‘Ele be nàdzra wò aƒea.’” Ke amesiwo ga menye kuxi aɖeke na o ya ɖe? Ðe dzidzɔmakpɔmakpɔ ate ŋu aɖe fu na woawo hã?

Ame aɖewo ƒe agbe sɔ kple hakpala xɔŋkɔ Richard Rodgers tɔ. Wogblɔ le ŋu be: “Ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu na ame gbogbowo kpɔ dzidzɔ de eyama nu.” Togbɔ be eƒe hawo nana amewo kpɔa dzidzɔ hã la, eya ŋutɔ ya lé blanui. Nu eve siwo ame geɖe dina vevie—siwo nye ga kple ŋkɔxɔxɔ—la su esi, ke dzidzɔkpɔkpɔ ya ɖe? Agbemeŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “[Rodgers] kpɔ dzidzedze le eƒe dɔa me eteƒe mekɔ o, mɔnukpɔkpɔ gãwo ganɔ ʋuʋu ɖi nɛ, eye wòxɔ Pulitzer Nunana zi eve sɔŋ. Gake dzi medzɔnɛ o eye wòléa blanui zi geɖe.”

Abe alesi nàkpɔe ene la, zi geɖe la, ŋuɖoɖo ɖe kesinɔnuwo ŋu be woana ame nakpɔ dzidzɔ la nyea ame ɖokui beble. Adzɔhawo ŋuti nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si ƒe nyawo wotana ɖe Toronto, Canada, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail me la, ƒo nu tso alesi kesinɔtɔ geɖe xaa nu be “yewo tsi akogo hele dagbadagbam ɖe yame” la ŋu. Gazazã ŋuti ɖaŋuɖola aɖe gblɔ be, ne dzila kesinɔtɔwo tsɔ ga kple nusiwo woate ŋu  atsɔ ga awɔe la le wo viwo kplamee la, “nusiwo ava do nublanuitɔ ɖeviawo emegbe lae wònyena woƒãna zi geɖe.”

Ðe Nu Vavã aɖe Li si ana Woakpɔ Dzidzɔa?

Ne seƒoƒo aɖe awɔ nyuie la, ehiã be woadoe ɖe anyigba nyui dzi, tsi nanɔ eŋu, eye yame ƒe nɔnɔme hã nade edzi. Nenema kee numekulawo kpɔe be nɔnɔme aɖewo nana ame kpɔa dzidzɔ. Esiawo dometɔ aɖewoe nye lãmesẽ; dɔ ɖɔʋu ƒe amesinɔnɔ; nuɖuɖu, dɔƒe, kple nudodo nyuiwo ƒe amesinɔnɔ; nusiwo ame di be yeawɔ la wɔwɔ; kple xɔlɔ̃ veviwo ƒe amesinɔnɔ.

Ðewohĩ màɖe ɖeklemi le nyateƒe si wònye be nusiawo te ŋu naa ame kpɔa dzidzɔ la ŋu o. Gake nu vevi bubu aɖe hã li. Eyae nye sidzedze ‘dzidzɔ ƒe Mawu’ la, amesi ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Timoteo I, 1:11) Aleke sidzedze sia kpena ɖe ame ŋui? Yehowae nye mía Wɔla, eye ewɔ mí be míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Eyata susu le eme be woagblɔ be enya nusi ana míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la. Nyati si kplɔe ɖo gblɔ alesi wòfiaa mɔ si dzi amewo ato akpɔ dzidzɔ si nu meyina o la eɖanye afika kee wole alo nɔnɔme ka ke mee woɖale o.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

© Gideon Mendel/CORBIS

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Abe alesi wòle le seƒoƒowo gome ene la, ehiã be nɔnɔmeawo nade ame dzi hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ