Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Naa Hehe Alẽkplɔlawo Hena Eƒe Alẽha La Dzi Kpɔkpɔ

Yehowa Naa Hehe Alẽkplɔlawo Hena Eƒe Alẽha La Dzi Kpɔkpɔ

 Yehowa Naa Hehe Alẽkplɔlawo Hena Eƒe Alẽha La Dzi Kpɔkpɔ

“Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—LODODOWO 2:6.

1, 2. Nukatae nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo minyana agbanɔamedzi geɖe xɔxɔ le hamea me?

NICK, amesi nye hamemegã ƒe adre enye sia, gblɔ be: “Dzi dzɔm ŋutɔ esi wotiam hamemegãe. Mebu dɔdasi sia be enye mɔnukpɔkpɔ si ana madzi subɔsubɔ si metsɔna naa Yehowa la ɖe edzi. Mese le ɖokuinye me be ele be mada akpe nɛ ɖe nusiwo katã wòwɔ nam la ta. Medi vevie hã be mawɔ nye ŋutete ɖesiaɖe atsɔ akpe ɖe hamea me tɔwo ŋu abe alesi tututu hamemegã bubuawo kpe ɖe nye hã ŋunyee ene.” Togbɔ be dzi nɔ edzɔm hã la, etsi dzi le eɖokui me vie. Nick gblɔ kpee be: “Esi nyemekpɔ xɔ ƒe 30 hafi woɖom hamemegãe o ta la, metsi dzi hebui be nugɔmesese kple nunya siwo nye ŋutete si mehiã hena hamea dzi kpɔkpɔ nyuie la mesu asinye o.”

2 Susu geɖewo li siwo ta wòle be dzi nadzɔ amesiwo Yehowa tia be woakpɔ eƒe alẽhaa dzi ɖo. Apostolo Paulo ɖo ŋku susu siawo dometɔ ɖeka dzi na hamemegã siwo nɔ Efeso, esime wòƒo nu tso Yesu ƒe nya siawo ŋu be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Subɔsubɔ abe hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla ene ʋua nunana Yehowa kple hamea ƒe mɔnukpɔkpɔ bubu ɖi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔdɔwɔlawo naa kpekpeɖeŋu hamemegãwo. Subɔsubɔdɔwɔla siawo kpɔa dɔ gbogbo bubu siwo xɔa ɣeyiɣi geɖe, gake hehiã vevie, hã gbɔ. Lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havi ye ʋãa ŋutsu siawo wowɔa dɔ vevi siawo.—Marko 12:30, 31.

3. Nukatae ame aɖewo hena ɖe megbe le ŋgɔyiyi wɔwɔ be woadze na hamea ƒe agbanɔamedziwo xɔxɔ ŋu?

3 Ke ne nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe le hehem ɖe megbe na ŋgɔyiyi wɔwɔ be wòadze na subɔsubɔdɔwɔla zuzu eye emegbe wòava dze azu hamemegã, le esi wòbui be yemadze na dɔa wɔwɔ o ta, ya ɖe? Abe alesi Nick susui ene la, ɖewohĩ eya hã atsi dzi le eɖokui me be ŋutete siwo hiã be woanye alẽkplɔla nyui mele ye si o. Ne ènye nɔviŋutsu si xɔ nyɔnyrɔ la, amesiwo sena le wo ɖokui me nenema dometɔ ɖekae nènyea? Le susu aɖe nu la, esɔ be nàse le ɖokuiwò me nenema. Elabena Yehowa abia akɔnta hamemegãwo le alesi wowɔa nui ɖe alẽha ŋu. Yesu gblɔ be: “Amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe esi la, woabia nu geɖe wu le esi.”—Luka 12:48.

4. Aleke Yehowa kpena ɖe amesiwo wòtiana be woakpɔ eƒe alẽawo dzi la ŋui?

4 Ðe Yehowa kpɔa mɔ be hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo wòtia natsɔ agbanɔamedziawo eƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea? Ao, ke boŋ ekpena ɖe wo ŋu be woate ŋu atsɔ woƒe agbanɔamedziwo dzidzedzetɔe. Abe alesi míedzro eme le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Yehowa nana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wo, si ƒe kutsetse ƒe akpa vovovoawo kpena ɖe wo ŋu wokpɔa alẽawo dzi le lɔlɔ̃ me. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Galatiatɔwo 5:22, 23) Yehowa ganaa nunya, sidzedze, kple nugɔmesese hã wo. (Lododowo 2:6) Aleke wòwɔa esiae? Mina míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi Yehowa tona naa hehe amesiwo wòtia be woakpɔ eƒe alẽawo dzi me.

 Alẽkplɔla Bibiwo Naa Hehe

5. Aleke Petro kple Yohanes wɔ va zu alẽkplɔla bibiwo?

5 Esime apostolo Petro kple Yohanes nɔ tsitre ɖe Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ŋkume la, ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ ʋɔnudrɔ̃ƒea siwo nye nunyalawo le xexeame, bu apostolo siawo be wonye “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo.” Wonya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, ɖekoe womesrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le rabiwo ƒe suku o. Ke hã, Petro kple Yohanes kpakple nusrɔ̃la bubuawo nye nufiala bibi, siwo ƒe nufiafia ɖo dzi gbɔ na woƒe nyaselawo be wova zu xɔsetɔwo. Aleke ŋutsu siawo wɔ va zu nufiala bibiwo nenema? Esi ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖo to Petro kple Yohanes ƒe nyawo vɔ la, ‘wodze sii bena, woa kple Yesu wonɔ anyi kpɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 4:1-4, 13) Nyateƒee, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Eyata edze ƒã be—ʋɔnudrɔ̃la siwo ƒe ŋku gbã le gbɔgbɔ me kura gɔ̃ hã kpɔe be—Yesu na hehe wo. Esi Yesu nɔ anyi kple apostoloawo le anyigba dzi la, menye alesi woaƒo alẽawo nu ƒu koe wòfia wo o, ke efia alesi woalé be na alẽawo ne wova zu hamea me tɔwo hã wo.—Mateo 11:29; 20:24-28; Petro I, 5:4.

6. Hehenana ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu kple Paulo ɖo?

6 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eyi edzi na hehe amesiwo wòtia be woanye alẽkplɔlawo. (Nyaɖeɖefia 1:1; 2:1–3:22) Le kpɔɖeŋu me, eya ŋutɔ tia Paulo eye wòwɔ ɖoɖo wona hehee. (Dɔwɔwɔwo 22:6-10) Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe hehe si wonae la ŋu, eye eya hã na hehe hamemegã bubuwo. (Dɔwɔwɔwo 20:17-35) Le kpɔɖeŋu me, eku kutri hezã ɣeyiɣi geɖe na hehe Timoteo be wòva zu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o” le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Timoteo II, 2:15) Wova zu xɔlɔ̃ veviwo. Paulo ŋlɔ na Timoteo do ŋgɔ be: “Abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.” (Filipitɔwo 2:22) Paulo mete kpɔ be yeana Timoteo loo alo ame bubu aɖeke nava zu ye yomedzela o. Ke boŋ, ede dzi ƒo na eƒe haxɔsetɔwo be woazu ‘ye srɔ̃lawo, abe alesi ye hã yesrɔ̃ Kristoe ene.’—Korintotɔwo I, 11:1.

7, 8. (a) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be ne hamemegãwo srɔ̃ Yesu kple Paulo la, nu nyuiwo doa go tsoa eme? (b) Ɣekaɣie wòle be hamemegãwo nadze egɔme ana hehe amesiwo ava zu subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemegãwo?

7 Le Yesu kple Paulo sɔsrɔ̃ me la, alẽkplɔla bibiwo lɔ̃na faa nana hehe nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo eye viɖe nyui mawo kee dona tsoa eme. Mina míade ŋugble tso nɔviŋutsu Chad ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Wonyii le aƒe si me edzilawo le subɔsubɔ vovovo me, gake wotiae wòzu hamemegã nyitsɔ laa. Egblɔ be: “Le ƒe geɖe siwo va yi me la, hamemegã bibiwo kpe ɖe ŋunye mewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Esi fofonye nye dzimaxɔsetɔ ta la, hamemegã mawo tsɔ ɖe le eme nam vevie eye wova zu gbɔgbɔ me fofowo nam. Wona hehem nyuie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye emegbe hamemegã aɖe koŋ na hehem le alesi mawɔ hamea me dɔdasiwoe nyuie me.”

8 Abe alesi Chad ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖee fiae ene la, hamemegã bibiwo dzea hehe nana nɔviŋutsu siwo ava zu subɔsubɔdɔwɔla kple hamemegãwo xoxoxo hafi wova dzena wotiaa wo. Nukatae wòhiã be woawɔe nenema? Elabena Biblia de se be ele be subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemegãwo naɖo agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzidzenu kɔkɔwo gbɔ hafi woatia wo be woasubɔ. Ele be “woado amesiawo . . . akpɔ gbã.”—Timoteo I, 3:1-10.

9. Agba kae le alẽkplɔla bibiwo dzi, eye nukatae?

9 Esɔ be woado ŋgɔ ana hehe nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo gbã hafi ado wo akpɔ. Le kpɔɖeŋu me: Ne wobia tso sukuvi aɖe si be wòawɔ dodokpɔ sesẽ aɖe, evɔ nufialawo medo ŋgɔ nae hehe si wòhiã o la, ɖe sukuvia ate ŋu akpɔ dzidzedzea? Edze ƒã be ado kpo nu godoo. Eyata hehenana hiã. Ke hã, nufiala adodoeawo naa hehe sukuviwo menye be wòana woakpɔ dzidzedze le dodokpɔ wɔwɔ me ko o, ke be woate ŋu azã sidzedze si su wo si la nyuie emegbe hã. Nenema ke, hamemegã bibiwo naa hehe to dɔ aɖewo koŋ dede asi na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo be wòakpe ɖe wo ŋu woatu nɔnɔme siwo hiã be woadze na dɔdasiwo xɔxɔ ɖo la me. Wowɔa esia menye kple susu be woakpe ɖe nɔviŋutsu siawo  ŋu be woava dze anye subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemegãwo dzro ko o, ke be woakpe ɖe wo ŋu woate ŋu asu te nyuie ava kpɔ alẽhaa dzi hã. (Timoteo II, 2:2) Gake ele be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔawo ŋutɔ hã nawɔ woƒe akpa dzi eye woadze agbagba vevie be woaɖo nudidi siwo ana woadze ava nye subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemegãwo la gbɔ. (Tito 1:5-9) Ke hã, ne alẽkplɔla bibiwo tso dzime faa na hehe amesiwo le agbagba dzem be yewoadze axɔ agbanɔamedzi geɖe wu la, woate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi kabakaba wu.

10, 11. Aleke alẽkplɔlawo ate ŋu ado ŋgɔ ana hehe amewo be woava dze na agbanɔamedzi bubuwo xɔxɔ?

10 Mɔ kawo koŋ dzie alẽkplɔla bibiwo ate ŋu ato ana hehe ame bubuwo be woakpɔ hamea ƒe dɔdasiwo gbɔ? Gbã la, ele be woatsɔ ɖe le eme na nɔvi siwo le hamea me—awɔ dɔ kpli wo edziedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye woakpe ɖe wo ŋu be woatu woƒe ‘nyateƒea ŋudɔ wɔwɔ nyuie’ ƒe ŋutete ɖo wòanyo ɖe edzi. (Timoteo II, 2:15) Alẽkplɔla bibiwo lɔ̃na faa gblɔa dzidzɔ si dona tsoa ame bubuwo subɔsubɔ me kple dzidzeme si woa ŋutɔwo kpɔna tso gbɔgbɔ me taɖodzinu siwo woɖo kple alesi wowɔ ɖo wo gbɔ me ŋu nya na nɔvi siawo. Wokɔa dɔme faa ɖoa aɖaŋu siwo hiã le alesi nɔviŋutsu aɖe awɔ ŋgɔyiyi be wòava ‘nye kpɔɖeŋu na hamea ŋu.’—Petro I, 5:3, 5.

11 Ne wotia nɔviŋutsu aɖe wòzu subɔsubɔdɔwɔla gɔ̃ hã la, alẽkplɔla bibiwo yia edzi naa hehee. Nɔviŋutsu Bruce, amesi nye hamemegã ƒe  gbogbo aɖewoe nye sia la, gblɔ be: “Ne wotia subɔsubɔdɔwɔla yeye aɖe ko la, menɔa anyi kplii eye meɖena ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ ƒe mɔfiafia siwo dzi wòle be woazɔ ɖo me nɛ. Mía kplii míexlẽa mɔfiame siwo ku ɖe dɔ si wode esi la ŋu, eye meyia edzi wɔa dɔ kplii aduadu vaseɖe esime wònyana eƒe dɔdasia wɔwɔ nyuie.” Ne nuteƒekpɔkpɔ geɖe va le subɔsubɔdɔwɔla aɖe si sum la, woate ŋu ana hehee le alẽawo sasrãkpɔdɔa hã me. Nɔviŋutsu Bruce gblɔ kpee be: “Hafi makplɔ subɔsubɔdɔwɔla aɖe ayi nɔvi aɖe alo ƒome aɖe srã ge kpɔ la, mekpena ɖe eŋu wòtiana mawunyakpukpui aɖewo koŋ siwo ade dzi ƒo na nɔvia alo na ƒomea. Alesi woawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ le mɔ si ade dzi gbɔ na ame nu la nyanya le vevie be subɔsubɔdɔwɔla nate ŋu ava zu alẽkplɔla bibi.”—Hebritɔwo 4:12; 5:14.

12. Aleke alẽkplɔla bibiwo ate ŋu ana hehe hamemegã yeyewoe?

12 Eɖea vi geɖe na hamemegã yeyewo hã ne woyi edzi na hehe wo. Nɔviŋutsu Nick, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ, gblɔ be: “Hehe siwo mexɔ tso hamemegã tsitsi eve aɖewo koŋ gbɔ la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Nɔviŋutsu siawo nya alesi tututu wòle be woakpɔ nya aɖewo gbɔe la nyuie. Ne womeda asi ɖe nye nukpɔsusu le nya aɖe ŋu dzi o kura gɔ̃ hã la, wogbɔa dzi ɖi ɖoa to sea nye nukpɔsusua eye wodea ŋugble tsoa eŋu nyuie. Mesrɔ̃ nu geɖe to ŋkuléle ɖe alesi nɔviŋutsu tsitsi siawo ɖea ɖokuibɔbɔ kple bubu fiana ne wole nu wɔm ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me ŋu la me. Hamemegãwo na meva kpɔ alesi wòle vevie be woazã Biblia nyuie ne wole kuxiwo gbɔ kpɔm alo ne wole dzi dem ƒo na ame aɖe la dze sii.”

Mawu ƒe Nya Naa Hehe Wo

13. (a) Nukae nɔviŋutsu aɖe ahiã hafi wòate ŋu ava zu alẽkplɔla bibi? (b) Nukatae Yesu gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o”?

13 Le nyateƒe me la, sewo, gɔmeɖosewo, kple kpɔɖeŋu siwo alẽkplɔlawo hiã siwo akpe ɖe wo ŋu be ‘woade blibo, eye woanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ le Mawu ƒe Nya, Biblia la, me. (Timoteo II, 3:16, 17) Nɔviŋutsu  aɖe ate ŋu ade suku ayi ŋgɔ nyuie gake Ŋɔŋlɔawo me sidzedze kple alesi wòawɔ wo ŋudɔe nyanyae ana wòava zu alẽkplɔla bibi. Mina míade ŋugble tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eyae nye gbɔgbɔ me alẽkplɔla si si sidzedze, nugɔmesese, kple nunya goglotɔ kekeake nɔ kpɔ le anyigba dzi; ke hã, eya kura gɔ̃ hã meɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya ŋu esime wònɔ nu fiam Yehowa ƒe alẽawo o. Egblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” Nukatae Yesu tsɔ kafukafua na Fofoa si le dziƒo? Eɖe eme be: “Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu.”—Yohanes 7:16, 18.

14. Aleke alẽkplɔlawo ƒoa asa na kafukafu didi na wo ɖokui?

14 Alẽkplɔla wɔnuteƒewo ƒoa asa na kafukafu didi na wo ɖokui. Wotua woƒe aɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenyawo ɖe Mawu ƒe Nya dzi, ke menye ɖe woa ŋutɔwo ƒe nunya dzi o. Woɖoa ŋku edzi be alẽkplɔla ƒe dɔe wònye be wòakpe ɖe alẽawo ŋu be “Kristo ƒe tamesusu” nasu wo si, ke menye hamemegã ŋutɔ ƒe susuwo o. (Korintotɔwo I, 2:14-16) Le kpɔɖeŋu me, ne hamemetsitsi aɖe, si le kpekpem ɖe atsu kple asi aɖe ŋu le woƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxi aɖe gbɔ kpɔkpɔ me, tu eƒe aɖaŋuɖoɖo ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ dzro ko dzi le esi teƒe be wòatui ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple nya siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋlɔ ɖi dzi la, nukae nèsusu be adzɔ? (Mateo 24:45) Ðewohĩ wo gbɔ dekɔnuwo kple eƒe nuteƒekpɔkpɔ si mede ŋgɔ boo o koe akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Enye nyateƒe be dekɔnu aɖewo megblẽ o, eye ɖewohĩ nuteƒekpɔkpɔ geɖe anya su hamemegãa si le agbe me ya. Gake alẽawo kpɔa viɖe geɖe wu ne alẽkplɔlawo de dzi ƒo na wo be woaɖo to Yesu kple Yehowa ƒe gbe tsɔ wu be woaɖo to amegbetɔwo ƒe nunya alo dekɔnu aɖe.—Psalmo 12:7; Lododowo 3:5, 6.

“Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” Naa Hehe Wo

15. Dɔ kae Yesu de asi na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye nusiwo tae wole dzidzedze kpɔm dometɔ ɖeka ɖe?

15 Alẽkplɔlawo abe Petro, Yohanes, kple Paulo ene nye ƒuƒoƒo si Yesu yɔ be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la me tɔwo. Dɔla ƒe ha sia me tɔwo nye Yesu nɔvi siwo le anyigba dzi, siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoaɖu fia kple Kristo le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me la, Kristo nɔvi siwo susɔ ɖe anyigba dzi ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ kuraa. Ke hã, dɔ si Yesu de wo si be woawɔ—si nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia hafi nuwuwua naɖo—la le ta kekem ɖe edzi fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Hekpe ɖe eŋu la, dɔla ƒe ha la le dzidzedze kpɔm ale gbegbe! Nukatae? Nusiwo na wole dzidzedze kpɔm dometɔ ɖekae nye hehe si wona ‘alẽ  bubuawo’ me tɔwo be woakpe ɖe wo ŋu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa wɔwɔ me. (Yohanes 10:16; Mateo 24:14; 25:40) Egbea la, ‘alẽ bubuawo’ me tɔ wɔnuteƒeawoe le dɔa ƒe akpa gãtɔ wɔm.

16. Aleke dɔla ƒe ha la naa hehe ŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewoe?

16 Aleke dɔla ƒe ha la le hehe sia namee? Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wona ŋusẽ dɔla ƒe haa teƒenɔlawo be woana hehe amewo ahatia wo woanye hamemegãwo le hameawo me, eye hamemegã siawo hã na hehe hamea me tɔ bubuwo. (Korintotɔwo I, 4:17) Nenema kee wòle egbea hã. Dziɖuha la—si nye hamemegã amesiaminawo dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe ƒuƒoƒo siwo le dɔla ƒe ha la teƒe—na ŋusẽ eteƒenɔlawo be woana hehe amewo ahatia wo woanye subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemegãwo le hame akpe geɖe siwo le xexea me godoo la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Dziɖuha la wɔa ɖoɖo ɖe sukuwo ŋu be woatsɔ ana hehe Alɔdzekɔmiti me tɔwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemegãwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo le alesi woakpɔ alẽawo dzi nyuie wu me. Wonana mɔfiame bubuwo hã to lɛtawo, nyati siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubuwo abe Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ * ene me dzi.

17. (a) Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe dɔla ƒe ha la dzii? (b) Aleke gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo ate ŋu aɖee afia be yewoka ɖe dɔla ƒe ha la dzii?

17 Yesu ka ɖe dɔla ƒe ha la dzi ale gbegbe be etsɔe ɖo “eƒe nuwo katã”—si nye eƒe gbɔgbɔmenu siwo katã le anyigba dzi la nu. (Mateo 24:47) Alẽkplɔla siwo woɖo la hã ɖee fia be yewoka ɖe dɔla ƒe ha la dzi to wɔwɔ ɖe mɔfiame siwo woxɔna tso eƒe Dziɖuha la gbɔ dzi. Nyateƒee, ne alẽkplɔlawo na hehe ame bubuwo, ne woɖe mɔ Mawu ƒe Nya na hehe wo, eye ne wotsɔ hehe si dɔla ƒe ha la na wo wɔ dɔe la, wonana ɖekawɔwɔ nɔa hameawo me. Ðe mele be míada akpe na Yehowa be ena hehe nɔviŋutsu siwo tsɔa ɖe le eme na Kristo-hamea me tɔ ɖesiaɖe vevie oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke gbɔgbɔ me alẽkplɔla bibiwo naa hehe ame bubuwoe?

• Nukatae alẽkplɔlawo menɔa te ɖe woa ŋutɔwo ƒe nunya dzi fiaa nu o?

• Aleke alẽkplɔlawo ɖenɛ fiana be yewoka ɖe dɔla ƒe ha la dzii, eye nukatae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Kristotɔ hamemegãwo naa hehe nɔviŋutsu ɖekakpui siwo le hamea me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

“Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” naa hehe geɖe hamemegãwo