Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuteƒe Wɔwɔ Na Kristo, Fia La

Nuteƒe Wɔwɔ Na Kristo, Fia La

 Nuteƒe Wɔwɔ Na Kristo, Fia La

“Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.”—DANIEL 7:14.

1, 2. Aleke míewɔ nya be Kristo mexɔ Fiaɖuƒe ŋusẽ bliboe le ƒe 33 M.Ŋ. me o?

DZIÐULA kae atsɔ eƒe agbe ade ku me ɖe eteviwo ta, emegbe wòagagbɔ agbe ahanye fia? Fia kae ate ŋu anɔ agbe le anyigba dzi eye eƒe nɔnɔme ana be eteviwo naka ɖe edzi ahawɔ nuteƒe nɛ, eye emegbe wòaɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo? Amesi ko ate ŋu awɔ esia—hekpe ɖe nu bubu geɖewo ŋu—lae nye Yesu Kristo. (Luka 1:32, 33) Le Kristo ƒe ku, tsitretsitsi, kple dziƒoyiyi megbe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Mawu ‘tsɔ eyama ɖo hamea nu hetsɔ nuwo katã de ete.’ (Efesotɔwo 1:20-22; Dɔwɔwɔwo 2:32-36) Esia fia be Kristo dze fiaɖuɖu gɔme le mɔ sue aɖe nu ɣemaɣi. Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, siwo ƒo ƒu nye gbɔgbɔ me Israel alo “Mawu ƒe Israel,” lae nye etevi gbãtɔ siawo.—Galatiatɔwo 6:16; Kolosetɔwo 1:13.

2 Anɔ abe ƒe 30 kloe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkeke ma megbe la, apostolo Paulo ɖo kpe edzi be Kristo mexɔ Fiaɖuƒe ŋusẽ bliboe haɖe o, ke boŋ ebɔbɔ nɔ anyi “ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, . . . eye tso ekema dzi la ele lalam, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui.” (Hebritɔwo 10:12, 13) Emegbe esi ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. yina eƒe nuwuwu lɔƒo la, apostolo Yohanes si tsi ŋutɔ ɣemaɣi la kpɔ Xexeame Katã Dziɖulagã, Yehowa, wònɔ Kristo Yesu ɖom Dziƒofiaɖuƒe si woɖo yeyee la ƒe Fiae. (Nyaɖeɖefia 11:15; 12:1-5) Ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo teƒe kpɔm míele fifia ɖo kpe edzi kɔte be Kristo te dziɖuɖu abe Mesia Fia ene le dziƒo le ƒe 1914 me. *

3. (a) Tso ƒe 1914 me la, dzidzɔnya bubu kae va kpe ɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui gbedasia ŋu? (b) Nyabiase kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

3 Nyateƒee, tso ƒe 1914 me la, dzidzɔnya bubu aɖe va kpe ɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui gbedasia ŋu. Tso ɣemaɣi la, Kristo te dziɖuɖu abe Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia ene, gake, ‘le eƒe futɔwo titina.’ (Psalmo 110:1, 2; Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 12:7-12) Gawu la, le xexeame godoo la, etevi nuteƒewɔlawo tsɔ dzidzɔ bɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖua te hele gome kpɔm le xexeame katã ƒe Biblia fiafiadɔ si tɔgbe womewɔ kpɔ le ŋutinya katã me o la me. (Daniel 7:13, 14; Mateo 28:18) Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, siwo nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo” subɔna ‘abe ame dɔdɔwo ene le Kristo teƒe.’ Eye Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo’ ƒe ha si le dzidzim ɖe edzi, siwo subɔna abe Mawufiaɖuƒea ƒe dɔtsɔlawo ene la le asi kpem ɖe wo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. (Mateo 13:38; Korintotɔwo II, 5:20; Yohanes 10:16) Togbɔ be ele alea hã la, ehiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nadzro eɖokui me akpɔe ɖa be ɖe yebɔbɔ ye ɖokui ɖe Kristo ƒe dziɖuɖua te vavã hã. Ðe míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ maʋamaʋãe vavã? Aleke míawɔ awɔ nuteƒe na Fia aɖe si le dzi ɖum le dziƒo? Gbã la, mina míadzro susu siwo ta wòle be míawɔ nuteƒe na Kristo ɖo la me.

Fia si ƒe Nɔnɔme Nana Eteviwo Wɔa Nuteƒe Nɛ

4. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nukae wòwɔ tsɔ ɖee fia be yee nye Fia si wotia?

4 Míaƒe nuteƒewɔwɔ na Kristo nɔ te ɖe alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo wòwɔ kple eƒe nɔnɔme ɖedzesiwo ŋu dzi. (Petro I, 1:8) Esime Yesu, si nye Fia si wotia, nɔ anyigba dzi  la, ewɔ nusiwo wòava wɔ ne eva le xexeame katã dzi ɖum, le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la, ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe. Enyi dɔwuitɔwo. Eyɔ dɔ dɔnɔwo, ŋkuagbãtɔwo, nuwɔametɔwo, tokunɔwo, kple aɖetututɔwo. Efɔ ame kukuwo ɖe tsitre gɔ̃ hã. (Mateo 15:30, 31; Luka 7:11-16; Yohanes 6:5-13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nunyanya tso Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ŋu kpe ɖe mía ŋu míenya eƒe nɔnɔme nyui siwo wòaɖe afia, siwo ƒe vevitɔe nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃, ne Eva le anyigba la dzi ɖum le etsɔme. (Marko 1:40-45) Nɔnɔme siwo le Yesu si na be Napoléon Bonaparte gblɔ be: “Mía kple Alexander, Caesar, kple Charlemagne míeɖo fiaɖuƒewo anyi, gake nuka dzie míaƒe dɔ klitsuawo nɔ te ɖo? Akpasesẽ nuwɔwɔ dzie. Yesu Kristo ɖeka koe ɖo eƒe fiaɖuƒea anyi ɖe lɔlɔ̃ dzi, eye vaseɖe egbe la, ame miliɔn geɖewo alɔ̃ faa aku ɖe eta.”

5. Nukatae Yesu ƒe nɔnɔme he amewo ɖe eŋu?

5 Esi wònye Yesu ƒe dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzime ta la, eƒe nufiafiawo kple nɔnɔme nyuiwo na gbɔdzɔe amesiwo agbe me nuteɖeamedziwo wu tsɔtsɔ na. (Mateo 11:28-30) Ðeviwo kura gɔ̃ hã ɖea dzi ɖi le egbɔ. Amesiwo nye ɖokuibɔbɔla siwo léa ŋku ɖe nu ŋu va zu eƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 4:18-22; Marko 10:13-16) Eƒe ameŋububu kple bubudedeameŋu ƒe nɔnɔme na be nyɔnu Mawu vɔ̃la geɖewo wɔ nuteƒe nɛ hezã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo tsɔ na kpekpeɖeŋui le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.—Luka 8:1-3.

6. Aleke Yesu ɖee fiae be yetsɔa ɖe le eme na amewo vevie esime Lazaro ku?

6 Yesu ɖe alesi wòtsɔa ɖe le eme na ame vevie fia esime exɔlɔ̃ Lazaro ku. Maria kple Marta ƒe konyifafa te ɖe edzi ale gbegbe be mete ŋu zi eƒe seselelãme dzi o, eye ‘wòfa avi.’ Togbɔ be enya be yele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre kpuie hã la, vevesese kple nuxaxa na “eƒe dzi ʋuʋu.” Emegbe lɔlɔ̃ kple veveseseɖeamenu ʋã Yesu wòzã ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ tsɔ fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.—Yohanes 11:11-15, 33-35, 38-44.

7. Nukatae wòsɔ be míawɔ nuteƒe na Yesu? (Kpɔ aɖaka si le axa 31.)

7 Lɔlɔ̃ deto si le Yesu si ɖe nusi le eteƒe wɔwɔ ŋu kple alesi wòlé fu alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenyee nana míedea bubu deto eyama ŋu. Etsɔ dzideƒo nya asitsala ŋuklẽlawo do goe le gbedoxɔa me zi eve sɔŋ. (Mateo 21:12, 13; Yohanes 2:14-17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, eto fukpekpe geɖewo me si na be wòva nya nyaƒoɖeamenu kple kuxi siwo me amegbetɔwo tona la nyuie. (Hebritɔwo 5:7-9) Yesu va nya nuxaxa si gbegbe fuléle kple madzɔmadzɔnyenye dona na ame. (Yohanes 5:15-18; 11:53, 54; 18:38–19:16) Mlɔeba la, etsɔ dzideƒo lɔ̃ faa wowui ŋutasesẽtɔe be wòana Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu nava eme eye be wòaʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ na eteviwo. (Yohanes 3:16) Ðe Kristo ƒe nɔnɔme nyui mawo meʋã wò be nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ oa? (Hebritɔwo 13:8; Nyaɖeɖefia 5:6-10) Gake nukae hiã be woadze anye Kristo, Fia la, ƒe dziɖuɖua tevi?

Alesi Woawɔ Adze Anye Etevi

8. Nukae wodi tso Kristo ƒe dziɖuɖua teviwo si?

8 Bu nya sia ŋu kpɔ: Zi geɖe la, be woadze anye dukɔ bubu aɖe me nɔla la, ehiã be woaɖo nudidi vevi aɖewo gbɔ. Wobiana tsoa amesiwo di be yewoaɖanɔ dutadukɔ aɖe me si be nɔnɔme nyui nanɔ wo si eye woaɖo lãmesẽ ƒe nudidi aɖewo hã gbɔ. Nenema kee ehiã be amesiwo anye Kristo ƒe dziɖuɖua teviwo nalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi eye woanɔ lãmesẽ me nyuie le gbɔgbɔ me.—Korintotɔwo I, 6:9-11; Galatiatɔwo 5:19-23.

9. Aleke míate ŋu aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Kristo?

9 Eyata esɔ be Yesu Kristo hã di tso eteviwo si be woawɔ nuteƒe na ye ahaku ɖe yeƒe Fiaɖuƒea ŋu. Woɖea nuteƒewɔwɔ ma fiana to agbe nɔnɔ wòasɔ kple nusiwo Kristo fia esime wònɔ anyigba dzi abe Fia si wotia ene la me. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ na woƒe ŋutilãmenuwo. (Mateo 6:31-34) Wodzea agbagba vevie hã be yewoaɖe Kristo ƒe nɔnɔme afia le tetekpɔ sesẽtɔwo  kekeake kura gɔ̃ hã me. (Petro I, 2:21-23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristo teviwo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu hetsona le wo ɖokui si wɔa nyui na amewo.—Mateo 7:12; Yohanes 13:3-17.

10. Aleke míate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ na Kristo afiae le (a) ƒomea me, kple le (b) hamea me?

10 Yesu yomedzelawo gaɖea woƒe nuteƒewɔwɔ na eyama fiana to eƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia le ƒomea me me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsuwo ɖea woƒe nuteƒewɔwɔ na woƒe Fia si le dziƒo la fiana to alesi woɖea Kristo ƒe nɔnɔmewo fiana hewɔa nu ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu nyuie me. (Efesotɔwo 5:25, 28-30; 6:4; Petro I, 3:7) Srɔ̃nyɔnuwo hã ɖea nuteƒewɔwɔ na Kristo fiana to woƒe agbe dzadzɛ nɔnɔ kple “dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu” ɖeɖe fia me. (Petro I, 3:1-4; Efesotɔwo 5:22-24) Ðeviwo hã wɔa nuteƒe na Kristo ne wosrɔ̃ eƒe toɖoɖo ƒe nɔnɔme. Esi Yesu nye sɔhɛ la, ebɔbɔ eɖokui na edzilawo togbɔ be wonye ame madeblibowo hã. (Luka 2:51, 52; Efesotɔwo 6:1) Kristo teviwo dzea agbagba srɔ̃a eyama to alesi ‘wokpɔa nublanui helɔ̃a wo nɔewo’ kple alesi ‘wokɔa dɔme na wo nɔewoe me.’ Wodzea agbagba ‘bɔbɔa wo ɖokui’ eye ‘womeɖoa vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o’ abe Kristo ene.—Petro I, 3:8, 9; Korintotɔwo I, 11:1.

Etevi Sedziwɔlawo

11. Se ka tee Kristo teviwo bɔbɔa wo ɖokui ɖo?

11 Abe alesi ko amesiwo dina be yewoaɖanɔ dutadukɔ aɖe me wɔna ɖe dukɔ yeyea me sewo dzii ene la, nenema kee Kristo teviwo hã bɔbɔa wo ɖokui ɖe “Kristo ƒe se la” te to agbe nɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafia kple sededewo katã me. (Galatiatɔwo 6:2) Vevietɔ la, woɖea lɔlɔ̃, si nye “fiasedede,” fiana. (Yakobo 2:8) Nukawoe se siawo bia tso mía si?

12, 13. Alekee míebɔbɔa mía ɖokui ɖe “Kristo ƒe se la” te?

12 Kristo teviwo nye ame madeblibo siwo ŋu vodada le. (Romatɔwo 3:23) Eyata ehiã be woayi edzi anɔ “nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o” ɖem fia geɖe wu be woate ŋu ‘alɔ̃ wo nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.’ (Petro I, 1:22) “Ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la,” Kristotɔwo tsɔa Kristo ƒe sea wɔa dɔ nuteƒewɔwɔtɔe ‘eye wohea adodo kple wo nɔewo, eye wotsɔa wo nɔewo ƒe nuvɔ̃wo kena faa.’ Kristo ƒe se sia dzi wɔwɔ kpena ɖe wo ŋu be woŋea aɖaba ƒua wo nɔewo ƒe blibomademadewo dzi eye wònana woɖea lɔlɔ̃ fiana wo nɔewo. Ðe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui na míaƒe Fia lɔ̃amea nuteƒewɔwɔtɔe eye wodo lɔlɔ̃, si nye “blibonyenye la ƒe nublanu” la, dome nɔnɔ medoa dzidzɔ na wò oa?—Kolosetɔwo 3:13, 14.

13 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ɖe eme be lɔlɔ̃ si ƒe kpɔɖeŋu yeɖo ɖi la de ŋgɔ sã wu lɔlɔ̃ si amewo ɖena fiana wo nɔewo. (Yohanes 13:34, 35) Ne míelɔ̃a amesiwo lɔ̃a mí ɖeɖeko la, manye  “wɔwui” aɖeke wɔwɔ o. Esia ana míaƒe lɔlɔ̃ la made blibo o eye kpɔtsɔtsɔ anɔ eŋu. Yesu xlɔ̃ nu mí be míasrɔ̃ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia to lɔlɔ̃ si nɔ te ɖe gɔmeɖose dzi ɖeɖe fia míaƒe futɔ siwo léa fu mí hetia mía yome la gɔ̃ hã me. (Mateo 5:46-48) Lɔlɔ̃ sia kee ʋãa Fiaɖuƒea teviwo woyia edzi kua kutri nuteƒewɔwɔtɔe le woƒe dɔ vevitɔ wɔwɔ me. Dɔ kae wònye?

Wodoa Woƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔna

14. Nukatae gbeƒãɖeɖedɔa le vevie nenema gbegbe ɖo?

14 Dɔ vevi aɖe dze ŋgɔ Mawufiaɖuƒea teviwo fifia, si nye “[ɖaseɖiɖi tsitotsito] le mawufiaɖuƒe la ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 28:23) Dɔ sia wɔwɔ le vevie elabena Mesia Fiaɖuƒeae aʋli Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ta. (Korintotɔwo I, 15:24-28) Ne míeɖe gbeƒã nyanyuia la, enana mɔnukpɔkpɔ amesiwo ɖoa to mí la be woate ŋu ava azu Mawufiaɖuƒea teviwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alesi amewo wɔa nu ɖe gbedasia ŋui la nyea dzidzenu alo nusi dzi Kristo, Fia la, anɔ te ɖo ate ŋu adrɔ̃ ʋɔ̃nu ameƒomea. (Mateo 24:14; Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Eyata mɔ vevitɔ si dzi míetona ɖea míaƒe nuteƒewɔwɔ na Kristo fiana enye wɔwɔ ɖe eƒe sedede, si nye Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na amewo, la dzi.—Mateo 28:18-20.

15. Nukatae wole Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ dom kpɔ?

15 Nyateƒee, Satana tsia tre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le mɔ sia mɔ si wòate ŋui nu, eye dziɖula siwo nye amegbetɔwo mebɔbɔ wo ɖokui ɖe ŋusẽ si Mawu na Kristo la te o. (Psalmo 2:1-3, 6-8) Eyata Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Yohanes 15:20) Eyata Kristo yomedzelawo le gbɔgbɔmeʋa aɖe, si le woƒe nuteƒewɔwɔ dom kpɔ, la wɔm.—Korintotɔwo II, 10:3-5; Efesotɔwo 6:10-12.

16. Aleke Fiaɖuƒea teviwo ‘tsɔa nusi nye Mawu tɔ la, naa Mawui’?

16 Ke hã, Mawufiaɖuƒea teviwo yia edzi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na woƒe Gbɔgbɔmefia la, ke hã womegbea bubu dede dziɖuɖumegã siwo nye amegbetɔwo ŋu o. (Tito 3:1, 2) Yesu gblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:13-17) Eyata Kristo teviwo wɔna ɖe dziɖuɖu ƒe se siwo metsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o la dzi. (Romatɔwo 13:1-7) Gake esi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ wɔ nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu to gbe ɖeɖe na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe me la, nusrɔ̃laawo tsɔ dzinɔameƒo gblɔ bubutɔe be ele be ‘yewoaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 1:8; 5:27-32.

17. Nukatae míate ŋu anɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwo nu dzinɔameƒotɔe?

17 Ne míagblɔe la, ebia dzinɔameƒo blibo hafi Kristo teviwo nate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na woƒe Fia la ne woti wo yome. Ke hã, Yesu gblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe mianye] ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo.” (Mateo 5:11, 12) Kristo yomedzela gbãtɔawo to nɔnɔme sesẽwo me kpɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye ŋutɔŋutɔ. Esi woƒo wo le esi woyi edzi nɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea ta kura gɔ̃ hã la, dzi dzɔ wo “be, wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta. Eye gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔwɔwɔwo 5:41, 42) Miedze na kafukafu, le esi mieɖea nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ma ke fiana hedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo, dɔléle, nuxaxa si ku dona na ame, alo tsitretsiɖeŋu me ta.—Romatɔwo 5:3-5; Hebritɔwo 13:6.

18. Nukae Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na Pontio Pilato la ɖe fia?

 18 Esime Yesu kpɔtɔ nye Fia si wotia la, eɖe nu me na Roma-mɔ̃mefia, Pontio Pilato, be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:36) Eyata Dziƒofiaɖuƒea teviwo metsɔa lãnu ɖe ame aɖeke ŋu loo alo dea akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔ me o. Woƒe nuteƒewɔwɔ na “ŋutifafafia” la, na be womedea akpa aɖeke dzi kura le xexeame ƒe dunyahehenyawo me o.—Yesaya 2:2-4; 9:5, 6.

Teƒeɖoɖo Mavɔ na Etevi Wɔnuteƒewo

19. Nukatae Kristo teviwo ate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe?

19 Kristo, “Fiawo dzi Fia,” la tevi wɔnuteƒewo tsɔ kakaɖedzi kpɔa mɔ na etsɔme nyui aɖe. Wotsɔ didi vevie le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Kristo aɖu fia ɖe anyigba dzi tso dziƒo. (Nyaɖeɖefia 19:11–20:3; Mateo 24:30) ‘Fiaɖuƒe la ƒe vi,’ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ƒe ame susɔe wɔnuteƒeawo, le mɔ kpɔm na woƒe domenyinyi xɔasi si nye fiaɖuɖu kple Kristo le dziƒo. (Mateo 13:38; Luka 12:32) Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo,’ siwo nye nuteƒewɔlawo, hã le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woƒe Fia la agblɔ na wo be: “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi [fiaɖuƒea ƒe akpa si nye anyigba dzi Paradiso,] si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!” (Yohanes 10:16; Mateo 25:34) Le esia ta la, mi Fiaɖuƒea teviwo katã, miɖoe kplikpaa miayi edzi awɔ nuteƒe na Kristo, Fia la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Kpɔ nyabiase si nye “Nukatae Yehowa Ðasefowo gblɔna be ƒe 1914 mee woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi?” le agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 95-7 [Comment raisonner à partir des Écritures, axa 86-8].

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòsɔ be míawɔ nuteƒe na Kristo?

• Aleke Kristo teviwo ɖea nuteƒewɔwɔ na eyama fianae?

• Nukatae míadi vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Kristo, Fia la?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

KRISTO ƑE NƆNƆME NYUI BUBUWO

AmeŋkumemakpɔmakpɔYohanes 4:7-30.

NublanuikpɔkpɔMateo 9:35-38; 12:18-21; Marko 6:30-34.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃Yohanes 13:1; 15:12-15.

NuteƒewɔwɔMateo 4:1-11; 28:20; Marko 11:15-18.

VeveseseɖeamenuMarko 7:32-35; Luka 7:11-15; Hebritɔwo 4:15, 16.

NugɔmesesenameMateo 15:21-28.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Míetoa mía nɔewo lɔlɔ̃ me wɔna ɖe “Kristo ƒe se la” dzi nuteƒewɔwɔtɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ðe Kristo ƒe nɔnɔmewo ʋãa wò be nàwɔ nuteƒe nɛa?