Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègavɔ̃ O Yehowa Li Kpli Wò!

Mègavɔ̃ O Yehowa Li Kpli Wò!

Mègavɔ̃ O Yehowa Li Kpli Wò!

ƑE 50 kple edzivɔ enye sia, esi woda nuklia bɔmb gbãtɔ vɔ megbe teti la, Nobel nunanaxɔla Harold C. Urey si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala la gblɔ le etsɔme ŋu be: “Vɔvɔ̃ ava zu míaƒe nuɖuɖu, vɔvɔ̃ azu míaƒe alɔ̃, míanɔ agbe le vɔvɔ̃ me ahaku le vɔvɔ̃ me.” Mewɔ nuku o be vɔvɔ̃ xɔ aƒe ɖe míaƒe xexea me egbea! Gbesiagbe la, nyadzɔdzɔgbalẽwo ɖea gbeƒã nyatakakawo tso nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple dɔléle manyatalenuwo ŋu.

Esi míenye Kristotɔwo ta la, míenya nusitae nusiawo le dzɔdzɔm ɖo. Woɖee fia be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo,” siwo ŋu Biblia gblɔ ɖi le be woanye “ɣeyiɣi vɔ̃wo” la me. (Timoteo II, 3:1) Nudzɔdzɔ siawo doa ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ be eteƒe madidi o, Yehowa Mawu ahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la vɛ. (Petro II, 3:13) Ke hã, ɖe wòfia be vɔvɔ̃ meɖoa míawo ya oa?

Nukpɔsusu si Le Mawu Subɔlawo si le Vɔvɔ̃ Ŋu

Yehowa subɔla siwo vɔvɔ̃ ɖo esime woƒe agbe ɖo afɔku me la dometɔ aɖewoe nye Yakob, Dawid, kple Eliya. (Mose I, 32:7, 8; Samuel I, 21:12, 13; Fiawo I, 19:2, 3) Esia mefia be xɔse menɔ ŋutsu siawo si o. Ke boŋ, woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Ke hã, esi wònye amegbetɔwoe Yakob, Dawid, kple Eliya nye ta la, vɔvɔ̃ ɖo woawo hã. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene.”—Yakobo 5:17.

Vɔvɔ̃ ate ŋu aɖo míawo hã ne míele tame bum le kuxi siwo me tom míele fifia alo esiwo míava do go le etsɔme ŋu. Ne edzɔ nenema la, mewɔ nuku o. Biblia gɔ̃ hã gblɔ be, Satana Abosam ɖoe kplikpaa be ‘yeawɔ aʋa’ kple “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖeɖefia 12:17) Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawo koŋ ŋue nya ma ku ɖo hã la, Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Gake ne míedze ŋgɔ kuxiwo la, mele be vɔvɔ̃ naɖu mía dzi o. Nukatae?

“Xɔname ƒe Mawu La”

Hakpala Dawid ŋlɔ bena: ‘Mawu vavã lae nye míaƒe xɔname ƒe Mawu.’ (Psalmo 68:20) Yehowa ɖe ŋutete si le esi be wòaxɔ na eƒe amewo la fia enuenu, to wo ɖeɖe tso nɔnɔme sesẽwo me alo ŋusẽdodo wo be woado dzi le nɔnɔme mawo me me. (Psalmo 34:18; Daniel 6:23; Korintotɔwo I, 10:13) Le nusiwo nèsrɔ̃ le Biblia me nu la, ‘ɖeɖedɔ mawo’ dometɔ neni dzie nàte ŋu aɖo ŋkui?

Anyo be nàzã nyadigbalẽ si nye Watch Tower Publications Index, * atsɔ awɔ numekuku tso Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ, Lot kple vianyɔnuviawo ɖeɖe tso Sodom kple Gomora, Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte kple woƒe Ƒudzĩa tsotso, alo Haman ƒe nugbeɖoɖo be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo si medze edzi o ƒe nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋu. Nudzɔdzɔ siawo ŋuti nuŋlɔɖi dodzidzɔnamewo xexlẽ kple ŋugbledede tso wo ŋu ado ŋusẽ wò xɔse be Yehowa nye xɔname ƒe Mawu vavã. Esia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò xɔse ƒe dodokpɔwo nu vɔvɔ̃ manɔmee.

Egbegbe Kpɔɖeŋuwo

Àte ŋu aɖo ŋku amesiwo do dzi le nɔnɔme sesẽwo me, le egbeŋkekeawo me, le miaƒe nutoa me dometɔ aɖewo dzia? Ate ŋu anye ame aɖe si wode gaxɔ me le eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Ðewohĩ ènya Kristotɔ tsitsi aɖe si le Yehowa subɔm togbɔ be lãmegbegblẽ le fu ɖem nɛ hã. Alo àɖo ŋku sɔhɛ aɖewo siwo yi edzi ɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame, evɔ wo hati sukuviwo ƒo nya ɖe wo nu vevie hã dzi. Azɔ hã, dzilaɖekɛ siwo le wo viwo hem, alo srɔ̃manɔsitɔ siwo tsi akogo siwo le Yehowa subɔm hã li. Nukae nèsrɔ̃ tso amesiawo ƒe dzidodo me? Ŋugbledede tso woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi ahakpe akɔ kple tetekpɔ ɖesiaɖe si ava dziwò vɔvɔ̃ manɔmee.

Menye tsitretsiɖeŋu kple yometitiwo me koe wòhiã be míanɔ te sesĩe vɔvɔ̃ manɔmee o, ke ehiã be míanɔ te sesĩe ne ewɔ na mí be Yehowa megalɔ̃ mí o hã. Ehiã be míaka ɖe edzi be Kristo ƒe tafea ɖea vi na mía dometɔ ɖesiaɖe. (Galatiatɔwo 2:20) Ema ana míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo vɔvɔ̃ manɔmee. Ne míese le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o la, anyo be míaɖo ŋku Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na eyomedzelawo dzi be: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.”—Mateo 10:29-31.

Zi geɖe la, wotana Yehowa Ðasefo siwo do dzi le tetekpɔwo me vɔvɔ̃ manɔmee ƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔwo ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me. Esia mefia be woƒe nɔnɔmeawo meɖe dzi le wo ƒo o. Gake womeɖe mɔ seselelãme mawo na wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Woƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo dzena le magazineawo me xexlẽ ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò nàdo dzi. Bu kpɔɖeŋu eve siawo ŋu kpɔ.

Afɔku aɖe Na Eƒe Agbenɔnɔ Trɔ

Wota nyati si nye, “Alesi Afɔku aɖe Na Nye Agbenɔnɔ Trɔ” ɖe April 22, 2003, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata me. Le magazine ma me la, woƒo nu tso Stanley Ombeva si nye Yehowa Ðasefo aɖe si le Kenya ƒe kuxi vovovo siwo me wòto le esi ʋu ƒoe la ŋu. Esi eƒe lãmegbegblẽa do gã ɖe edzi la, dɔ ge le esi eye womexe ga aɖeke hã nɛ o. Nɔviŋutsu Ombeva lɔ̃ ɖe edzi be: “Esi meva de dzesi alesi gbegbe nye nɔnɔmea gblẽe la, dzi ɖe le ƒonye, meva nɔ ɖokuinye xam vevie eye dzi kuam kabakaba. Ɣeaɖewoɣi medoa dziku hetoa nyatoƒoe.” Le nɔnɔme sesẽ siawo katã me hã la, dzi meɖe le ŋutsu Kristotɔ sia ƒo keŋkeŋ o. Meɖe mɔ nɔnɔmeawo na be mɔkpɔkpɔ bu ɖee keŋkeŋ o. Ke boŋ eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Nɔviŋutsu Ombeva gblɔ be: “Yehowa doa ŋusẽm ɣesiaɣi le nusiwo katã me meto me ale gbegbe be ɖekoe ŋu va kpeam ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Meɖoe kplikpaa be maxlẽ mawunyakpukpui siwo menya be woafa akɔ nam la ahade ŋugble le wo ŋu.”

Alesi Nɔviŋutsu Ombeva lɔ̃ gblɔ nusiwo me wòto faa kpe ɖe ame bubuwo ŋu wodo dzi le tetekpɔwo me vɔvɔ̃ manɔmee. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ bena: “Esi mexlẽ nyati sia la, mefa avi vevie. Mese le ɖokuinye me be Yehowa to nyati sia dzi nɔ eƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ɖem fiam hefa akɔ nam ale gbegbe.” Ðasefo bubu aɖe hã ŋlɔ bena: “Nyati siawo ƒomevi nye dzideƒo gã aɖe na mía dometɔ siwo le nɔnɔme siawo tɔgbe, siwo mele nyanya na ame bubuwo o la, me tom.”

Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Ðedzileameƒowo Nu

Nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi bubue nye esi Herbert Jennings gblɔ woŋlɔ ɖe nyati si nye “Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O” me. * Tagbɔdɔléle si nana wowɔa nu tramatrama le fu ɖem na Nɔviŋutsu Jennings. Esi wònɔ nu ƒom tso dɔlélea ƒe gɔmedzedze ŋu la, egblɔ be: “Ðe mesẽa ŋkume hafi te ŋu dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ke hã, asixɔxɔ si le hadede kple nɔviwo me ŋu la le nyanya nam nyuie. Be mate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sia nu la, metsia megbe vie be amewo nanɔ anyi be woƒe howɔwɔ nu natso vɔ keŋ hafi vaa kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me eye medzona hafi wokpãna.”

Gbeƒãɖeɖe hã sesẽna nɛ. Nɔviŋutsu Jennings gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ne meɖo amewo ƒe agbowo nu la, nyemete ŋu ƒoa agbonuga kura gɔ̃ hã o. Gake nyemenaa ta o, elabena menyae be míaƒe subɔsubɔdɔa anye ɖeɖekpɔkpɔ na mía kple amesiwo ɖoa to mí. (Timoteo I, 4:16) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, megate ŋu ɖoa ɖokuinye me heyia gbeƒãɖeɖedɔa dzi le aƒe bubu me. Gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me na be ŋusẽ ɖo ŋunye le gbɔgbɔ me, eye esia na mete ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu.”

Alesi Nɔviŋutsu Jennings lɔ̃ faa ƒo nu tso nusiwo me tom wòle ŋu kpe ɖe nuxlẽla gbogbo aɖewo ŋu be wote ŋu kpe akɔ kple woƒe kuxiwo vɔvɔ̃ manɔmee. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ be: “Le ƒe 28 siwo metsɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xlẽmee la, nyemexlẽ nyati aɖeke si wɔ dɔ ɖe dzinye kpɔ abe esia ene o. Eva hiã be maɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu eye esia ɖe fu nam vevie, si na mesena le ɖokuinye me be ne ɖe xɔse sẽŋu le asinye la, anye ne meyi mɔɖeɖedɔa dzi hafi. Alesi Nɔviŋutsu Jennings ɖe asi le eƒe dɔdasi aɖe ŋu be wòate ŋu akpɔ eƒe lãmesẽnyawo gbɔ la kpe ɖe ŋunye meda sɔ le nye nɔnɔmea ŋu bubu me. Esia nye nye gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo nyateƒe!”

Nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe hã ŋlɔ be: “Esi mesubɔ abe hamemegã ene ƒe ewo vɔ megbe la, eva hiã be maɖe asi le hamemegã ƒe dɔa ŋu le nye tagbɔdɔléle ta. Alesi mesena le ɖokuinye me be medo kpo nui, nu va sẽ ale gbegbe be zi geɖe la, Yehowa ƒe amewo ƒe agbemeŋutinya siwo ku ɖe dɔ nyui geɖe siwo wɔm wole ŋu xexlẽ sesẽna nam le magazineawo me. Ke hã, alesi Nɔviŋutsu Jennings nɔ te ɖe eƒe nɔnɔmea nui de dzi ƒo nam ŋutɔ. Mexlẽ nyatia zi geɖe.”

Yi Ŋgɔ Dzideƒotɔe

Togbɔ be Yehowa Ðasefo geɖewo le kuxi sesẽwo me tom hã la, woyi edzi le Yehowa Mawu subɔm abe Nɔviŋutsu Jennings kple Ombeva ene. Ne wo dometɔ ɖekae nènye la, ekema èdze na kafukafu. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.

Alesi Yehowa kpe ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu le blema woɖu woƒe futɔwo dzii la, nenema ke wòate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò nàɖu kuxi ɖesiaɖe si nàva do goe la dzi. Eyata nya siwo Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi nenɔ susu me na wò be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ame geɖe le Yehowa subɔm vɔvɔ̃ manɔmee abe Nɔviŋutsu Stanley Obeva (si le etame) kple Jennings (si le ɖusime) la ene

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

USAF photo