Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Nyo Nyanya Kple Ewɔwɔ

Nusi Nyo Nyanya Kple Ewɔwɔ

Agbemeŋutinya

Nusi Nyo Nyanya Kple Ewɔwɔ

ABE ALESI HADYN SANDERSON GBLƆE ENE

Yesu gblɔ na eƒe apostolowo ɣeaɖeɣi be: “Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.” (Yohanes 13:17) Ẽ, míate ŋu anya nu nyui, gake ewɔwɔ nava zu agba! Ke hã, agbenɔnɔ ƒe 80 kple edzivɔwo, siwo dometɔ 40 metsɔ wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔae, na meva kpɔe dze sii kɔte be nyateƒee Yesu ƒe nya siawo nye. Le nyateƒe me, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ hea dzidzɔ vɛ. Mina maɖe nusitae la me.

LE ƑE 1925 me, esi mexɔ ƒe etɔ̃ la, dzinyelawo yi ɖase Biblia me nuƒo aɖe le míade Newcastle, Australia. Nuƒoa, si ƒe tanya enye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O” la sese na danye va kpɔe be yeke ɖe nyateƒea ŋu, eye wòte Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi. Gake eteƒe medidi hafi fofonye ya megava nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe nyateƒea ŋu o. Medi kura be Dada nalé eƒe xɔse yeyea me ɖe asi o eye wògblɔ nɛ be ne medzudzɔ o la, yeagblẽ mí ɖi adzo. Dada lɔ̃ papa eye edi be wòanɔ mía gbɔ. Ke hã, enyae be toɖoɖo Mawu le vevie wu, eyata eɖoe kplikpaa be yeawɔ nusi nyo le Mawu ŋkume. (Mateo 10:34-39) Le esia taa, papa dzo le mía gbɔ eye ƒã hafi mekpɔnɛ.

Ne meɖo ŋku ɣeyiɣi mawo dzi la, mekafua dada ɖe alesi wòɖoe kplikpaa be yeanɔ Mawu ƒe akpa dzii la ta. Eƒe nyametsotsoa he gbɔgbɔmeyayra geɖe vɛ na mía kple nɔvinyenyɔnu tsitsia, Beulah. Míesrɔ̃ nu vevi aɖe hã tso eme—eyae nye be ne míenya nusi nyo la, ele be míadze agbagba awɔe.

Xɔse ƒe Dodokpɔwo

Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii, megblẽ míaƒe ƒomea ɖi kura o. Mía mama ʋu va nɔ mía gbɔ, eye eya hã va srɔ̃ Biblia hexɔ nyateƒea. Woa kple Dada va zu zɔhɛ veviwo le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye woƒe dzadzraɖo kple vividodo ɖe amewo ŋu na ame geɖe lɔ̃a woƒe nya ale gbegbe.

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvi Kristotɔ tsitsiwo tsɔ ɖe le eme nam vevie, eye wona hehe nyui geɖewom. Esia wɔe be eteƒe medidi o mesrɔ̃ alesi wozãa ɖaseɖigbalẽ siwo dzi woŋlɔ ɖaseɖinya kpuiwo ɖo tsɔ ɖia ɖasee na amewo le woƒe aƒewo me. Meƒoa Biblia me nuƒo siwo wolé ɖe agba dzi la le agbaƒomɔ̃ sue dzi na amewo eye menɔa nɔviwo dome míekplana agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nyawo ɖo zɔna toa ablɔ gãwo dzi le dua me. Esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o, elabena ŋu kpeam ŋutɔ. Ke hã, menya nusi nyo, eye meɖoe kplikpaa be mawɔe hã.

Le nye sukunuwuwu megbe la, mekpɔ dɔ le gadzraɖoƒe aɖe, eye dɔ sia bia be manɔ mɔ zɔm aɖanɔ dɔ wɔm kple gadzraɖoƒea ƒe alɔdze vovovo siwo le New South Wales nuto me. Togbɔ be Ðasefowo mesɔ gbɔ le dukɔa ƒe nuto mawo me o hã la, hehe si mexɔ kpe ɖe ŋunye be nyemeɖe asi le nye xɔse ŋu o. Dada ŋlɔa lɛta nam, eye lɛta siawo do ŋusẽm ŋutɔ le gbɔgbɔ me.

Le nyateƒe me la, lɛta mawo kpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi nyuitɔ me. Xexemeʋa II dze egɔme, eye wobia tso asinye be mawɔ asrafodɔ. Sɔlemedela veviedonula ŋutɔ aɖee míaƒe gadzraɖoƒea ƒe amegã nye eye eganye dua me srafomegã hã. Esi meɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me nɛ la, etsɔ tiatia eve ɖo ŋkunyeme—be maɖe asi le nye subɔsubɔ ŋu loo alo be dɔ nage le asinye! Wobia tso asinye be mava afisi woxɔa ame ɖe asrafodɔ me le le dua me, eye menɔ bɔbɔe le afima kura o. Míaƒe dɔmemegãa nɔ afima eye enɔ ŋku lém ɖe ŋunye tututu esi mete ɖe ŋkɔŋlɔkplɔ̃a ŋu. Megbe be nyemade asi agbalẽwo te azu asrafo o eye asrafomegãwo do dziku ɖe ŋunye vevie ŋutɔ. Menɔ bɔbɔe gbemagbe kura o, gake meɖoe kplikpaa be mawɔ nusi nyo. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, melé ɖokuinye kpoo gake heɖo tame kplikpaa. Meva se emegbe be gbevuvi aɖewo di be yewoagblẽ nu le ŋunye, eyata meƒo nye nuwo nu ƒu enumake heɖo kekete dzo le dua me!

Metrɔ yi Newcastle, gake wokplɔ mía kple nɔviŋutsu adre aɖewo siwo hã gbe be yewomawɔ asrafodɔ o la yi ʋɔnui kokoko. Ʋɔnudrɔ̃laa tso afia be míayi mɔ ɣleti etɔ̃ aɖawɔ dɔ sesẽ. Togbɔ be gamenɔnɔ menye dzidzɔnya o hã la, nusi nyo wɔwɔ he yayra geɖe vɛ nam. Le míaƒe dodo le game megbe la, hanyeti Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Hilton Wilkinson, si hã nɔ game kpli mí la gblɔ nam be mava wɔ dɔ kpli ye le yeƒe fotodɔwɔƒe. Meva do go Melody, si nɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒea ƒe amedzroxɔƒe ɣemaɣi, eye eva zu srɔ̃nye. Le asiɖeɖe le ŋunye megbe kpuie la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Ŋu Bubu

Le mía kple Melody ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, míeʋu mía ŋutɔwo ƒe fotodɔwɔƒe ɖe Newcastle. Le dɔwɔƒea ʋuʋu megbe teti la, míete dɔ kpɔkpɔ ale gbegbe be nu va nɔ gbegblẽm le míaƒe lãmesẽ kple gbɔgbɔmemenyenye ŋu. Le ɣeyiɣi sia me la, Ted Jaracz, si nɔ dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Australia, amesi nye Dziɖuha la me tɔ fifia, ɖo dze kpli mí tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Le dzeɖoɖo ma megbe la, míetso nya me hedzra míaƒe fotodɔwɔƒea, eye míedi dɔ aɖe si maxɔ ɣeyiɣi na mí fũ o nɔ wɔwɔm. Le ƒe 1954 me la, míeƒle agbatsɔʋu sue aɖe si wogazã abe xɔdɔme ene, heʋu yi du si nye Ballarat me, le Victoria-nuto me, hete mɔɖeɖedɔa, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ.

Esi míeva ɖo afima hete dɔwɔwɔ kple hame sue si nɔ Ballarat la, Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi geɖe. Le ƒe ɖeka kple afã pɛ ko megbe la, amesiwo vaa kpekpeawo la dzi ɖe tso 17 va ɖo 70. Eteƒe medidi o wokpe mí be míava wɔ mɔzɔzɔdɔa, alo nutome sue dzikpɔkpɔdɔ, le nuto si nye South Australia me. Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, míesrã hamewo kpɔ le dugã si nye Adelaide me, kple teƒe siwo woɖaa wine le, kpakple le aŋutigbledeƒe siwo le Murray-tɔsisia ŋu. Le nyateƒe me la, dɔ sia trɔ míaƒe agbe ale gbegbe! Subɔsubɔ kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃amewo nye dzidzɔ na mí ŋutɔ. Vavãe yayra geɖe le nusi nyo la wɔwɔ me!

Dutanyanyuigbɔgblɔ Dɔdasi Xɔxɔ

Le ƒe 1958 me la, míena Australia-lɔdzedɔwɔƒea nya be míedi be míayi “Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu” Dukɔwo Dome Takpekpe le New York City le ƒe ma ƒe nuwuwu lɔƒo. Esi wonɔ biabia sia ŋu ɖom na mí la, wotsɔ Gilead dutanyanyuigbɔgblɔ suku dede le United States ƒe dɔbiagbalẽ ɖo ɖe mí. Míegogo ƒe 40 ɣemaɣi, eyata ewɔ na mí be míetsi akpa na Gilead-sukua dede. Ke hã, míekpe dɔbiagbalẽawo ɖo hetsɔ ɖo ɖa, eye dzidzɔtɔe la, wokpe mí be míava klass 32 lia. Esi míeɖo sukudeɣia ƒe domedome la, wona míenya be teƒe si woaɖo mí ɖoe nye India! Togbɔ be nya sia tso dzika ƒo na mí le gɔmedzedzea me hã la, míedi be míawɔ nusi nyo, eyata míexɔ dɔdasia kple dzidzɔ.

Le ƒe 1959 me la, míeɖo meli heva dze go ɖe Bombay, (si nye Mumbai fifia) le ŋdi aɖe me. Dɔwɔla gbogbo aɖewo mlɔ anyi ɖe anyigba keŋ le melidzeƒea. Teƒe bliboa nɔ ʋeʋẽm. Esi ɣe dze ŋdi ma la, míekpɔe zi ɖeka be dzoxɔxɔ gbɔna afisia nɔ ge ŋutɔ. Míenɔ teƒe aɖeke si xɔ dzo alea kpɔ o! Atsu kple asi aɖe, siwo nye dutanyanyuigblɔlawo, si mía kpli wo míewɔ mɔɖeɖedɔa le Ballarat, siwo ŋkɔe nye Lynton kple Jenny Dower va do go mí le melidzeƒea. Wokplɔ mí yi India-lɔdzedɔwɔƒea, si te ɖe dua ŋu, eye wònye dziƒoxɔ aɖe si me xɔdɔmewo mesɔ gbɔ le de Betel-ƒomea me tɔwo nu tututu o la dzi. Betel-dɔwɔla adee nɔ aƒea me. Nɔviŋutsu Edwin Skinner, si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le India tso keke ƒe 1926 me la ɖo aɖaŋu na mí be míaƒle mɔzɔkplo gã eve, siwo wotɔ kple tapolinvɔ, hafi adze mɔ ayi du si me woɖo mí ɖo la me. Ketekeɖola geɖe zãna mɔzɔkplo sia tɔgbe le India, eye akplo siawo va de mía dzi ŋutɔ le míaƒe mɔzɔzɔdɔa me emegbe.

Le ŋkeke eve ƒe mɔzɔzɔ kple keteke megbe la, míeva ɖo du si me woɖo mí ɖo, si nye Tiruchchirappalli, si nye dugã aɖe le Madras (si woyɔna fifia be Tamil Nadu) ƒe anyiehenuto me. Míeyi ɖakpe ɖe mɔɖela vevi etɔ̃ ŋu, amesiwo nye Indiatɔ siwo nɔ gbeƒã ɖem na ame 250,000 siwo le nuto sia me. Agbea mede ame dzi le afisia boo o. Ɣeaɖeɣi la, ga si susɔ ɖe mía si mede Amerika dɔlar 4 o. Gake esi ga sia vɔ la, Yehowa megblẽ mí ɖi o. Míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe do ga na mí míetsɔ haya xɔ aɖe, si sɔ na kpekpewo hã wɔwɔ. Gbeɖeka naneke menɔ mía si míaɖu o, eye kasia míakpɔa aƒelika aɖee enye ma ɖa nane vɛ na mí. Nuɖuɖua vivi nunye ŋutɔ, gake atadi nɔ eme ale gbegbe be dzidze koe te nye tsɔtsɔ enumake!

Gbeƒãɖeɖedɔa Gɔmedzedze le Afisia

Togbɔ be Tiruchchirappalli tɔ aɖewo se Eŋlisigbe hã la, Tamilgbee ame akpa gãtɔ dona. Eyata míedze agbagba vevie srɔ̃ alesi míazã nya bɔbɔe aɖewo atsɔ aɖi ɖasee le gbegbɔgblɔ sia me. Esia na nutoa me tɔ geɖe lɔ̃a míaƒe nya.

Tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa vivia mía nu ŋutɔ. Indiatɔwo ƒe dɔme nyo ŋutɔ, si na be wo dometɔ geɖe lɔ̃a numeɖenuwo nana mí ne míele gbeadzi. Esi dzoxɔxɔ nu sẽna ɖona Celsius 40 zi geɖe ta la, woƒe dɔme nyonyo na mí alea dzea mía ŋu ŋutɔ. Enyea ameŋububu be míaɖo dze tso alesi woƒe nɔnɔmewo le ŋu hafi adze ɖaseɖiɖi na wo gɔme. Wolɔ̃a mía kple srɔ̃nye biabia be: “Afika tɔwo mienye? Vi le mia sia? Nukatae miedzi vi o?” Ne míeɖo eŋu na wo la, zi geɖe wogblɔna na mí be ɖɔkta nyui aɖe le yewo si si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu! Ke hã, woƒe nyabiabia siawo ʋua mɔnukpɔkpɔwo na mí míeɖea nusita míeva wo gbɔ kple Biblia-fiafiadɔ si wɔm míele me na wo.

Hindu subɔsubɔ—si nye subɔsubɔha si ƒe dzixɔse to vovo sã na Kristotɔnyenye mee amesiwo míeɖea gbeƒã na la dometɔ akpa gãtɔ le. Le esi teƒe be míanɔ glãka hem le Hindu-subɔsubɔa ƒe dzixɔse siwo gɔmesese sesẽ ŋu la, ɖeko míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia tẽ—eye viɖe nyui geɖewo do tso eme. Le ɣleti ade ko me la, amesiwo ade 20 vaa kpekpeawo le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me. Amesiawo dometɔ ɖeka nye xɔtuɖaŋunyala aɖe, si ŋkɔe nye Nallathambi. Woa kple viaŋutsu, Vijayalayan, va kpe ɖe amesiwo ade 50 ŋu wova zu Yehowa subɔlawo. Vijayalayan wɔ dɔ le India-lɔdzedɔwɔƒea kpɔ gɔ̃ hã.

Míele Mɔ Dzi Ɣesiaɣi

Míenɔ India wòde ɣleti ade hafi womia asi mí meva zu nutome gã dzikpɔla gbãtɔ le dukɔa me o. Dɔ sia bia be míanɔ mɔ zɔm le India-dukɔ bliboa me anɔ ɖoɖo wɔm ɖe takpekpewo wɔwɔ ŋu le gbegbɔgblɔ vovovo asieke sɔŋ me. Dɔ sia menye dɔ feŋu kura o. Míedo nusiwo míazã ɣleti ade sɔŋ ƒe agba ɖe gaɖaka etɔ̃ kple akplo gã siwo wotɔ kple tapolinvɔ, siwo míeƒoa asii o la me, heɖo keteke dze mɔ tso Madras (si woyɔna fifia be Chennai). Esi wòbia be míazɔ mɔ ato teƒe geɖe le nutome gã dɔa, si ƒe mɔzɔzɔ ade kilometa 6,500 me ta la, míenɔa mɔ dzi ɣesiaɣi. Ɣeaɖeɣi la, míewu takpekpe aɖe nu le Bangalore-dugã si le anyiehe gome le Kwasiɖagbe. Eye míedze mɔ ɖo ta dziehe gome le Darjeeling le Himalaya-togbɛwo dzi ɖawɔ takpekpe bubu le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Darjeeling yiyi nye kilometa 2,700 ƒe mɔzɔzɔ, si bia be míaɖo keteke zi atɔ̃ sɔŋ hafi aɖo.

Esi míedze nutome gã dɔa gɔme la, míeɖea sinima si nye The New World Society in Action (Xexeme Yeye Habɔbɔ Le Dɔ Dzi) fiaa amewo. Sinima sia na amewo nya nu tso alesi gbegbe Yehowa ƒe habɔbɔa keke tae kple eƒe dɔwɔnawo ŋu. Zi geɖe la, amesiwo va kpɔna sinima sia la sɔna gbɔ ŋutɔ. Gbeɖeka míenɔ sinima sia ɖem fia amewo le mɔ to. Esi sinimaa nɔ edzi yim la, tsi gã aɖe ɖo gbɔna sesĩe. Esi wònye amewo te howɔwɔ esi míedzudzɔ sinimaa ɖeɖe ɣeaɖeɣi ta la, meyi eɖeɖe dzi, gake ɖeko mena wòtsɔ kabakaba. Dzidzɔtɔe la, míewu sinimaa nu hafi tsia te ta gege.

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, mía kple Melody míezɔ mɔ de India ƒe nuto geɖe me. Esi wònye be nuto ɖesiaɖe kple eƒe nuɖuɖu, nudodo, gbegbɔgblɔ, kple anyigba ƒe nɔnɔmee ta la, ɖeko wònɔ abe mɔzɔzɔ tso dukɔ aɖe me yi bubu me ene. Aleke gbegbee Yehowa ƒe nuwɔwɔwo le vovovoe nye si! Alea kee wòle le lãwo hã gome le India. Gbeɖeka esi míenɔ avɔgbadɔ me le avetsu aɖe me le Nepal la, kpɔ̃ gã aɖe va yina eye míekpɔe nyuie. Enya kpɔ ale gbegbe. Ðeko lã sia kpɔkpɔ na Paradisoa, afisi ŋutifafa ava nɔ amegbetɔwo kple lãwo dome mlɔeba, me nɔnɔ gadzro mí ɖe edzi vevie.

Nuwo Wɔwɔ Wòawɔ Ðeka Kple Habɔbɔa ƒe Ðoɖowo

Le gɔmedzeɣi mawo me la, ehiã be nɔvi siwo le India nanya nu tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu ahazɔ ɖe wo dzi nyuie wu. Le hame aɖewo ƒe kpekpewo me la, ŋutsuwo nɔa akpa ɖeka eye nyɔnuwo hã nɔa akpa bubu. Zi geɖe la, womedzea kpekpeawo gɔme ɖe game dzi o. Afi aɖe ya la, gae woƒona sesĩe Nɔviawo sena hafi vana kpekpeawo. Le teƒe bubuwo la, ɣee nɔviawo kpɔna hafi va nɔa dodom ɖekaɖeka. Womewɔa takpekpewo edziedzi o, eye dzikpɔla mɔzɔlawo hã mesrãa hamewo kpɔna enuenu o. Nɔviawo dina vevie be yewoawɔ nusi nyo, ke hã ehiã be woafia habɔbɔa ƒe ɖoɖo wo.

Le ƒe 1959 me la, Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua. Suku sia si wowɔna le xexeame godoo la nye hehexɔxɔ ɖoɖo si kpena ɖe nutome sue dzikpɔlawo, mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, kple hamemegãwo ŋu be woawɔ dɔ siwo Ŋɔŋlɔawo de asi na wo la nyuie wu. Esi wodze sukua gɔme le December 1961 me le India la, mefia nu le eme. Ʋɛʋɛʋɛ la, hehexɔxɔ sia ɖe vi na hameawo le dukɔa me godoo, si na be wowɔ asitɔtrɔwo kabakaba. Esi nɔviawo va nya nusi nyo ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãa wo wowɔnɛ.

Takpekpe gãwo hã dea dzi ƒo na nɔviawo hetea wo ƒoa ƒu ɖekae. Takpekpe siawo dometɔ ɖeka si ɖe dzesi ŋutɔ enye “Nyanyui Mavɔ” Dukɔwo Dome Takpekpe, si wowɔ le New Delhi, le ƒe 1963 me. Ðasefowo zɔ mɔ kilometa akpe geɖewo tso India ƒe teƒe vovovowo va takpekpe sia, eye le wo dometɔ geɖe gome la, ga siwo katã le wo sie wozã le mɔzɔzɔ sia me. Nɔvi 583 ye tso dukɔ 27 me va, eye esiae nye zi gbãtɔ si Ðasefo siwo nɔ dukɔa me la kpɔ nɔvi gbogbowo wotso duta va nemama kpɔ hede ha kpli wo.

Le ƒe 1961 me la, wokpe mía kple Melody be míava nye Betel-ƒomea me tɔwo le Bombay, eye meva nye Alɔdzekɔmiti me tɔ emegbe. Dɔdasi bubuwo va kplɔ esia ɖo. Mesrã alɔdzewo kpɔ ƒe geɖe le Asia kple Titina Ɣedzeƒe dukɔ aɖewo me. Esi wònye be woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le dukɔ siawo dometɔ geɖe me ta la, ehiã be gbeƒãɖela siwo le nuto siawo me ‘nadze aɖaŋu abe dawo ene, ahadza abe ahɔ̃nɛwo ene.’—Mateo 10:16.

Dzidziɖedzi Kple Tɔtrɔwo Wɔwɔ

Esi míeva ɖo India teti le ƒe 1959 me la, ame 1,514 ye nye gbeƒãɖela siwo nɔ anyi. Egbea la, amesiawo dzi ɖe edzi wu ame 24,000. Be míate ŋu akpɔ dɔ si dzidziɖedzi sia bia gbɔ la, eva hiã be woaɖe Betel-ƒomea ayi teƒe bubu zi gbɔ zi eve sɔŋ le Bombay alo teƒe si te ɖe eŋu. Emegbe le March 2002 me la, Betel-ƒomea gaʋu ake—fifia la, woyi teƒe yeye si wotu ɖe afisi gogo Bangalore, le India ƒe anyiehe gome. Betel-ƒomea me tɔ 240 ye le teƒe yeye sia zãm fifia, eye wo dometɔ aɖewo ɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 20 sɔŋ me le.

Togbɔ be mía kple Melody míekpɔ mɔ na ʋuʋu yi Bangalore vevie hã la, lãmegbegblẽ wɔe be wòva hiã be míatrɔ ava Australia le ƒe 1999 me. Fifia la, míenye Betel-ƒomea me tɔwo le Sydney. Togbɔ be míedzo le India hã la, míegakpɔtɔ lɔ̃ mía xɔlɔ̃wo kple gbɔgbɔ me vi siwo le mía si le dukɔ ma me la vevie. Dzi dzɔa mí ŋutɔ ne woŋlɔ lɛta na mí!

Ne míede ŋugble le ƒe 50 kple edzivɔ siwo mía kple Melody míetsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae ŋu la, míekpɔnɛ be woyra mí geɖe ŋutɔ. Ɣeaɖeɣi va yi la, dɔ si míewɔna la nye amewo ƒe nɔnɔmetata lelé ɖe agbalẽ dzi, gake fifia ya enye kpekpeɖeŋunana amewo be Mawu nalé wo ɖe eƒe susu me hena agbekpɔkpɔ, eye dɔ sia nyo na mí sasasã wu. Nu nyui kawo gbegbee nye si do tso nyametsotso si míewɔ be míatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me! Vavãe, nusi Mawu gblɔ be enyo la wɔwɔ hea dzidzɔ vɛ!

[Anyigbatata siwo le axa 15]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

New Delhi

Darjeeling

INDIA

Bombay (Mumbai)

Bangalore

Madras (Chennai)

Tiruchchirappalli

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Hadyn kple Melody, le ƒe 1942 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

India Betel-ƒomea, le ƒe 1975 me