Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame

Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame

 Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame

“Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—KORINTOTƆWO I, 10:31.

1, 2. Nukatae woate ŋu abu dzidzɔdonameɖokui nuwɔnawo be wonye “Mawu ƒe nunana,” gake nuxlɔ̃ame vevi kae Biblia na?

ESƆ be ame nadi be yeakpɔ gome le nuwɔna siwo naa wokpɔa dzidzɔ la me. Mía Mawu, Yehowa, dzidzɔtɔ la di be míase vivi na agbe, eyata ena nu gbogbo aɖewo, siwo ana míakpɔ dzidzɔ la mí. (Timoteo I, 1:11; 6:17) Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: ‘Medze sii bena, nu nyui aɖeke meli wu be, ame nakpɔ dzidzɔ, eye wòaɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me o. Elabena Mawu ƒe nunanae.’—Nyagblɔla 3:12, 13.

2 Le nyateƒe me la, ame ƒe dzi dzea eme ne wòwɔ dɔ aɖe wu enu eye wòdzudzɔ be yeaɖi ɖe eme ahado dzidzɔ na ye ɖokui, vevietɔ le hadede tuameɖo me kple ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo. Esɔ be woabui be enye ‘Mawu ƒe nunana.’ Ke hã, alesi Wɔla na nu gbogbo aɖewo mí hena míaƒe zazã la mena mɔnukpɔkpɔ mí be míaƒo mía ɖokui ɖe dzidzɔdonameɖokui nuwɔnawo me megbemakpɔmakpɔe o. Biblia meda asi ɖe ahamumu, nutsuɖuɖu, kple agbegbegblẽnɔnɔ dzi o, ke boŋ exlɔ̃ nu mí be amesiwo wɔa nusiawo tɔgbe ‘manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Lododowo 23:20, 21; Petro I, 4:1-4.

3. Nukae akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋute le gbɔgbɔ me ahana Yehowa ƒe ŋkeke gã la nanɔ susu me na mí?

3 Le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me la, enye gbetɔame sesẽ fifia na Kristotɔwo wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be woanɔ xexe si gblẽ ŋutɔ me gake aɖɔ ŋu ɖo be yewomasrɔ̃ eme nuwɔna gbegblẽawo o. (Yohanes 17:15, 16) Abe alesi wogblɔe ɖii ene la, egbeŋkekea me tɔwo va zu “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” ale gbegbe be womele “xaxa gã” si gbɔna la ƒe dzesiwo kpɔm ‘dze sii’ o. (Timoteo II, 3:4, 5; Mateo 24:21, 37-39) Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34, 35) Esi míenye Mawu subɔlawo ta la, míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi. Míawo míele abe ame mavɔ̃mawu siwo dome míele la ene o, ke boŋ míedzea agbagba vevie nɔa ŋute le gbɔgbɔ me henaa Yehowa ƒe  ŋkeke gã la nɔa susu me na mí.—Zefanya 3:8; Luka 21:36.

4. (a) Nukatae modzakaɖenu ɖɔʋuwo kpɔkpɔ sesẽ? (b) Nuxlɔ̃ame si dzi míedi be míawɔ ɖo kae dze le Efesotɔwo 5:15, 16?

4 Asaƒoƒo na xexeame ƒe nuwɔna gbegblẽwo mele bɔbɔe kura o, elabena Abosam na wodzena nu nyoameŋuwoe, eye wobɔ ɖe afisiafi. Asaƒoƒo na wo gasesẽna gɔ̃ hã wu le modzakaɖenyawo gome. Le nyateƒe me la, ɖe wotrɔ asi le modzakaɖenuwɔna siwo le xexea me la dometɔ akpa gãtɔ ŋu ale gbegbe be wòahe ame ƒe susu ayi “ŋutilã ƒe nudzodzro” gbɔe. (Petro I, 2:11) Modzakaɖenuwɔna maɖɔʋuwo bɔ ɖe haho modzakaɖeƒewo, gake woate ŋu ato agbalẽwo, television, Internet, kple videowo dzi age ɖe míaƒe aƒewo me. Le susu sia ta la, Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu Kristotɔwo nunyatɔe be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ne míewɔ nuxlɔ̃ame sia dzi pɛpɛpɛ ko hafi modzakaɖeɖe maɖɔʋuwo madzro mí, axɔ ɣeyiɣi le mía si, alo agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo me, ahakplɔ mí ayi tsɔtsrɔ̃ mee o!—Yakobo 1:14, 15.

5. Nuka wɔwɔe hea dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ vɛ

5 Esi dɔ geɖe le Kristotɔwo dzi ta la, eme kɔ be wosena le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewoaɖe modzaka. Le nyateƒe me la, Nyagblɔla 3:4 gblɔ be “nukoɣi li” eye “ɣeɖuɣi li.” Esia fia be Biblia mebu modzakaɖeɖe be enye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Gake ɖe wòle be modzakaɖeɖe nana ŋusẽ yeye naɖo mía ŋu, ke menye be wòade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me alo axɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo teƒe o. Kristotɔ tsitsiwo va de dzesii le agbe me be nusi hea dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ vɛ na amee nye nyuiwɔwɔ. Wotsɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me eye esia wɔwɔ naa ‘woƒe luʋɔwo kpɔa dzidzeme’ vavãtɔ le Yesu ƒe kɔkuti bɔbɔe la tsɔtsɔ me.—Mateo 11:29, 30; Dɔwɔwɔwo 20:35.

Modzakaɖeɖe si Sɔ Tiatia

6, 7. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ne modzakaɖeɖe aɖe sɔ alo mesɔ o?

6 Aleke míawɔ anya ne modzakaɖeɖe aɖe sɔ na Kristotɔ? Dzilawo naa mɔfiame wo viwo, eye hamemegãwo naa kpekpeɖeŋu ne ehiã. Gake, le nyateƒe me la, mele be wòanye be ame bubuwoe agblɔ na mí be agbalẽ, sinima, fefe, ɣeɖuɖu, alo haƒoƒo aɖe mesɔ o, hafi míanya o. Paulo gblɔ be ‘amesiwo tsi eye wona hehe woƒe sidzenuwo te ŋu dea vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14; Korintotɔwo I, 14:20) Gɔmeɖosewo le Biblia me afia mɔ mí. Wò dzitsinya si nètsɔ Mawu ƒe Nya na hehee, akpe ɖe ŋuwò ne èɖo toe.—Timoteo I, 1:19.

7 Yesu gblɔ be “ati ƒe tsetse wotsɔna dzea sii.” (Mateo 12:33) Ne kutsetse gbegblẽ siwo nye ŋutasẽnuwɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, alo gbɔgbɔyɔyɔ dze le modzakaɖenuwɔna aɖe me la, ele be míatsrii. Ne edea ame ƒe agbe alo lãmesẽ afɔku me, gblẽa ga na ame, ɖea dzi le ame ƒo, alo ɖiaa ame bubuwo nu la, ke eya hã mesɔ o. Apostolo Paulo na míenya be ne míaƒe nuwɔna de abi mía  nɔviwo ƒe dzitsinya ŋu la, míewɔ nuvɔ̃. Eŋlɔ bena: “Ne miewɔ nuvɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋuti ale, eye miede abi woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ ŋuti la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋuti. Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagaɖia nɔvinye nu o.”—Korintotɔwo I, 8:12, 13.

8. Afɔku kawoe nɔa kɔmpiuta kple video dzi fefewo me?

8 Kɔmpiuta dzi fefewo kple videowo yɔ fiasewo me fũ. Modzakaɖenuwɔna magblẽmagblẽ siwo doa nukokoe na ame henana woɖina ɖe eme la le wo dometɔ aɖewo me, gake zi geɖe la, nuwɔna siwo dzi Biblia meda asi ɖo o lae va le bɔbɔm ɖe wo me. Le nyateƒe me la, menye fefe dzro koe wòanye ne kɔmpiuta dzi fefe aɖe bia be woawɔ nuvevi ame ahawui le kɔmpiuta dzi, alo akpɔ gome le nuwɔna gblẽku maɖɔʋu aɖe me le kɔmpiuta dzi o! Yehowa lé fu “amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5; Lododowo 3:31; Kolosetɔwo 3:5, 6) Eye ne fefe aɖe ƒãa ŋukeklẽ alo adãnuwɔwɔ ɖe mewò, nana nu tena ɖe dziwò, alo xɔa ɣiyiɣi si nàzã ɖe nu ɖɔʋuwo ŋu le asiwò la, ekema nyae be ele nu gblẽm le ye ŋu le gbɔgbɔ me eye nàwɔ asitɔtrɔ kaba.—Mateo 18:8, 9.

Modzaka Ðeɖe le Mɔ Ðɔʋuwo Nu

9, 10. Nukawoe amesiwo ɖɔa ŋu ɖo la ate ŋu awɔ atsɔ aɖe modzakae?

9 Ɣeaɖewoɣi la, Kristotɔwo biana be: “Modzakaɖenu kawoe sɔ hã? Modzakaɖenuwɔna siwo le xexeame la dometɔ akpa gãtɔ mesɔ kple Biblia ƒe dzidzenuwo o.” Ke hã modzakaɖenuwɔna ɖɔʋu siwo doa dzidzɔ na ame li nàkpɔ, ɖeko wòbia agbagbadzedze. Ebia nuŋububu kple ɖoɖowɔwɔ, vevietɔ le dzilawo gome. Ame geɖe kpɔe be ɖoɖo wɔwɔ akpɔ gome le modzakaɖenuwɔna aɖe me kple yewoƒe ƒomea me tɔwo ɖekae alo kple hamea me tɔwo la ɖea vi geɖe. Ƒuƒoƒo akpɔ gome le nane ɖuɖu me ɖekae le dziɖeɖi me aɖo dze tso ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋu alo aɖo dze le Biblia me nyati aɖe ŋu doa dzidzɔ na ame hetua ame ɖo. Woate ŋu awɔ ɖoɖo adi nane aɖaɖu le modzakaɖeƒe aɖe, akpɔ gome le kamedefefe nyui aɖe me, ayi lãwo kpɔƒe loo, alo teƒe dodzidzɔname aɖe. Modzakaɖeɖe ɖɔʋu siawo ate ŋu ahe dzidzɔ kple dzidzeme geɖe vɛ na ame.

10 Hamemegã aɖe kple srɔ̃a siwo si vi etɔ̃ le gblɔ be: “Tso mía viawo ƒe ɖevime ke la, míena wokpɔa gome le afisi míaɖu mɔkekewo le la tiatia me. Ɣeaɖewoɣi la, míeɖea mɔ ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe kpea wo xɔlɔ̃ vevi aɖe si si nɔnɔme nyui le be woayi kpli mí, eye esia nana mɔkekea vivia wo nu ale gbegbe. Esiawo nyea ŋkeke vevi aɖewo siwo ɖeviawo maŋlɔ be akpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi hã la, míekpea ƒomewo kple xɔlɔ̃wo tsoa hamea me vaa míaƒe aƒea mee. Míeɖaa nu ɖaɖuna le teƒe aɖe hekpɔa gome le modzakaɖefefewo me ɖekae. Míekua ʋu yia towo dzi ɖaɖia tsa le afima, eye míezãa ɣeyiɣi mawo tsɔ srɔ̃a nu tso Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋui.”

11, 12. (a) Nukae nàte ŋu awɔ be ame bubuwo nanɔ wò modzakaɖeɖoɖowo me ɣeaɖewoɣi? (b) Ƒuƒoƒo kawo tɔgbee tsia susu me na ame geɖe?

11 Ne ame ɖekaɖekawo alo ƒomewo le ɖoɖo  wɔm ɖe modzakaɖeɖe ŋu la, ɖe woate ŋu ade ame bubuwo woƒe ɖoɖowo me ɣeaɖewoɣia? Ðewohĩ ame aɖe abe ahosi, amesi si srɔ̃ mele o, alo dzilaɖekɛ ƒome aɖe ene ahiã na dzideƒo. (Luka 14:12-14) Àte ŋu akpe hamea me tɔ yeye ʋɛ aɖewo hã, gake àkpɔ nyuie be kpɔɖeŋu nyui maɖola aɖeke manɔ ƒuƒoƒoa me ahayi ŋusẽ gbegblẽ kpɔ ge ɖe ame susɔeawo dzi o. (Timoteo II, 2:20, 21) Ne manya wɔ be ame aɖe si ŋu ŋusẽ mele o nayi kpli mi o la, ɖewohĩ miate ŋu awɔ ɖoɖoa aɖa nane atsɔ ayi egbɔe aɖaɖu kplii le eƒe aƒe me.—Hebritɔwo 13:1, 2.

12 Ƒuƒoƒo akpɔ gome le nu kpokploe aɖe ɖuɖu me ɖekae, aɖo to ase nuteƒekpɔkpɔwo tso alesi amewo wɔ va zu Kristotɔwo ŋu, kpakple nusiwo kpe ɖe wo ŋu wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu sese nyea nuwɔna siwo tsia susu me na ame geɖe eye wòdoa ŋusẽ wo. Woate ŋu ado dzeɖoɖowo ɖa tso Biblia me nyatiwo ŋu, siwo ŋu ƒuƒoƒoa me tɔwo katã kpakple ɖeviwo siaa ate ŋu ɖo dze le. Dzeɖoɖo siawo ate ŋu aɖe vi ahade dzi ƒo na amesiame, evɔ womawɔe le mɔ si ado ŋukpe ame alo ana woase le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o nu o.

13. Aleke Yesu kple Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le amedzrowɔwɔ kple amedzro nyenye ŋui?

13 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le amedzrowɔwɔ kple amedzro nyenye ŋuti. Ezãna ɣeyiɣi siawo tsɔ ƒoa nu tsoa gbɔgbɔmenuwo ŋu ɣesiaɣi. (Luka 5:27-39; 10:42; 19:1-10; 24:28-32) Eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. (Dɔwɔwɔwo 2:46, 47) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi; eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mía kple mia tɔ siaa la me.” (Romatɔwo 1:11, 12) Nenema kee wòle be míaƒe hadedewo naʋu mɔnukpɔkpɔ hena dzeɖoɖo kpakple na dzidedeƒo na ame nɔewo ɖi.—Romatɔwo 12:13; 15:1, 2.

Ŋkuɖodzinya Kple Nuxlɔ̃amenya Aɖewo

14. Nukatae manyo be woakpe ame geɖe fũ akpa ava modzakaɖewɔnawo wɔƒee o?

14 Manyo be amesiwo woakpe va modzakaɖewɔna aɖe wɔƒe la nasɔ gbɔ fũ akpa o, elabena ŋkuléle ɖe nuwo ŋu le ƒuƒoƒo gã mawo tɔgbe me sesẽna zi geɖe. Le ɣeyiɣi si madze gbɔgbɔmedɔwo wɔɣi dzi o la, ƒome ʋɛ aɖewo ate ŋu awɔ ɖoɖo adi nanewo aɖaɖu ɖekae le modzakaɖeƒe aɖe, alo akpɔ gome le kamedefefe aɖe si me hoʋiʋli manɔ fũ o me. Ne hamemegã, subɔsubɔdɔwɔla, alo ame tsitsi bubu aɖewo le wo dome la, wonyea ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui, si nana be wɔnaa gatua ame ɖo wu.

15. Nukata wòle be amesi kpe amewo va hadome wɔna aɖe wɔƒee la nalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie le wɔnaa wɔƒe?

15 Le hadomewɔnawo wɔƒe la, mele be ɖoɖoa wɔlawo naŋe aɖaba aƒu alesi wòhiãe be woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie la dzi o. Togbɔ be adzɔ dzi na wò be yeana yeƒe amedzroawo nakpɔ dzidzɔ hã, ɖe mate ɖe dziwò ŋutɔ ne èva se be esi yemete ŋu lé ŋku ɖe nanewo ŋu nyuie o ta nane dzɔ le wò aƒea me si ɖia ame aɖe nu oa? De ŋugble le gɔmeɖose si le Mose V, 22:8 ŋu kpɔ. Wobia tso Israel-vi si tu xɔ yeye si be wòatɔ kpɔ ɖe xɔa ta, afisi wodoa dzidzɔ na amedzrowo le zi geɖe la ŋu. Ðe susu ka ta? “Bena ame aɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.” Nenema ke wòle be nàwɔ ɖoɖo—si manye mɔxeɖenu si gbɔ eme o—atsɔ akpɔ wò amedzroawo tae be woagage ɖe ŋutilã kple gbɔgbɔ me fɔku aɖeke me o.

16. Aleke wòle be woaɖɔ ŋu ɖo nenye be woazã aha sesẽ le kplɔ̃ɖoƒe aɖee?

 16 Ne woana aha sesẽwo vavalawo la, ele be woawɔe le ŋuɖɔɖo blibo me. Kplɔ̃ɖola Kristotɔ geɖe danɛ kpɔ nenye be woate ŋu alé ŋku ɖe amekpekpeawo ŋu anya aha si nom wole kple agbɔsɔsɔ si nom wole ŋu ko hafi wonaa aha sesẽ le teƒea. Mele be woaɖe mɔ naneke naɖia amewo nu alo ate wo kpɔ woayi wo ɖokui ƒo ge ɖe aha geɖe nono me o. (Efesotɔwo 5:18, 19) Le susu vovovowo ta la, amekpekpe aɖewo aɖoe be yewomade nu aha sesẽ aɖeke me o. Le dukɔ geɖe me la, se li be ɖeviwo naxɔ ƒe aɖe hafi ano aha sesẽ, eye ele be Kristotɔwo naɖo to Kaisaro ƒe sewo, ne edze abe wosesẽ akpa hã.—Romatɔwo 13:5.

17. (a) Ne woaƒo ha le hadomewɔna aɖe me la, nukatae wòle vevie be ɖoɖoa wɔla natia ha siwo woaƒo la nyuie? (b) Ne woaɖu ɣe le wɔna aɖe me la, aleke wòle be woaɖɔ ŋu ɖoe?

17 Ele be amedzrowɔlaa nakpɔ egbɔ be haƒoƒo, ɣeɖuɖu, alo modzakaɖenuwɔna ɖesiaɖe si ayi edzi le teƒea sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu. Amesiame kple haƒoƒo si wòdina, eye haƒoƒo hamehamewo li fũ. Ke hã, haƒoƒo siwo li egbea la dometɔ geɖe doa aglãdzedze, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ. Eyata ehiã be míatia wo me. Mehiã kokoko be haƒoƒo aɖe nanye esi woƒo wòle bɔkɔɔ hafi woagblɔ be enyo o, ke hã mele be wòanye haƒoƒo si nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, alo esi me nya madzetowo le, siwo ɖina sesĩe la o. Kpɔ egbɔ be yemagblẽ ha siwo miaƒo la tiatia ɖe ame aɖe si mese nuwo gɔme henya nusita mele be woaƒo ha wòaɖi sesĩe akpa o la si me o. Edze ƒã be ɣeɖuɖu siwo me wodaa alime heʋuʋua no kple kpe le tsɔ nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame mee la masɔ na Kristotɔwo kura o.—Timoteo I, 2:8-10.

18. Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta to ŋkuléle ɖe hadomewɔna siwo wɔƒe wodena ŋu mee?

18 Ne wokpe ɖeviwo na hadomewɔna aɖe la, ele be dzila Kristotɔwo nanya nusiwo ayi edzi le teƒea, eye zi geɖe la, nunya anɔ eme be woayi kpli wo. Nublanuitɔe la, dzila aɖewo ɖe mɔ wo viwo de kplɔ̃ɖoƒe siwo me ame aɖeke ƒe ŋku menɔ ɖeviawo ŋu le o, si wɔe be woble ɖeviawo dometɔ geɖe de agbegbegblẽnɔnɔ alo nuwɔna gbegblẽ bubuwo me. (Efesotɔwo 6:1-4) Ne ƒewuiviwo le dodom le ƒewuiwo me, eye woɖee fia be yewoate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo hã la, egahiã kokoko be woakpe ɖe wo ŋu “[woasi] le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu.”—Timoteo II, 2:22.

19. Nyateƒenya kae akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nusi wòle be ‘míadi gbãgbiagbã’ ŋu?

19 Dzidzɔ dodo na ame ɖokui alo modzaka ɖeɖe le mɔ ɖɔʋuwo nu ɣeaɖewoɣi te ŋu doa ŋusẽ ame henana agbea gavivina vie wu. Yehowa mexe mɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ sia nu na mí o, ke hã míenya le nyateƒe me be menye modzakaɖenuwɔna siawoe kpena ɖe mía ŋu míedzraa gbɔgbɔmekesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo o. (Mateo 6:19-21) Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wose egɔme be ‘Mawu fiaɖuƒe la kple Eƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbãe’ nye nu vevitɔ le agbe me, ke menye nusi míaɖu, nusi míano, alo nusi míado, siwo ‘ŋu amewo tsia dzi ɖo vevie’ lae o.—Mateo 6:31-34.

20. Nu nyui kawoe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ate ŋu akpɔ mɔ na tso Nunala Gã la gbɔ?

20 Ẽ, míeɖale ‘nu ɖum alo le nu nom alo le dɔ aɖe wɔm’ o, míate ŋu awɔ “ye katã na Mawu ƒe kafukafu” ahada akpe na Nunala Gã la be ena nu nyuiwo mí be míazã le mɔ ɖɔʋuwo nu. (Korintotɔwo I, 10:31) Le Yehowa ƒe Paradiso si gbɔna kpuie me la, mɔnukpɔkpɔ si nuwuwu meli na o asu mía si be mía kple amesiwo katã wɔna ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi míaƒo ƒu le hadede tuameɖowo me ase vivi na eƒe dɔmenyonyo bliboe.—Psalmo 145:16; Yesaya 25:6; Korintotɔwo II, 7:1.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòsesẽ egbea be Kristotɔwo nakpɔ modzakaɖenu siwo sɔ?

• Modzakaɖeɖe ƒomevi siwo tu Kristotɔwo ƒe ƒomewo ɖo la dometɔ aɖewoe nye ka?

• Ne míele gome kpɔm le modzakaɖeɖe siwo sɔ me la, ŋkuɖodzinya kple nuxlɔ̃amenya kawoe mele be míaŋlɔ be o?

[Biabiawo]

na mí?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Tia modzakaɖeɖe si me nuwɔna ɖɔʋuwo le

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Modzakaɖeɖe ka ƒomeviwoe Kristotɔwo tsrina?