Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

 Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nukatae woate ŋu atsɔ nuvɔ̃ gbãtɔ—Adam ƒe tomaɖomaɖoa—asɔ kple dɔléle aɖe si ƒe dome míenyi?

Esɔ kple dɔléle elabena Adam ɖe nuvɔ̃a ɖe eƒe dzidzimeviwo ŋu. Esia tae míenyi nuvɔ̃ ƒe dome abe alesi ko ɖevi aɖewo xɔa dɔléle aɖe tsoa wo dzilawo gbɔ ene.—8/15, axa 5.

Nu vevi kawo gbɔe ŋutasẽnuwɔwɔ siwo bɔ egbea tso?

Satana le agbagba dzem be yeatrɔ amewo ɖa tso Yehowa ŋu to ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ ƒaƒã ɖe woƒe dzi me to sinima, haƒoƒo, kɔmpiuta dzi fefe siwo doa ŋusẽ ame be wòasrɔ̃ ŋutasẽnuwɔwɔ kple amewuwu dzi. Ŋutasẽnuwɔwɔ siwo woɖena fiana to nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi hã wɔe be wowɔa ŋutasẽnu geɖe.—9/1, axa 29.

Amekae Pontio Pilato Nye?

Enye Romatɔ si tso ame hatsotso aɖe si ƒe ɖoƒe mekɔkɔ de dunyahemegã, ame ŋkuta siwo nɔ sewɔhaa me la tɔ nu o, eye ɖewohĩ asrafo hãe wònye. Roma Fiagã Tiberio ɖo Pilato mɔmefiae ɖe Yudea nutoa dzi le ƒe 26 M.Ŋ. me. Le ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu me la, Pilato se nya siwo Yudatɔwo ƒe amegãwo tsɔ ɖe Yesu ŋu. Esi wòdi be yeawɔ nu wòadze amehaa ŋu ta la, etso kufia na Yesu.—9/15, axa 10-12.

Nukae “dzesi” si ŋu nya wogblɔ le Mateo 24:3 la nye?

Nu vovovowoe dzesi sia lɔ ɖe eme si na wònye dzesiƒokpli. Nusiwo le dzesi sia mee nye aʋawɔwɔ, dɔvɔ̃, kple anyigbaʋuʋuwo, eye dzesia ana Yesu yomedzelawo nanya eƒe “anyinɔnɔ” kple “nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu” ƒe aƒetutu.—10/1, axa 4-5.

Teƒe kawoe Yudatɔwo nɔ le duta?

Teƒe siwo koŋ Yudatɔ siwo menɔ Palestina nyigba dzi o la nɔ le duta le ƒe alafa gbãtɔ mee nye Siria, Asia Sue, Babilon, kple Egipte, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo hã nɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto siwo nɔ Europa nyigba dzi me.—10/15, axa 12.

Dzitsinya nyui ate ŋu akpɔtɔ anɔ Kristotɔ aɖe si ne ele dɔ wɔm le afisi wozãna tu kple lãnuwo lea?

Ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe dɔ wɔwɔ le afisi wozãna tu kple lãnu bubu aɖe le la nye. Gake ate ŋu adzɔ be dɔ wɔwɔ le afisiwo wozãa tu le ate ŋu ana ame naɖe hlɔ̃fe ne amea zã tua wòde ame aɖe ƒe agbe afɔku me loo alo wu ame aɖe si di be yeawɔ nuvevii tsɔ ɖo eteƒe nɛ. Kristotɔ si wɔa dɔ sia mate ŋu adze axɔ agbanɔamedzi le hamea me o. (Timoteo I, 3:3, 10)—11/1, axa 31.

Esi “Megido-to” mee woɖee nya “Harmagedon” tsoe ɖe, ɖe wòfia be woawɔ Harmagedon-ʋaa le to aɖe si le Titina Ɣedzeƒe dzia?

Ao. To aɖeke mele Megido o, negbe kpo aɖe si le bali aɖe si le Israel kasa ko. Teƒe ma mekeke na “anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo o.” Woawɔ Mawu ƒe aʋa gã la le anyigba dzi katã eye eyae atsi aʋawo katã nu. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:19; Psalmo 46:9,10)—12/1, axa 4-7.