Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Nyuie Be Nàgava Zu Ðokuidoɖedzila O

Kpɔ Nyuie Be Nàgava Zu Ðokuidoɖedzila O

 Kpɔ Nyuie Be Nàgava Zu Ðokuidoɖedzila O

“Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti.”​—YAKOBO 4:6.

1. Gblɔ dada si sɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

ÐE NANE dzɔ kpɔ si na dada ɖo mewòa? Mía dometɔ akpa gãtɔ to dzidzɔ ƒe nɔnɔme sia tɔgbe me kpɔ. Dada vi aɖe si aɖo mía me ɣeaɖewoɣi menye nu gbegblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, esi Kristotɔ ŋutsu aɖe kple srɔ̃a xlẽ nyatakaka si nufialawo ŋlɔ tso wo vinyɔnuvi ƒe agbenyuinɔnɔ kple veviedodonu le suku ŋu la, edze le woƒe mo be wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu. Enye dada na apostolo Paulo kple eƒe hadɔwɔlawo be yewote ŋu kpe asi ɖe hame yeye aɖe ɖoɖo ŋu, elabena nɔvi siwo nɔ afima do dzi le yometiti me.—Tesalonikatɔwo I, 1:1, 6; 2:19, 20; Tesalonikatɔwo II, 1:1, 4.

2. Nukatae menyo be míada o?

2 Kpɔɖeŋu siwo míegblɔ va yi na míekpɔe be dada ate ŋu afia dzidzɔ si ame kpɔ ɖe nuwɔna alo nunɔamesi aɖe ta. Gake zi geɖe la, ame ɖokui kpɔkpɔ gãe akpa, si nye sese le ame ɖokui me be yenyo wu ame bubuwo le yeƒe ŋutete, dzedzeme, kesinɔnu, alo ɖoƒe ta, ye nana ame dana. Eye zi geɖe la, edzena le alesi amea wɔa nu ɖokuiŋudzedzetɔe me, alo amea ƒe dzedzeme ɖenɛ fiana be enye dadala. Ele be mí Kristotɔwo míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie le dada sia ƒomevi ŋu. Nukatae? Elabena ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme aɖe le mía me si míexɔ tso mía tɔgbui Adam gbɔ. (Mose I, 8:21) Esia wɔnɛ be míaƒe dzi te ŋu blea mí míeva nɔa dadam madzemadzee. Le kpɔɖeŋu me, ele be Kristotɔwo nakpɔ nyuie be woagava nɔ dadam le ŋutigbalẽ si le wo ŋu, kesinɔnu si le wo si, suku si wode, dzɔdzɔmeŋutete siwo le wo si, alo dɔ aɖe si wowɔ wògbɔ ame bubuwo tɔ ŋu ta o. Dada le nusiawo ta mesɔ o, eye medzea Yehowa ŋu o.—Yeremya 9:22; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Korintotɔwo I, 4:7; Galatiatɔwo 5:26; 6:3, 4.

3. Be woado ame ɖokui ɖe dzi gɔme ɖe, eye nukae Yesu gblɔ tso eŋu?

3 Susu bubu aɖe hã li si ta wòle be míaƒo asa na dada si mesɔ o ɖo. Ne míeɖe mɔ dada ɖo míaƒe dzi me la, ate ŋu axɔ anyinɔ eye wòava zu dada ƒomevi aɖe si nana wodoa vlo ame bubuwo, si woyɔna be ɖokuidodoɖedzi. Be woado ame ɖokui ɖe dzi gɔme ɖe? Efia be ame nase le eɖokui me be yenyo wu ame bubuwo, eye esia wɔnɛ be wòbua wo be womesɔ kpli ye o, si nana mebua wo ɖe naneke me o. (Luka 18:9; Yohanes 7:47-49) Yesu yɔ “dada” hã kpe ɖe nɔnɔme vɔ̃ɖi siwo dona “tso ame ƒe dzi me” eye “woƒoa ɖi ame” ŋu. (Marko 7:20-23) Kristotɔwo ate ŋu akpɔ alesi wòle vevie be woakpɔ nyuie be woagava zu ɖokuidoɖedzilawo o.

4. Aleke Biblia me kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ɖokuidodoɖedzi ŋu me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

4 Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe amesiwo do wo ɖokui ɖe dzi ŋu me dzodzro ate ŋu akpe  ɖe ŋuwò nàtsri ɖokuidodoɖedzi. Ema awɔe be nàkpɔ dada ƒe nɔnɔme manyomanyo si anya nɔ mewò fifia alo si ava ɖo mewò ɣeaɖeɣi la adze sii. Esia akpe ɖe ŋuwò nàtsri susu kple seselelãme siwo ate ŋu ana nàva nɔ ɖokuiwò dom ɖe dzi. Vi si wòaɖe na wòe nye be nusi Mawu xlɔ̃ nu be yegbɔna wɔwɔ ge la magblẽ nu le ŋuwò o, be: “Maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa dadam la ɖa le dowòme, eye màgado ɖokuiwò ɖe dzi le nye to kɔkɔe la dzi azɔ o.”—Zefanya 3:11.

Mawu Tua Nu Kple Ðokuidoɖedzilawo

5, 6. Aleke Farao do eɖokui ɖe dzii, eye nukae do tso eme nɛ?

5 Àgate ŋu akpɔ alesi Yehowa bua ɖokuidodoɖedzii le alesi wòtu nu kple dziɖula ŋusẽtɔwo abe Farao ene me. Ðikeke aɖeke mele eme o be Farao do eɖokui ɖe dzi. Esi wònye ebua ye ŋutɔ ɖokui be mawue yenye woasubɔ ta la, edo vlo eƒe kluvi Israel-viwo. Kpɔ alesi wòwɔ nui esi wobiae be wòaɖe mɔ na Israel-viwo woayi gbedzi ‘aɖaɖu ŋkekenyui’ na Yehowae ɖa. Farao ɖo eŋu ɖokuidodoɖedzitɔe be: “Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti woayi?”—Mose II, 5:1, 2.

6 Esi fukpekpe ade va Farao dzi vɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be wòayi aɖabia Egipte-fiaa bena: ‘Ègale ɖokuiwò dom ɖe dzi kokoko ɖe nye dukɔa ŋu hegbe asiɖeɖe le wo ŋua?’ (Mose II, 9:17) Azɔ Mose gblɔ fukpekpe adrelia ŋu nya—be tsikpe adza ɖe anyigbaa dzi. Togbɔ be Farao ɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le fukpekpe ewolia megbe hã la, egava trɔ susu heti wo yome. Mlɔeba, Farao kple eƒe aʋakɔawo va ge dze mɔ̃ me le Ƒudzĩa me. Nya ka gblɔmee woanya nɔ na wo ɖokui esi tsia nɔ nyenyẽm tsyɔ wo dzi ya? Nukae do tso Farao ƒe ɖokuidodoɖedzia me? Eƒe asrafohaa me tɔ ame ŋkutawo gblɔ be: “Mina míasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.”—Mose II, 14:25.

7. Aleke Babilon dziɖulawo do wo ɖokui ɖe dzii?

7 Yehowa bɔbɔ dziɖula ɖokuidoɖedzila aɖewo hã ɖe anyi, si na woɖu ŋukpe. Wo dometɔ ɖekae nye Sanxerib, si nye Asiria alo Asur-fia. (Yesaya 36:1-4, 20; 37:36-38) Mlɔeba, Babilontɔwo va ɖu Asiria dzi, gake wobɔbɔ Babilon-fia eve siwo do wo ɖokui ɖe dzi hã ɖe anyi. Èɖo ŋku azã si ɖum Fia Belsazar nɔ, si me wòna eya kple eƒe amekpekpewo no nu le kplu siwo wolɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa me la me, hekafu Babilontɔwo ƒe mawuwo dzia? Kasia ko, ame aɖe ƒe asi va ŋlɔ gbedasi aɖe ɖe glia ŋu. Esi Belsazar bia be woaɖe nuŋɔŋlɔ dovoɖiname si nɔ glia ŋu me na ye la, nyagblɔɖila Daniel ɖo ŋku edzi nɛ be: “Mawu dziƒoʋĩtɔ tsɔ fiaɖuƒe . . . na fofowò Nebukadnezar. Ke esi eƒe dzi do eɖokui ɖe dzi . . . la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi. Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi.” (Daniel 5:3, 18, 20, 22) Zã ma me kee Medo-Persia ʋakɔa xɔ Babilon, hewu Belsazar.—Daniel 5:30–6:1.

8. Aleke Yehowa tu nu kple ame vovovo siwo do wo ɖokui ɖe dzi lae?

8 Bu ɖokuidoɖedzila bubu siwo do vlo Yehowa ƒe amewo hã ŋu kpɔ: Filistitɔ dzɔtsu Goliat, Persiatɔwo ƒe Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔ Haman, kple Fia Herodes Agripa si ɖu Yudea nutoa dzi. Esi ŋutsu etɔ̃ siawo do wo ɖokui ɖe dzi ta la, Yehowa na woku gbɔɖiameku. (Samuel I, 17:42-51; Ester 3:5, 6; 7:10; Dɔwɔwɔwo 12:1-3, 21-23) Alesi Yehowa tu nu kple ɖokuidoɖedzila siawo na nyateƒenya sia dze ƒã be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” (Lododowo 16:18) Nyateƒee, ɖikeke aɖeke mele eme o be “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti.”—Yakobo 4:6.

9. Aleke Tiro-fiawo ɖee fia be yewonye yomemɔfialawo?

9 Ɣeaɖeɣi Tiro-fia ya wɔ nusi to vovo na Egipte, Asiria, kple Babilon dziɖula ɖokuidoɖedzilawo to alesi wòkpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu me. Le Fia Dawid kple Salomo ƒe dziɖuɣiwo la, eɖo aɖaŋuwɔlawo kple dɔwɔnuwo ɖa  be woazã le fia ƒe xɔwo kple Mawu ƒe gbedoxɔa tutu me. (Samuel II, 5:11; Kronika II, 2:10-15) Gake nublanuitɔea, Tirotɔwo va tsi tre ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu emegbe. Nukae na nuwo va trɔ alea?—Psalmo 83:4-8; Yoel 4:4-6; Amos 1:9, 10.

“Wò Dzi De Asi Dada Me”

10, 11. (a) Amekae míate ŋu atsɔ Tiro-fiawo asɔ kplii? (b) Nukae na Tirotɔwo ƒe nɔnɔme ɖe Israel-viwo ŋu va trɔ?

10 Yehowa na eƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Xezekiel be wòaklo nu le Tiro fiaƒomea ƒe nuwɔnawo dzi ahabu fɔ wo. Gbedasi ma si wogblɔ na “Tiro-fia” la sɔ nyuie na Tiro fiaƒomea kple yomemɔfiala gãtɔ Satana, amesi “[menɔ] tsitre ɖe nyateƒe la me o” siaa. (Xezekiel 28:12; Yohanes 8:44) Satana nye gbɔgbɔmeme eye esubɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Yehowa ƒe vi siwo le dziƒo ƒe habɔbɔa me kpɔ. Yehowa to Xezekiel dzi na míenya nusi koŋ na nu gblẽ le Tiro fiaƒomea kple Satana ŋu:

11 “Ènɔ Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò . . . Ènye Kerubi keke aʋala me . . . Dzuƒe menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbesigbe wowɔ wò, vaseɖe esime wokpɔ nu madzɔmadzɔ le ŋuwò o. Le wò asitsatsa gbogboawo ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ ɖokuiwò mee, eye nèzu nuvɔ̃wɔla; eyata . . . [matsrɔ̃] wò . . . , wò Kerubi, si keke aʋala me. Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta.” (Xezekiel 28:13-17) Ẽ, ɖokuidodoɖedzi na Tiro-fiawo va sẽ ŋuta le Yehowa ƒe amewo ŋu. Kesinɔnu gbogbo aɖe va su Tiro si le asitsatsa ta eye nu dzeani siwo le dua me na wòxɔ ŋkɔ. (Yesaya 23:8, 9) Tiro-fiawo va nɔ wo ɖokui kpɔm akpa, si na wova dze Mawu ƒe amewo tete ɖe to.

12. Nukae na Satana va zu yomemɔfiala, eye nukae wòyi edzi le wɔwɔm?

12 Nenema kee nunya nɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu Satana si be wòawɔ dɔ sia dɔ si Mawu de esi hafi. Le esi wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu teƒea, ‘eva do eɖokui ɖe dzi’ heva nɔ vlo dom Mawu ƒe dziɖuɖu. (Timoteo I, 3:6) Ekpɔ eɖokui gãe ale gbegbe be eva di vevie be Adam kple Xawa nade ta agu na ye. Dzodzro vɔ̃ sia va tsi ɖe eyama me heva dzi nuvɔ̃. (Yakobo 1:14, 15) Satana ble Xawa wòɖu ati si ɖeka ko ŋuti Mawu de se ɖo na wo la. Azɔ Satana na eya hã ƒoe ɖe Adam nu wòɖu ati si ŋu wode se ɖo la. (Mose I, 3:1-6) Aleae wòdzɔe be atsu kple asi gbãtɔwo gbe be Mawu megaɖu yewo dzi o, si wɔe be wova zu Satana subɔlawo ŋutɔŋutɔ. Eƒe ɖokuidodoɖedzia mese ɖe afima o. Edze agbagba be yeable dziƒo kple anyigba dzi nuwɔwɔ nyanu ɖesiaɖe, kpakple Yesu Kristo kura gɔ̃ hã, be woade ta agu na ye, ale be woagbe Yehowa ƒe dziɖuɖu.—Mateo 4:8-10; Nyaɖeɖefia 12:3, 4, 9.

13. Nukae dona tsoa ɖokuidodoɖedzi me?

13 Eyata àte ŋu akpɔe be Satana gbɔe ɖokuidodoɖedzi dzɔ tso; nuwɔna sia gbɔ koŋue nuvɔ̃, fukpekpe, kple nufitifitiwɔwɔ siwo le xexeame egbea dzɔ tso. Esi Satanae nye  “xexe sia me mawu” ta la, eyi edzi le dada kple ɖokuidodoɖedzi manyomanyo ƒãm ɖe amewo me. (Korintotɔwo II, 4:4) Enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe kpɔtɔ na ye, eye le esia ta ele aʋa wɔm kple Kristotɔ vavãwo. Taɖodzinu si le esie nye be yeatrɔ wo ɖa tso Mawu gbɔ, yeana woava zu wo ɖokui lɔ̃lawo, adegbe ƒolawo, kple ɖokuidoɖedzilawo. Biblia gblɔe ɖi be ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme siawo abɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me.—Timoteo II, 3:1, 2; Nyaɖeɖefia 12:12, 17.

14. Gɔmeɖose ka dzie Yehowa nɔa te ɖo wɔa nu kple nuwɔwɔ siwo si nunya le?

14 Yesu Kristo ya klo nu le nu gbegblẽ si do tso Satana ƒe ɖokuidodoɖedzi me ŋu dzideƒotɔe. Yesu gblɔ gɔmeɖose si dzi Yehowa nɔa te ɖo wɔa nu kple ameƒomea na eƒe futɔ siwo nɔ wo ɖokui bum ame dzɔdzɔewoe. Egblɔe wòde zi etɔ̃ ya teti be: “Amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 14:11; 18:14; Mateo 23:12.

Kpɔ Nyuie be Nàgava Nɔ Ðokuiwò Dom Ðe Dzi O

15, 16. Nukae na Hagar va do eɖokui ɖe dzi?

15 Ðewohĩ ède dzesii be kpɔɖeŋu siwo katã míegblɔ va yi tso ɖokuidodoɖedzi ŋu la ku ɖe ame ŋkutawo ŋu. Ðe ema fia be ame tsɛwo ya mate ŋu ado wo ɖokui ɖe dzi oa? Mefia nenema kura o. De ŋugble tso nane si dzɔ le Abraham ƒe aƒeme ŋu kpɔ. Vi aɖeke menɔ blemafofo sia si be wòanyi eƒe nuwo dome o, evɔ srɔ̃a Sara tsi, magate ŋu adzi vi o. Ebɔ ɣemaɣi be amesiwo le Abraham ƒe nɔnɔmea tɔgbe me naɖe srɔ̃ bubu be wòadzi vi nɛ. Mawu da asi ɖe srɔ̃ɖeɖe mawo dzi elabena ɣeyiɣi mekpɔ de nɛ ɣemaɣi be wòagbugbɔ dzidzenu siwo nɔ esi ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la aɖo anyi le tadeagula vavãtɔwo dome o.—Mateo 19:3-9.

16 Esi Sara ƒoe ɖe srɔ̃a Abraham nu ta la, elɔ̃ be yeaxɔ Sara ƒe kosivi Egiptetɔ Hagar aɖe be wòadzi domenyila na ye. Esi Hagar va zu Abraham srɔ̃ evelia ta la, eva fɔ fu. Ðe wòle be wòada akpe gã aɖe ɖe bubu si wode eŋu ta hafi. Gake ɖe wòva do eɖokui ɖe dzi boŋ. Biblia gblɔ be: “Esi wòkpɔ bena, yefɔ fu la, eva eƒe aƒenɔ kpɔ ge ɖe ƒomevii.” Nɔnɔme sia va he dzre va Abraham ƒeme ale gbegbe be Sara va nya Hagar. Gake kuxia gbɔ kpɔnu nɔ anyi. Mawu ƒe dɔla xlɔ̃ nu Hagar be: “Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete!” (Mose I, 16:4, 9) Edze ƒã be Hagar wɔ nuxlɔ̃amea dzi, trɔ eƒe nɔnɔme ɖe Sara ŋu, si na wòva zu ame akpe geɖe mama.

17, 18. Nukatae wòle be mí katã míanɔ ŋudzɔ ɖe ɖokuidodoɖedzi ŋu?

 17 Hagar ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ne eme va nyo na ame la, ate ŋu ado eɖokui ɖe dzi. Nusɔsrɔ̃ si le emee nye be Kristotɔ si tsɔ dzi nyui subɔa Mawu gɔ̃ hã ate ŋu ava do eɖokui ɖe dzi ne kesinɔnu alo ŋusẽ va su esi. Ame ate ŋu ava do eɖokui ɖe dzi hã ne ame bubuwo kafunɛ ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ, nunya, alo ŋutete ta. Ẽ, ele be Kristotɔwo nakpɔ nyuie be ɖokuidodoɖedzi nagage ɖe woƒe dzi me o. Esia hiã, vevietɔ ne nu va dze edzi nɛ alo wòva xɔ agbanɔamedzi geɖe.

18 Gake susu vevitɔ kekeake si ta míatsri ɖokuidodoɖedzie nye alesi Mawu buna nɔnɔme siae. Eƒe Nya la gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.” (Lododowo 21:4) Enyo be míade dzesii be Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nye “xexe sia me kesinɔtɔwo” etɔxɛ be “woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o.” (Timoteo I, 6:17; Mose V, 8:11-17) Ele be Kristotɔ siwo menye kesinɔtɔwo o hã natsri “ŋku vɔ̃ɖi,” alo ŋuʋaʋã, eye ele be wòanɔ susu me na wo be ɖokuidodoɖedzi ate ŋu age ɖe ameƒomevi ɖesiaɖe me.—Marko 7:21-23; Yakobo 4:5.

19. Aleke Uziya wɔ gblẽ ŋkɔ nyui si nɔ eŋu lae?

19 Ðokuidodoɖedzi kple nɔnɔme vɔ̃ɖi bubuwo ate ŋu ana mía kple Yehowa dome ƒomedodo me nagblẽ. Le kpɔɖeŋu me, bu nusiwo dzɔ le Fia Uziya ƒe dziɖuɣi ƒe akpa gbãtɔ ŋu kpɔ: “Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu . . . Edi Mawu . . . eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.” (Kronika II, 26:4, 5) Gake nublanuitɔea, Fia Uziya va gblẽ ŋkɔ nyui si nɔ eŋu elabena “ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ.” Eva nɔ eɖokui kpɔm ale gbegbe be eva yi gbedoxɔa me be yeasa vɔ. Esi nunɔlawo xlɔ̃ nui be megawɔ ɖokuidodoɖedzinu sia o la, “Uziya do dɔmedzoe.” Nusi do tso eme nɛ ye nye be Yehowa na wòdze anyi, eye wòzu amesi ŋu Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖo o vaseɖe eƒe kugbe.—Kronika II, 26:16-21.

20. (a) Aleke ŋkɔ nyui si nɔ Fia Xizkiya ŋu va ɖo afɔku mee? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Àte ŋu atsɔ kpɔɖeŋu sia asɔ kple Fia Xizkiya tɔ. Fia sia gblẽ ŋkɔ na eɖokui ɣeaɖeɣi kloe elabena “ede asi dada me.” Gake dzidzɔtɔea, ‘Xizkiya bɔbɔ eɖokui le eƒe dada la ta,’ si na Mawu gava kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Kronika II, 32:25, 26) De dzesii be nusi kpɔ Xizkiya ƒe ɖokuidodoɖedzi kuxia gbɔe nye ɖokuibɔbɔ. Ẽ, amesi medoa eɖokui ɖe dzi o la bɔbɔa eɖokui. Eyata, le nyati si akplɔ esia ɖo me la, míadzro alesi míawɔ atu ɖokuibɔbɔ ɖo ahayi edzi abɔbɔ mía ɖokui abe Kristotɔwo ene ɖaa la me.

21. Nukae Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokui ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na?

21 Gake migana míaŋlɔ nu gbegblẽ siwo do tso ɖokuidodoɖedzi me be gbeɖe o. Esi wònye Mawu “tsia tre ɖe dadalawo ŋuti” ta la, mina míaɖoe kplikpaa be míatsri dada  manyomanyo ɖesiaɖe. Esi míele agbagba dzem be míanye Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokui ta la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míatsi agbe le Mawu ƒe ŋkeke gã la dzi, esime wòaɖe ɖokuidoɖedzilawo kple nusiwo dona tsoa ɖokuidodoɖedzi me ɖa le anyigba dzi. Ekema “woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dada ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.”—Yesaya 2:17.

Nya Siwo Ŋu Míade Ŋugble Le

• Amekae nàgblɔ be ɖokuidoɖedzila nye?

• Afikae ɖokuidodoɖedzi dzɔ tso?

• Nukae ate ŋu ana ame nado eɖokui ɖe dzi?

• Nukatae wòle be míakpɔ nyuie le ɖokuidodoɖedzi ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Farao ƒe ɖokuidodoɖedzi na wòɖu ŋukpe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Esi eme nyo na Hagar la, edo eɖokui ɖe dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Xizkiya bɔbɔ eɖokui, si na Mawu gakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu