Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Kpeɖodzi kawoe li si ta míagblɔ be nyagbɔgblɔ siwo nye “amesi ko si makumakunyenye le” kple “amesi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o” la ku ɖe Yesu ŋu, ke menye Yehowa ŋu o?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Ðeɖefia sia si Dziɖula dzidzɔtɔ ɖeka hɔ̃, NW] fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o.”—Timoteo I, 6:15, 16.

Zi geɖe la, Biblia ŋuti numeɖelawo buna eŋu be: ‘Ðe woagate ŋu azã nyagbɔgblɔ mawo abe “amesi ko si makumakunyenye le,” “Dziɖula ɖeka hɔ̃” la, kple “amesi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o” ene na ame bubu aɖe tsɔ wu Ŋusẽkatãtɔ la?’ Nyateƒee, woate ŋu azã nyagbɔgblɔ mawo atsɔ aɖɔ Yehowae. Gake nya siwo gblɔm Paulo nɔ hafi gblɔ nya mawo la ɖee fia be Yesu ŋue wònɔ nu ƒom tsoe tẽ le Timoteo I, 6:15, 16.

Le kpukpui 14 lia ƒe nuwuwu la, Paulo ƒo nu tso “Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la” ŋu. (Timoteo I, 6:14) Eyata esi Paulo ŋlɔ le kpukpui 15 lia me be “[ɖeɖefia sia si Dziɖula dzidzɔtɔ ɖeka hɔ̃, NW] . . . la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi” la, Yesu ƒe ɖeɖefia ŋue wònɔ nu ƒom tsoe, ke menye Yehowa Mawu ƒe ɖeɖefia o. Ekema amekae nye ‘Dziɖula ɖeka hɔ̃’ la? Edze abe susu le eme be míaƒo nya ta be Yesue nye Dziɖula si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la ene. Nukatae? Nya siwo ƒo xlã nya mawo na wòdze ƒã be Yesu kple amegbetɔ dziɖulawoe Paulo tsɔ nɔ sɔsɔm kple wo nɔewo. Nyateƒee wònye be Yesu nye “[amegbetɔ siwo nye fiawo la] dzi fia kple [amegbetɔ siwo nye aƒetɔwo la] dzi Aƒetɔ,” * abe alesi Paulo ŋlɔe ene. Ne míetsɔ Yesu sɔ kple amegbetɔ mawo la, eyae nye ‘Dziɖula ɖeka hɔ̃’ la nyateƒe. “Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu [na Yesu], eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo asubɔe.” (Daniel 7:14) Amegbetɔ dziɖula aɖeke mate ŋu agblɔ be yee wowɔnɛ o!

Ke nyagbɔgblɔ si nye “amesi ko si makumakunyenye le” ya ɖe? Le esia hã gome la, ɖe wotsɔ Yesu nɔ sɔsɔm kple amegbetɔ siwo nye fiawo. Anyigba dzi dziɖulawo dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wona ye makumakunyenye o, gake wona Yesu ya. Paulo ŋlɔ bena: “Míenyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpɔ o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o.” (Romatɔwo 6:9) Eyata Yesue nye ame gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me be wona makumakunyenyee. Le nyateƒe me la, esi Paulo nɔ nya siawo ŋlɔm la, Yesu ɖeɖekoe nye amesi wona agbe si womate ŋu atsrɔ̃ o lae.

Ele be wòanɔ susu me na mí hã be masɔ be Paulo nagblɔ be Yehowa Mawu ɖeɖeko sie makumakunyenye le o, elabena Yesu hã xɔ makumakunyenye xoxo hafi Paulo ŋlɔ nya mawo. Gake Paulo ate ŋu agblɔ be Yesu ɖeɖeko sie makumakunyenye le ne wotsɔ eyama sɔ kple amegbetɔ dziɖulawo.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esɔ le nyateƒe me be le Yesu ƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi vɔ megbe la, woate ŋu aɖɔe be enye “amesi ame aɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o.” Ele eme baa be eƒe nusrɔ̃lawo ya akpɔe le woa ŋutɔwo ƒe ku kpakple woƒe tsitretsitsi si me woato ayi dziƒo abe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ene megbe. (Yohanes 17:24) Gake amegbetɔ siwo le anyigba dzi dometɔ aɖeke makpɔ Yesu le eƒe ŋutikɔkɔe me o. Eyata woate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be tso Yesu ƒe tsitretsitsi kple dziƒoyiyi vɔ megbe la, “ame aɖeke” mekpɔ Yesu kpɔ o.

Nyateƒee, ne èxlẽ nusi woŋlɔ ɖe Timoteo I, 6:15, 16 teti la, ate ŋu adze abe Mawu ŋue wòku ɖo ene. Gake nya siwo gblɔm Paulo nɔ hafi gblɔ nya mawo de eme—hekpe ɖe kpeɖodzi siwo le mawunyakpukpui bubuwo me ŋu—ɖee fia be Yesu ŋue Paulo nɔ ƒom tsoe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Wogblɔ nya mawo tɔgbe ke le Yesu ŋu le Korintotɔwo I, 8:5, 6; Nyaɖeɖefia 17:12, 14; 19:16.