Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Yehowa Ƒe “Nya” Nakpɔ Tawò

Na Yehowa Ƒe “Nya” Nakpɔ Tawò

 Na Yehowa Ƒe “Nya” Nakpɔ Tawò

LE ƑE 490 D.M.Ŋ. me le aʋa xɔŋkɔ aɖe si wowɔ le Marathon me la, Atenetɔ siwo ƒe xexlẽme anɔ tso akpe 10 yi akpe 20 la kpe aʋa kple Persia srafo siwo sẽŋu hesɔ gbɔ wu sasasã la. Aʋawɔɖaŋu vevi si Helatɔwo zãe nye be wona be asrafowo kpe woƒe akpoxɔnuwo ɖe wo nɔewo tɔ nu kpikpikpi eye wodo woƒe akplɔwo ɖe ŋgɔ tsɔƒũ henɔ zɔzɔm kplikplikpli ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Woƒe akpoxɔnuawo tsɔtsɔ mimi ɖe wo nɔewo tɔwo ŋu va nɔ abe gli sesẽ aɖe si womate ŋu agbã o ene, eye wolé akplɔ didiwo hã ɖe asi. Aʋawɔɖaŋu sia kpe ɖe Atenetɔwo ŋu woɖu Persiatɔ siwo ƒe aʋalɔgowo sɔ gbɔ sasasã wu la dzi gbidii.

Kristotɔ vavãwo le gbɔgbɔmeʋagbedzi. Wole kame tem kple futɔ triakɔwo—siwo nye fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dziɖula siwo ŋku mekpɔna o, amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me be wonye “xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me.” (Efesotɔwo 6:12; Yohanes I, 5:19) Mawu ƒe amewo yia edzi ɖua dzi—gake menye le woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Kafukafua katã yi na Yehowa, amesi kpɔa wo ta hefiaa mɔ wo abe alesi wogblɔe ɖe Psalmo 18:31 me ene be: “Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso la.”

Ẽ, Yehowa toa eƒe “nya” siwo me kɔ siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔewo me dzi kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me. (Psalmo 19:8-12; 119:93) Salomo ŋlɔ ku ɖe nunya si gbegbe le Mawu ƒe Nya la me ŋu be: “Mègaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpɔ tawò.” (Lododowo 4:6; Nyagblɔla 7:12) Aleke mawumenunya kpɔa mía ta tso afɔku mee? De ŋugble le blema Israel ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ ko.

Amesiwo Ta Mawumenunya Kpɔ

Yehowa ƒe Sea kpɔ Israel-viwo ta hefia mɔ wo le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Le kpɔɖeŋu me, se siwo ku ɖe nuɖuɖu, dzadzɛnyenye, kple dɔnɔwo ɖeɖeɖeaga ŋu la kpɔ wo ta tso dɔléle geɖe siwo tu nu kple dukɔ bubuwo me tɔwo la si me. Esi wova kpɔ dɔlékui suesuewo dze sii le ƒe alafa 19 lia me ko hafie dzɔdzɔmeŋutinunya dze egɔme nɔ  ɖeka wɔm kple Mawu ƒe Se siawo. Se siwo ku ɖe anyigba alo aƒe ƒe amesinɔnɔ, nu gbugbɔgaxɔ ƒle, fe si wonyi tsɔtsɔ ke ame, kple deme xɔxɔ ɖe ga si wodo na ame dzi ŋu ɖe vi na ame geɖe ŋutɔ le Israel, elabena wodea amewo dzi eye wona be asitsanyawo hã dana sɔna le go geɖe me. (Mose V, 7:12, 15; 15:4, 5) Yehowa ƒe Sewo kpɔ Israel nyigbawo gɔ̃ hã ta! (Mose II, 23:10, 11) Sedede siwo tsi tre ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu kpɔ ameawo ta le gbɔgbɔ me, ekpɔ wo ta le gbɔgbɔvɔ̃wo ƒe ameteteɖeanyi, ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔ, kple nu vɔ̃ɖi bubuwo wɔwɔ si me, eye wona be woƒo asa na gbɔɖiɖi ame ɖokui nuwɔna si nye tadedeagu na legba siwo me agbe mele o la.—Mose II, 20:3-5; Psalmo 115:4-8.

Eme kɔ ƒa be Yehowa ƒe “nya” menye “nya gbɔlo” na Israel o; ke boŋ agbe kple agbedidi nɔnɔe wònye na amesiwo katã ɖo toe. (Mose V, 32:47) Nenema kee wòle egbea na amesiwo ɖoa to Yehowa ƒe se siwo me nunya le la, togbɔ be Kristotɔwo megale Se ƒe nubabla la te o hã. (Galatiatɔwo 3:24, 25; Hebritɔwo 8:8) Le nyateƒe me la, le esi woanye se siwo woŋlɔ ko teƒe la, Biblia me gɔmeɖose vovovo siwo fiaa mɔ ame hekpɔa ame tae le Kristotɔwo ya si.

Amesiwo Ta Gɔmeɖosewo Kpɔ

Ate ŋu adzɔ be mɔ siwo nu woazã sededewo ɖo la masɔ gbɔ o eye woate ŋu anye esiwo nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko hã. Gake esi wònye Biblia me gɔmeɖosewo nye nyateƒenya siwo dzi wotu sedede geɖewo ɖo ta la, woate ŋu azã wo ɖe mɔ vovovowo nu eye wonɔa anyi ɖaa hã. Le kpɔɖeŋu me, bu nya gɔmeɖose si Yakobo 3:17 ƒe akpa aɖe gblɔ la ŋu kpɔ ko: “Nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe [edia ŋutifafa, NW].” Alekee nyateƒenya vevi sia ate ŋu anye ametakpɔnu na Mawu ƒe amewo egbea?

Be woanɔ dzadzɛ fia be woanɔ kɔkɔe le agbenɔnɔ me. Le esia ta la, menye agbegbegblẽnɔnɔ koe amesiwo dzea agbagba be yewoanɔ agbe dzadzɛ ƒoa asa na o, ke woƒoa asa na nusiwo kplɔa ame dea eme hã, siwo dometɔ aɖewo nye gbɔdɔdɔ ŋu bubu kple amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ. (Mateo 5:28) Nenema kee amesiwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe siwo tsɔ Yakobo 3:17 de dɔwɔna me hã manɔ asi ƒom wo nɔewo fũ si ate ŋu awɔe be womava ɖu wo ɖokui dzi o. Esi wònye gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ doa dzidzɔ na wo ta la, naneke meblea wo be woatsɔ dzadzɛnyenye aku ati o, ɖewohĩ anɔ ebum be ne yewomenya da le sea dzi ŋutɔŋutɔ o ko la, yewoƒe agbenɔnɔ adze Yehowa ŋu. Wonyae be Yehowa “kpɔa keke dzi me ke” eye wòwɔa nu ɖe alesi dzia ƒe nɔnɔme le nu. (Samuel I, 16:8; Kronika II, 16:9) Amesiawo kpɔa woƒe ŋutilã ta tso gbɔdɔdɔ me dɔléle siwo bɔ egbea ale gbegbe me eye wòwɔnɛ hã be wonɔa dedie le susu kple seselelãme gome.

Yakobo 3:17 gblɔ be mawumenunya nana wowɔa ‘ŋutifafa’ hã. Míenyae be Satana dzea agbagba be yeato ŋutasẽnuwɔnawo dede dzi me na mí dzi aɖe mí ɖa le Yehowa ŋu, ɖewohĩ ato agbalẽ, sinimawo, haƒoƒo, kple kɔmpiuta dzi fefe siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ le dzi—siwo dometɔ aɖewo naa fefewɔla alo ekpɔla susuna ŋutasẽnuwɔna aɖe si mele gbɔgblɔ me o kple amewuwu ŋu. (Psalmo 11:5) Satana ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le esia me la dze ƒãa le ŋutasẽnuwɔna siwo le agbogbo dom ɖe edzi la me. Ƒe aɖewoe nye esia la, Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Sydney Morning Herald gblɔ nya aɖe si Robert Ressler amesi to nyagbɔgblɔ si nye “serial killer,” alo ame gbogbowo wula, vɛ gblɔ. Ressler gblɔ be nusi de dzo lãme na amewula siwo yebia gbee le ƒe 1970-awo me lae nye amamaɖeɖe ƒe nuwɔna “siwo nu mesẽ de egbetɔwo nu o” la. Le esia ta la, Ressler gblɔ be “nusiwo le ŋgɔ gbɔna la ɖi vɔvɔ̃—ƒe alafa yeye si me amewulawo asɔ gbɔ ɖe edzi le.”

Nyateƒee le ɣleti ɖeka ko le nyadzɔdzɔ sia ƒe dodo vɔ megbe la, ŋutsu aɖe da tu ɖevi sue 16 woku tsɔ kpe ɖe woƒe nufiala ŋu le abɔdzokpo aɖe si le Dunblane, Scotland, eye emegbe wòda tu wu eya ŋutɔ ɖokui. Le ɣleti si kplɔ ema ɖo me la, ŋutsu tagbɔmanɔsinuwɔla aɖe da tu ame 32 le du si nye Port Arthur, si le Tasmania, si me tomefafa nɔ me le Australia. Le ƒe siwo va nyitsɔ laa ko me la, wowu sukuvi geɖewo le United States si wɔe be Amerikatɔwo va le biabiam be, Nuka tututue le dzɔdzɔm? Le June 2001 me la, Japan ƒe ŋkɔ ɖi hoo le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me esime ŋutsu aɖe ge ɖe suku aɖe me hetɔ hɛ ɖevi 8 siwo nɔ klass gbãtɔ  kple evelia woku eye wòtɔ hɛa ame 15 bubuwo hã. Le nyateƒe me la, susu siwo tae nu baɖa vɔ̃ɖi mawo dzɔna la gɔmesese sesẽ ŋutɔ, ke hã, ame geɖe ŋutɔ va le ekpɔm be ŋutasẽnu siwo woɖena fiana le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me la nye kuxia ƒe dzɔtsoƒewo dometɔ ɖeka. Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla, Phillip Adams, ŋlɔ bena, “Ne miniti ɖeka ƒe boblododo ate ŋu ana be woaƒle nu wòavɔ keŋkeŋ le asitsaƒewo la, ke mègagblɔ nam be sinima si woɖena woxɔa gaƒoƒo eve si ŋu wogblẽa ga miliɔn geɖe ɖo la mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe nuwɔna dzi o.” Nukutɔe la, kpovitɔwo kpɔ sinima siwo me wowɔ anyrãnu le kple esiwo me woɖe amama le ɖekaɖeka 2,000 le ŋutsu si da tu wu amewo le Port Arthur la ƒe aƒe me.

Amesiwo wɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi kpɔa woƒe susu kple dzi ta tso modzakaɖenuwɔna siwo me ŋutasẽnuwɔna aɖe le la me. Eyata womeɖea mɔ “xexeme ƒe gbɔgbɔ” kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe tamebubu kple didiwo dzi le mɔ aɖeke nu o. Ðe ema teƒe la, “[Mawu ƒe gbɔgbɔ] la fia” nu wo eye wodzea agbagba tsɔa eƒe kutsetse, siwo dometɔ ɖekae nye ŋutifafa la, dea dɔwɔna me. (Korintotɔwo I, 2:12, 13; Galatiatɔwo 5:22, 23) Wotoa Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa edziedzi kpakple ŋugbledede si tua ame ɖo dzi wɔa esia. Wotsria hadede kple amesiwo wɔa ŋutasẽnuwo hã, eye wobɔa ha boŋ kple amesiwo le abe woawo ke ene, amesiwo Yehowa ƒe xexeme yeye si me ŋutifafa anɔ la dzrona. (Psalmo 1:1-3; Lododowo 16:29) Aleke gbegbee mawumenunya kpɔa ame tae enye esi!

Na Yehowa ƒe “Nya” Nadzɔ Wò Dzi Ŋu

Esi Satana te Yesu kpɔ le gbedzi la, eyɔ nya tso Mawu ƒe Nya me tsɔ tsi nya ɖe Satana nui. (Luka 4:1-13) Gake menye ɖeko wònɔ nya nu ɖem na Abosam ale be woakpɔ amesi ƒe nunya de ŋgɔ wu o. Yesu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe eɖokui nui si wɔe be wòƒo nu tso dzi me si na be Abosam ƒe ayemenuwɔna si wɔ dɔ nɛ nyuie le Eden la mete ŋu kpe Yesu ya dzi o. Ne míena be Yehowa ƒe nya xɔ dzi me na mí la, awɔe be Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo mate ŋu akpe mía dzi gbeɖe o. Naneke mele vevie wu Mawu ƒe nya tsɔtsɔ yɔ míaƒe dzi me o, elabena ‘dzia mee agbe tsona.’—Lododowo 4:23.

Gakpe ɖe eŋu la, ele be míayi edzi anɔ míaƒe dzia ta kpɔm, mele be míana ta kura le esia wɔwɔ me o. Satana mena ta le Yesu tete kpɔ ake me o togbɔ be edo kpo nu le etete kpɔ me le gbeadzi hã. (Luka 4:13) Le míawo hã gome la, mana ta o, ayi edzi anɔ ayememɔnu vovovowo zãm be yeatsɔ ana míada aƒu le nuteƒewɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 12:17) Le esia ta la, mina be míasrɔ̃ Yesu to toɖoɖo Mawu ƒe Nya la bliboe me, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya biam. (Tesalonikatɔwo I, 5:17; Hebritɔwo 5:7) Le Yehowa ya gome la, edo ŋugbe na amesiwo si nɛ tsona be vɔ̃ mawɔ wo le gbɔgbɔ me o.—Psalmo 91:1-10; Lododowo 1:33.

Mawu ƒe Nya Kpɔa Hamea Ta

Satana mate ŋu axe mɔ na “ameha gã” si ƒe nya wogblɔ ɖi la be woagatso xaxa gã la o. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ke hã, egale agbagba ɖesiaɖe si wòate ŋui la dzem kokoko be yeatsɔ agblẽ nu le Kristotɔwo ŋu be wo dometɔ aɖewo ya teti ƒe nu nagadze Yehowa ŋu o. Aɖaŋu vɔ̃ ma wɔ dɔ le blema Israel si na be ame 24,000 ku le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi. (Mose IV, 25:1-9) Ele eme baa be wokpena ɖe Kristotɔ siwo da vo eye woɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia ŋu hegbugbɔ wo ɖona te le gbɔgbɔ me ya. Gake nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo, abe Zimri si nɔ agbe le blema ene, dea ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ afɔku me. (Mose IV, 25:14) Amesiawo le abe asrafo siwo aɖe asi le woƒe akpoxɔnuwo ŋu le asrafowo ƒe akpoxɔnuawo tsɔtsɔ mimi ɖe wo nɔewo tɔ ŋu ƒe aʋawɔɖaŋu si ƒe nya míegblɔ va yi me la ene, menye woa ŋutɔwo ɖeɖe ƒe agbee woade afɔku me ne woɖe asi le woƒe akpoxɔnuawo ŋu o, woade wo haviwo hã tɔ eme.

Eyata Biblia de se na mí be: “Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o. . . . Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome!” (Korintotɔwo I, 5:11, 13) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be “nya” sia si me nunya le la wɔnɛ be wokpɔa Kristo-hamea ƒe agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye ta oa?

 To vovo kura na esia la, Kristodukɔa me sɔlemehawo kpakple xɔsegbelawo bua Biblia me nya siawo be wonye tsigadzinu siwo mesɔ ɖe egbegbe me agbenyuinɔnɔ ŋuti nukpɔsusu siwo le amewo si la nu o. Le esia ta la, woɖea mɔ ɖe nuvɔ̃ gã vovovo ŋu, wometsia dzi ɖe eŋu gɔ̃ hã le osɔfowo dome o. (Timoteo II, 4:3, 4) Gake de dzesii be esi wogblɔ nya si le Lododowo 30:5, si hã ƒo nu tso alesi Yehowa ƒe “nya” nye akpoxɔnui ŋu, vɔ la, wode se sia kpee le kpukpui 6 lia me be: “Mègatsɔ nya aɖeke kpe [Mawu ƒe] nyawo, ne wòade ga nu na wò, eye nanye aʋatsotɔ atsi anyi ɖi o.” Ẽ, gbɔgbɔmelakpatɔ—siwo nye alakpatɔ siwo ƒo ɖesiaɖe ta siwo woatu nu kplii—ŋutɔŋutɔwoe amesiwo tɔa tsi Biblia me nyawo la nye! (Mateo 15:6-9) Le susu sia ta la, mina míada akpe vevie be míele habɔbɔ aɖe si dea bubu deto Mawu ƒe Nya ŋu la me.

“Ʋeʋẽ lilili” aɖe Kpɔa Mía Ta

Esi wònye Mawu ƒe amewo mefena kple Biblia o eye wogblɔa gbedasi fakɔname siwo le eme na amewo ta la, wonye agbe ƒe “ʋeʋẽ lilili” si doa dzidzɔ na Yehowa. Gake abe alesi J. B. Phillips ƒe gɔmeɖeɖea gblɔe ene la, amesiwo gblɔa gbedasi sia nyea “ʋeʋẽ kuɖikuɖi aɖe si nyea ku tɔ” na ame madzɔmadzɔwo ya. Ẽ, Satana gblẽ nu le ame vɔ̃ɖiwo ƒe kpɔɖeŋu ŋɔti ŋu ale gbegbe be womete ŋu ɖoa ŋɔti anyi le amesiwo ŋu “Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili” le la gbɔ o alo be womekɔa mo na wo o. Gake amesiwo le nyanyuia kakam dzonɔamemetɔe la zua ‘Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili le amesiwo woxɔna ɖe agbe la dome.’ (Korintotɔwo II, 2:14-16) Wowɔa nu madeamedzi ɖe dzianukwaretɔ siawo ŋu zi geɖe hegblɔa alakpanyawo ɖe woƒe subɔsubɔa ŋu. Eyata ne míeʋu Mawu ƒe Nya eye míegblɔ Fiaɖuƒegbedasia na wo la, wosenɛ le wo ɖokuiwo me be yewote ɖe Yesu ŋu eye wodina be yewoasrɔ̃ nu geɖe akpee.—Yohanes 6:44.

Eyata dzi megaɖe le ƒowò o ne ame aɖe gbe be yemase Fiaɖuƒegbedasia o. Ke boŋ bu “Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili” be enye gbɔgbɔmetakpɔnu aɖe si nyãa amesiwo dina be yewoagblẽ nu la ɖa le gbɔgbɔmeƒe si me Mawu ƒe amewo le la me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòhea amesiwo si dzi nyui le la.—Yesaya 35:8, 9.

Esi wònye Hela-srafo siwo nɔ Marathon mimi ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli helé woƒe akpoxɔnuawo ɖe asi kple woƒe ŋusẽ katã ta la, woɖu dzi togbɔ be woƒe futɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ hã. Nenema kee woka ɖe edzi na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã be woaɖu dzi le gbɔgbɔmeʋa si wɔm wole la me, elabena emae nye woƒe “domenyinu.” (Yesaya 54:17) Le esia ta la, mina be mía dometɔ ɖesiaɖe nayi edzi anɔ Yehowa sim tso to ‘agbenya la me lelé ɖe asi sesĩe’ me.—Filipitɔwo 2:16.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

‘Nunya si tso dziƒo la, gbã la ele dzadzɛ, emegbe edia ŋutifafa’