Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mennotɔwo ƒe Biblia me Nyateƒea Didi

Mennotɔwo ƒe Biblia me Nyateƒea Didi

 Mennotɔwo ƒe Biblia me Nyateƒea Didi

LE November 2000 ƒe ŋdi aɖe me la, Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla aɖewo siwo le Bolivia nɔ woƒe aƒe sue la me hekpɔe to fesre nu be ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo do awu siwo sɔ la tsɔ dzodzodzoetsitsi va tɔ ɖe woƒe agbo nu. Esi dutanyanyuigblɔlaawo ʋu agboa la, amedzroawo ƒe numenya gbãtɔwoe nye, “Míedi be míanya Biblia me nyateƒea.” Amedzroawo nye Mennotɔwo. Ŋutsuawo do atalegbe lɔbɔ siwo ŋu ka le woƒoa abɔ ɖe eme eye nyɔnuawo ya do awu ʋlaya yibɔwo ɖe woƒe awuwo dzi, eye wonɔ Germany ƒe gbetagbe aɖe dom. Vɔvɔ̃ dze le mo na wo. Wonɔ ŋku tsom be yewoakpɔ be ɖe ame aɖewo dze yewo yome hã. Ke hã, esi wonɔ kpuiawo liam age ɖe aƒea me la, ŋutsuawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Medi be manya amesiwo zãna Mawu ƒe ŋkɔ la.”

Esi amedzrowo ge ɖe aƒea me eye wona wo numeɖenu aɖe vɔ la, woƒe dzi te emedzedze. Wotso agblededu sue aɖe si sa ɖe aga ʋĩ la me. Ƒe adee nye ema wonɔ Gbetakpɔxɔ magazineawo xɔm to posu me le woƒe kɔƒea me. Wobia be: “Míexlẽ be paradiso aɖe ava anyigba dzi. Nyateƒeea?” Ðasefoawo xlẽ Biblia tsɔ ɖo eŋui na wo. (Yesaya 11:9; Luka 23:43; Petro II, 3:7, 13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Agbledelaawo dometɔ ɖeka gblɔ na mamleawo be: “Miele esema! Nyateƒee. Paradiso aɖe ava anyigba dzi.” Bubuawo nɔ gbɔgblɔm be: “Ewɔ nam be míeke ɖe nyateƒea ŋu.”

Amekawoe nye Mennotɔwo? Nuka dzie woxɔ se? Be míaɖo nyabiabia siawo ŋu la, ele be míatrɔ yi megbemegbe aɖaɖo ƒe alafa 16 lia me.

Amekawoe Nye Mennotɔwo?

Le ƒe 1500-awo me la, alesi wova nɔ Biblia gɔme ɖemee henɔ etam ɖe gbe siwo ame geɖewo dona le Europa me la wɔe be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe dzo yeye gaɖo amewo me le afima. Martin Luther kple Subɔsubɔ me Ðɔɖɔɖowɔla bubu geɖewo gbe nu le Katoliko-ha ƒe nufiafia geɖewo gbɔ. Ke hã, Protestant sɔlemeha siwo woɖo yeye la gakpɔtɔ lé nufiafia kple nuwɔna geɖe siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, ame akpa gãtɔ nɔ mɔ kpɔm be ele be woade tsi ta na vidzĩ ɖesiaɖe le sɔlemea me. Gake Biblia me nyateƒea me kula aɖewo ya kpɔe dze sii be ɖe wòle be sidzedze nasu ame si eye wòanɔ te ɖe edzi atso nya me hafi wòadze axɔ nyɔnyrɔ ava zu Kristo-hamea me tɔ. (Mateo 28:19, 20) Gbeƒãɖela dovevienu siwo lé dzixɔse sia me ɖe asi te mɔzɔzɔ yi dugãwo kple kɔƒeduwo me henɔ Biblia me nyawo fiam amewo henɔ nyɔnyrɔ nam  ame tsitsiwo. Le esia ta la, wonɔ wo yɔm be Anabaptisttɔwo, si gɔmee nye “amesiwo ganyrɔa ame ake.”

Ame aɖe si ɖoa dzi ɖe Anabaptisttɔwo ŋu be yeato wo dzi ake ɖe nyateƒea ŋue nye Menno Simons, si nye Katolikotɔwo ƒe nunɔla si le Witmarsum ƒe kɔƒe si le Netherlands ƒe dziehe gome me. Le ƒe 1536 me la, etso kadodo ɖesiaɖe si nɔ woa kple sɔlemeha la dome la me eye wòva zu amesi yome sɔlemehaa ƒe akametiwo ti vevie. Le ƒe 1542 me la, Roma Kɔkɔe ƒe Fiagã Charles V ŋutɔ do ŋugbe be yeana ga home si nye guilder 100 amesi afia Menno yomemɔ be woalée. Ke hã, Menno ƒo Anabaptisttɔ aɖewo nu ƒu hetsɔ wo ɖo hame vovovoe. Eteƒe medidi hafi wova te eya kple eyomedzelawo yɔyɔ be Mennotɔwo o.

Egbegbe Mennotɔwo

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, yometitiwo wɔe be Mennotɔ akpe geɖewo ʋu tso Ɣetoɖoƒe Europa yi Dziehe Amerika. Le afima la, mɔnukpɔkpɔ va ʋu ɖi na wo be woayi nyateƒea didi kple woƒe gbedasia gbɔgblɔ na ame bubu geɖewo dzi. Gake dzonɔameme si wo tɔgbui tɔgbuiwo tsɔ srɔ̃ Biblia edziedzi kple alesi woƒe ŋku biana ɖe dutoƒogbeƒãɖeɖea ŋu la megadzena kãŋ le woƒe nuwɔnawo me o. Wo dometɔ akpa gatɔwo ku ɖe nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o, abe Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ ƒe numakumakunyenye, kple dzomavɔ ene, ŋu. (Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4; Marko 12:29) Egbea, edze abe Mennotɔwo ƒe mawunyadɔgbedelawo ƒe agbagba siwo wodzena la via ɖe dɔdada kple hadome nuwɔnawo ŋu wu mawunya la gbɔgblɔ ene.

Wobu akɔnta be Mennotɔwo ƒe xexlẽme anɔ abe ame 1,300,000 ene eye wole dukɔ 65 me. Ke hã, egbegbe Mennotɔwo xaa nu ɖe ɖekawɔwɔ si mele wo dome o ta ŋu, abe alesi Menno Simons hã wɔe ƒe alafa aɖewoe nye esi va yi ene. Le Xexemeʋa I wɔɣi la, aʋawɔwɔ siwo nɔ edzi yim ŋuti nukpɔsusu vovovo siwo nɔ wo si la he mama gãwo de wo dome. Wo dometɔ geɖe siwo nɔ Dziehe Amerika nɔ te ɖe Biblia ƒe nufiamewo dzi gbe be yewomayi aʋa o. Gake An Introduction to Mennonite History (Mennotɔwo ƒe Blemaŋutinya ƒe Ngɔdonyawo) gblɔ be: “Kaka ƒe 1914 naɖo la, alesi Mennotɔwo ƒe sɔleme siwo nɔ Ɣetoɖoƒe Europa gbena be yewomayi aʋa o la zu blemanyawo.” Egbea la, Mennotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo va wɔa nu wodea sɔsɔ ge kple alesi ko ame bubuwo hã wɔa nui ene. Wo dometɔ aɖewo gadea awunugaviwo woƒe awuwo nu tsɔ wu be woade awunugbuiwo eye enye woƒe dzixɔse be mele be ŋutsuwo nalũ ge o.

Mennotɔwo ƒe hatsotso aɖewo ɖoe kplikpaa be yewomawɔ nu wòasɔ ɖe alesi wowɔnɛ le xexeame egbea nu o, eye woyi ɖatso kɔƒeduwo ɖe teƒe siwo woanɔ be ame aɖeke mado kplamatse wo o, si anye teƒe si dukɔ si me wole ƒe dziɖuɖua anya da si ɖo be woanɔ ko. Le kpɔɖeŋu me, le Bolivia la, wobu akɔnta be Mennotɔwo ƒe xexlẽme si anɔ abe 38,000 ene ye le kɔƒedu gbogbo aɖewo siwo sa ɖe aga me, eye alesi wowɔa nu le kɔƒeduawo dometɔ ɖesiaɖe me to vovo. Le kɔƒedu aɖewo me la, womeɖe mɔ be ʋu nava dua me o, keke siwo sɔwo tena ko ŋue woɖe mɔ ɖo. Le kɔƒedu aɖewo hã me la, se meɖe mɔ ɖe radio, television, kple haƒoƒo ŋu o. Ðewo meɖe mɔ ɖe dukɔ si me wole la ƒe gbesɔsrɔ̃ gɔ̃ hã ŋu o. Kɔƒedu siawo dometɔ ɖeka me nɔla aɖe gblɔ be: “Esi osɔfoawo di be míanɔ yewo te ɖaa ta la, womeɖea mɔ na mí be míasrɔ̃ Spaingbe o.” Wo dometɔ geɖe sena le wo ɖokuiwo me be wote yewo ɖe anyi eye wovɔ̃na be woava nyã yewo ɖa le nutoa me—si nye nɔnɔme aɖe si asesẽ ŋutɔ na wo dometɔ siwo menɔ agbe le nuto siwo menye Mennotɔwo tɔ me kpɔ o.

Alesi Woƒã Nyateƒe ƒe Ku Aɖee

Nɔnɔme siawoe nɔ edzi yim hafi Mennotɔ agbledela aɖe si ŋkɔe nye Johann kpɔ Gbetakpɔxɔ magazine aɖe le eƒe aƒelika aɖe ƒe aƒeme. Johann ƒe  ƒomea ʋu tso Canada yi Mexico eye emegbe woʋu va Bolivia. Gake Johann nɔ kpekpeɖeŋu dim ɣeawokatãɣi le eƒe Biblia me nyateƒea didi me. Ebiae be wòaɣe magazinea na ye.

Emegbe, esime Johann yi du gã la me be yeadzra yeƒe agblemenuwo la, ete ɖe Ðasefo aɖe si nɔ Gbetakpɔxɔ nam amewo le asia me la ŋu. Ðasefoa ɖoe ɖe dutanyanyuigblɔla aɖe si doa Germanygbe gbɔ, eye eteƒe medidi o, Johann nɔ Gbetakpɔxɔ xɔm le Germanygbe me to posu me. Eƒe ƒomea xlẽa Gbetakpɔxɔ ɖesiaɖe memie eye ne woxlẽ vɔ la, wotsɔnɛ na ƒome bubu siwo le woƒe du suea me hã woxlẽna vaseɖe esime magazinea vuvuna. Ɣeaɖewoɣi la, ƒomeawo va ƒoa ƒu ɖekae hesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ magazinea vaseɖe zã titina, eye woxlẽa mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe eme hã. Eme va kɔ na Johann be ewɔ abe Yehowa Ðasefowoe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le ɖekawɔwɔ me le anyigba katã dzi ene. Hafi Johann naku la, egblɔ na srɔ̃a kple viawo be: “Ele be mianɔ Gbetakpɔxɔ xlẽm ɣeawokatãɣi. Akpe ɖe mia ŋu be miase Biblia gɔme.”

Johann ƒe ƒomea me tɔ aɖewo te nusiwo wonɔ sɔsrɔ̃m le Biblia me la gbɔgblɔ na aƒelikawo. Wonɔ gbɔgblɔm be: “Womatsrɔ̃ anyigba la o. Ke boŋ Mawu ana wòazu paradiso. Eye be Mawu mewɔa funyafunya amewo le dzomavɔ me o.” Eteƒe medidi o, amewo va gblɔ nya siwo wonɔ gbɔgblɔm na amewo la ŋu nya na sɔlemeha la ƒe hamemegãwo, eye wodo vɔvɔ̃ na Johann ƒe ƒomea me tɔwo be ne womedzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ o la, ke yewoanya wo ɖa le nutoa me. Emegbe esime wonɔ ƒome numedzodzro wɔm ku ɖe alesi Mennotɔwo ƒe hamemegãwo nɔ nya ƒom ɖe wo nue ŋu la, ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ nya aɖe. Egblɔ be: “Nyemenya nukatae míele nyatoƒoe tom le sɔlemehaa ƒe hamemegãwo ŋu o. Mí katã míenya subɔsubɔha si nye vavãtɔ, eye míewɔ naneke tso eŋu o.” Nya siawo ʋa dzi na ɖekakpuia fofo. Eteƒe medidi o, ame ewo siwo tso ƒomea me la dze adzamemɔzɔzɔ aɖe gɔme henɔ Yehowa Ðasefowo dim eye woyi ɖado ɖe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me, abe alesi míegblɔe le gɔmedzedzea me ene.

Le ŋufɔke la, dutanyanyuigblɔlawo yi be yewoaɖasrã yewo xɔlɔ̃ yeyeawo akpɔ le kɔƒea me. Dutanyanyuigblɔlawo ƒe ʋua koe nye ʋu si nɔ mɔa dzi. Esime wonɔ mɔa dzi blewuu henɔ keke siwo sɔawo nɔ hehem ŋu tom la, wonɔ duametɔwo kpɔm dũ eye duametɔwo nɔ woawo hã kpɔm dũ. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wonɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu kple Mennotɔ ewo, siwo nye ƒome eve siwo va ƒo ƒu la teƒenɔlawo.

Gbemagbe la, wozã gaƒoƒo ene tsɔ srɔ̃ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * la ƒe ta gbãtɔ. Le memama ɖesiaɖe me la, agbledelaawo xlẽa mawunyakpukpui bubu siwo le agbalẽa me la kpena ɖe esi nusɔsrɔ̃a dzikpɔla yɔ be woaxlẽ ŋu kple susua be yewoakpɔe ɖa nenye be yewonɔ ŋɔŋlɔawo zãm le mɔ nyuitɔ nu hã. Le nya ɖesiaɖe si woabia le nuxexlẽa vɔ megbe me la, agbledelaawo nɔa biabia la dzakam kpɔ le gbetagbe si wodona le Dziehe Germany me si wɔnɛ be miniti geɖewo va yina hafi nyaŋuɖola aɖe aɖo biabia la ŋu ɖe Spaingbe me. Enye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe si womate ŋu aŋlɔ be o, gake ɣeyiɣi sesẽ aɖe le ŋgɔ gbɔna kpuie. Eteƒe madidi hafi woati wo yome o, abe alesi wòdzɔ ɖe Menno Simons dzi esime wòdze Biblia me nyateƒea didi gɔme ƒe alafa atɔ̃ kloe nye esia ene.

Woti Wo Yome ɖe Nyateƒea Ta

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, sɔlemeha la ƒe hamemegãwo va Johann ƒomea ƒe aƒeme heɖo nya ɖetsɔlemetɔ siawo dzi be: “Míese be Yehowa Ðasefowo va srã mi kpɔ. Migana woava miagbɔ azɔ gbeɖe o, eye ne mietsɔ woƒe agbalẽwo na be míatɔ dzoe o la, ke míaɖe mi ɖa le hadome.” Zi ɖeka pɛ koe wosrɔ̃ Biblia kple Ðasefoawo, eyata esia nye dodokpɔ gã aɖe na wo.

 Ƒomea ƒe tatɔ ɖeka ɖo eŋu na wo bena: “Míate ŋu awɔ ɖe nya si gblɔm miele na mí dzi o. Bibliae ame mawo va srɔ̃ kpli mí.” Aleke sɔlemea ƒe hamemegãwo wɔ nu ɖe wo ŋui? Woɖe wo le hadome ɖe woƒe Biblia sɔsrɔ̃ ta! Le nyateƒe me la, esia nye ŋutasẽnuwɔna. Dɔwɔƒe si wɔa nyinotsibabla le nutoa me ƒe keke va to ƒome siawo dometɔ ɖeka ƒe aƒe ŋu yi eye metsɔ woƒe nyinotsi yi ɖe dɔwɔƒea o, si fia be wole ga si woakpɔ tso woƒe dɔwɔna me la tem wo. Woɖe asi le ƒome aɖe ƒe ta ŋu le dɔ me. Wogbe nuwo dzadzra na ƒome aɖe hã ƒe ta le fiase si le nutoa me la me, eye wonyã vianyɔnuvi si xɔ ƒe ewo hã le suku. Aƒelikawo va ɖe to ɖe ɖekakpui aɖe si nye ɖetsɔlemetɔ siawo dometɔ ɖeka ƒe aƒe ŋu be yewoakplɔ srɔ̃a adzoe sesẽ le egbɔ, wonɔ tɔ tem ɖe edzi be mate ŋu anɔ anyi kple srɔ̃ŋutsua si woɖe le hadome la o. Togbɔ be nɔnɔme madeamedzi siawo katã nɔ edzi yim hã la, ƒome siwo katã srɔ̃ Biblia la mena ta le nyateƒe si dim wonɔ la me o.

Dutanyanyuigblɔlawo nɔ mɔ didi sia zɔzɔ dzi kwasiɖa sia kwasiɖa ɖanɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kpli wo. Aleke gbegbee nusɔsrɔ̃ siawo do ŋusẽ ƒome mawo enye esi! Ƒomea metɔ aɖewo zɔa mɔ gaƒoƒo eve sɔŋ kple keke siwo sɔwo tena yina ɖakpɔa gome le nusɔsrɔ̃ siawo me. Enye nu wɔdɔɖeamedzi aɖe esime ƒomeawo bia zi gbãtɔ tso dutanyanyuigblɔlawo dometɔ ɖeka si be woado gbe ɖa. Le nuto siawo me la, Mennotɔwo medoa gbe ɖa wòɖina o, eyata womesee kpɔ gbeɖe be ame aɖe do gbe ɖa ɖe yewo ta o. Esia de aɖatsi mo na ŋutsuawo. Eye àte ŋu akpɔ alesi wòanye nukunu na woe esime dutanyanyuigblɔlaawo tsɔ haƒomɔ̃ vɛ wokpɔ zi gbãtɔ la le susu mea? Womeɖe mɔ kura ɖe haƒoƒo ŋu le woƒe nutoa me o. Dzi dzɔ wo ŋutɔ ɖe Kingdom Melodies (Fiaɖuƒe Hawo) ŋu ale gbegbe be woɖoe be yewoanɔ Fiaɖuƒe hawo dzim le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe! Ke hã, nyabiasea gakpɔtɔ li be, Aleke woawɔ anɔ te ɖe woƒe nɔnɔme si trɔ bubui la nu?

Keke Ðe Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Lɔ̃ame aɖe Ŋu

Esi nutoametɔwo megalɔ̃na be ƒome siawo natsaka yewo le nuwɔnawo me o ta la, ƒome siawo ŋutɔ te woa ŋutɔwo ƒe nyinotsibabla wɔwɔ. Dutanyanyuigblɔlawo kpe ɖe wo ŋu be wokpɔ amesiwo ava nɔ wo ƒlem na wo. Ðasefo xoxo aɖe si le Dziehe Amerika, amesi nɔ Mennotɔwo ƒe nuto si le Anyiehe Amerika me tsi, la se nɔnɔme sesẽ siwo me tom ƒome siawo nɔ. Edi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Le kwasiɖa ma ke me la, eɖo yameʋu yi Bolivia be yeaɖasrã wo akpɔ. Tsɔ kpe ɖe dzidedeƒo na wo le gbɔgbɔ me ŋu la, ekpe ɖe ƒomeawo ŋu be woƒle woa ŋutɔwo ƒe ʋu si woatsɔ nɔ kpekpeawo dem le Fiaɖuƒe Akpata me ahatsɔe anɔ woƒe agblemenuwo hã tsɔm akɔ nɔ asi yimee.

Ƒomeawo dometɔ ɖeka me tɔ aɖe gblɔ be: “Esesẽ na mí ŋutɔ esime nutoa me tɔwo gbe nu le mía gbɔ. Míetsɔa blanuiléle yia Fiaɖuƒe Akpata mee, gake míegbɔna va aƒe kple dzidzɔ.” Nyateƒee be Ðasefo siwo nɔ nutoame la nyã aƒa na wo hekpe ɖe wo ŋu. Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ Germanygbe, eye Ðasefo Germanygbedola geɖewo tso Europa yi Bolivia be woakpe asi ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔwɔ ŋu le Germanygbe me. Eteƒe medidi o, ame 14 siwo tso Mennotɔwo ƒe nutowo me la te gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinyanyuia na ame bubuwo.

Le October 12, 2001, si nye ɣeyiɣi si mede ƒe ɖeka o tso esime woyi ɖasrã dutanyanyuigblɔlawo kpɔ zi gbãtɔ le woƒe aƒeme, dzi la, wogagbugbɔ nyɔnyrɔ na ame 11 siwo nye Anabaptisttɔwo tsã la ake, fifia ya la enye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpeɖodzi. Tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la, wo dometɔ bubuwo hã ɖe afɔ sia ke. Wo dometɔ ɖeka gblɔ emegbe be: “Esi míenya srɔ̃ nyateƒe si le Biblia me ko la, míesenɛ le mía ɖokui me be míenye kluvi siwo woɖe gae.” Wo dometɔ bubu gblɔ be: “Mennotɔ geɖewo faa konyi ɖe lɔlɔ̃ si mele wo dome o le woƒe nutoa me la ta. Gake Yehowa Ðasefowo ya tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo. Nye dzi dzea eme ne mele wo dome.” Ne èle Biblia me nyateƒe si me kɔ wu dim la, ke nyae be ate ŋu adzɔ be nɔnɔme sesẽwo ava dziwò. Gake ne èdi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu eye nèɖe xɔse kple dzideƒo fia abe alesi ƒome siawo ɖee fiae ene la, wò hã àkpɔ dzidzedze eye dzi hã adzɔ wò abe alesi wole wo dzɔmee ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woxɔ le Germanygbe me la lé dzi na wo ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Togbɔ be wotsri haƒoƒo na wo gbidii hã la, wodzia ha azɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe