Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu

Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu

Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu

BE ANYIGBADZINƆLAWO nate ŋu anya nufiafia vavãtɔ siwo dzea Mawu ŋu la, ele be Mawu naɖe eƒe tameɖoɖowo afia amegbetɔwo. Ele be wòana amewo katã nate ŋu akpɔe azã hã. Ne èbu eŋu kpɔ la, mɔ bubu kae ameƒomea agate ŋu ato anya nusiwo dzea Mawu ŋu le nufiafia, subɔsubɔ, kple agbenɔnɔ gome? Ðe Mawu na nyatakaka mawo mía? Ne ena mí la, mɔ ka nue wòtsɔe na le?

Ðe amegbetɔ siwo ƒe agbenɔƒewo medidi o dometɔ aɖe ate ŋu atsɔ Mawu ƒe gbedasi aɖo ameƒomea me tɔ ɖesiaɖe gbɔa? Gbeɖe. Gake nya si woŋlɔ wòli tegbee ya ate ŋu aɖo amesiame gbɔ. Eyata ɖe mesɔ be woŋlɔ Mawu ƒe ɖeɖefia ɖe agbalẽ si amesiame ate akpɔ me oa? Agbalẽ xoxo siwo wogblɔna be Mawu gbɔe wotso dometɔ ɖekae nye Biblia la. Eŋlɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Mina míalé ŋku ɖe Biblia ŋu nyuie akpɔe ɖa be eya mee nufiafia vavãtɔ tso hã?

Ƒe Nenie Wòxɔ?

Le xexeame ƒe agbalẽ gã siwo nye mawusubɔsubɔ gbalẽwo dome la, Bibliae nye xoxoetɔ kekeakewo dometɔ ɖeka. Woŋlɔ eƒe akpa gbãtɔwo anɔ ƒe 3,500 va yi. Wowu agbalẽ bliboa ŋɔŋlɔ nu le ƒe 98 M.Ŋ. me. * Togbɔ be ŋutsu 40 ye kpɔ gome le eŋɔŋlɔ si xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔ me hã la, Biblia nye agbalẽ si me nyawo de nu wo nɔewo me. Ele alea elabena Amesi le megbe na eŋɔŋlɔ ŋutɔŋutɔe nye Mawu.

Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe hema wu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Ƒe sia ƒe la, womaa Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo siwo anɔ miliɔn 60. Woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,300 me. Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo le ameƒomea me tɔ 90 le alafa me si le wo degbewo me. Dukɔwo dome liƒo, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, kple gbe vovovo dodo mexea mɔ nɛ o.

Aleke Woɖo Nuwo ɖe Biblia Me?

Ne Biblia le asiwò la, anyo be nàʋui akpɔ alesi woɖo emegbalẽawoe. * Gbã la, ʋu afisi woɖo emegbalẽwo diƒe ɖo. Àkpɔ be emegbalẽwo diƒe le Biblia gbogbotɔwo me, eye woŋlɔ Biblia-gbalẽ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ kple axa si woakpɔe le ɖe eme. Àkpɔe be le nyateƒe me la, Biblia nye agbalẽ vovovo gbogbo aɖewo ƒe ƒuƒoƒo, ɖesiaɖe kple eƒe ŋkɔ. Agbalẽ gbãtɔ ŋkɔe nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, eye mamlɛtɔ ŋkɔe nye Nyaɖeɖefia. Woma agbalẽawo ɖe akpa eve me. Woyɔ agbalẽ 39 gbãtɔawo be Hebri Ŋɔŋlɔawo, le esi woŋlɔ woƒe akpa gãtɔ ɖe Hebrigbe me ta. Woŋlɔ 27 susɔeawo ɖe Helagbe me eye woyɔ ƒuƒoƒoa be Hela Ŋɔŋlɔawo. Ame aɖewo yɔna akpa eve siawo be Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea.

Tawo kple kpukpuiwo le Biblia-gbalẽawo me bena woate ŋu adi emenyawo akpɔ bɔbɔe. Ne woyɔ ŋɔŋlɔa me nyawo le magazine sia me la, xexlẽdzesi gbãtɔ si kplɔ Biblia-gbalẽa ɖo fia agbalẽa ƒe ta, eye evelia fia kpukpuia. Le kpɔɖeŋu me, mawunyakpukpui si nye “Timoteo II, 3:16” la fia Timoteo ƒe agbalẽ Evelia, ta 3, kpukpui 16. Kpɔe ɖa be yeate ŋu akpɔ kpukpuia le Biblia me hã.

Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be mɔ nyuitɔ woato anya Biblia me nyawo nyuie enye be woaxlẽe edziedzi oa? Ame aɖewo kpɔ be edea yewo dzi be yewoaxlẽ Hela Ŋɔŋlɔawo gbã to egɔmedzedze tso Mateo ƒe agbalẽa dzi me. Ne èxlẽa axa etɔ̃ va ɖo atɔ̃ gbesiagbe la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka me. Gake aleke nàte ŋu aka ɖe edzi be nusiwo yexlẽ le Biblia me tso Mawu gbɔ nyateƒe?

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Ðe mele be míakpɔ mɔ be agbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo si nu meyina gbeɖe o nanɔ agbalẽ si tso Mawu gbɔ me na amewo katã oa? Biblia ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋuti nunya si lɔ dzidzime ɖesiaɖe ɖe eme fia, eye eƒe gɔmeɖosewo ɖea vi egbea abe alesi wònɔ esime wogblɔe zi gbãtɔ ene. Woate ŋu akpɔ esia bɔbɔe le dutoƒonuƒo xɔŋkɔ aɖe si Yesu Kristo, Amesi ɖo Kristotɔnyenye gɔme anyi ƒo me. Woŋlɔe ɖe Mateo ta 5 vaseɖe 7. Menye alesi míakpɔ dzidzɔ koe nuƒo sia si woyɔna be Todzimawunya la fia mí o, ke efia alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ, alesi míado gbe ɖa, alesi míabu ŋutilãmenuhiahiãwoe, kple nu bubu geɖewo hã mí. Biblia me nuƒo sia kple emenya bubuawo na míenya nusi míawɔ kple nusi míatsri be míadze Mawu ŋu eye míaƒe agbe nanyo ɖe edzi la eme kɔ.

Susu bubu si ta nàte ŋu aka ɖe Biblia dzi enye be ne eɖo dzɔdzɔmeŋutinunya dzi la, nusi blema gbalẽ sia gblɔna nyea nyateƒe pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, esime ame gbogbotɔ xɔe se be anyigba le gbadzaa la, Biblia ya ƒo nu tso eŋu be enye “xexeme godoo [alo nogoo].” * (Yesaya 40:22) Eye hafi ne dzɔdzɔmeŋutinunyala Aƒetɔ Isaac Newton naɖe nu me be nuheŋusẽ koe lé ɣletinyigbawo ɖe wo nɔƒe la, Biblia do ŋgɔ gblɔ ƒe 3,000 kple edzivɔ le hakpanya me be, ‘womeku anyigba ɖe naneke ŋu o.’ (Hiob 26:7) Gabu ɖoɖo si nu tsidzadza zɔna ɖo si ŋu nya wogblɔ le hakpanya me, si woŋlɔ ƒe 3,000 va yi, ŋu kpɔ: “Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi tɔwo sina [tsona] la, afima [wotrɔna] yina ɖaa.” (Nyagblɔla 1:7) Ẽ, xexeame godoo Wɔla la kee nye Biblia Ŋlɔla.

Alesi wogblɔ blemaŋutinyawo le Biblia me wole eteƒe pɛpɛpɛ hã nye kpeɖodzi be etso Mawu gbɔ. Nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la menye nya kpakpawo o. Woku ɖe ɣeyiɣi aɖewo, dukɔ aɖewo, kple teƒe aɖewo koŋ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le nyateƒea nu la, Luka 3:1 yɔ “Kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia . . . esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea.”

Togbɔ be dziɖulawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖeko ŋue blemaŋutinyaŋlɔlawo ŋlɔa nu tsoe ɣesiaɣi kloe hã la, Biblia ŋlɔlawo ya gblɔa nyawo alesi wodzɔe pɛpɛpɛ, woƒoa nu tsoa woa ŋutɔwo ƒe vodadawo gɔ̃ hã ŋu faa. Le kpɔɖeŋu me Isreal-fia, Dawid ʋu nuvɔ̃ me be: “Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; . . . mewɔ lãnu ŋutɔ.” Woŋlɔ nya ma anukwaretɔe ɖe Biblia me. (Samuel II, 24:10) Eye Biblia ŋlɔla Mose ŋutɔ ŋlɔ nudzɔdzɔ si me meɖo ŋu ɖe Mawu vavã la ŋu le o ɖi.—Mose IV, 20:12.

Kpeɖodzi bubu gale Biblia ŋu be etso Mawu gbɔ. Kpeɖodzi siae nye eƒe nyagblɔɖi—gbaɖegbe nya siwo woŋlɔ do ŋgɔ—siwo va eme. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu Kristo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ be woadzi Yesu, Ŋugbedodovi la “le Betlexem le Yudea.”—Mateo 2:1-6; Mixa 5:2.

Gabu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Biblia gblɔ le Timoteo II, 3:1-5 be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la.” Ðe nya siawo mefia alesi amewo ƒe nɔnɔme le egbea oa? Woŋlɔ nya siawo ɖi le ƒe 65 M.Ŋ. me, si nye ƒe 1900 kple edzivɔ sɔŋ enye esia!

Nukawoe Biblia Fia Mí?

Ne èva le Biblia xlẽm la, àva kpɔe be nunya si de ŋgɔ wue le eme. Enana ŋuɖoɖo dedzigbɔname ku ɖe biabiawo ŋu abe esiawo ene: Amekae nye Mawu? Ðe Abosam li ŋutɔŋutɔa? Amekae nye Yesu Kristo? Nukatae fukpekpe li ɖo? Nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku? Ŋuɖoɖo siwo nàxɔ tso ame bubuwo gbɔ la ato vovo na wo nɔewo abe alesi woƒe xɔsewo kple kɔnuwo to vovo tso wo nɔewo gbɔe ene. Gake Biblia gblɔ nyateƒea ku ɖe nya siawo kple bubu geɖewo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, alesi Biblia fia be woanɔ agbe ɖe ame nɔewo ŋu kple ŋusẽtɔwo ŋu la de ŋgɔ wu ɖesiaɖe. *

Nya kae Biblia gblɔ ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea ŋu? Edo ŋugbe be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:10, 11) “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli [ameƒomea], eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Biblia gblɔe ɖi hã be aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ kple vɔ̃ɖinyenye nu ayi kpuie. Dɔléle, amegãkuku, kple ku maganɔ anyi o. Agbe mavɔ le paradisonyigba dzi azu nu ŋutɔŋutɔ. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye si! Eye aleke gbegbee esiawo katã ɖo kpe Mawu ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea dzii enye si!

Nukae Nàwɔ?

Biblia nye nunana wɔnuku aɖe tso Wɔla la gbɔ. Aleke nàwɔ nu ɖe agbalẽ sia ŋui? Hindutɔ aɖe xɔe se be ne agbalẽ aɖe atso Mawu gbɔ aɖe vi na ameƒomea la, ele be woaŋlɔe tso keke blema ke. Esi wòse be woŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo do ŋgɔ na Hindutɔwo ƒe ŋɔŋlɔ xoxotɔ kekeake, si nye Veda la, ta la, etso nya me be yeaxlẽ Biblia ahaku emenyawo me akpɔ. * Yunivɛsiti nufiala aɖe si le United States hã kpɔ be ehiã be yeaxlẽ agbalẽ si nye esi bɔ ɖe xexeame wu ɖesiaɖe la hafi yeagblɔ nya aɖe.

Biblia la xexlẽ kple eƒe nufiamewo ŋudɔwɔwɔ ahe yayra gbogbo aɖewo vɛ na wò. Biblia gblɔ be: “Woayra amesi . . . [kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” * (Psalmo 1:1-3) Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu ahe dzidzɔ vɛ na wò elabena ana nàkpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 5:3) Biblia la afia wò alesi nànɔ agbe ɖɔʋu kple alesi nàkpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe. Ẽ, “fetu gã le [Mawu ƒe se si le Biblia me la] me lelé ɖe asi me.” (Psalmo 19:12 ) Gakpe ɖe eŋu la, kaka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi ahe yayrawo vɛ na wò fifia eye etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe hã asu asiwò.

Biblia de dzi ƒo na mí be: “Abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie.” (Petro I, 2:2) Vidzĩ nɔa agbe ɖe no ŋu eye ne mekpɔe o kpa eƒe dzi medzea eme o. Nenema kee wònye nyateƒe be míehiã na sidzedze tso Mawu gbɔ. Eyata na eƒe Nya la ‘nadzro wò vevie.’ Biblia nye agbalẽ si me nufiafia vavãtɔ̃ siwo tso Mawu gbɔ le. Wɔe wò taɖodzinui be nàsrɔ̃e edziedzi. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ viɖe geɖe tso wò nusɔsrɔ̃a me. Míele dzi dem ƒo na wò lɔlɔ̃tɔe be nàkpɔ wo. Alo àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 M.Ŋ. fia “Mía Ŋɔli,” si wolɔ̃a yɔyɔ be A.D., si nye Anno Domini, si gɔmee nye “le Aƒetɔ la ƒe ƒea me.” D.M.Ŋ. fia “Do Ŋgɔ na Mía Ŋɔli.”

^ mm. 8 Ne Biblia mele wò ŋutɔ asiwò o la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoana ɖe wò.

^ mm. 13 Woagate ŋu aɖe nya ‘godoo’ si gɔme woɖe tso gbegbɔgblɔ gbãtɔ me le Yesaya 40:22 gɔme hã be ‘nogoo.’ Biblia ƒe gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe eme be: “anyigba tonogo la” (Douay Version) kple “anyigba togodo la.”—Moffatt.

^ mm. 19 Wodzro nya siawo me le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me, si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 23 Woxɔe se be wokpa Veda la ƒe ha xoxotɔwo ƒe 3,000 kloe nye esia, ke nu ko wotsɔ gblɔe tso dzidzime yi dzidzime. P. K. Saratkumar gblɔ le eƒe agbalẽ si nye A History of India me be: “Ƒe alafa wuienelia, le Aƒetɔ la ƒe ƒeawo me koe woŋlɔ Veda la ɖe agbalẽwo me.”

^ mm. 24 Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Le Biblia ƒe gɔmeɖeɖe geɖewo me la àte ŋu akpɔe le Psalmo 83:18, (kpukpui 19 le Eʋegbe Biblia me).

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu ƒe Nya la ‘nadzro wò vevie.’ Srɔ̃ Biblia edziedzi

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

NASA photo