Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ Yayrae loo alo Fiƒodee?

Dɔwɔwɔ Yayrae loo alo Fiƒodee?

Dɔwɔwɔ Yayrae loo alo Fiƒodee?

“Ðe menyo na amegbetɔ wu be, . . . eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe [dɔ sesẽ siwo wòwɔ, NW] ŋu oa?”—Nyagblɔla 2:24.

“NU TIA kɔ nam ŋutɔ ne mekpã le dɔme le ŋkekea ƒe nuwuwu.” Aleae dɔwɔla 3 ɖesiaɖe dometɔ 1 ɖɔ alesi wosẽna le wo ɖokui mee, abe alesi nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe ɖee fiae ene. Esia mewɔ nuku kura o elabena míele nuɖoanyi aɖe si me nuteɖeamedzi le fu ɖem na amewo ŋutɔ la me; wowɔa dɔ ɣeyiɣi didi wu hegatsɔa dɔ geɖe yina aƒeme ɖawɔna—ke hã, ƒã hafi dɔtɔwo gblɔa nya aɖe tsɔ ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana.

Alesi mɔ̃ gã mɔ̃ gãwo va to wotsɔ le nuwo wɔm le agbɔsɔsɔ gãwo me le dɔwɔƒewo fifia la wɔe be dɔwɔla geɖewo sena le wo ɖokui me be akpa si wɔm yewole la le sue ŋutɔ. Zi geɖe esia wɔnɛ be dzotsɔtsɔ ɖe dɔ ŋu kple aɖaŋuwɔwɔ yia to kura. Esia kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe nɔnɔme ɖe dɔwɔwɔ ŋu dzi zi geɖe. Egblẽa nu le alesi ame kpɔa dzidzɔ ɖe dɔ ŋu hewɔnɛ tso dzime la ŋu bɔbɔe. Ate ŋu ana didi si le ame me be wòatrɔ asi le eƒe dɔwo ŋu aɖaŋutɔe be woanye adodoeawo la nu natsi. Emetsonu madeamedzi mawo ate ŋu awɔe be dɔa ŋutɔ wɔwɔ magadzro amea o, alo ɖewohĩ ana amea nalé fu eƒe dɔa.

Ŋkuléle Ðe Míaƒe Nɔnɔmewo Ŋu

Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi míate ŋu atrɔ nɔnɔme siwo me míanɔ la o. Gake ɖe mèlɔ̃ ɖe edzi be míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le nɔnɔme si le mía ŋutɔ si ŋu oa? Ne èkpɔ be nɔnɔme manyomanyo aɖe le ŋusẽ kpɔm ɖe yeƒe nɔnɔme ɖe dɔwɔwɔ ŋu dzi le mɔ aɖe nu la, anyo be nàde ŋugble le Mawu ƒe nukpɔsusu kple gɔmeɖose siwo ku ɖe nya sia ŋu la ŋuti. (Nyagblɔla 5:17) Ame geɖe kpɔe be ŋugbledede le gɔmeɖose siawo ŋu na yewo le dzidzɔ kpɔm le yewoƒe dɔwɔna me eye wòna dzidzeme aɖe sinu yewo.

Mawue nye Dɔwɔla Gãtɔ Kekeake. Mawu nye dɔwɔla. Ðewohĩ míebu eyama nenema o, gake nenemae wòƒo nu tso eɖokui ŋu zi gbãtɔ le Biblia mee. Yehowa ƒe dziƒo kple anyigba wɔwɔ ŋu nyae wotsɔ dze nuŋlɔɖi siwo le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la gɔmee. (Mose I, 1:1) Bu wɔƒe vovovo siwo Mawu wɔ le esime wòdze nuwo wɔwɔ gɔme ŋu kpɔ—amesi bi ɖe nuwɔwɔ ɖe atsyã me me, ɖoɖowɔlagã, nuwo ŋuti ɖaŋuwɔlagã, nutataɖaŋuwɔlagã, dɔwɔnu si sɔ tiala bibi, nutovɛla, atikeŋutiɖaŋuwɔlagã, nugbagbeŋutinunyala, lãwo ŋuti nunyala, nuwo zazã ŋuti ɖaŋuwɔla, gbegbɔgblɔŋutinunyala, esiawo nye wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko.—Lododowo 8:12, 22-31.

Alekee nye Mawu ƒe dɔwo ƒe nyonyome? Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be “enyo,” “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:4, 31) Nyateƒee, nuwɔwɔwo “le Mawu ƒe bubu xlẽm fia,” eye ele be mía wo hã míakafui!—Psalmo 19:2; 148:1.

Gake Mawu ƒe dɔwɔwɔwo mewu enu ɖe dziƒo kple anyigba kpakple ame eve gbãtɔawo ko wɔwɔ dzi o. Yehowa ƒe Vi, Yesu Kristo, gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi.” (Yohanes 5:17) Ẽ, Yehowa le dɔwɔwɔ dzi to eƒe nuwɔwɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo, wo léle ɖe te, kple xɔxɔ na eƒe tadeagula wɔnuteƒewo me. (Nexemya 9:6; Psalmo 36:7; 145:15, 16) Ezãna amewo, “Mawu ƒe hadɔwɔlawo,” be wokpea asi ɖe dɔ aɖewo wɔwɔ ŋu gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 3:9.

Dɔwɔwɔ ate ŋu anye yayra. Ðe Biblia megblɔ be dɔwɔwɔ nye fiƒode oa? Mose I, 3:17-19 me nyawo ate ŋu adze abe ɖe Mawu he to na Adam kple Xawa ɖe woƒe aglãdzedze ta to dɔwɔwɔ ƒe fukpekpe dada ɖe wo dzi me ene. Esi Mawu nɔ fɔ bum ame eve gbãtɔ mawo la, egblɔ na Adam bena: “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi.” Ðe ema mefia be dɔwɔwɔ nye fiƒode oa?

Ao. Ke boŋ esi Adam kple Xawa mewɔ nuteƒe o ta la, tameɖoɖo si nye be woakeke Eden-paradiso la ɖe enu magayi edzi ɣemaɣi o. Mawu ƒo fi de anyigba la. Ale wɔ wòva hiã be ame nadagba eye fifia natee hafi wòakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.—Romatɔwo 8:20, 21.

Le esi teƒe be Biblia nagblɔ be dɔwɔwɔ nye fiƒode la, eɖee fia be enye yayra kple nunyoameŋu boŋ. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, Mawu ŋutɔ nye dɔsesẽwɔla. Esi Yehowa wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu ta la, ena ŋutete kple ŋusẽ amegbetɔwo be woakpɔ yeƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo dzi. (Mose I, 1:26, 28; 2:15) Wode dɔ ma asi na wo do ŋgɔ hafi Mawu va gblɔ nya mawo siwo woŋlɔ ɖe Mose I, 3:19. Ne fiƒode kple numanyomanyoe dɔwɔwɔ nye la, Yehowa made dzi ƒo na amewo be woakpɔ gome le eme gbeɖe o. Dɔ geɖe dze ŋgɔ Noa kple eƒe ƒomea be woawɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa kple le emegbe. Le Kristotɔwo ŋɔli la, wobia tso Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã si be woawɔ dɔ.—Tesalonikatɔwo I, 4:11.

Ke hã mí katã míenyae be dɔwɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ egbea. Nuteɖeamedzi, afɔkuwo, nutikɔname, dziɖeleameƒo, hoʋiʋli, amebeble, kple madzɔmadzɔnyenye nye “ŋu kple aŋɔka” siwo nye fuwɔame siwo le dɔwɔwɔ me fifia la dometɔ aɖewo ko. Gake menye fiƒodee dɔwɔwɔ nye le eɖokui si o. Le Nyagblɔla 3:13 la, Biblia yɔ dɔwɔwɔ kple eme viɖewo be wonye nunana tso Mawu gbɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “Tenɔnɔ Ðe Dɔwɔwɔ me Nuteɖeamedzi Nu.”

Wò dɔwɔwɔ ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu. Wokafua dɔ si wowɔ beléletɔe wònyo nyuie la ɣesiaɣi le dɔwɔƒewo. Dɔnyuiwɔwɔ nye nu vevi siwo Biblia kafuna le dɔ ŋu la dometɔ ɖeka. Mawu ŋutɔ wɔa eƒe dɔ wònyona nyuie. Ena aɖaŋu kple ŋutete deŋgɔwo mí, eye edi be míazã wo le mɔ ɖɔʋu nu. Le kpɔɖeŋu me, esime wonɔ avɔgbadɔa tum le blema Israel la, Yehowa de nunya, gɔmesese, kple sidzedze amewo abe Bezaleel kple Oholiab ene me fũ, be woate ŋu awɔ dɔ vovovowo le aɖaŋu me wòasɔ nyuie. (Mose II, 31:1-11) Esia fia be Mawu tsɔ ɖe le dɔa ŋutɔ, aɖaŋu kple atsyã si nu wowɔe ɖo, kple woƒe dɔa ƒe akpa vovovoawo me vevie.

Esia kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi míebua míaƒe dzɔdzɔmeŋutetewo kple nɔnɔme siwo le mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu la dzi. Enana míebua míaƒe ŋuteteawo be wonye nunana tso Mawu gbɔ, siwo mele be míabu nu tsɛe o. Eyata woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ woƒe dɔwo abe Mawu ŋutɔe le ŋku lém ɖe woƒe dɔwo ŋu ene: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe [kple luʋɔ blibo, abe Yehowae, NW] miewɔe na ene, eye menye na amewo o.” (Kolosetɔwo 3:23) Wode se na Mawu subɔlawo be woalé fɔ ɖe dɔ ŋu awɔe nyuie, eye esia nana dɔwɔhatiwo kple ame bubuwo lɔ̃na sea Kristotɔwo ƒe gbedasia.—Kpɔ aɖaka si nye “Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Ŋudɔwɔwɔ le Dɔwɔƒe.”

Esi wòle alea ta la, anyo be míayi mía ɖokui me akpɔe ɖa be ɖe míeléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna beléletɔe wònyona nyuie hã. Ðe Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe dɔ ŋua? Ðe alesi míewɔa míaƒe dɔdasiwoe dze mía ŋu ŋutɔŋutɔa? Ne menyona dea edeƒe o la, ke ahiã be míatrɔ asi le eŋu wòanyo ɖe edzi.—Lododowo 10:4; 22:29.

Da sɔ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me dɔwo me. Togbɔ be dɔsesẽwɔwɔ dze na kafukafu hã la, nu vevi bubu aɖe li si nana dzidzeme ame le dɔwɔwɔ me kple le agbe me. Eyae nye mawusubɔsubɔ. Fia Salomo, amesi wɔ dɔ sesẽ eye kesinɔnu vovovowo do agbogbo ɖe esi eye wòse vivi na agbe bliboe la, ƒo nya ta be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.

Eme kɔ ƒã be, ele be míabu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu le nusianu si míawɔ la me. Ðe míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu loo alo míewɔa nu tsia tre ɖe eŋu? Ðe míele mía tɔ sinua wɔm be míadze Mawu ŋua, alo be míadze mía ŋutɔwo ko ŋu? Ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la, mlɔeba dzi ava ɖe le mía ƒo, míatsi akogo, eye viɖe aɖeke manɔ agbe ŋu na mí o.

Steven Berglas do susu ɖa be dɔdzikpɔla siwo nu ti kɔ na ‘naƒo wo ɖokui ɖe nu ɖɔʋu dodzidzɔname aɖe wɔwɔ me ahana wòazu woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe.’ Nuwɔna bubu aɖeke meli si ɖea vi na ame de Amesi na aɖaŋu kple ŋutete vovovowo mí be míatsɔ awɔ dɔ ɖɔʋuwoe la subɔsubɔ nu o. Dɔ siwo ŋu mía Wɔla la kpɔa ŋudzedze ɖo wɔwɔ mana míase le mía ɖokui me be míedo kpo nu o. Le Yesu gome la, dɔ si Yehowa de asi nɛ nɔ na eyama abe nuɖuɖu si léa ame ɖe te, si naa dzidzeme ame, henaa ame ƒe dze me kɔna la ene. (Yohanes 4:34; 5:36) Ðo ŋku edzi be Mawu, amesi nye Dɔwɔla Gãtɔ Kekeake, kpe mí be míava nye yeƒe “hadɔwɔlawo.”—Korintotɔwo I, 3:9.

Tadedeagu na Mawu kple tsitsi le gbɔgbɔ me dzrana mí ɖo na dɔ si ŋu agbanɔamedzi kpe ɖo si ŋu fetu le la wɔwɔ. Esi wònye be zi geɖe nyaƒoɖeamenuwo, masɔmasɔwo, kple agbanɔamedziwo bɔ ɖe dɔwɔƒe ta la, xɔse deto si le mía si kple míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ate ŋu ado ŋusẽ, si míehiã vevie la mí le agbagbadzedze be míanye dɔwɔla alo dɔtɔ ɖɔʋuwo me. Le go bubu me la, fu siwo me míetona le agbe me le xexe mavɔ̃mawu sia me ate ŋu ana míade dzesi afisiwo wòahiã be míatsi le xɔse me le.—Korintotɔwo I, 16:13, 14.

Ɣeyiɣi si me Dɔwɔwɔ Anye Yayra Tegbee

Amesiwo le vevie dom nu le Mawu subɔsubɔ me fifia ate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me wòagbugbɔ aɖo Paradiso anyi eye dɔwɔwɔ siwo me viɖe le abɔ ɖe anyigba la katã dzi. Yesaya, si nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila, gblɔ nya ɖi le alesi agbenɔnɔ anɔ ɣemaɣii ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o. . . . Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yesaya 65:21-23.

Yayra ka gbegbee nye si dɔwɔwɔ anye ɣemaɣi! Ne èsrɔ̃ nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na wò eye nèwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kplii la, ekema neva eme be nànye Yehowa ƒe ame yayrawo dometɔ ɖeka eye ‘eme nanyo na wò ɣesiaɣi le wò dɔ sesẽ siwo katã nèwɔ la me.’—Nyagblɔla 3:13.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Mawue nye Dɔwɔla Gãtɔ Kekeake: Mose I, 1:1, 4, 31; Yohanes 5:17

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Dɔwɔwɔ ate ŋu anye yayra: Mose I, 1:28; 2:15; Tesalonikatɔwo I, 4:11

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Wò dɔwɔwɔ ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu: Mose II, 31:1-11; Kolosetɔwo 3:23

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Da sɔ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me dɔwo me: Nyagblɔla 12:13; Korintotɔwo I, 3:9

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

TENƆNƆ ÐE DƆWƆWƆ ME NUTEÐEAMEDZI NU

Atikewɔla bibiwo yɔ dɔwɔwɔ me nuteɖeamedzi be enye dɔwɔwɔmefɔkuwo dometɔ ɖeka. Ate ŋu ade abi ƒomevi vovovowo ame ŋu ahana woalé blanui eye kura gɔ̃ hã wòana ame nawu eɖokui. Japantɔwo yɔnɛ be karoshi, si fia “ku si tso dɔwɔwɔ akpa gbɔ.”

Dɔwɔwɔ me nudzɔdzɔ vovovowo ate ŋu ana nu nate ɖe ame dzi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye dɔwɔɣiwo alo nɔnɔme siwo me wowɔa dɔ le ƒe tɔtrɔ, dɔwɔla kple dɔdzikpɔla dome masɔmasɔwo, agbanɔamedziwo alo dɔ ɖɔliɖɔli na ame, dzudzɔxɔxɔledɔme, kple asiɖeɖeleameŋu. Amewo dzena agbagba be yewoade axa na nuteɖeamedzi mawo to dɔ bubuwo didi alo ʋuʋu yi nuto bubu me me. Ame bubuwo hã tena kpɔ be yewoakpe akɔ kple nuteɖeamedzi mawo, gake ɖeko wova kpɔna be edzina ɖe edzi va gblẽa nu le agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo ŋu, vevietɔ le ƒomea me. Egblẽa nu le ame aɖewo ŋu le seselelãme gome gɔ̃ hã, eye wòna woléa blanui eye wobuna mɔkpɔkpɔ.

Kristotɔwo ya su te nyuie be woanɔ te ɖe dɔwɔwɔ me nuteɖeamedzi nu. Gɔmeɖose vevi geɖewo le Biblia me siwo ate ŋu alé mí ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me eye wotua mí ɖo le gbɔgbɔ me henana míenɔa dedie le seselelãme gome. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.” Dzi si dem ƒo na mí wole le afisiae nye be míabu egbea ƒe kuxiwo ko ŋu, ke menye etsɔ si gbɔna tɔ wo ŋu o. Ne míewɔ nuxlɔ̃me sia dzi la, míava nɔ míaƒe kuxiwo bum kuxi gãwoe akpa bena nuteɖeamedzia hã nu nasẽ akpa o.—Mateo 6:25-34.

Ele vevie be Kristotɔwo naɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu, ke menye ɖe woa ŋutɔwo ƒe ŋusẽ ŋu o. Ne míese le mía ɖokui me be nu glo mí keŋkeŋ la, Mawu ate ŋu ana eƒe ŋutifafa mí, ana míaƒe dzi nakpɔ dzidzɔ, eye wòana nunya si míatsɔ anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe nui la mí. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Misẽ ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!”—Efesotɔwo 6:10; Filipitɔwo 4:7.

Mlɔeba la, nu nyuiwo ate ŋu ado tso nɔnɔme siwo nana nu tena ɖe ame dzi gɔ̃ hã me. Tetekpɔwo ate ŋu ana míatrɔ ɖe Yehowa ŋu, adi eyome mɔ ahaɖo ŋu ɖe eyama ŋu. Woate ŋu aʋã mí hã be míayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe amenyenye kple dzidodo le nɔnɔme sesẽwo me ƒe ŋutete tum ɖo. Paulo xlɔ̃ nu be: “[Mina dzi nadzɔ mí, NW] le xaxawo me hã, esi míenyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ.”—Romatɔwo 5:3, 4.

Eyata nuteɖeamedzi gɔ̃ hã ate ŋu ana ame natsi le gbɔgbɔ me tsɔ wu be wòahe dziɖeleameƒo kple nuxaxa ko vɛ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO ŊUDƆWƆWƆ LE DƆWƆƑE

Kristotɔ ƒe nɔnɔme kple alesi wòléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔnae ate ŋu ana be Biblia ƒe gbedasia nalé dzi na dɔwɔhatiwo kple ame bubuwo. Le apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Tito me la, exlɔ̃ nu amesiwo nye dɔwɔviwo alo dɔlawo be “woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo ƒe [dɔdzikpɔlawo], be woadze wo ŋu le nusianu me: Woaganye ɖeklemiɖelawo o, womagafi naneke aɣla o; ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui katã afia, bene woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:9, 10.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso nusi dɔtɔ aɖe ŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la ŋu kpɔ: “Mele agbalẽ sia ŋlɔm tsɔ le mɔ biam be miahaya Yehowa Ðasefo aɖewo nam. Medi be mahaya wo elabena menyae le nyateƒe me be wotoa nyateƒe, woɖia anukware, woate ŋu aka ɖe wo dzi, eye womaba ame o. Amesiwo ko dzi meka ɖo ŋutɔŋutɔe nye Yehowa Ðasefowo. Taflatse mikpe ɖe ŋunye.”

Kyle nye Kristotɔ aɖe si wɔa dɔ abe amedzroxɔla ene le suku aɖe me. Eƒe dɔwɔhati aɖe dzui vevie le esi masɔmasɔ aɖe ɖo woa kplii dome ta. Kyle gblɔ emegbe be: “Ele nam be maɖɔ ŋu ɖo be magahe vlododo ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzii o.” Le ŋkeke atɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, Kyle de ŋugble tso alesi wòawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋudɔe ŋu. Gɔmeɖose siawo dometɔ ɖeka dze le Romatɔwo 12:18 be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” Eŋlɔ lɛta ɖo ɖe eƒe dɔwɔhatia to kɔmpiuta dzi hedo taflatse nɛ ɖe masɔmasɔ si do mo ɖa le wo dome la ta. Kyle doe ɖe eƒe dɔwɔhatia gbɔ be yewoanɔ anyi ne yewokpã le dɔme adzra yewo dome ɖo. Esi wokpɔ nyaa gbɔ vɔ la, Kyle ƒe dɔwɔhatia ƒe dzi ku nu fa eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe nunyamɔ si nu Kyle na wokpɔ nyaa gbɔ le la ŋu. Egblɔ na Kyle be, “Anye be wò subɔsubɔe na nèwɔ nu alea ɖo” eye wòwɔ atuu nɛ lɔlɔ̃tɔe emegbe wodo dɔdɔ nenyo na wo nɔewo hedzo. Nya kae Kyle gblɔ mlɔeba? Egblɔ be, “Ne míewɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ la míada aƒu gbeɖe o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Dɔwɔla geɖewo bunɛ be akpa si wɔm yewole la le sue ŋutɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Japan Information Center, Consulate General of Japan in NY

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Anyigbatata: NASA photo