Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ŋuti Sidzedze Tu Ƒomewo Ðo

Mawu Ŋuti Sidzedze Tu Ƒomewo Ðo

 ‘Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ’

Mawu Ŋuti Sidzedze Tu Ƒomewo Ðo

“BERLIN GLI” la. Aleae atsu kple asi aɖe si le Argentina la yɔ gli aɖe si woɖo tsɔ ma woƒe aƒe me ɖe eve lae! Masɔmasɔwo nɔ wo dome, eye womete ŋu nɔ wo gbɔ kpɔm o; si wɔe be womenyina kura o.

Nublanuitɔe la, menye srɔ̃tɔ siawo koe le nɔnɔme sia tɔgbe me o. Dzrehehe, ahasiwɔwɔ, kple fuléle helĩhelĩ le nu gblẽm le ƒome geɖewo ŋu. Esia wɔ nublanui ŋutɔ, elabena Mawu ŋutɔe ɖo ƒomea anyi. (Mose I, 1:27, 28; 2:23, 24) Nunana sia si tso Mawu gbɔ la nye nuɖoanyi si sɔ ŋutɔ hena lɔlɔ̃ deto ɖeɖe fia ame nɔewo. (Rut 1:9) Ne ƒomea me tɔwo ɖo nudidi siwo Mawu ɖo na wo gbɔ la, edea bubu Yehowa ŋu eye wonyea yayra na ƒomea me tɔwo. *

Esi wònye Mawue ɖo ƒomea anyi ta la, ele be míana eƒe nukpɔsusu nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòle be ƒomewo nazɔe ŋuti gɔmesese si le mía si la dzi. Aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ƒomewo ŋu woakpɔ dzidzedze, vevietɔ ne kuxiwo do mo ɖa, la le eƒe Nya la me. Ku ɖe srɔ̃ŋutsu ƒe wɔƒe ŋu la, Biblia gblɔ be: “[Ele na] ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” Ne srɔ̃ŋutsua ɖo nudidi sia gbɔ la, enyea dzidzɔ na srɔ̃a be ‘wòasii ɖa’ alo ade bubu deto eŋu.​—Efesotɔwo 5:25-29, 33.

Ku ɖe dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo ŋu la, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Esia nana dzidzɔ nɔa ƒomea me, si nana wònɔa bɔbɔe na ɖeviawo be woaɖo to wo dzilawo.—Efesotɔwo 6:1.

Ƒomegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me la ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo siwo míegblɔ. To Mawu ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe me la, dzidzɔkpɔkpɔ su ƒome geɖewo si. Le kpɔɖeŋu me, bu atsu kple asi siwo tso Argentina siwo ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me ŋu kpɔ. Esi Yehowa Ðasefowo va srɔ̃ Biblia kpli wo ɣleti etɔ̃ megbe la, ŋutsua kple srɔ̃a siaa te srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me la tsɔtsɔ wɔ dɔe. Woʋli vevie be yewoatrɔ asi le yewo dome dzeɖoɖo ŋu, be yewoatsɔ ɖe le yewo nɔewo ƒe nuhiahiãwo me, eye be yewoanye amesiwo tsɔna kea yewo nɔewo. (Lododowo 15:22; Petro I, 3:7; 4:8) Wosrɔ̃ alesi woaɖu wo ɖokui dzi ne dzi le wo kum kple be woatrɔ ɖe Mawu ŋu hena kpekpeɖeŋu ne nɔnɔmeawo dze abe ɖe naneke manyawɔ le wo ŋu o ene. (Kolosetɔwo 3:19) Eteƒe medidi o, mama si nɔ wo dome, si tae wotsɔ ŋkɔ na aƒea me gli aɖe be “Berlin Gli” la, ɖe ɖa!

Mawu Ate Ŋu Atu Ƒomea Ðo

Sidzedze Mawu ƒe gɔmeɖosewo kple wo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu atu ƒomea ɖo wòakpe akɔ kple nyaƒoɖeamenuwo. Esia le vevie ŋutɔ elabena wogblɔe ɖi be woadze ƒomeɖoɖoa dzi le goawo katã me le míaƒe ɣeyiɣi sia me. Agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi kple ɖekawɔwɔ ƒe bubu le ameƒomea me egbea nye nusi Paulo gblɔ ɖi. Egblɔ be nusiwo aɖe dzesi le “ŋkeke mamlɛawo” ŋu enye amewo ƒe anukwaremaɖimaɖi, ‘lɔlɔ̃ ƒe anyimanɔmanɔ,’ kple tomaɖomaɖo dzilawo, le “amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le” gɔ̃ hã dome.—Timoteo II, 3:1-5.

 Agbagbadzedze be woawɔ nu wòadze Mawu ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaƒo asa na nusiwo gblẽa nu le ƒomea ŋu wɔwɔ. Ƒome geɖewo kpɔe dze sii be yewohiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be yewoate ŋu akpɔ ta na kuxi siwo yewodzea ŋgɔe la dometɔ geɖe. Ne enye ƒomea me tɔwo ƒe didi be yewoanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu la, nu vevitɔ kekeake si woawɔe nye be woatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo anɔ dɔ wɔmee ahadze sii be “ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” (Psalmo 127:1) Nusi koŋ nana agbagbadzedze be dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ ƒomea me kpɔa dzidzedze enye Mawu ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ le ƒomea me.—Efesotɔwo 3:14, 15.

Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Dennis, si le Hawaii la kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Togbɔ be egblɔna be yenye Kristotɔ hã la, nya madzetowo gbɔgblɔ ɖe amewo ŋu kple dzrewɔwɔ va zu numame nɛ. Eƒe adãnuwɔwɔ kple fulélea va vloe ɖe edzi le eƒe asrafodɔwɔwɔ megbe. Egblɔ be: “Mehea dzre kple amewo ɣesiaɣi. Nuka kee ɖadzɔ ɖe dzinye o, menye nye nya o, nyemevɔ̃na na ku o. Nya madzetowo gbɔgblɔ kple dzrehehea dzi ko menɔ ɣesiaɣi. Srɔ̃nye, si nye Yehowa Ðasefo la de dzi ƒo nam be masrɔ̃ Biblia.”

Dennis do toku srɔ̃a ƒe agbagbadzedze be yeakpe ɖe eŋu wòatrɔ. Gake Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ si nyɔnua ɖena fiana la na wòva trɔ vie. Mlɔeba Dennis va kplɔ srɔ̃a kple viawo ɖo yi Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe. Le ema megbe la, wova dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple Dennis, eye wòwɔ ŋgɔyiyi nyui geɖe. Eɖe asi le atamanono, si nye numame nɛ ƒe 28 sɔŋ la ŋu, hedzudzɔ hadede kple exɔlɔ̃ siwo wɔa nusiwo katã wònɔ agbagba dzem be yeadzudzɔ la. Dennis tsɔ akpedadaa na Yehowa, eye wògblɔ be: “Nɔnɔmeawo va nyo wu le ƒomea me. Míekpɔa gome le kpekpewo kple ɖaseɖiɖidɔa me ɖekae abe ƒome ene. Vinye eveawo megavɔ̃na nam azɔ o, elabena mesrɔ̃ alesi maɖu nye dziku dzii, eye medzudzɔ dzugbewo zazã. Míete ŋu ɖoa dze eye míesea vivi na dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu. Ðe menye Biblia ƒe nyateƒeae o la, anye ne nyemele afisia egbea o; menye amesi dzi kuna kutɔkutɔe va yi.”

Dzidzɔ ate ŋu anɔ ƒomewo me ne wodze agbagba vevie wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ne ƒomea me tɔ ɖeka pɛe tsɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe hã la, nuwo kana ɖe eme wu be wo dometɔ aɖeke matsɔe awɔ dɔe o. Kristotɔwo ƒe ƒome tutuɖo menye dɔ feŋui o, ebia ɣeyiɣi kple kutrikuku geɖe. Ke hã kakaɖedzi ate ŋu anɔ ƒome siawo me tɔwo si be Yehowa ayra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi be woakpɔ dzidzedze. Woate ŋu agblɔ abe hakpala la ene be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’​—Psalmo 121:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses, May/June.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Mawu gbɔ “ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ.”​—EFESOTƆWO 3:15.

[Aɖaka si le axa 8]

YEHOWA DEA ASIXƆXƆ ƑOMEÐOÐOA ŊU VEVIE

“Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.”​—Mose I, 1:28.

“Woayra amesi vɔ̃a Yehowa . . . Srɔ̃wò [anɔ] abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me.”​—Psalmo 128:1, 3.