Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖe Ahedada Ða?

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖe Ahedada Ða?

 Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖe Ahedada Ða?

AME miliɔn aɖewo li siwo tso woƒe ɖevime ke la womenya nusi nye ahedada o. Wometsi dɔ mlɔ anyi alo tsi vuvɔ nu dɔ kpɔ o. Ke hã, amesiawo dometɔ geɖe ƒe dɔme trɔna ɖe ame dahewo ŋu eye wodzea agbagba geɖe be yewoakpe ɖe wo ŋu.

Gake ahedada gakpɔtɔ nye nɔnɔme si le fu ɖem na amesiwo dzi dukɔmeviʋa, tsiɖɔɖɔwo, kuɖiɖiwo, kple kuxi bubuwo dzɔ ɖo. Nudzɔdzɔ siawo ɖea fu na Afrikatɔ agbledela siwo dea agble hena ɖuɖu ko. Nɔnɔmea va ƒonɛ ɖe wo dometɔ aɖewo nu be wòaʋu tso woƒe aƒewo me ava nɔ dugãwo me alo woayi dukɔ bubu me abe sitsoƒedilawo ene. Mɔkpɔkpɔ be agbe anyo na yewo wu le dugãwo mee ƒoe ɖe kɔƒemenɔla aɖewo ya nu be woʋu.

Zi geɖe la, dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo akpã la va zua afisi ahedada bɔna ɖo. Nenye be anyigba si dzi woaƒã nuku ɖo li kura hã la, ʋɛ aɖewo ko woakpɔ. Zi geɖe la, dɔwɔɖui kpɔkpɔ sesẽna. Dziɖeleameƒo ɖeɖe kura gɔ̃ hã wɔnɛ be ame geɖe va nɔa agbe abe nuvlowɔlawo ene. Dugãmenɔlawo le konyi fam, gake amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu le ahedada si le dzidzim ɖe edzi la gbɔ kpɔm o. Esi London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent nɔ susu hem yi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka si woɖe ɖe go le November 2003 me dzi la, egblɔ be: “Dɔwuitɔwo le dzidzim ɖe edzi le xexeame.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Amesiwo ƒe xexlẽme ade miliɔn 842 le xexeame godoo la meɖua nu ɖia ƒo o—eye xexlẽme ma gale dzi yim, ne wotsɔ ame miliɔn 5 bubu siwo va zua dɔwuitɔwo ƒe sia ƒe la le ekpem.”

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa la xɔa lɛtawo tsoa ame dahewo gbɔ ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si tso Bloemfontein ŋlɔ bena: “Dɔwɔɖui mele asinye o, eye mefia fi le dugã me nenye be mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi. Ne nyemekpɔ naneke fi o la, míetsia dɔ ŋkeke geɖe—alesi vuvɔ nu sẽna ya mele gbɔgblɔ me o. Dɔwɔɖui meli nàkpɔ o. Ame geɖe le tsatsam le ablɔwo dzi le dɔ si woawɔ kple nusi woaɖu dim. Menya ame aɖewo siwo tsaa gbelɔnuwo me nɔa nuɖuɖu dim. Ðewo wu wo ɖokui. Nu te ɖe ame geɖe dzi eye wobu mɔkpɔkpɔ abe nye ke ene. Edze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke mele etsɔ si gbɔna me o ene. Ðe Mawu si wɔ mí, hede didi mía me be míaɖu nu eye míado awu la mele nusia kpɔm oa?”

Ŋuɖoɖo fakɔnamewo li na ŋutsu sia ƒe nya siwo ŋu wòtsi dzi ɖo vevie la. Ŋuɖoɖoawo tso Mawu ƒe Nya, Biblia me, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fiae ene.