Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe wòle be Kristotɔ nana ga alo nunana dziɖuɖudɔwɔla aɖe ɖe dɔ siwo wòawɔ nɛ taa, alo ɖe woabui be enye zãnunanaa?
Afisiafi si Kristotɔwo le la, wodina be yewoawɔ nu le nunya me le nɔnɔme siwo le woƒe nutoa me nu, eye enɔa susu me na wo be nusi dzi woda asi ɖo kple nusi le se nu le dukɔ aɖe me la, ate ŋu anye nusi dzi womeda asi ɖo o alo nusi mele se nu kura o le dukɔ bubu me. (Lododowo 2:6-9) Nyateƒee, ele be Kristotɔ naɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be, ele be amesiame si adi be ‘yeadze Yehowa ƒe agbadɔ me’ la natsri zãnunana alo zãnuxɔxɔ.—Psalmo 15:1, 5; Lododowo 17:23.
Nukae nye zãnunana? Le numekugbalẽ si nye The World Book Encyclopedia ƒe nya nu la, “zãnunana nye nu xɔasi aɖe nana . . . ame aɖe si le hadome ɖoƒe si ŋu wodea bubui, ale be amea nada eƒe dɔwɔɖoɖowo dzi be wòaɖe vi na nunala la.” Eyata afika kee ame aɖe ɖale o, enye zãnunana be woana ga alo nunana ʋɔnudrɔ̃la alo kpovitɔ be wòakpɔ ŋusẽ ɖe edzi be wòablu afɔ na ʋɔnudrɔ̃nyawo alo wòawɔ sea ŋuti dɔ le mɔ madzemadze nu, alo be dɔdzikpɔla aɖe naŋe aɖaba aƒu nuwɔna si mele se nu o la dzi. Enye zãnunana hã be woato nunana ame dzi be woawɔ nu ɖe ye ŋu etɔxɛe, abe mɔɖeɖe na ame be wòadzo le megbe ava ŋgɔgbe le fli si me amewo le lalam le la me alo ato mɔ bubu atso amewo ŋgɔ ene. Nuwɔna sia menye lɔlɔ̃ ɖeɖefia o.—Mateo 7:12; 22:39.
Gake ɖe wònye zãnunana be woana nunana alo ga dziɖuɖudɔwɔla aɖe ale be wòawɔ dɔ si wòle nɛ kokoko be wòawɔ le se nu, alo be woatsɔ aƒo asa na nu madzemadze wɔwɔ ɖe ame ŋua? Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, tatɔwo madi be yewoaxɔ ɖeviwo ɖe suku o, womadi be yewoaxɔ ame aɖe ɖe kɔdzi, alo be yewoana dukɔmenɔnɔ ƒe mɔɖeɖe ame o negbe ɖe wona wo nane hafi. Ðewohĩ woaɖoe koŋ anɔ mɔɖegbalẽvi yeyewo wɔwɔ na ame ƒe biabiawo gbɔkpɔkpɔ hem ɖe megbe.
Alesi wonaa ga alo nunana ame ɖe dɔ si wòle be wòawɔ ta kple nukpɔsusu si le amewo si ɖe eŋu la to vovo tso dukɔ aɖe me yi bubu me. Afisi fexexe siawo zu numame le alo afisi wokpɔa mɔ na wo godoo le gɔ̃ hã la, ɖewohĩ Kristotɔ aɖewo ase le wo ɖokui me be le se nu la, yewomele Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi dam ne yewona nu dziɖuɖudɔwɔla aɖe be wòawɔ eƒe dɔ o. Le dukɔ aɖewo me la, ɖewohĩ amewo bua fexexe siawo be wonye nunana si akpe ɖe dziɖuɖudɔwɔlaa ƒe fetu si mede naneke o la ŋu. Ðo ŋku edzi be vovototo le nunana ame be wòawɔ dɔ si le se nu kple zãnunana ame be wòana kpekpeɖeŋu si mele se nu o la dome.
Le go bubu me, ne Yehowa Ðasefo aɖewo le nane biam le se nu la, womelɔ̃na be yewoana nu dɔdzikpɔlawo, adzɔxɔlawo, alo ame bubuwo o ne enye nusi wowɔna ɖaa le afima kura gɔ̃ hã. Esi wonya Ðasefoawo le nutoa me ɖe tiatia si wonɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi wɔ kple le woƒe anukwareɖiɖi ŋuti ta la, ɣeaɖewoɣi wowɔa woƒe biabiawo dzi na wo faa le esime ame akpa gãtɔ ya axe fe hafi akpɔ nenem nu ma ke.—Lododowo 10:9; Mateo 5:16.
Be míaƒo eta la, Yehowa subɔla ɖesiaɖee atso nya me na eɖokui nenye be ana nu alo ana ga ame aɖe ɖe dɔ si wòle nɛ kokoko be wòawɔ le se nu la ta, alo be wòatsɔ aƒo asa na nu madzemadze wɔwɔ ɖe eŋu. Ƒo ye katã ta la, ele be wòawɔ nusi maɖe fu na eƒe dzitsinya o, nusi mahe vlododo aɖeke ava Yehowa ƒe ŋkɔa dzi o, kple nusi mazu nukikli na ame bubuwo o.—Mateo 6:9; Korintotɔwo I, 10:31-33; Korintotɔwo II, 6:3; Timoteo I, 1:5.