Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye

Mía Viwo—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye

 Mía Viwo​—Domenyinu Xɔasi Ŋutɔ Aɖee Wonye

“Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.”​—PSALMO 127:3.

1. Aleke amegbetɔ vidzĩ gbãtɔ wɔ va dzɔ?

DE ŊUGBLE le nu wɔnuku siwo Yehowa Mawu na be wodzɔna le mɔ si nu wòwɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ ɖo la ŋu kpɔ. Vifofoa, Adam, kple vidadaa, Xawa, siaa tsɔ woƒe akpa aɖe na wòtsi le Xawa ƒe vidzidɔ me va zu amegbetɔ blibo yeye—si nye amegbetɔ vidzĩ gbãtɔ. (Mose I, 4:1) Egbea gɔ̃ hã la, fufɔfɔ kple vidzidzi wɔa mo yaa na mí eye ame geɖe gblɔna le eŋu be vovototo aɖeke mele woa kple nukunu dome o.

2. Nukatae nàgblɔ be nusi yia edzi le funɔ ƒe vidzidɔ me la nye nukunu ɖo?

2 Le ŋkeke siwo ade 270 megbe la, lãmenugbagbevi gbãtɔ si dzɔ le vidadaa kple vifofoa ƒe anyinɔnɔ me la mana va zua vidzĩ si si lãmenugbagbevi triliɔn gbogbo aɖe le. Mɔfiamewo le lãmenugbagbevi gbãtɔ ma me si wɔnɛ be wòte ŋu dzina ɖe edzi va zua lãmenugbagbevi ƒomevi vovovo siwo wu 200. Mɔfiame siawo, siwo gɔmesese gbɔ amegbetɔ ƒe nunya ŋu, siwo dzi lãmenugbagbevi wɔnuku siawo zɔna ɖo la, nana be wotsina le ɖoɖo wɔnuku si nyo ŋutɔ kple nɔnɔme si sɔ tututu nu va zua ame gbagbe yeye!

3. Nukatae tamebula geɖewo lɔ̃na ɖe edzi be Mawue wɔa ame hafi wodzinɛ ɖo?

3 Ameka koŋue nàgblɔ be eyae wɔ vidzĩ la? Ðikeke mele eme o be eyae nye Amesi gbɔ agbe dzɔ tso. Biblia me hakpala la dzi ha be: “Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, [ke menye mía ŋutɔwoe wɔ mía ɖokui o].” (Psalm 100:3) Dzilawo, mienyae nyuie be menye mia ŋutɔwo miaƒe ŋutete aɖe si de ŋgɔ ŋutɔe na be miete ŋu dzi vidzĩ nyui ma o. Mawu si ƒe nunya mele gbɔgblɔ me o koe ate ŋu awɔ nɔnɔme wɔnuku si me vidzĩ tona hafi va dzɔna. Ƒe akpe geɖewo enye sia la, amesiwo bua tame nyuie la nyae be Wɔla Gã lae wɔnɛ be nɔnɔme vovovowo trɔna va zua vidzĩ le dada ƒe dɔme. Ðe wò hã nèbunɛ nenema?—Psalmo 139:13-16.

4. Amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kae womate ŋu agblɔ gbeɖe be ele Yehowa ŋu o?

4 Gake Wɔla ɖekematsɔlemela si wɔ dzɔdzɔmeɖoɖo sia be ŋutsuwo kple nyɔnuwo nanɔ vi dzim koe Yehowa nyea? Amegbetɔ aɖewo mekpɔa nublanui na ame o, gake Yehowa ya mele nenema gbeɖe o. (Psalmo 78:38-40) Biblia gblɔ le Psalmo 127:3 be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo [kple nyɔnuviwo siaa] nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.” Azɔ mina míade ŋugble le nusi domenyinu nye kple nusi ƒe kpeɖodzi wònye ŋu.

Domenyinu Kple Fetu

5. Nukatae ɖeviwo nye domenyinu ɖo?

5 Domenyinu le abe nunana ene. Zi geɖe la, dzilawo zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ wɔa dɔ kple ŋusẽ be woate ŋu agblẽ domenyinu aɖe ɖi na wo viwo. Ate ŋu anye ga, xɔ alo anyigba, alo nunɔamesi vevi aɖe. Nuka kee wòɖanye o, eɖea dzila ƒe lɔlɔ̃ fiana. Biblia gblɔ be Mawu tsɔ ɖeviwo na wo dzilawo be wòanye domenyinu  na wo. Ðeviwo nye lɔlɔ̃ nunana aɖe tso egbɔ na wo. Ne dzilae nènye la, ɖe nàgblɔ be yeƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be yebua ye viwo be wonye nunana si xexeame katã Wɔla la na yea?

6. Tameɖoɖo ka tae Mawu na be amegbetɔwo dzia vi ɖo?

6 Tameɖoɖo si tae Yehowa tsɔ nusia na ɖoe nye be wòana be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba dzi. (Mose I, 1:27, 28; Yesaya 45:18) Yehowa mewɔ amegbetɔwo katã ɖekaɖekae abe alesi wòwɔ mawudɔla miliɔn geɖewo ɖekaɖekae ene o. (Psalmo 104:4; Nyaɖeɖefia 4:11) Ðe ema teƒe la, Mawu ɖoe be yeawɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woadzi vi siwo ƒe nɔnɔmewo anɔ abe wo dzilawo tɔ ene. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi esia nye na vidada kple vifofo be woadzi vi akpɔ edzi! Dzilawo, ɖe miedaa akpe na Yehowa be wòna be domenyinu xɔasi sia su mia sia?

Srɔ̃ Nu tso Yesu ƒe Kpɔɖeŋu Me

7. To vovo na nusi dzila aɖewo wɔna la, aleke Yesu ɖe ɖetsɔleme kple nublanuikpɔkpɔ fia ‘amegbetɔviwoe’?

7 Nublanuitɔe la, menye dzilawo katãe bua wo viwo be wonye nunana o. Wo dometɔ geɖewo mekpɔa nublanui na wo viwo o. Dzila mawo mele Yehowa alo Via ƒe nɔnɔme ɖem fia o. (Psalmo 27:10; Yesaya 49:15) To vovo na ema la, bu alesi Yesu tsɔ ɖe le eme na ɖeviwoe ŋu kpɔ. Do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava—esime wònye gbɔgbɔmeme triakɔ aɖe le dziƒo—gɔ̃ hã la, Biblia gblɔ tso eŋu be “[ekpɔa] dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.” (Lododowo 8:31) Eƒe lɔlɔ̃ na amegbetɔwo nu sẽ ale gbegbe be elɔ̃ faa tsɔ eɖokui na tafee ɖe mía ta ale be agbe mavɔ nate ŋu asu mía si.—Mateo 20:28; Yohanes 10:18.

8. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawoe?

8 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ŋutɔ aɖe ɖi na dzilawo. De ŋugble le nusi wòwɔ ŋu kpɔ. Ekpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu, le ɣeyiɣi siwo me vovo menɔ eŋu kura o kple esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã me. Ekpɔ ɖeviawo le asime wonɔ fefem eye wòzã woƒe nɔnɔme aɖewo le eƒe nufiafia me. (Mateo 11:16, 17) Le Yesu ƒe mɔzɔzɔ mamlɛtɔ yi Yerusalem me la, enyae be woafia fu ye eye woawu ye. Eyata esime amewo tsɔ ɖeviwo vɛ be woakpɔ Yesu la, eƒe nusrɔ̃lawo dze agbagba be yewoaxe mɔ na ɖeviawo, ɖewohĩ kple susua be woakpɔ Yesu ta be amewo nagana nuwo nate ɖe edzi wu alesi dze o. Gake Yesu ka ŋkume na eƒe nusrɔ̃lawo. Yesu ɖe alesi ‘wòkpɔa dzidzɔ’ ɖe ɖeviwo ŋu fia esi wògblɔ be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.”—Marko 10:13, 14.

9. Nukatae alesi míewɔa nui ate ŋu anye nusi le vevie wu nya siwo míegblɔna?

9 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me. Ne ɖeviwo va mía gbɔ la, aleke míewɔa nui—ne edzɔ be míexaxa gɔ̃ hã? Ðe míewɔa nu abe Yesu enea? Nusi ɖeviwo di, vevietɔ tso wo dzilawo gbɔ, ye nye nusi Yesu lɔ̃ faa be yeana wo—eyae nye eƒe ɣeyiɣi kple ɖetsɔleme. Nyateƒee, nyawo abe “melɔ̃ wò” ene gbɔgblɔ le vevie ŋutɔ. Ke hã, ele be míanyae be míaƒe nuwɔna wɔa dɔ ɖe ame dzi wu míaƒe nyagbɔgblɔ. Alesi mielɔ̃ woe dzena le miaƒe nuwɔnawo me wu egbɔgblɔ kple nu ko. Edzena le miaƒe vovokpɔkpɔ ɖe mia viwo ŋu, ɖetsɔtsɔ le eme na wo, kple beléle na wo me. Gake ate ŋu adzɔ be nusiawo katã wɔwɔ mana be nuwo natsɔ afɔ nyuie abe alesi miedii ene o, ɖewohĩ matsɔ abe alesi miedii ene o. Ebia dzigbɔɖi. Míate ŋu asrɔ̃ alesi  wogbɔa dzi ɖi ne míesrɔ̃ alesi Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu.

Yesu ƒe Dzigbɔgbɔɖi Kple Lɔlɔ̃

10. Aleke Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawoe le ɖokuibɔbɔ ŋu, gake ɖe wòkpɔ dzidzedze enumakea?

10 Yesu nya nu tso gãnyenye si ʋlim eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ŋu. Gbeɖeka, esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo va Kapernaum la, ebia wo bena: “Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome le mɔ dzi mahã? Ke wozi kpi; elabena wole nya ʋlim le wo nɔewo dome le mɔ dzi bena: Amekae nye gãtɔ mahã?” Le esi teƒe be Yesu naka ŋkume na wo le dɔmedzoe me la, efia nu wo le dzigbɔɖeanyi me bene yeafia alesi woanye ɖokuibɔbɔlawoe. (Marko 9:33-37) Ðe nusi wòfia wo la ɖe via? Meɖe vi enumake o. Anɔ abe ɣleti ade ene le ema megbe la, Yakobo kple Yohanes ƒoe ɖe wo dada nu be wòabia tso Yesu si be wòana ɖoƒe kɔkɔ yewo le Fiaɖuƒea me. Yesu gaɖɔ woƒe tamebubu sia ɖo ake dzigbɔɖitɔe.—Mateo 20:20-28.

11. (a) Kɔnu kae Yesu ƒe apostolowo gbe wɔwɔ esi woyi dziƒoxɔa dzi kple Yesu? (b) Nukae Yesu wɔ, eye ɖe eƒe agbagbadzedzewo kpɔ dzidzedze le ɣeyiɣi ma mea?

11 Eteƒe medidi o ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo, eye Yesu kpe kple eƒe apostolowo ɖeɖe dzaa na eɖuɖu. Esi woɖo dziƒoxɔa dzi la, eƒe apostolo 12-wo dometɔ aɖeke metso be yeawɔ ʋuʋu kɔklɔ ɖa le amedzrowo ƒe afɔ ŋu ƒe kɔnu si wowɔna—si nye dɔ tsɛ si subɔvi alo nyɔnu wɔna le aƒeme—la o. (Samuel I, 25:41; Timoteo I, 5:10) Aleke gbegbe wòate ɖe Yesu dzie nye esi be yeƒe nusrɔ̃lawo gakpɔtɔ le ɖoƒe kɔkɔ didi ƒe nɔnɔme ɖem fia! Eyata Yesu klɔ afɔ na wo dometɔ ɖesiaɖe eye wòƒo koko na wo vevie be woasrɔ̃ yeƒe kpɔɖeŋu le amewo subɔsubɔ me. (Yohanes 13:4-17) Ðe wosrɔ̃ea? Biblia gblɔ na mí bena le fiẽ ma ke me la, “dzre hã ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?”—Luka 22:24.

12. Aleke dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le agbagba si dzem wole le wo viwo hehe me?

12 Dzilawo, ne mia viwo mewɔ ɖe aɖaŋu si mieɖo na wo dzi o la, ɖe mieɖoa ŋku alesi Yesu ase le eɖokui me dzia? Mide dzesii be Yesu megbe nu le eƒe apostoloawo gbɔ o, togbɔ be asitɔtrɔ le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu nɔ blewu hã. Dzigbɔɖi si wòɖe fia la va ɖe vi mlɔeba. (Yohanes I, 3:14, 18) Dzilawo, ele be miadze agbagba asrɔ̃ Yesu ƒe lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi, migadzudzɔ agbagbadzedze le mia viwo hehe me gbeɖe o.

13. Nukata mele be dzila nagblɔ nya aɖe si anya via si di be yeabia nyae la ɖa o?

13 Ehiã be ɖeviwo nasee le wo ɖokui me be yewo dzilawo lɔ̃ yewo eye be wotsɔ ɖe le eme na yewo. Yesu di be yeanya alesi yeƒe nusrɔ̃lawo bua nuwo ŋui, eyata eɖoa to wo nyuie ne wole nya biamee. Ebiaa woƒe susu le nya aɖewo ŋu. (Mateo 17:25-27) Ẽ, toɖoɖo nyuie kple ɖetsɔleme akuaku ɖeɖefia nye nufiafia ƒe akpa aɖe. Ele be dzila nadze agbagba vevie be yemanya ye vi si di be yeabia nya ye la ɖa to nya tɔame siawo gbɔgblɔ me o be: “Bu le afisia! Mèkpɔ be vovo mele ŋunye oa?” Ne, le nyateƒe me, vovo mele dzila la ŋu kura o le gaƒoƒo ma me la, ke ɖeko wòle be wòagblɔe na ɖevia be yewoate ŋu adzro nya la me emegbe. Ele be dzilawo nakpɔ egbɔ be yewodzro nya si le ɖevia si me kplii godoo  emegbe. Ne wowɔe alea la, ɖevia asee le eɖokui me be ye dzila la tsɔ ɖe le eme na ye vavã, eye wòawɔe be wòavo le eɖokui me agblɔ eƒe dzimenyawo na dzilaa zi geɖe.

14. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ le lɔlɔ̃ɖeɖefia wo viwo me?

14 Ðe wòasɔ be dzilawo nate ŋu aɖe woƒe lɔlɔ̃ afia to asikpakpla kɔ na wo viwo kple atuu wɔwɔ na wo mea? Le go sia me hã la, dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu me. Biblia gblɔ be ‘elé ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eyra wo, eye wòda asi ɖe wo dzi.’ (Marko 10:16) Aleke nèbu be ɖeviawo se le wo ɖokui me? Le nyateƒe me la, woƒe dzi dze eme, eye Yesu ƒe nu lé dzi na wo vevie! Ne ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ akuakua le mia kple mia viwo dome la, woatsɔ dzidzɔ awɔ ɖe agbagba si dzem miele be yewoahe wo ahafia nu wo la dzi.

Ɣeyiɣi Agbɔsɔsɔ si Hiã ƒe Nya La

15, 16. Ðeviwo hehe ƒe nukpɔsusu nyanyɛ kae li, eye nukae na be woto nukpɔsusu sia vɛ?

15 Ame aɖewo ke ɖi nenye be ɖeviwo hiã na wo dzilawo ƒe ɣeyiɣi geɖe kple lɔlɔ̃ deto ŋutɔŋutɔ. Woyɔ vihehe me aɖaŋuɖoɖo aɖe si wodo ɖa be ɣeyiɣi kpui nyuitɔ. Amesiwo doa nukpɔsusu sia ɖe ŋgɔ la gblɔ be mehiã be dzilawo nazã ɣeyiɣi gbogbo aɖewo ɖe wo viwo ŋu o, ne woakpɔ ɣeyiɣi vi aɖe si woate ŋu azã ɖe wo viwo ŋu ko la, woawɔ ɖoɖo ɖe eŋu azãe nyuie wòaɖe vi. Ðe gɔmesese si le ɣeyiɣi kpui nyuitɔ ƒe nukpɔsusua ŋu la sɔa, eye ɖe wobu nusiwo ɖeviwo hiã la ŋu nyuie hafi doe ɖa?

16 Agbalẽŋlɔla aɖe si bia gbe ɖevi geɖewo gblɔ be nusi ɖeviawo “dina vevie wu tso wo dzilawo gbɔe nye ɣeyiɣi geɖe,” tsɔ kpe ɖe “toɖoɖo wo nyuie” ŋu. Kɔledzi aɖe ƒe nufialagã aɖe gblɔe nyuie ale: “Woto [ɣeyiɣi kpui nyuitɔ] ƒe nyagbɔgblɔ sia vɛ elabena dzilawo ŋutɔ nyae be yewomele agbagba dzem le vovo kpɔm ɖe yewo viwo ŋu o. Ðeko nya sia na mɔnukpɔkpɔ amewo be woazã ɣeyiɣi vi aɖe ko ɖe wo viwo ŋu.” Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ kae wòle be dzilawo nazã ɖe wo viwo ŋu?

17. Nukae ɖeviwo hiã tso wo dzilawo gbɔ?

17 Biblia megblɔ nya aɖeke tso ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si hiã la ŋu o. Gake wode dzi ƒo na dzila siwo nye Israel-viwo bena woaɖo dze kple wo viwo ne wole aƒeme, ne wole zɔzɔm le mɔ dzi, ne womlɔ anyi, eye ne wofɔ. (Mose V, 6:7) Esia fia kɔte be ehiã be dzilawo nabɔ ha kple wo viwo ahafia nu wo edziedzi gbesiagbe.

18. Aleke Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ na hehe eƒe nusrɔ̃lawoe, eye nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso eme?

18 Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo dzidzedzetɔe esi wònɔ nu ɖum kpli wo, nɔ mɔ zɔm kpli wo, eye wòɖi ɖe eme kpli wo ɖekae gɔ̃ hã. Esia wɔe be wòwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ fia nu woe. (Marko 6:31, 32; Luka 8:1; 22:14) Nenema kee wòle be dzila Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe  mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ atsɔ atu dzeɖoɖo tuameɖowo ƒe kadodomɔnu ɖo kple wo viwo ŋu ahalé eme ɖe asi, eye ele be woazã Yehowa ƒe nudidiwo atsɔ ana hehe woe.

Nusi Woafia Kple Mɔ si Nu Woafiae Le

19. (a) Nukae hãe hiã tsɔ kpe ɖe ɣeyiɣi zazã ɖe ɖeviwo ŋu ŋu? (b) Nukae nye nu vevitɔ si wòhiã be dzilawo nafia wo viwo?

19 Menye ɣeyiɣi zazã ɖe ɖeviwo ŋu kple nufiafia wo gɔ̃ hã koe nye nusi vihehe dzidzedzetɔe la lɔ ɖe eme o. Nusi hã le vevie ŋutɔe nye nusi woafia wo. De dzesi alesi Biblia te gbe ɖe nusi wòle be wòanye la dzi. Egblɔ bena: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, . . . ku wo ɖe to me na viwòwo.” Nya kawoe ‘nya mawo’ siwo wòle be woafia ɖeviwo la nye? Edze ƒã be woawoe nye nya siwo míeyɔ va yi fifi laa, siwo nye: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 6:5-7) Yesu gblɔ be se siae nye sedede vevitɔ kekeake le Mawu ƒe sededewo katã me. (Marko 12:28-30) Nu vevitɔ si wòle be dzilawo nafia wo viwoe nye Yehowa ŋuti nufiafiawo eye woaɖe nusitae wònye eya ɖeka koe dze na míaƒe dzi blibo me subɔsubɔ ɖo me.

20. Se kae Mawu de na dzilawo le blema be woafia wo viwo?

20 Gake ‘nya siawo’ siwo wode dzi ƒo na dzilawo be woafia la lɔ nu geɖe ɖe eme wu Mawu lɔlɔ̃ tso dzi blibo me ko. Miade dzesii le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia ƒe ta atɔ̃lia me be Mose gbugbɔ gbe te ɖe Mawu ƒe se siwo wòŋlɔ ɖe kpe dzi—Se Ewoawo—la dzi. Sedede siawo dometɔ aɖewoe nye, mègada alakpa o, mègafi fi o, mègawu ame o, eye mègawɔ ahasi o. (Mose V, 5:11-22) Eyata woɖe alesi wòle vevie na dzila siwo nɔ anyi ɣemaɣi be woafia agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo wo viwo me na wo nyuie. Ehiã be dzila Kristotɔ siwo li egbea natsɔ nufiame mawo ke ana hehe wo viwoe ne wodi be woakpe ɖe wo ŋu be woƒe etsɔme si anyo, si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ la, nasu wo viwo si.

21. Nukae sedede si nye be ‘woaku Mawu ƒe nya ɖe to me’ na ɖeviwo la fia?

21 De dzesii be wogblɔ alesi dzilawo afia ‘nya siawo’ alo sedede siawo wo viwoe be: “Ku wo  ɖe to me na viwòwo.” Nyagbe “ku wo ɖe to me na” fia be “nufiafia kpakple gbetete ɖe edzi to egbɔgblɔ alo nuxɔxlɔ̃ edziedzi me: dzidede ƒo na ame alo nya si wòagblɔ wòatsi dzime na ame.” Eyata eme kɔ ƒã be Mawu ɖe wònɔ gbɔgblɔm na dzilawo bena woawɔ Biblia me nufiame ƒe ɖoɖowɔɖi si ƒe taɖodzinu nanye gbɔgbɔmenuwo fiafia moveviɖoɖotɔe be wòatsi dzi kple susu me na wo viwo.

22. Nukae wogblɔ na Israel-vi siwo nye dzilawo be woawɔ atsɔ anɔ nu fiam wo viwoe, eye nukae wòfia?

22 Esia bia be dzilawo naxɔ ŋgɔ le ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖe nufiameɖoɖo sia ŋu me. Biblia gblɔ bena: “Bla wo [‘nya siawo,’ alo Mawu ƒe sededewo] ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome; ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.” (Mose V, 6:8, 9) Mefia be ele be dzilawo naŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖe woƒe ʋɔtrutiwo alo agbowo ŋutɔŋutɔ nu o, alo abla sea ɖe wo viwo ƒe asiwo ŋu, ahabla ɖewo ɖe woƒe ŋgonu ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ nusi tututu fiamee nya siawo le enye alesi wòle be dzilawo nanɔ Mawu ƒe sededewo kum ɖe to me na wo viwo edziedzie. Ele be woanɔ nu fiam wo viwo edziedzi ale be Mawu ƒe nufiafiawo nava wɔ abe ɖe wòle ɖeviawo ŋkume ɣeawokatãɣi ene.

23. Nuka mee míadzro le kwasiɖa si gbɔna ƒe nusɔsrɔ̃ me?

23 Nukawoe nye nu vevi aɖewo siwo wòle na dzilawo be woafia wo viwo? Nukatae wòle vevie egbea be woafia nu ɖeviwo ahana hehe wo ale be woate ŋu akpɔ wo ɖokui ta? Mɔfiafia kawoe li fifia siwo akpe ɖe dzilawo ŋu be woafia nu wo viwo wòade to? Woaɖo nyabiabia siawo kple bubu geɖe siwo ɖea fu na dzilawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòle be dzilawo nabu wo viwo be wonye nu xɔasiwo ɖo?

• Nukae dzilawo kple ame bubuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

• Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae wòle be dzilawo nazã ɖe wo viwo ŋu?

• Nukae wòle be woafia ɖeviwo, eye mɔ ka nue wole be woafiae le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu fia nui me?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Ɣekaɣie wodi tso Israel-vi siwo nye dzilawo si be woafia nu wo viwo eye aleke wobe woawɔe?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Ele be dzilawo nana be Mawu ƒe nufiafia natsi dzi me na wo viwo