Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Dze la Didi le Australia ƒe Saɖaganutowo Me

Amesiwo Dze la Didi le Australia ƒe Saɖaganutowo Me

 Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Amesiwo Dze la Didi le Australia ƒe Saɖaganutowo Me

WOYƆA Australia nyigba ƒe akpa gã aɖe si le nutotrowo me vividodoɖenuŋutɔe be saɖaganutowo. Ƒe 12 enye sia si womegaɖi ɖase le saɖaganuto sia ƒe akpa aɖewo me kpɔ o. Le esia ta la, Yehowa Ðasefo siwo le Darwin, si nye dukɔa ƒe Dziehe Nutoa ƒe fiadu, wɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke asieke ƒe gbeƒãɖeɖe tsitotsito le nuto sia me ŋu bene yewoadi amesiwo dze la.​—Mateo 10:11.

Ƒe ɖeka hafi dɔ tɔxɛ sia wɔɣi naɖo la, wotsɔ veviedodo te ɖoɖowo, si me anyigba si ƒe lolome wu kilometa 800,000 togodo—si ade New Zealand ƒe lolome ƒe teƒe etɔ̃ nu—la mama hã le, la wɔwɔ. Be nànya alesi gbegbe anyigbamama gã sia sa ɖe agae la, nyae be le mama dedie nu la, tso ʋumɔgã to, si nye nyikpo ƒe agbo nu, yi ɖe aƒe aɖe gbɔ la dome didi wu kilometa 30! Gawu la, nyikpo aɖewo dome didi kilometa 300 alo wu nenema tso wo nɔewo gbɔ.

Ðasefo 145 sɔŋ ye kpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Wo dometɔ aɖewo tso keke Tasmania ke va. Ame aɖewo tsɔ ʋu siwo te ŋu zɔa afisiafi vɛ eye wotsɔ nuzazãwo, ʋu ŋutinuwo, kple mɔ̃memi ɖe asi vɛ. Ame bubuwo de woƒe agbawo keke me tsi ɖe ʋu ŋu he vɛ. Gakpe ɖe eŋu la, woda ʋu eve siwo dometɔ ɖesiaɖe tsɔa ame 22 na amesiwo si ʋu siwo te ŋu zɔa afisiafi mele o lae. Amesiwo ɖo ʋu dada la ɖo susu ɖaseɖiɖi na duvi siwo kaka ɖe anyigbamama tiatia la me tɔwo koŋ ŋu.

Hafi woadze mɔ la, nɔviawo wɔ ɖoɖo woƒo nuƒowo eye wowɔ wɔwɔfiawo tsɔ na mɔfiame le alesi woaɖe gbeƒã nyanyuia le anyigbamama tɔxɛ sia me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, be woaɖe gbeƒã nyuie le Australia-vidzidziwo dome ne woalɔ̃ asee la bia be woanya woƒe dekɔnu aɖewo ahazɔ ɖe wo dzi. Wodzro nutoa me ƒe dedienɔnɔ ŋu nyawo me hã bene woate ŋu akpɔ gbemelãwo ta.

 Nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su wo si. Le kpɔɖeŋu me, le Australia-vidzidziwo ƒe nuto aɖe me la, nɔviawo wɔ ɖoɖo be woaƒo dutoƒonuƒo si wotu ɖe Biblia dzi. Nyɔnufia si le dua me ŋutɔ yi ɖakpe amewo. Le nuƒoa megbe la, vavalawo xɔ agbalẽ 5 kple agbalẽ gbadza 41. Le nuto bubu me la, woyi ɖe Australia-vidzidzi aɖe gbɔ. King James Version Biblia gɔ̃ hã nɔ eya ŋutɔ si, gake edo xoxo eye eƒe akpa aɖewo vuvu. Esi wobiae be enya Mawu ƒe ŋkɔ hã la, egblɔ be ẽ, eye wòhe Gbetakpɔxɔ xoxo aɖe do goe tso eƒe dziwui kotoku me. Exlẽ Marko 12:30 tso magazinea me, afisi xlẽ be: “Nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, kple wò dzi blibo.” Egblɔ be “mawunyakpukpui sia dzɔa dzi nam ŋutɔ.” Le dze legbe aɖe ɖoɖo kplii megbe la, exɔ Biblia yeye ɖeka kple Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo.

Nyikpo gã aɖe si ƒe lolome nye agbleka (acre) 400,000 le Carpentaria Fukɔme gbɔ la dzikpɔla do vivi ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu. Esi wotsɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * fiae la, ebia be Kriolgbe tɔ li hã. Esia wɔ nuku elabena togbɔ be Australia-vidzidzi geɖe doa Kriolgbe hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe te ŋu xlẽnɛ. Edzɔ be dɔwɔla 50 siwo katã le afima la nya Kriolgbe xexlẽ. Edzɔ dzi na dɔdzikpɔla la be yeaxɔ agbalẽwo le Kriolgbe me, eye elɔ̃ faa tsɔ eƒe telefon xexlẽdzesi na bene woate ŋu aƒo ka na ye emegbe.

Le ŋkeke asieke ƒe gbeƒãɖeɖe moveviɖoɖotɔe sia me la, wona Biblia 120, agbalẽ 770, magazine 705, kpakple agbalẽ gbadza 1,965. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔ tɔtrɔyi 720 eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ 215 gɔme.

Le nyateƒe me la, wote gbɔgbɔmedɔ si nɔ ame geɖe siwo dze le nuto gã sia me wum la ƒe nuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ na wo mlɔeba.—Mateo 5:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

[Anyigbatata si le axa 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

AUSTRALIA

DZIEHE NUTO

Darwin

Carpentaria Ƒukɔme

Sydney

TASMANIA