Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Dawid, amesi ƒe nu nyo Mawu ƒe dzi ŋu la, sẽ ŋuta vevie le amesiwo wòɖe aboyoe ŋu, abe alesi ame aɖewo ƒo nya tae le Samuel II, 12:31 kple Kronika I, 20:3 ƒe nya nu enea?

Ao. Ðeko Dawid na Amonitɔ siwo wòɖe aboyoe la wɔ dɔ sesẽ. Alesi Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe mawunyakpukpui siawo mee wɔe be gɔmesese nyuitɔ mesu amewo si le Dawid ƒe nuwɔna sia ŋu o.

Biblia gɔmeɖeɖe siawo na Dawid dze abe ŋutasẽla gã aɖe ene le alesi woƒo nu tso eƒe nuwɔwɔ ɖe Amonitɔ siwo dzi wòɖu le aʋa me ŋui ta. Le kpɔɖeŋu me, Samuel II, 12:31 xlẽ le King James Version Biblia me ale: “Ekplɔ amesiwo le eme la do goe, eye wòɖo laxalaxawo wo dzi, eye wòna tasiaɖam siwo wotsɔna ƒoa lui zɔ wo dzi, eye wòɖo fía wo dzi, eye wòna woto kpo si me womena kpe le la me: eye alea wòwɔ na Amon-viwo ƒe duwo katãe.” Woɖe nuŋlɔɖi si le Kronika I, 20:3 hã gɔme nenema tɔgbe ke.

Gake abe alesi Biblia-nyala Samuel Rolles Driver gblɔe ene la, ŋutasẽnuwɔwɔ “mele nusiwo míenya tso Dawid ƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo ŋu dome o.” Eyata numeɖeɖe aɖe si le The Anchor Bible me gblɔ be: “Dawid le dɔwɔlawo ƒe hatsotsowo nu ƒom ƒu be woawɔ dɔ le anyigba siwo wòxɔ le aʋa me la dzi, kple susu be viɖe natso eme na ye, eye edze ƒã be fia siwo ɖu aʋa dzi la lɔ̃a nusia wɔwɔ.” Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Adam Clarke ɖe nu me be: “Eyata nusi nya mawo fiae nye be, Ewɔ ameawo kluviwoe, eye wòna wowɔ dɔ le atidzeƒewo, le luƒotasiaɖam wɔƒewo, alo le tomenukuƒewo, . . . kple le ati kpakpa alo eŋuti zɔzrɔ̃ dɔwɔƒewo, kpakple le kpemeƒewo. Amewo dzedze, wo fifli, kple wo lalã aɖeke medze le mawunyakpukpui sia me o, eye womedze le Dawid ŋutɔ ƒe nuwɔna ɖe Amonitɔwo ŋu hã me o.”

Gɔmesese sia si sɔ wu la dze le egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me, eye wona eme kɔ ƒã be mele be woatsɔ nya ɖe Dawid ŋu be ewɔ funyafunya amewo wògbɔ eme o. * De dzesi alesi New English Translation (ƒe 2003 tɔ) ɖe mawunyakpukpui sia gɔmee: “Eɖe amesiwo le eme la ɖa eye wòna wotsɔ laxalaxawo, dzigawo, kple fíawo wɔ dɔ sesẽ, eye wòna wowɔ dɔ le kpemeƒe. Alea enye eƒe dɔwɔɖoɖo na Amonitɔwo ƒe duawo katã.” (Samuel II, 12:31) “Ekplɔ dua me tɔwo, eye wòna wotsɔ laxalaxawo, dzigawo, kple fíawo wɔ dɔ. Dawid wɔ nusia ɖe Amonitɔwo ƒe duawo katã ŋu.” (Kronika I, 20:3) Eʋegbe Biblia ƒe gɔmeɖeɖea hã wɔ ɖeka kple alesi agbalẽnyalawo se egɔmee, be: “Eye wòkplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo kple tasiaɖam, siwo wotsɔna ƒoa lui ƒe dɔwo, fíadɔwo kple kpememedɔwo nu.” (Samuel II, 12:31) “Ekplɔ dukɔ, si le eme la, ɖaɖo laxalaxadɔwo, luƒotasiaɖamdɔwo kple fíadɔwo nu. Alea Dawid wɔ Amon-viwo ƒe duwo katãe.”—Kronika I, 20:3.

Dawid mena Amonitɔ siwo wòɖe aboyoe la kpe fu manyagblɔ eye wòtsrɔ̃ wo ɖa nublanui makpɔmakpɔe o. Mesrɔ̃ eŋɔli me tɔwo ƒe tagbɔsesẽ gbenɔnɔ kple lãnuwɔwɔ siwo yia edzi le aʋawɔwɔ me la o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Ne wotrɔ ŋɔŋlɔdzesi ɖeka pɛ aɖe ko le mawunyakpukpui sia me la, woase egɔme le Hebrigbe me be “etsɔ wo na laxalaxadɔ” alo “edze wo (kple laxalaxa) wluiwluiwlui.” Gawu la, nya si wozãna na “kpemekpo” agate ŋu afia “kpetsoga.” Kpetsoga sia anɔ sue ale gbegbe be ame mate ŋu ayi eme o.