Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukunuwo—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe?

Nukunuwo—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe?

 Nukunuwo​—Nu Ŋutɔŋutɔe Wonyea alo Nyakpakpawoe?

NUŊƆŊLƆ aɖe si woklã ɖe ʋu aɖe ŋu be, “Nukunuwo Dzɔna—Wò Ya Bia Mawudɔlawo Ko” la he ŋutsua ƒe susu. Togbɔ be mawusubɔsubɔ dzɔa dzi nɛ hã la, meka ɖe nusi nuŋɔŋlɔa fia dzi o. Ðe wòle fiafiam be ʋukulaa xɔ nukunuwo dzi sea? Alo ɖe wòanye be alɔmeɖenya aɖe boŋue wònye wòŋlɔ tsɔ fia be yemexɔ nukunuwo kple mawudɔlawo siaa dzi se oa?

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe nya si Germanytɔ agbalẽŋlɔla Manfred Barthel gblɔ la dzi, be: “Nya nukunu maa nuxlẽlawo me enumake ɖe hatsotso eve siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu me.” Amesiwo xɔ nukunuwo dzi se la ka ɖe edzi vevie be wodzɔna eye ɖewohĩ be wodzɔna edziedzi. * Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le ƒe ʋɛ siwo va yi nyitsɔ laa me la, Greece xɔsetɔ geɖe gblɔ be nukunu ɖeka dzɔna ɣleti sia ɣleti kloe. Esia na Greece Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe bisiɔp aɖe xlɔ̃ nu be: “Xɔsetɔwo va le Mawu, Maria, kple ame kɔkɔewo bum abe amegbetɔwoe wonye ene. Mele be xɔsetɔwo naɖe ami ɖe nya siawo nenema gbegbe o.”

Le dukɔ bubu aɖewo me la, ame ʋɛ aɖewo koe xɔnɛ sena be nukunuwo dzɔna. Numekuku aɖe si Allensbach Numekuƒe wɔ si wota le Germany le ƒe 2002 me ɖee fia be dukɔ ma me tɔ 71 le alafa me tsɔna nukunuwo be wonye nyakpakpa siwo menye nu ŋutɔŋutɔwo o. Ne woma dukɔ ma me tɔwo ɖe akpa etɔ̃ la, amesiwo xɔe se be nukunuwo dzɔna la mede akpa ɖeka o, eye nyɔnu etɔ̃ aɖewo le amesiawo dome siwo gblɔ be yewoxɔ gbedasi aɖe tso Ðetugbi Leaƒe Maria gbɔ. Ɣleti ʋɛ aɖewo le esi wobe Maria dze na yewo—eye mawudɔlawo kple ahɔ̃ne aɖe kplɔe ɖo—megbe la, Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Westfalenpost ka nya ta be: “Vaseɖe fifia la, kɔkɔeƒedela 50,000 aɖewo, amesiwo le dɔdada dim, kpakple amesiwo dina be yewoanya nusianu tsitotsito la tsɔa ɖe le ŋutega siwo nyɔnuawo kpɔ me vevie.” Ame 10,000 bubu di be yewoalɔ ayi kɔƒe si me wokpɔ ŋutegaa le be yewo hã yewoakpɔ ɖe. Wogblɔ be Ðetugbi Leaƒe Maria dze le France ƒe du si nye Lourdes me le ƒe 1858 me, kple le Portugal ƒe du si nye Fátima me le ƒe 1917 me.

Ke Subɔsubɔha Siwo Mexɔ Kristo Dzi Se O Ya Ðe?

Subɔsubɔhawo katã kloe me tɔ aɖewo xɔ nukunuwo dzi se. The Encyclopedia of Religion ɖe nu me be nukpɔsusu vovovowoe nɔ amesiwo ɖo Buddhatɔnyenye, Kristotɔnyenye, kple Islam-subɔsubɔha la si le nukunuwo ŋu, gake egblɔ be: “Subɔsubɔha siawo ƒe ŋutinya ɖo kpe edzi kɔte be nukunuwo kple nukunuwo ŋuti ŋutinyawo nye ameƒomea ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti dzixɔsewo ƒe akpa aɖe.” Numekugbalẽ sia gblɔ be “Buddha ŋutɔ wɔ nukunuwo ɣeaɖewoɣi.” Emegbe esime “Buddha-subɔsubɔha va ɖo China la, eƒe dɔgbedelawo wɔ nukunu geɖewo le afima.”

Esi numekugbalẽ ma ƒo nu tso nukunu geɖe siawo siwo wobe wowɔ ŋu vɔ la, eƒo nya ta  be: “Menye amesiamee axɔ nukunu wɔwɔ ŋuti nya siawo siwo mawusubɔla agbemeŋutinyaŋlɔlawo gblɔ dzi se ya o, gake ɖe wogblɔ wo kple susu nyui be woatsɔ akafu Buddha, amesi te ŋu tsɔ nukunuwo wɔwɔ ƒe ŋusẽ na eyomedzela dovevienuwo.” Numekugbalẽ ma ke gblɔ tso Islam-subɔsubɔha ŋu be: “Islam-subɔsubɔha me tɔ akpa gãtɔ medzudzɔ mɔkpɔkpɔ na nukunuwo gbeɖe o. Xotutuwo (hadīths) gblɔ tso Muhammad ŋu be ewɔ nukunuwo le dutoƒo zi geɖe. . . . Woxɔe se be le ame kɔkɔewo ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, wonɔa woƒe yɔdowo me yia edzi wɔa nukunuwo na nuteƒewɔlawo, eye mawusubɔlawo biana le gbedodoɖa me be woakpe ɖe yewo ŋu.”

Ke Nukunu Siwo Dzɔna le Kristotɔwo Gome Ya Ðe?

Amesiwo be yewonye Kristotɔwo la dometɔ geɖe ƒe susu ma le nya sia ŋu. Ame aɖewo xɔe se be nuŋlɔɖi siwo le Biblia me tso nukunu siwo Yesu Kristo alo Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia wɔ ŋu la nye nu ŋutɔŋutɔwo. Gake ame geɖe wɔ ɖeka kple Protestant Ðɔɖɔɖowɔla Martin Luther. The Encyclopedia of Religion gblɔ tso eŋu be: “Luther kple Calvin siaa ƒe nuŋlɔɖiwo fia be nukunuwo ƒe ɣeyiɣia nu va yi eye be mele be woanɔ mɔ kpɔm be woagadzɔ ake o.” Numekugbalẽ sia gblɔ be Katolikoha la xɔ nukunuwo dzi se, “gake medina be yeaɖe alesi wodzɔnae me o.” Ke hã, “Protestanttɔ agbalẽnyalagãwo va xɔe se be agbenyuinɔnɔ me nya koŋue Kristotɔnyenye nye, eye be Mawu loo alo gbɔgbɔwo mewɔ nu kple amegbetɔwo alo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi le mɔ boo aɖeke nu o.”

Ame bubu siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, siwo dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔhakplɔlawo, kea ɖi be nukunu siwo ŋu nya wogblɔ ɖe Biblia me la medzɔ ŋutɔŋutɔ o. Le kpɔɖeŋu me,  bu nuŋlɔɖi si ku ɖe ave bidzo la ŋu si dze le Biblia me le Mose II, 3:1-5 ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye What the Bible Really Says (Nusi Tututu Biblia Gblɔ) ɖe nu me be Germanytɔ mawunyaŋununyala geɖe mebua nukunu ŋuti nuŋlɔɖi sia be enye nu ŋutɔŋutɔ o. Wogblɔna boŋ be enye “kpɔɖeŋu na nu gbegblẽ siwo Mose wɔ ƒe veve si sem wònɔ le eɖokui me kple alesi nu te ɖe eƒe dzitsinya dzii.” Agbalẽa gblɔ kpee be: “Woate ŋu akpɔ dzo la be enye seƒoƒo siwo ke enumake le esi Mawu ƒe teƒe ma nɔnɔ na ɣe klẽ ta.”

Ðewohĩ numeɖeɖe siawo mesɔ na wò o. Ekema nuka dzie wòle be nàxɔ ase? Ðe susu le eme be míaxɔe ase be nukunuwo dzɔ ŋutɔŋutɔ kpɔa? Ke nukunu siwo ƒe nya wogblɔna egbea ya ɖe? Esi míate ŋu abia mawudɔlawo o ɖe, ke amekae míabia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ame aɖeke mate ŋu agbe o be Biblia gblɔ be tsã la, Mawu wɔ nusiwo amegbetɔwo mate ŋu awɔ o ɣeaɖewoɣi. Míexlẽ tso eyama ŋu be: ‘Ètsɔ dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi.’ (Yeremya 32:21) Wò ya bu eŋu kpɔ ko, be wotsɔ fukpekpe ewo siwo tso Mawu gbɔ, siwo dometɔ ɖekae nye ŋgɔgbeviwo wuwu, ɖi gbɔ dukɔ sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi. Nukunuwoe nu mawo nye vavã!—Mose II, ta 7 vaseɖe 14.

Le ƒe alafa geɖe megbe la, Nyanyuiŋlɔla eneawo ƒo nu tso nukunu 35 aɖewo siwo Yesu wɔ ŋu. Le nyateƒe me la, nya siwo wogblɔ ɖee fia be ewɔ nukunu geɖe wu esiwo ƒe nya wogblɔ gɔ̃ hã. Nu ŋutɔŋutɔe nyatakaka siawo nyea alo nyakpakpawoe? *Mateo 9:35; Luka 9:11.

Ne nusi Biblia gblɔ be yenye—Mawu ƒe Nya alo nyateƒe—lae wònye ŋutɔŋutɔ la, ekema eme kɔ be nàxɔ nukunu siwo ŋu wòƒo nu tsoe la dzi ase. Biblia gblɔe eme kɔ kɔte be nukunuwo dzɔ le blema—woda dɔ na amewo, wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre nukutɔe, kple esiawo tɔgbe—gake egaɖe eme nyuie be nukunu mawo megadzɔna egbea o. (Kpɔ aɖaka si nye “Nusitae Nukunuwo Megadzɔna abe Tsã ene O,” le axa 4.) Ekema ɖe wòfia be amesiwo xɔe se be Biblia me nyawo nye nya ŋutɔŋutɔwo gɔ̃ hã mexɔa nukunu siwo wowɔna egbea dzi sena oa? Mina nyati si gbɔna naɖo eŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Gɔmesese si le nya “nukunuwo” ŋu le nyati sia mee nye esi dze le Biblia me nyawo gɔmeɖegbalẽ aɖe me be: “Nusiwo dzɔna le amegbetɔwo dome siwo ƒe ŋusẽ ƒo amegbetɔ alo dzɔdzɔmetɔ siwo wonya la ta sã, eye le esia ta wogblɔna be wotso ŋusẽ aɖe si kɔ wu amegbetɔwo gbɔ.”

^ mm. 14 Àte ŋu adzro kpeɖodzi siwo li be míate ŋu axɔ Biblia dzi ase la me. Woɖe esia me le agbalẽ si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame si Yehowa Ðasefowo ta me.

[Aɖaka si le axa 4]

NUSITAE NUKUNUWO MEGADZƆNA ABE TSÃ ENE O

Biblia ƒo nu tso nukunu ƒomevi vovovowo ŋu. (Mose II, 7:19-21; Fiawo I, 17:1-7; 18:22-38; Fiawo II, 5:1-14; Mateo 8:24-27; Luka 17:11-19; Yohanes 2:1-11; 9:1-7) Nukunu siawo dometɔ geɖe na wode dzesi Yesu be eyae nye Mesia la, eye woɖo kpe edzi be Mawu le megbe nɛ. Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔ nukunuwo, wo dometɔ aɖewoe nye aɖe yeyewo dodo kple nya siwo tso gbɔgbɔ me gɔme sese. (Dɔwɔwɔwo 2:5-12; Korintotɔwo I, 12:28-31) Nukunu siawo ɖe vi na Kristo-hamea le eɖoɖo megbe teti. Alekee?

Nya lae nye be Ŋɔŋlɔawo menɔ ame geɖe si o. Zi geɖe la, kesinɔtɔwo si koe agbalẽxatsaxatsawo alo agbalẽ siwo li ɣemaɣi la nɔ. Trɔ̃subɔlawo ya menya naneke kura tso Biblia alo Eŋlɔla, Yehowa, ŋu o. Nue wotsɔna gblɔa Kristotɔwo ƒe nufiafiawo na amewo. Nukunuawo ɖe vi elabena woɖee fia be Mawue le megbe na Kristo-hamea.

Gake Paulo ɖe eme be nukunu siawo nu ava yi ne womegahiã o. “Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa. Elabena míenyaa nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã. Ke ne nu blibo la va va la, ekem woaɖe nusiwo nye afãafãwo la ɖa.”—Korintotɔwo I, 13:8-10.

Biblia kpakple nyadigbalẽwo kple numekugbalẽwo va le amewo si egbea. Kristotɔ siwo wu miliɔn ade siwo wona hehee la le kpekpem ɖe amewo ŋu Mawu ŋuti sidzedze si le Biblia me la le wo si sum. Eyata nukunuwo megahiã hafi woaɖo kpe edzi be Yesu Kristoe nye Ðela si Mawu ɖo alo hafi woaɖee afia be Yehowa le megbe na esubɔlawo o.