Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Keke Ðe Dzonu Xɔasi Ŋutɔ Aɖe Ŋu’

‘Keke Ðe Dzonu Xɔasi Ŋutɔ Aɖe Ŋu’

 ‘Keke Ðe Dzonu Xɔasi Ŋutɔ Aɖe Ŋu’

“Woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.”—MATEO 11:12.

1, 2. (a) Nuwɔna si mebɔ o ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le eƒe Fiaɖuƒea ŋuti lododoawo dometɔ ɖeka me? (b) Nya kae Yesu gblɔ le eƒe lododo si ku ɖe dzonu xɔasi la ŋu me?

ÐE NANE li si ŋu nèdea asixɔxɔe ale gbegbe be nàlɔ̃ atsɔ nusianu si le asiwò adzra alo aɖe asi le nusiwo katã le asiwò ŋu ɖe eta bene wò asi nate ŋu asu edzia? Togbɔ be amewo gblɔna be yewotsɔ yewo ɖokuiwo ke bene yewoƒe asi nasu yewoƒe taɖodzinuwo—eɖanye ga loo, ŋkɔxɔxɔ loo, ŋusẽ loo alo ɖoƒe o—dzi hã la, mebɔ be ame aɖe nake ɖe nane si lé dzi nɛ vevie ŋu ale gbegbe be wòalɔ̃ faa be yeatsɔ nusianu ake ɖe eta be yeƒe asi nasu nua dzi o. Yesu Kristo ƒo nu tso nuwɔna sia si mebɔ o, evɔ wòléa dzi na ame vevie la, ŋu le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti lo geɖe siwo wòdo, siwo na ame bua tame, la dometɔ ɖeka me.

2 Enye lo aɖe si Yesu do, alo kpɔɖeŋu aɖe si wòwɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe ko, si woyɔna zi geɖe be dzonu xɔasi la ŋuti lododo. Yesu gblɔe ale: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖi asitsala, mɔzɔla aɖe, si le dzonu nyuiwo dim; eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒlee.’ (Mateo 13:36, 45, 46) Nukae Yesu di be yeƒe nyaselawo nasrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me? Eye aleke Yesu ƒe nyawo ate ŋu aɖe vi na míi?

Dzonu Xɔasiwo

3. Nukatae dzonu nyuiewo xɔ asi ŋutɔ le blema ɣeyiɣiwo me ɖo?

3 Tso blema ke la, wobua dzonuwo be wonye lekewɔnuwo. Nyatakaka aɖe gblɔ be, le nya si Romatɔ agbalẽŋlɔla Pliny Tsitsitɔ gblɔ nu la, “dzonuwoe nye kesinɔnu si ŋu wodea asixɔxɔe wu kesinɔnu bubuawo katã.” To vovo na sika, klosalo, alo kpe xɔasi bubuawo la, nugbagbewoe wɔa dzonuawo. Enye nusi ŋu ame geɖewo nya nu tsoe be fɔlĩ ƒomevi aɖewoe nɔa ade ɖem ɖe nukui—abe kpekui ene—si ge ɖe woƒe gowo me la ŋu hemlinɛ kakaka wòzua dzonu keklẽ nogoe si nɔa amadede tɔxɛ me. Le blema la, wofɔa dzonu nyuitɔwo kekeake le Ƒudzĩa, Persia-ƒukɔme, kple India-ƒugã—siwo gbɔ didi tso Israel-nyigbaa gbɔ—me zi geɖe. Eme kɔ ƒã be susu sia tae Yesu ƒo nu tso ‘asitsala, mɔzɔla aɖe, si le dzonu nyuiwo dim’ ŋu ɖo. Ebia agbagbadzedze vevie hafi woake ɖe dzonu vavãtɔ xɔasiwo ŋu.

4. Nusɔsrɔ̃ kae nye vevitɔ le lo si Yesu do ku ɖe asitsala mɔzɔla la ŋu me?

4 Togbɔ be dzonu nyuiwo xɔa asi ŋutɔ tso  gbaɖegbe ke hã la, eme kɔ ƒãa be menye ho si woxɔnae nye nufiame vevitɔ si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me o. Le Yesu ƒe lododoa me la, menye dzonu xɔasi aɖe koe wòtsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea sɔ kpli o; ke boŋ ehe susu yi ‘asitsala mɔzɔla aɖe, si le dzonu nyuiwo dim’ kple nusi wòwɔ esi wòke ɖe ɖeka ŋu, hã dzi. To vovo na fiasemenudzrala dzro aɖe ko la, dzonusitsala mɔzɔla, alo dzonudzrala, nye amesi woate ŋu ayɔ be asitsala bibi, amesi ta ŋku ɖaɖɛ le alo si te ŋu kpɔa dzonu ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme vevi siwo medzena wokpɔna o, evɔ woɖea dzonua ƒe etɔxɛnyenye fiana la, dzea sii. Ne ekpɔ dzonu adodoea la, enyana, si na be womate ŋu atsɔ dzonu manyomanyo aɖeke aflui kura o.

5, 6. (a) Nukae ɖe dzesi vevie le asitsala si le Yesu ƒe lododoa me ŋu? (b) Nukae kesinɔnu ɣaɣla ŋuti lododoa ɖe fia ku ɖe asitsala mɔzɔla la ŋu?

5 Nɔnɔme vevi aɖe hã le asitsala sia si, si wòle be míade dzesii. Ðewohĩ asitsala dzro aɖe adi gbã be yeanya ho si wole dzonua dzramee ale be wòadae akpɔ be ho nenie yeaƒlee be wòaɖe vi na ye hã. Akpɔe ɖa hã be ɖe ame geɖewo le dzonu ma tɔgbe dim be woaƒle hã, ale be wòate ŋu adzrae enumake ahakpɔ viɖea. Ne míagblɔe bubui la, viɖekpɔkpɔ enumake anɔ vevie nɛ wu, ke menye be dzonua nazu eƒe nunɔamesi o. Gake menɔ alea le asitsala si le Yesu ƒe lododoa me ya gome o. Menye eƒe didie nye be yeakpɔ ga alo viɖe o. Le nyateƒe me la, elɔ̃ faa be yeatsɔ ‘nusiwo katã le ye si’—ɖewohĩ eƒe nunɔamesiwo katãa—adzra bene yeaƒle nusi dim yele la.

6 Asitsala geɖewo abui be, susu mele nusi ŋutsu si le Yesu ƒe lododoa me la wɔ me kura o. Asitsala ŋuɖɔɖola mabu nusia wɔwɔ ŋu kura o. Ke hã, gɔmeɖose siwo to vovo ye nɔ asitsala si nɔ Yesu ƒe lododoa me ya si. Menye gae nye viɖe si wòakpɔ o, ke boŋ dzidzɔ kple dzidzeme si le nu xɔasi ŋutɔ si su esi me la ƒe viɖee asu esi. Wokɔ nya sia me le kpɔɖeŋu aɖe si sɔ kple esia si Yesu wɔ la me. Egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi ame aɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.” (Mateo 13:44) Ẽ, dzi si dzɔe ɖe kesinɔnu si ŋu wòke ɖo ŋu kple alesi woazu etɔe ɖeɖe dzaa ʋa ŋutsua be wòatsɔ nusianu adzra ɖe eta. Ðe ame aɖewo li egbea nenema? Ðe kesinɔnu aɖe li si ta woatsɔ nuwo katã asa vɔ ɖo nenema?

Amesiwo Dea Asixɔxɔ Nusi Ŋu Viɖe Gã aɖe Le Ŋu

7. Aleke Yesu ɖee fia be yede asixɔxɔ gã aɖe Fiaɖuƒea ŋui?

7 Le Yesu ƒe lododoa me la, “dziƒofiaɖuƒe” la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Eya ŋutɔ de asixɔxɔ gã aɖe Fiaɖuƒea ŋu nyateƒe. Nyanyuigbalẽawo ɖo kpe nyateƒenya sia dzi nyuie. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 29 M.Ŋ. megbe la, “[ede] asi gbeƒãɖeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” Ƒe etɔ̃ kple afãe wòzã tsɔ fia nu ame gbogbo aɖewo tso Fiaɖuƒea ŋui. Etsa le anyigba la katã dzi, “eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia.”—Mateo 4:17; Luka 8:1.

8. Nukae Yesu wɔ tsɔ ɖe nusi Fiaɖuƒea ava wɔ la fia?

8 To nukunu gbogbo siwo Yesu wɔ le anyigba bliboa dzi—siwo dometɔ aɖewoe nye dɔdada na dɔnɔwo, nuɖuɖu nana dɔwuitɔwo, ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo dzi, kple ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre gɔ̃ hã—me la, eɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava wɔ la hã fia. (Mateo 14:14-21; Marko 4:37-39; Luka 7:11-17) Mlɔeba la, ewɔ nuteƒe na Mawu kple na Fiaɖuƒea to eƒe agbe si wòtsɔ na to xɔsetaku si wòku ɖe fuwɔameti la ŋu me. Abe alesi ko asitsala mɔzɔla ma tsɔ nusianu si le esi dzra ɖe ‘dzonu xɔasia’ ta ene la, Yesu nɔ agbe, heku hã, ɖe Fiaɖuƒea ta.—Yohanes 18:37.

9. Nɔnɔme si mebɔ o kae Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ɖe fia?

9 Yesu metu eƒe agbe ɖe Fiaɖuƒea dzi ko o,  ke boŋ eƒo eyomedzelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe hã nu ƒu ɖekae. Amesiawo hã nye amesiwo de asixɔxɔ gã aɖe Fiaɖuƒea ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye Andrea, amesi nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃la tsã. Esi Andrea kple Yohanes ƒe nusrɔ̃la bubu aɖe, si anye Zebedeo ƒe viŋutsu si hã ŋkɔe nye Yohanes, se Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi be Yesue nye ‘Mawu ƒe Alẽvi’ la, Yesu ƒe nu lé dzi na wo enumake eye woxɔ eyama dzi se. Gake nya la mese ɖe afima o. Enumake, Andrea yi nɔvia Simon gbɔ hegblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la.” Ema megbe kpuie la, Simon (si wova yɔ emegbe be Kefa, alo Petro) kpakple Filipo kple exɔlɔ̃ Natanael hã va xɔ Yesu dzi se be eyae nye Mesia la. Le nyateƒe me la, esia ʋa Natanael wògblɔ na Yesu be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe Fia.”—Yohanes 1:35-49.

Ede Dzo Wo Me Ðe Dɔ Ŋu

10. Aleke nusrɔ̃lawo wɔ nui esi Yesu yɔ wo be woava dze ye yome le gododo wo zi gbãtɔ vɔ megbe?

10 Woate ŋu atsɔ dzidzɔ gbago si Andrea, Petro, Yohanes, kple ame bubuwo kpɔ esi woke ɖe Mesia la ŋu asɔ kple esi asitsala mɔzɔla la kpɔ esi wòke ɖe dzonu xɔasi la ŋu. Nukae woawɔ azɔ? Nyanyuigbalẽawo megblɔ nusi wowɔ enumake le woƒe gododo Yesu zi gbãtɔ sia megbe la katã na mí o. Anɔ eme be, wo dometɔ akpa gãtɔ gatrɔ yi woƒe dɔwɔɖuiwo gbɔ. Gake hafi ƒe ɖeka nava yi la, Yesu gado go Andrea, Petro, Yohanes, kple Yohanes nɔvi Yakobo ake le woƒe lãɖeɖedɔa me le Galilea-ƒuta. * Esi Yesu kpɔ wo la, egblɔ be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!” Aleke wowɔ nui? Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ tso Petro kple Andrea ŋu be: “Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.” Wogblɔ tso Yakobo kple Yohanes ya ŋu be: “Enumake wogblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.” Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.”—Mateo 4:18-22; Luka 5:1-11.

11. Nukae anya wɔe be nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe yɔyɔa dzi enumake?

 11 Ðe nusrɔ̃lawo ƒe nuwɔna la nye nyametsotso aɖe si wowɔ enumake nuwo ŋu mabumabu nyuiea? Kura o! Togbɔ be wotrɔ yi woƒe ƒomea ƒe lãɖeɖedɔa me le gododo Yesu zi gbãtɔ megbe hã la, ɖikeke aɖeke mele eme o be nusi wokpɔ hese ɣemaɣi tso egbɔ la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe woƒe dzi kple susu dzi. Alesi ƒe ɖeka kloe va yi la anya na wo ɣeyiɣi geɖe be woatsɔ ade ŋugble le nya mawo ŋu. Fifia ɣeyiɣi de na wo azɔ be woawɔ nyametsotso. Ðe woawɔ nu abe asitsala mɔzɔla la, amesi dzonu xɔasi si ŋu wòke ɖo la ʋã dzi na ale gbegbe be, abe alesi Yesu ɖɔe ene la, ‘wòyi enumake’ ɖawɔ nusi wòle nɛ be wòawɔ be wòate ŋu aƒle dzonua enea? Ẽ. Nusi wokpɔ hese la ʋã dzi na wo ale gbegbe. Wode dzesii be ɣeyiɣia de na yewo be yewoawɔ dɔ. Le esia ta la, abe alesi nuŋlɔɖia gblɔe na mí ene la, womehe megbelele kura o, woɖe asi le nusianu ŋu heva zu Yesu yomedzelawo.

12, 13. (a) Aleke ame geɖe siwo se Yesu ŋkɔ la wɔ nui? (b) Nukae Yesu gblɔ tso eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo ŋu, eye nukae eƒe nyawo fia?

12 Aleke gbegbee nuteƒewɔla siawo to vovo tso ame bubu siwo woyɔ emegbe le Nyanyuigbalẽawo me gbɔ enye esi! Yesu da dɔ alo na nuɖuɖu ame geɖewo, gake ɖeko woyi woƒe gbesiagbe dɔwɔnawo dzi emegbe. (Luka 17:17, 18; Yohanes 6:26) Esi Yesu kpe wo be woava zu ye yomedzelawo la, wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã gbe. (Luka 9:59-62) To vovo kura na amesiawo ƒe nuwɔnawo la, Yesu gblɔ emegbe tso nuteƒewɔlawo ya ŋu bena: “Tso Yohanes [amenyrɔɖetsimela] ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.”—Mateo 11:12.

13 Nukae nya siwo nye ‘ƒo zi’ alo ‘ziƒoƒo’ fia? Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words gblɔ le Helagbe me dɔwɔnya si me woɖe nya siawo tsoe ŋu be: “Dɔwɔnya la fia agbagbadzedze vevie.” Biblia-ŋunyala Heinrich Meyer gblɔ tso kpukpui sia ŋu be: “Agbagbadzedze vevi ma nu sẽ ale gbegbe be, wole kutrikuku kple agbagbadzedze madzudzɔmadzudzɔe dzi be yewoƒe asi nasu Mesia Fiaɖuƒe si tu aƒe vɔ la dzi . . . Woƒe dzotsɔtsɔ (meganye dziɖeɖeɖi kple mɔkpɔkpɔ nɛ ko ƒe nya o) ɖe Fiaɖuƒea ŋu nu sẽ ale gbegbe.” Abe asitsala mɔzɔla ene la, ame ʋɛ siawo kpɔ nusi nu vavã xɔasi la nye dze sii enumake, eye wolɔ̃ faa tsɔ nusianu si nɔ wo si la ke ɖe Fiaɖuƒea ta.—Mateo 19:27, 28; Filipitɔwo 3:8.

Ame Bubuwo Kpe Asi Ðe Nudididɔa Ŋu

14. Aleke Yesu dzra apostoloawo ɖo na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔae, eye nukae do tso eme?

14 Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa dzi la, ena hehe ame bubuwo hekpe ɖe wo ŋu be woƒe asi nasu Fiaɖuƒea dzi. Gbã la, etia ame 12 tso eƒe nusrɔ̃lawo dome heɖo wo be woanye apostolowo, alo amesiwo wodɔ. Yesu gblɔ ɖoɖo siwo nu woawɔ dɔ sia le ŋu nya na amesiawo tsitotsito eye wòxlɔ̃ nu wo hã ku ɖe gbetɔame kple nɔnɔme sesẽ siwo le ŋgɔ na wo la ŋu. (Mateo 10:1-42; Luka 6:12-16) Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, wokplɔ Yesu ɖo le eƒe gbeƒãɖeɖe dɔwɔnawo me le anyigba bliboa dzi, eye wose vivi le ƒomedodo kplikplikpli si nɔ woa kplii dome la me. Wose eƒe nyawo, kpɔ eƒe nukudɔwɔwɔwo teƒe, eye wokpɔ eƒe kpɔɖeŋuwo. (Mateo 13:16, 17) Ðikeke mele eme o be nusiawo katã lé dzi na wo vevie ale gbegbe be, abe asitsala mɔzɔla la ene la, wotsɔ dzonɔameme kple dzi blibo wɔ Fiaɖuƒedɔae.

15. Nukae Yesu gblɔ be eyae anye susu vevitɔ si tae wòle be dzi nadzɔ ye yomedzelawo ɖo?

15 Tsɔ kpe ɖe apostolo 12-awo ŋu la, Yesu “ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.” Egblɔ tetekpɔ kple  fukpekpe siwo me woato la ŋu nya na woawo hã eye wòde se na wo be woagblɔ na ameawo bena: “Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ.” (Luka 10:1-12) Esi ame 70-awo trɔ gbɔ la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wona nyatakaka sia Yesu be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã ɖoa to mí le wò ŋkɔ la dzi.” Gake anya wɔ nuku na wo esi Yesu gblɔ na wo be dzidzɔ gã wu emae le ŋgɔ na wo woava kpɔ le dzonɔameme si le wo me ɖe Fiaɖuƒea ŋuti ta. Egblɔ na wo be: “Migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.”—Luka 10:17, 20.

16, 17. (a) Nya kae Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo le zã mamletɔ si wònɔ anyi kpli wo me? (b) Dzidzɔ kple kakaɖedzi kae Yesu ƒe nyawo na apostoloawo?

16 Mlɔeba la, le zã mamlɛtɔ si me Yesu nɔ anyi kple eƒe apostoloawo, le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ., dzi la, eɖo nusi wova yɔ be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi eye wòde se na wo be woanɔ ŋku ɖom edzi. Le fiẽ ma me la, Yesu gblɔ na apostolo 11 siwo susɔ la bena: “Nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.”—Luka 22:19, 20, 28-30.

17 Dzidzɔ kple dzidzeme ka gbegbee nye esi anya yɔ apostoloawo ƒe dzi me esi wose Yesu ƒe nya mawo! Wotsɔ bubu kple mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu amegbetɔ aɖe si la na wo. (Mateo 7:13, 14; Petro I, 2:9) Abe asitsala mɔzɔla ma ene la, wotsɔ nu geɖewo ŋutɔ ke be woadze Yesu yome, si nye Fiaɖuƒea yometiti. Fifia la, woka ɖe edzi na wo be vɔ siwo katã wosa la menye dzodzro o.

18. Tsɔ kpe ɖe apostolo 11-awo ŋu la, amekawo hãe Fiaɖuƒea aɖe vi na mlɔeba?

18 Menye apostolo siwo nɔ anyi kple Yesu le zã ma me koe nye amesiwo Fiaɖuƒea aɖe vi na o. Enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be woakplɔ ame 144,000 ade Fiaɖuƒea ƒe nubabla me be woanye Yesu Kristo ƒe hatidziɖulawo le Dziƒofiaɖuƒe kɔkɔea me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega me be “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, . . . le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, . . . le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” Amesiawoe nye Fiaɖuƒea tevi siwo le anyigba la dzi. *Nyaɖeɖefia 7:9, 10; 14:1, 4.

19, 20. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae le ʋuʋu ɖi na dukɔwo katã me tɔwo? (b) Nyabiabia ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

 19 Do ŋgɔ teti hafi Yesu natrɔ ayi dziƒo la, ede se na eyomedzela wɔnuteƒeawo bena: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19, 20) Eyata amewo atso dukɔwo katã me ava nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Amesiawo hã ƒe dzi anɔ Fiaɖuƒea ŋu abe alesi asitsalaa hã ƒe dzi nɔ dzonu xɔasia ŋui ene—eɖanye dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔe le wo si loo alo anyigba dzi tɔe o.

20 Yesu ƒe nyawo le fiafiam be nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ayi edzi ʋuu vaseɖe “xexeame ƒe nuwuwu.” Eyata le míaƒe ŋkekea me ɖe, ɖe ame aɖewo gali siwo le abe asitsala mɔzɔla la ene, siwo lɔ̃na faa tsɔa woƒe nunɔamesiwo katã kena ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea didi ta? Míadzro nyabiabia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Anɔ eme be Yohanes, si nye Zebedeo vi, nɔ Yesu yome hekpɔ nusiwo Yesu wɔ la dometɔ aɖewo teƒe le gododo kplii zi gbãtɔ megbe, si wɔe be Yohanes te ŋu ŋlɔ nuwo abe alesi wodzɔe pɛpɛpɛ ene ɖe eƒe Nyanyuigbalẽa me. (Yohanes, ta 2-5) Ke hã, etrɔ yi ɖawɔ woƒe lãɖeɖedɔa ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ hafi Yesu yɔe be wòava nye ye yomedzela.

^ mm. 18 Be nuwo me nagakɔ ɖe edzi na wò la, kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe ta 10 lia.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukae nye nufiame vevitɔ si le lo si Yesu do ku ɖe asitsala mɔzɔla la ŋu me?

• Aleke Yesu ɖe asixɔxɔ gã si gbegbe wòde Fiaɖuƒea ŋu la fiae?

• Nukae na be Andrea, Petro, Yohanes, kple ame bubuwo dze Yesu yome enumake esi wòyɔ wo?

• Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae le ŋgɔ na dukɔwo katã me tɔwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

‘Wogblẽ nuwo katã ɖi, hedze Yesu yome’

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be woawɔ nusrɔ̃lawo