Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Milɔ̃ Amedzrowɔwɔ na Mia Nɔewo”

“Milɔ̃ Amedzrowɔwɔ na Mia Nɔewo”

 “Milɔ̃ Amedzrowɔwɔ na Mia Nɔewo”

ƑE ALAFA gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si woyɔna be Foibe dze ŋgɔ kuxi aɖe. Enɔ mɔ zɔm tso Kenxrea le Hela heyina ɖe Roma, gake menya haxɔsetɔ aɖeke le du ma me o. (Romatɔwo 16:1, 2) Biblia gɔmeɖela Edgar Goodspeed gblɔ be: “Vɔ̃ɖinyenye kple ŋutasesẽ bɔ ɖe Roma-dukɔa me [ɣemaɣi], eye nugbegblẽwɔwɔ bɔ ɖe amedzrodzeƒewo ale gbegbe be manyo be nyɔnu ɖɔʋu, vevietɔ nyɔnu Kristotɔ nadze teƒe mawo o.” Eyata afika dze ge Foibe yina?

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, amewo zɔa mɔ yia teƒe didiwo. Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã nyanyuia le Yudea kple Galilea nutowo katã me. Le esia megbe kpuie la, Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo abe Paulo ene tsɔ gbedasia yi ɖe Mediterranea-nutoa ƒe akpa vovovowo kple Roma si nye Roma-fiaɖuƒea ƒe fiadua me. Ne ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo zɔ mɔ yi Yuda-nuto aɖewo me alo teƒe bubu aɖewo la, afikae wodzena? Kuxi kawoe wodoa goe ne wole dzeƒe dim? Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe amedzrowɔwɔ ŋu?

“Ele Nam Egbea Be, Manɔ Aƒewò Me”

Woɖe amedzrowɔwɔ gɔme be “dɔmenyowɔwɔ na amedzro kple vividodo ɖe eŋu” eye wode dzesi nɔnɔme sia le Yehowa subɔlawo ŋu tso gbaɖegbe ke. Le kpɔɖeŋu me, Abraham, Lot, kple Rebeka nye amedzrowɔlawo. (Mose I, 18:1-8; 19:1-3; 24:17-20) Esi blemafofo Hiob nɔ nu ƒom tso eƒe nuwɔwɔ ɖe amedzrowo ŋuti ŋu la, egblɔ be: “Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.”—Hiob 31:32.

Nusi hiã mɔzɔlawo nawɔ be wo nɔvi Israel-viwo nawɔ amedzro na wo koe nye be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dua ƒe ablɔ me ahalala be woamia asi yewo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:15-21) Zi geɖe la, amedzroxɔlawo klɔa afɔ na amedzrowo eye wonaa nuɖuɖu kple nunono wo, eye wodia gbe na amedzroawo ƒe lãwo hã. (Mose I, 18:4, 5; 19:2; 24:32, 33) Mɔzɔla siwo medi be yewoanye agba na amesiwo gbɔ yewoadze o la tsɔa nusiwo woahiã la ɖe asi—esiawo nyea abolo, nunono agbɔsɔsɔ si asu na wo, kple gbe na woƒe tedziwo. Afisi woadɔ le zã me koe wodina.

Togbɔ be ƒã hafi Biblia gblɔa alesi Yesu wɔ kpɔ dzeƒe le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔwo me hã la, ele na eya kple eƒe nusrɔ̃lawo be woamlɔ teƒe aɖe kokoko. (Luka 9:58) Esi Yesu yina Yerixo la, egblɔ na Zaxeo kpuie ko be: “Ele nam egbea be, manɔ aƒewò me.” Zaxeo xɔ eƒe amedzroa “kple dzidzɔ.” (Luka 19:5, 6) Zi geɖe la, Yesu dze exɔlɔ̃ siwo nye Marta, Maria, kple Lazaro gbɔ le Betania. (Luka 10:38; Yohanes 11:1, 5, 18) Eye edze abe ne Yesu yi Kapernaum la, Simon Petro gbɔe wòdzena ene.—Marko 1:21, 29-35.

 Mɔfiame si Yesu na eƒe apostolo 12-awo tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu na nu geɖe me kɔ ku ɖe amedzrowɔwɔ si ƒomevi woate ŋu akpɔ mɔ na le Israel ŋu. Yesu gblɔ na wo be: “Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; migatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. Ke ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo.” (Mateo 10:9-11) Enya be dzinyuitɔwo awɔ amedzro na yeƒe nusrɔ̃lawo ahana nuɖuɖu, dzeƒe, kple nuhiahiã bubuwo wo.

Ke hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime wòle be nyanyuigbeƒãɖelawo ŋutɔ nadi woƒe nuhiahiãwo kple ga si woazã. Le esi tsitretsiɖeŋu ava nusrɔ̃lawo dzi emegbe kple le esi gbeƒãɖeɖedɔa ava keke ta aɖo anyigbamama siwo dzi Israel-viwo mele o ta la, Yesu gblɔ be: “Amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku hã.” (Luka 22:36) Mɔzɔzɔ kple dzeƒe ahiã godoo le nyanyuikakadɔa wɔwɔ me.

“Minɔ Amedzrowɔwɔ Dzi”

Ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi vi aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me le Roma-fiaɖuƒea me kple alesi wodo woƒe mɔwo akpa gãtɔ wɔe be ame geɖe te ŋu zɔa mɔ edziedzi ɣemaɣi. * Mɔzɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ na be amedzrodzeƒe geɖe va hiã. Wotu amedzrodzeƒewo ɖe mɔdodo gãwo to eye wo dome didi tso wo nɔewo gbɔ abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene be woatsɔ akpɔ kuxi sia gbɔe. Ke hã, agbalẽ si nye The Book of Acts in Its Graeco-Roman Setting gblɔ be: “Nusi agbalẽ me nuŋlɔɖiwo gblɔ tso amedzrodzeƒe mawo ŋu mede dzi ƒo kura o. Le agbalẽwo kple tomenukulawo ƒe nyatakakawo nu la, xɔawo ƒo ɖi heɖe abi, nu boo aɖeke mele wo me o, wo me yɔna fũ kple tredzɔ alo lãkpakpa, nuɖuɖu kple tsinono nyui menɔa wo me o, wo dzi kpɔlawo kple dɔwɔlawo menyea amesiwo dzi wote ŋu kana ɖo o, amesiwo dzea amedzrodzeƒeawo edziedzi nye ame maɖotawo, eye zi geɖe la, wonyea agbegbegblẽnɔlawo.” Eyata eme kɔ be mɔzɔla ɖɔʋu ɖesiaɖe adi be yeaƒo asa na amedzrodzeƒe mawo ƒomevi godoo ne anya wɔ.

Eyata mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woalɔ̃ amedzrowɔwɔ. Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo le Roma be: “Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãkame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!” (Romatɔwo 12:13) Eɖo ŋku edzi na Yudatɔ siwo nye Kristotɔwo be: “Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la ame aɖewo xɔ dziƒodɔlawo dze wo gbɔ, gake womenyae o.” (Hebritɔwo 13:2) Petro xlɔ̃ nu ehati subɔlawo be: “Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.”—Petro I, 4:9.

Ke hã, nɔnɔme aɖewo nɔ anyi siwo me masɔ le be woawɔ amedzro o. Apostolo Yohanes gblɔ ku ɖe nya sia ŋu be: “Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o; elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.” (Yohanes II, 9-11) Paulo gblɔ ku ɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo ŋu be: “Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.”—Korintotɔwo I, 5:11.

Esi Kristotɔ vavãwo nye amedzrowɔlawo ta la, ameblelawo kple ame bubu aɖewo anya dze agbagba be yewoafi wo. Ƒe alafa evelia M.Ŋ. me gbalẽ aɖe si menye Biblia mee woɖee tsoe o si woyɔna be The Didache alo Teaching of the Twelve Apostles (Apostolo Wuieveawo ƒe Nufiafia), si ku ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse ŋu ɖo aɖaŋu be woawɔ amedzro na mɔzɔla gbeƒãɖela “ŋkeke ɖeka, alo ne ehiã la, ŋkeke eve.” Le esia megbe ne wole mɔ domee la, “megaxɔ naneke tsɔ wu nuɖuɖu o . . . Ne ebia be woana ga ye la, ke aʋatsonyagblɔɖilae.” Agbalẽa yi edzi be: “Ne enya aɖaŋudɔ aɖe wɔwɔ eye wòdi be yeadze mia gbɔ la, mina wòawɔ dɔ akpɔ eɖokui dzi. Gake ne menya aɖaŋudɔ aɖeke wɔwɔ o la,  ekema mikpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ le alesi mielɔ̃ ɖe edzi na mia nɔewoe nu, bene ame aɖeke naganye kuviatɔ le mia dome le eƒe Kristotɔ nyenye ta o. Ne egbe nusi miegblɔ dzi wɔwɔ la, ke ele Kristotɔnyenye zãm tsɔ le viɖe dim; kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le amesia ƒomevi ŋu.”

Apostolo Paulo ɖɔ ŋu ɖo nyuie bene yemaganye agba na amesiwo gbɔ yedze hena ɣeyiɣi didi aɖewo le dugã aɖewo me o. Elɔ̃ avɔgbadɔ tsɔ kpɔ eɖokui dzii. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3; Tesalonikatɔwo II, 3:7-12) Edze ƒã be Kristotɔ gbãtɔwo zã kafukafu lɛtawo abe esi tɔgbe Paulo ŋlɔ tsɔ kafu Foibe ene le wo nɔewo dome bene woakpe ɖe mɔzɔla siwo dze na kpekpeɖeŋuxɔxɔ ŋu. Paulo ŋlɔ be: “Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, kafum na mi, bene miaxɔe le Aƒetɔ me, . . . eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me.”—Romatɔwo 16:1, 2.

Yayra Siwo Míakpɔ Ne Míenye Amedzrowɔlawo

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo ka ɖe Yehowa dzi be akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na yewo. Ke hã, ɖe woate ŋu akpɔ mɔ be haxɔsetɔwo awɔ amedzro na yewoa? Lidia ɖe mɔ le eƒe aƒe ŋu na Paulo kple ame bubuwo. Apostolo la dze Akwila kple Priskila gbɔ le Korinto. Gaxɔdzikpɔla aɖe ɖo kplɔ̃ na Paulo kple Sila le Filipi. Yason wɔ amedzro na Paulo le Tesalonika, Filipo wɔ amedzro nɛ le Kaisarea, eye esi wònɔ mɔ zɔm tso Kaisarea yina Yerusalem la, Mnason wɔ amedzro nɛ. Esi Paulo nɔ mɔ dzi yina Roma la, nɔviwo wɔ amedzro nɛ le Puteoli. Aleke gbegbee ŋkeke mawo anye gbɔgbɔmeyayra na amedzroxɔla siawo enye si!—Dɔwɔwɔwo 16:33, 34; 17:7; 18:1-3; 21:8, 16; 28:13, 14.

Agbalẽnyala Frederick F. Bruce gblɔ be: “Menye susu bubu aɖekee ʋã Paulo xɔlɔ̃ kple hatidɔwɔla kpakple amedzrowɔla siawo wokpe ɖe Paulo ŋu nenema gbegbe tsɔ wu lɔlɔ̃ si woɖo na Paulo kple Aƒetɔ si wòsubɔna la o. Wonya be ne yewosubɔe la, ke Aƒetɔ lae ma subɔm yewole.” Esiae nye susu nyuitɔ kekeake si ta wòle be woawɔ amedzro ɖo.

Amedzrowɔwɔ gahiã kokoko. Yehowa Ðasefowo wɔa amedzro na wo teƒenɔla haxɔsetɔ dzikpɔla mɔzɔla akpe geɖe. Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo zãa woa ŋutɔwo ƒe ga zɔa mɔ va ɖea gbeƒã le teƒe siwo womeɖea gbeƒã nyanyuia le edziedzi o. Eɖanye aleke kee míaƒe aƒewo le tsɛe o, ne míeɖe mɔ le wo ŋu na amesiawo tɔgbe la, ahe yayra geɖe vɛ na mí. Amedzrowɔwɔ kple nuɖuɖu tsɛ aɖe kura gɔ̃ hã ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na mí be ‘míado ŋusẽ mía nɔewo’ ahaɖe lɔlɔ̃ fia mía nɔviwo kple mía Mawu. (Romatɔwo 1:11, 12) Amedzrowɔɣi siawo ɖea vi geɖe, vevietɔ na amedzroxɔlawo elabena “nana enye yayra wu xɔxɔ.”— Dɔwɔwɔwo 20:35.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Wobu akɔnta be kaka ƒe 100 M.Ŋ. naɖo la, wodo mɔ siwo ƒe didime ade kilometa 80,000 le Roma-fiaɖuƒea katã me.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kristotɔwo ‘le amedzrowɔwɔ dzi’