Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Na Mawu Na Wowɔ Ðeka

Lɔlɔ̃ Na Mawu Na Wowɔ Ðeka

 Lɔlɔ̃ Na Mawu Na Wowɔ Ðeka

ESI woɖo Kristo-hamea le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, eƒe nɔnɔme ɖedzesiawo dometɔ ɖekae nye ɖekawɔwɔ—togbɔ be teƒe vovovowoe emetɔwo tso hã. Mawu vava la subɔla mawo tso Asia, Europa, kple Afrika. Wonye ame vovovo—nunɔlawo, asrafowo, kluviwo, sitsoƒedilawo, asinudɔwɔlawo, agbalẽnyalawo, kple asitsalawo. Wo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo, eye ɖewo nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo. Tsã la, wo dometɔ geɖewo nye ahasiwɔlawo, vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo gbɔdɔlawo, ahatsunolawo, fiafitɔwo, alo adzodalawo. Ke hã, esi wova zu Kristotɔwo la, woɖe asi le woƒe nuwɔna gblẽkuawo ŋu heva wɔ ɖeka kplikplikpli le xɔse me.

Nukae wɔe be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔnyenye te ŋu te amesiawo ƒo ƒu ɖekae? Nukatae ŋutifafa nɔ woa ŋutɔwo kple ame bubuwo dome? Nukatae womekpɔ gome le ʋunyaʋunyawɔwɔ kple aʋawɔwɔwo me o? Nukatae Kristotɔ gbãtɔwo to vovo kura tso subɔsubɔha nyanyɛ siwo li egbea la gbɔ?

Nukae Te Hamea Metɔwo Ƒo Ƒui?

Nu vevitɔ si te xɔsetɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒo ƒue nye lɔlɔ̃ na Mawu. Kristotɔ  mawo de dzesii be nu vevitɔ si wodi tso yewo sie nye be yewoalɔ̃ Mawu, Yehowa, kple yewoƒe dzi blibo, yewoƒe luʋɔ blibo, kpakple yewoƒe susu blibo. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna apostolo Petro, si nye Yudatɔ, be wòayi ɖe trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aɖe, si mabɔ ha kpli le dzɔdzɔme nu o la, ƒe aƒeme. Nusi koŋ ʋãe be wòwɔ ɖe nya sia dzie nye lɔlɔ̃ na Yehowa. Petro kple Kristotɔ gbãtɔwo se vivi le ƒomedodo kplikplikpli, si nɔ te ɖe Yehowa ƒe amenyenye, nusiwo wòdi kple esiwo medi o ŋuti sidzedze vavãtɔ dzi, menɔnɔ kple Mawu me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawusubɔlawo katã va se egɔme be Yehowa di tso yewo si be “tame ɖeka kple susu ɖeka” nanɔ yewo si.—Korintotɔwo I, 1:10; Mateo 22:37; Dɔwɔwɔwo 10:1-35.

Xɔse si nɔ xɔsetɔ siawo si ɖe Yesu Kristo me gate wo ƒo ƒui ɖe edzi. Wodi be yewoazɔ eƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Ede se na wo be: “Mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene . . . Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) Lɔlɔ̃ sia menye gotagome seselelãme aɖe ko o, ke boŋ enye ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ si anɔ wo si na wo nɔewo. Nukae ado tso esia me? Yesu do gbe ɖa ɖe amesiwo xɔ edzi se la ta be: “Mele biabiam . . . bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me.”—Yohanes 17:20, 21; Petro I, 2:21.

Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo eƒe dɔwɔŋusẽ, ɖe eƒe subɔla vavãwo dzi. Gbɔgbɔ sia na be ɖekawɔwɔ nɔ wo dome. Ekpe ɖe wo ŋu be wose Biblia ƒe nufiafia, si dzi hameawo katã lɔ̃ ɖo la, gɔme. Yehowa subɔlawo ɖe gbeƒã gbedasi ma ke—si nye Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ to Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu aɖe si aɖu ameƒomea katã dzi, la dzi. Kristotɔ gbãtɔwo se se si wode na wo be ‘woaganye xexe sia ƒe akpa aɖeke o’ la gɔme. Le esia ta, Kristotɔwo mekpɔ gome le dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔwo alo asrafowo dome ʋawɔwɔwo dometɔ aɖeke me o. Wowɔ ŋutifafa kple amesiame.—Yohanes 14:26; 18:36; Mateo 6:9, 10; Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Romatɔwo 12:17-21.

Xɔsetɔwo katã de dzesii be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoanɔ ŋutifafa me kple amewo. Le mɔ ka nu? To egbɔkpɔkpɔ be yewoƒe nuwɔnawo sɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo nu me. Le esia ta, apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo be: ‘Miɖe amenyenye xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu la ɖa’ eye ‘mido amenyenye yeye.’—Efesotɔwo 4:22-32.

Wolé Ðekawɔwɔ Me Ðe Asi

Ele eme baa be menye ame deblibowoe xɔsetɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nye o, eye nɔnɔme aɖewo do mo ɖa si de nu gblẽ ge le woƒe ɖekawɔwɔ ŋu kloe. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 6:1-6 gblɔ be masɔmasɔ aɖe do mo ɖa le Yudatɔ Kristotɔ siwo doa Helagbe kple esiwo doa Hebrigbe la dome. Wo dometɔ siwo doa Helagbe la susui be wonɔ nu wɔm ɖe yewo ŋu vovototodedeamemetɔe. Gake esi wonya ka nya la ta na apostoloawo ko la, wokpɔ egbɔ enumake ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Emegbe la, nufiafia aɖe na wohe glãka le nusi woabia tso amesiwo menye Yudatɔwo o si le Kristo-hamea me ŋu. Wonɔ te ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔ nyametsotso, eye amesiame lɔ̃ ɖe nyametsotso sia dzi.—Dɔwɔwɔwo 15:1-29.

Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be masɔmasɔwo mede mama gbevovodolawo dome alo na be wowɔ se kpaɖi siwo ade mama ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me o. Nukatae? Elabena ŋusẽ gã aɖe nɔ  nusiwo bla wo ɖekae—si nye lɔlɔ̃ na Yehowa, Yesu Kristo dzixɔxɔse, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo, lɔlɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafiawo dzi, Biblia nufiafiawo gɔmesese ɖekae, kple lɔlɔ̃ faa be woatrɔ ame ƒe agbenɔnɔ—la ŋu ale gbegbe be ena be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔ hame gbãtɔa me.

Wowɔ Ðeka le Tadedeagu me le Egbeŋkekeawo Me

Ðe ɖekawɔwɔ ma ke ate ŋu anɔ anyi egbea? Ðe nɔnɔme siawo ke ate ŋu ate subɔsubɔha aɖe me tɔwo aƒo ƒu ɖekae si awɔe be ŋutifafa anɔ woa kple wo nɔvi siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo dome le xexea ƒe akpa sia akpaa? Ẽ, woate ŋui! Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ, ƒukpo, kple nuto siwo wu 230 me le xexeame katã la wɔ ɖeka le nɔviwo ƒe habɔbɔ me. Eye nɔnɔme siwo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ wɔ ɖeka la kee na be ɖekawɔwɔ le woawo hã dome.

Nusi kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be wole ɖekawɔwɔ me koŋue nye subɔsubɔ si wotsɔna naa Yehowa Mawu. Esia fia be wodzea agbagba be yewoawɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Yehowa Ðasefowo xɔ Yesu Kristo kple eƒe nufiafiawo hã dzi se. Kristotɔ siawo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiana woƒe haxɔsetɔwo eye woɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui sia ke le dukɔ siwo katã me wole la me. Wolɔ̃na faa be yewoaƒo nu tso Fiaɖuƒe sia ŋu na subɔsubɔhawo katã, ameƒomevi ɖesiaɖe, dukɔ ɖesiaɖe, kple hadome ƒuƒoƒo ɖesiaɖe me tɔwo. Yehowa Ðasefowo hã medea akpa aɖeke dzi le xexeame ƒe wɔnawo me o, si kpena ɖe wo ŋu be wote ŋu nɔa te ɖe dunyaheha, dekɔnu, hadomegbe, kple asitsatsa me nyaƒoɖeamenu siwo maa amewo dome la nu. Ðasefowo katã lɔ̃ ɖe woƒe agbanɔamedzi si wònye be woanɔ ɖekawɔwɔ me kple amewo to alesi wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu me dzi.

Ðekawɔwɔ Ʋãa Amewo

Ðekawɔwɔ sia ʋãa amesiwo menye Ðasefowo hafi o la zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Ilse * nye Katoliko Nyɔnu Saɖagaxɔmenɔla kpɔ le Germany. Nukae na be Yehowa Ðasefowo ƒe nu va lé dzi nɛ? Ilse gblɔ be: “Woawoe nye amesiwo ɖɔ ʋu wu si medo goe kpɔ. Womeyia aʋa o; womewɔa naneke be yewoatsɔ awɔ nuvevi ame aɖeke o. Wodi be yewoakpe ɖe amewo ŋu be woanɔ agbe le dzidzɔkpɔkpɔ me le paradisonyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te.”

Günther, si nye Germany-srafo nɔ France le Xexemeʋa evelia wɔɣi, hã tɔ li. Gbeɖeka la, Protestanttɔwo ƒe osɔfo aɖe wɔ sɔleme na asrafo siwo nɔ Günther ƒe asaɖa me. Osɔfoa do gbe ɖa bia yayra, takpɔkpɔ, kple aʋadziɖuɖu na wo. Le sɔlemea wɔwɔ vɔ megbe la, Günther dze gbetakpɔkpɔ dɔ si wode esi la gɔme. Ekpɔ woƒe futɔwo to eƒe didiƒekpɔmɔ̃ me hekpɔ be osɔfo aɖe hã nɔ sɔleme wɔm na woawo hã. Günther gblɔ emegbe be: “Anɔ eme kokoko be osɔfo ma hã do gbe ɖa bia yayra, takpɔkpɔ, kple aʋadziɖuɖu. Alesi wòdzɔe be Kristotɔwo ƒe sɔlemehawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le aʋa ma ke me la wɔ nuku nam.” Nusiawo tsi susu me na Günther ŋutɔ. Esi Günther va ke ɖe Yehowa Ðasefowo, siwo mekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o, ŋu emegbe la, eva zu Ðasefoawo ƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ.

Ashok kple Feema nye Ɣedzeƒe subɔsubɔha aɖe me tɔwo tsã. Xɔ aɖe nɔ woƒe aƒe me si me wosaa vɔ na mawu aɖe le. Ne ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ vevie la, wogbugbɔ léa ŋku ɖe woƒe subɔsubɔa ŋu. Esi Ashok kple Feema nɔ nu me dzrom kple Yehowa Ðasefowo la, Biblia me nufiafiawo kple lɔlɔ̃ si le Ðasefoawo dome wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Wonye Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ƒe ŋuti nyanyui gbeƒãɖela dovevienuwo fifia.

Ilse, Günther, Ashok, kple Feema wɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexeame katã la. Woxɔ ŋugbe si Biblia do be nusiwo na wowɔ ɖeka egbea le subɔsubɔ me la ate ameƒomea me tɔ toɖolawo katã aƒo ƒui kpuie la dzi se. Ɣemaɣi la, aʋawɔwɔwo, ɖekamawɔmawɔ, kple subɔsubɔhawo dome mamã aɖeke maganɔ anyi o. Xexeame katã awɔ ɖeka le Mawu, Yehowa, subɔsubɔ me.—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo le nyati sia me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo tso teƒe vovovowo hã la, wowɔ ɖeka