Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Lɔlɔ̃tɔe Ŋu

Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Lɔlɔ̃tɔe Ŋu

 Life Story

Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Lɔlɔ̃tɔe Ŋu

ABE ALESI ANNA DENZ TURPIN GBLƆE ENE

Danye ɖo nukomo hegblɔ nam be: “Èlɔ̃a ‘NYABIABIA’ akpa!” Mebia nya geɖe ŋutɔ dzinyelawo esime menye nyɔnuvi dzaa ko. Gake Dada kple Papa meblu ɖe tanye le esi menye ɖevi si dina be manya nusianu ta gbeɖe kpɔ o. Ke boŋ wofiam alesi mabu tame kple alesi manɔ te ɖe nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee dzi awɔ nye ŋutɔ nye nyametsotsowoe. Aleke gbegbee hehe ma si wonam la kpe ɖe ŋunye enye si! Gbeɖeka esime mexɔ ƒe 14 la, Nazitɔwo klã mía kple dzilanyawo dome, eye nyemegakpɔ wo ake o.

FOFONYE, Oskar Denz, kple danye, Anna Maria, nɔ Lörrach, si nye Germany du aɖe si te ɖe Switzerland dea ŋu me. Esi wonye sɔhɛwo la, woƒo wo ɖokuiwo ɖe dunyahehe me ale gbegbe, eye nutoametɔwo nya wo hedea bubu wo ŋu. Gake le ƒe 1922 me, esi woɖe wo nɔewo eteƒe medidi o la, dzinyelawo ƒe dunyahehe ŋuti nukpɔsusu kple woƒe agbe me taɖodzinuwo trɔ. Dada dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Biblia Nusrɔ̃viawo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, eye dzi dzɔe esi wòde dzesii be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa ava anyigba dzii. Eteƒe medidi o, Papa kpe ɖe Dada ŋu wosrɔ̃a nua ɖekae, eye wote Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo dede. Papa gɔ̃ hã tsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ, The Harp of God, na Dada wònye eƒe Kristmas nunana. Wodzim le March 25, 1923 dzi eye menye woƒe tesi.

Aleke gbegbee ŋkuɖoɖo alesi míaƒe ƒomegbenɔnɔ nɔ—míaƒe dzomeŋɔli mɔzɔzɔwo le Ave Dodo si me tomefafa le me kpakple Dada ƒe aƒemedɔwo fiafiam—dzi  doa dzidzɔ nam enye esi! Megate ŋu kpɔa alesi danye nɔa tsitre ɖe dzodoƒea henɔ nuɖaɖa fiamem esime menye ɖevi sue la le susu me ɖaa. Vevietɔ wu la, dzinyelawo fiam be malɔ̃ Yehowa Mawu ahaɖo ŋu ɖe eŋu.

Fiaɖuƒe gbeƒãɖela dovivienu 40 lɔƒoe nɔ míaƒe hamea me. Dzinyelawo bi ŋutɔ le mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔwɔwɔ atsɔ aƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu me. Le woƒe dɔ si wowɔna tsã le nutoa me ta la, nuƒoƒo na amewo mekpea ŋu na wo o, eye amewo ɖoa to wo hã nyuie. Esi mexɔ ƒe adre la, nye hã medi be maɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, nye zɔhɛa tsɔ agbalẽ aɖewo nam hefia asi xɔ aɖe nam, eye wògblɔ ko be, “Yi afima kpɔ be woaxɔe hã.” Le ƒe 1931 me la, míede Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe takpekpe aɖe le, Basel, Switzerland. Afimae dzinyelawo xɔ nyɔnyrɔ le.

Tso Ʋunyaʋunya me Yi Ŋutasẽdziɖuɖu Me

Ʋunyanya gã aɖe nɔ Germany ɣemaɣi, eye dunyahehawo wɔa avu kple wo nɔewo ŋutasesẽtɔe le ablɔwo dzi. Le zã aɖe me la, ɣli aɖe si nɔ ɖiɖim le aƒelika aɖe ƒe aƒeme la na menyɔ. Ŋutsuvi ƒewuivi eve aɖewo tɔ gaflo wo fo le esi womelɔ̃ kura ɖe dunyaheha si me wòle ƒe nukpɔsusuwo dzi o ta. Alesi wonɔ Yudatɔwo yome timee la gavlo ɖe edzi ale gbegbe. Le míaƒe suku la, nyɔnuvi aɖe tsi akogo ŋutɔ le esi wònye Yudatɔ ta ko. Eƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, ke nyemenya kura be eteƒe madidi hafi nye ŋutɔ mava nya alesi wònɔna ne woɖe wò le hadome la o.

Le January 30, 1933, dzi la, Adolf Hitler va zu Germany dziɖula. Míekpɔ Nazitɔwo wotsi woƒe aflaga ɖe dudzikpɔlawo ƒe dɔwɔƒea tame le teƒe si medidi tso míaƒe aƒe gbɔ o. Míaƒe nufiala tsɔ dzonɔameme fia “Heil Hitler!” gbɔgblɔ mí le suku. Megblɔ nyaa na Papa le gbemagbe ŋdɔ. Ete ɖe edzi ale gbegbe. Egblɔ be: “Menyo be woagblɔ nya sia o.” “‘Heil’ gɔmee nye xɔxɔ. Ne míegblɔ ‘Heil Hitler!’ la, afia be míele gbɔgblɔm be xɔxɔ atso Hitler gbɔ evɔ Yehowa gbɔe wòatso ava. Mebui be menyo o, gake wò ŋutɔ wɔ nusi nàwɔ la ŋuti nyametsotso.”

Nye sukuhatiwo te nye ɖeɖeɖa le hame le esi megbe be nyemagblɔ ‘Heil Hitler’ o ta. Ŋutsuvi aɖewo ƒonam gɔ̃ hã ne nufialawo mele míakpɔm o. Mlɔeba la, womegadea nu eme nam o, vɔ̃ɖitɔe la, xɔ̃nyewo gɔ̃ hã gblɔ nam be yewo fofowo de se na yewo be yewomega fe kplim azɔ o. Wobe ame baɖae menye.

Le Nazitɔwo ƒe dziɖuɖua xɔxɔ le Germany ƒe ɣleti eve megbe la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔ wɔnawo nu be wonye afɔku na  Dukɔa. Gbadagba ŋutasẽlawo tu alɔdzedɔƒe si le Magdeburg la, eye woxe mɔ ɖe míaƒe kpekpewo wɔwɔ nu. Gake esi wònye teƒe si míele medidi tso dea gbɔ o ta la, Papa xɔ mɔɖegbalẽ na mí be míatso dea ayi Basel, afisi míedea kpekpeawo le le Kwasiɖagbewo. Egblɔna zi geɖe be yeƒe didie wònye be mía nɔvi siwo le Germany nate ŋu anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo, siwo akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ dzideƒo akpe akɔ kple nusiwo adzɔ le etsɔme la, xɔm.

Mɔzɔzɔ si me Afɔku Nɔ

Esi wotu alɔdzedɔwɔƒe si le Magdeburg megbe la, Julius Riffel, amesi nɔ dɔ wɔm le afima hafi wotui la, va Lörrach si nye eƒe dedu me, be yeava wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le adzame ŋu. Papa lɔ̃ enumake be yeana kpekpeɖeŋu. Eyɔ mía kple Dada heɖe eme na mí be yelɔ̃ be yeakpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔtsɔ tso Switzerland yi Germany ŋu. Egblɔ be enye wɔna aɖe si me afɔku le ale gbegbe eye be woate ŋu alé ye ɣesiaɣi. Medi be yeazi mía dzi be míawɔe kpli ye o elabena afɔku anɔ ewɔwɔ me na míawo hã. Dada gblɔ enumake be, “mawɔe kpli wò.” Woa kple evea kpɔm dũ, eye megblɔ be, “nye hã mawɔe kpli mi.”

Dada lɔ̃ kotoku aɖe si ƒe lolome anɔ abe Gbetakpɔxɔ magazine ene. Etsɔa agbalẽawo dea kotokua me eye wòtua enu. Eɖe kotoku siwo medzena wokpɔna o la ɖe Papa ƒe awuwo ŋu eye wòtɔ butu eve siwo me mía kplii míate ŋu atsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo melolo o ɖo aɖaŋutɔe la hã. Ɣesiaɣi si míetsɔ agbalẽ vavã siawo yi na nɔviawo dedie la, míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ eye míedaa akpe na Yehowa ɖe eta. Míeɣla agbalẽawo ɖe míaƒe xɔa ƒe dzisasrã dzi.

Gbã la, Nazitɔwo menya naneke tso nusia ŋu o. Womebia nya aɖeke mí alo ka míaƒe aƒea me kpɔ o. Ke hã, míeɖoe be míanɔ megbeŋkɔ—4711, si woyɔna na ami ʋeʋĩ xɔŋkɔ aɖe la—zãm atsɔ nɔ to kɔm dzi na míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo ne asi di be yeatu mí. Ne míekpɔe be afɔku anɔ míaƒe aƒeame vava me la, míekɔa to dzi na wo—ɣeaɖewoɣi to xexlẽdzesi ma zazã me. Papa gblɔ na wo hã be ɣesiaɣi si wogbɔna aƒea me la woakpɔ míaƒe amedzroxɔƒea ƒe fesrewo nu hafi age ɖe eme. Ne miãmefesrea le ʋuʋu la, efia be nane dzɔ, eyata ele be woatrɔ adzo.

Le ƒe 1936 kple ƒe 1937 me la, Adzamekpovitɔwo lé ame gbogbo aɖewo eye wode Ðasefo akpe gbogbo aɖewo gakpɔwo kple fuwɔamesaɖawo me, teƒe siwo wowɔ funyafunya wo kutɔkutɔe le. Alɔdzedɔwɔƒe si le Bern, Switzerland, te nyatakakawo xɔxɔ tso nusiwo nɔ edzi yim le gakpɔawo me ŋu hekpe ɖe esiwo woŋlɔ le gakpɔawo me tsɔ do goe emegbe la ŋu, wota nyatakaka siawo ɖe agbalẽ si woyɔ be Kreuzzug gegen das Christentu (Aʋahoho ɖe Kristotɔnyenye Ŋu) me, eye wònye agbalẽ si klo nu Nazitɔwo ƒe hlɔ̃donuwɔnawo dzi. Míewɔ dɔ dziŋɔ si nye nyatakaka ɣaɣlawo tsɔtsɔ nɔ dea tsom ayi Basel. Ne ɖee Nazitɔwo katse lé mí heke ɖe nyatakaka mawo ŋu la, anye ne woade mí mɔ enumake. Mefa avi esi menɔ funyafunyawɔame si me mía nɔviwo to la  xlẽm. Ke hã, vɔvɔ̃ meɖom o. Meɖo ŋu ɖe Yehowa kple dzinyelawo, amesiwo nye xɔ̃nye veviwo la, ŋu be woakpɔ tanye.

Mexɔ ƒe 14 esime medo go le suku eye mekpɔ fiase me dɔ aɖe nɔ wɔwɔm. Zi geɖe la, míewɔa agbalẽwo tsɔtsɔ yi na mía nɔviwo ƒe mɔzɔzɔa le Memleɖa ŋdɔ alo Kwasiɖa, ne Papa meyi dɔme o. Míezɔa mɔ sia kwasiɖa eve ɖesiaɖe le mama dedie nu. Míaƒe dzedzeme nɔna ko abe ƒome siwo dea tsaɖiƒewo le kwasiɖanuwuwu la tɔ ene, eye abe ƒe ene kloe ene la, dzɔla siwo nɔa dea dzi metɔ te mí alo ka mía ŋu kpɔ o—womeka mía ŋu kpɔ o ʋu va ɖo February 1938 ƒe ŋkeke aɖe dzi.

Wolé Mí!

Nyemaŋlɔ alesi Papa wɔ moe esi míeva teƒe, si te ɖe Basel ŋu, si míexɔa agbalẽwo le esi wòkpɔ agbalẽ gbogbo siwo woɖe da ɖi na mí be míava tsɔ la o. Esi wònye be wolé ƒome aɖe si hã zɔa agbalẽwo tsɔtsɔ yi na mía nɔviwo ƒe mɔ sia ta la, eva hiã be míatsɔ woƒe agbalẽawo akpe ɖe mía tɔ ŋu. Esi míeɖo dea dzi la, agbamekalawo dometɔ ɖeka kpɔ mí dũ heɖe gbe be woaka mía ŋu. Esi wòkpɔ agbalẽawo la, eɖo tu mía dzi hekplɔ mí yi ɖe kpovitɔwo ƒe ʋu siwo nɔ lalam la gbɔ. Esi kpovitɔawo ku mí dzo yinae la, Papa mía nye asi hedo dalĩ nam be: “Mègafia ame aɖeke yome mɔ o hee. Mègayɔ ame aɖeke ŋkɔ na wo o!” Meɖo ŋu nɛ kple kakaɖedzi be: “Nyemayɔ ame aɖeke ŋkɔ o.” Esi wotrɔ mí gbɔe va Lörrach la, wokplɔ fofonye lɔlɔ̃a dzoe. Zi mamlɛa si mekpɔe enye esi wodo gakpɔa ƒe agbo ɖe enu.

Adzamekpovitɔwo dometɔ ene zã gaƒoƒo ene sɔŋ tsɔ nɔ nyatsi ƒom ve nam be mayɔ Ðasefo bubuawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe nɔƒewo na yewo. Esi megbe la, kpovitɔawo dometɔ ɖeka do dɔmedzoe vevie eye wòdo ŋɔdzi nam be, “Mɔnu bubuwo li siwo míate ŋu azã na wò ne nàƒo nu!” Nyemeyɔ ame aɖeke ƒe ŋkɔ na wo o. Emegbe wogbugbɔ kplɔ mía kple Dada yi míaƒe aƒemee, ɣemaɣie woka aƒeame zi gbãtɔ. Wokplɔ danye yi ɖade ga hekplɔm yi ɖe danyegã ƒeme hebia tso esi be wòakpɔ dzinye, gake womenya be Ðasefoe eya hã nye o. Togbɔ be woɖe mɔ nam be manɔ dɔme yim hã la, Adzamekpovitɔ ene nɔa míaƒe aƒea ŋgɔ nɔa nye wɔnawo ɖiam kpɔ eye kpovitɔ aɖe ya nɔa tsa ɖim le ablɔawo dzi.

Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe le ŋdɔnuɖuɣi la, medo le aƒea me yi ɖakpe ɖetugbi aɖe si nɔ gasɔ dom gbɔna gbɔnye. Esi wòte ɖe ŋunye la, eda pɛpa kakɛ aɖe nam. Esi mexee vɔ ko la, menye kɔ be makpɔe ɖa be ɖe Adzamekpovitɔwo kpɔ nusi mewɔ hã. Nukutɔe la, ɣemaɣi tututu la, wo katã woɖe mo ɖe adzɔge nɔ nu kom!

Woŋlɔ ɖe pɛpa si nɔvinyɔnua tsɔ nam dzi be mayi ɖe edzilawo ƒe me le ŋdɔ ga wuieve me. Gake esi Adzamekpovitɔawo ƒe ŋku lé ŋunye ta la, aleke mawɔ be nyemagaɖe ha ɖetugbia dzilaawo o? Mekpɔ Adzamekpovitɔ ene siwo nɔ ʋua me eye menye kɔ kpɔ kpovitɔ si nɔ ablɔa dzi zɔm. Nyemenya nusi mawɔ o, medo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye. Kasia makpɔa, kpovitɔa zɔ yi Adzamekpovitɔwo ƒe ʋua gbɔ hegblɔ nya aɖe na wo. Ege ɖe woƒe ʋua me, eye woho ʋua dzo!

Le ema megbe la, danyegã do go va le tsa ɖim le gota. Ŋdɔ ga wiuevea ƒo to dzi xoxo. Exlẽ nya si woŋlɔ ɖe agbalẽvia dzi eye wòde ŋugblẽ tso eŋu kpɔe be anyo be míayi nɔvinyɔnua ƒe aƒea me abe alesi wogblɔe ene, ebui be nɔviawo anya wɔ ɖoɖo be woakplɔm ayi Switzerland. Esi míeva ɖo aƒea me la, ƒomea ɖem fia ŋutsu aɖe si nyemenya o, ŋkɔe nye Heinrich Reiff. Egblɔ nam be edzɔ dzi na ye be mete ŋu si dzo le kpovitɔwo nu dedie eye be ɖe yeva be yeava kplɔm adzoe yi Switzerland. Ena gaƒoƒo afam be matsɔ adzra ɖo ne mava do go ye le ave aɖe me.

Agbenɔnɔ le Aboyo Me

Metsɔ aɖatsi yiɖado go Nɔviŋutsu Reiff, le esi wòte ɖe dzinye vevie be mele dzinyelawo gblem ɖi ta. Nusiawo katã dzɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Míetsɔ dzimaɖitsitsi ge ɖe modzakaɖetsaɖilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me hetso Switzerland dea dedie.

Esi meɖo alɔdzedɔwɔƒe si le Bern la, mese be nɔvi siwo le afimae wɔ ɖoɖo ɖe nye sisia ŋu. Wona teƒe si manɔ lam dɔmenyotɔe. Mewɔ dɔ le  dzodoƒea, dɔ si wɔwɔ me mese vivi geɖe le. Gake aleke agbenɔnɔ le aboyo me sesẽe nye esi, nyemenya nusi ava dzɔ ɖe dzinyelawo dzi o, wotso afia na woa kple evea siaa be woanɔ mɔ me ƒe eve! Ne nuxaxa kple dzimaɖitsitsi wu tsɔtsɔ nam ɣeaɖewoɣi la, metua ʋɔ ɖe ɖokuinye nu ɖe tsileƒe hefaa avi. Gake mía kple dzinyelawo míesea mía nɔewo ŋkɔ edziedzi, eye wode dzi ƒo nam be mayi edzi anye nuteƒewɔla.

Xɔse ƒe kpɔɖeŋu si dzinyelawo ɖo ɖi la ʋãm be metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ̃ le July 25, 1938, dzi. Le nye Betel nɔnɔ ƒe ɖeka megbe la, meyi ɖawɔ dɔ le Chanélaz, si nye agblẽ aɖe si Switzerland ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒle be woanɔ nuɖuɖu kpɔm tso afima na Betel-ƒomea eye be wòanye sitsoƒe na nɔvi siwo nɔ sisim le wo yometilawo nu la dzi.

Esi ƒe siwo woɖo na dzinyelawo be woatsɔ nɔ gamee la de le ƒe 1940 me la, Nazitɔwo gblɔ na wo be yewoaɖe asi le wo ŋu ne wogbe nu le woƒe xɔse gbɔ ko hafi. Womena ta o si wɔe be woɖo wo ɖe fuwɔamesaɖawo me, woɖo Papa ɖe Dachau eye woɖo Dada ɖe Ravensbrück. Le ƒe 1941 ƒe vuvɔŋɔli la, danye kple nɔvinyɔnu Ðasefo bubu siwo nɔ gaxɔa me gbe be yemawɔ asrafodɔwo o. Wona wotsi tre ɖe vuvɔa me ŋkeke 3 kple zã 3 tsɔ he toe na wo, eye le ema megbe la, wode wo gaxɔ doblukɔ aɖe me heɖe nuɖuɖu si wonana wo dzi kpɔtɔ ŋkeke 40 sɔŋ. Emegbe woƒo wo kutɔkutɔe. Esi wonɔ wo ƒoƒo dzi vevie hena kwasiɖa etɔ megbe la, dada ku le January 31, 1942, dzi.

Woɖe Papa tso Dachau yi Mauthausen si le Austria. Le gaxɔ sia me la, Nazitɔwo ɖoe koŋ tsɔ dɔwuame kple dɔsesẽwɔwɔ wu gamenɔlawoe ɖekaɖeka. Gake esi Dada ku ɣleti ade megbe la, Nazitɔwo to mɔ bubu nu wu fofonye—to dɔ aɖewo dada tetekpɔ me. Asaɖaa me ɖɔktawo ɖoe koŋ do yomekpedɔlékui ɖe lãme na ameawo eye wote edada na wo kpɔ. Le ema megbe la, wodoa abi vɔ̃ aɖe ɖe gaxɔmenɔlawo ƒe dzi. Nyatakaka si wonae nye be “ʋuka si le dzia me ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe” wu Papa. Exɔ ƒe 43. Ɣleti aɖewo va yi hafi mese amewuwu ŋutasesẽtɔe sia ŋu nya. Ŋkuɖoɖo dzinyela malɔ̃nugbɔawo dzi gana mefaa avi kokoko. Ke hã, ɣemayi kple fifia gɔ̃ hã la, enyanya be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Dada kple Papa, siwo si dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ, ŋu la faa akɔ nam ŋutɔ.

Le Xexemeʋa II megbe la, mɔnukpɔkpɔa su asinye be made Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 11 lia le New York. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye nam be maƒo ɖokuinye ɖe Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me vĩ hena ɣleti atɔ! Esi mewu sukua nu le ƒe 1948 megbe teti ko la, woɖom ɖe Switzerland be mava nye dutanyanyuigblɔla le afima. Eteƒe medidi o, medo go James L. Turpin, si nye nɔviŋutsu wɔnuteƒe aɖe si de Gilead sukua ƒe klass atɔ̃lia. Esi woɖo alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ le Turkey la, eyae woɖo wònye edzikpɔla. Míeɖe srɔ̃ le March 1951 me, eye eteƒe medidi o míekpɔe  be míava zu dzilawo! Míeʋu yi United States eye afimae míedzi mía vinyɔnu, Marlene, le le ƒe ma ƒe December me.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mía kple Jim míekpɔ dzidzɔ geɖe le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Meɖo ŋku nye Biblia nusrɔ̃vi aɖe, si nye China ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Penny si Biblia sɔsrɔ̃ do dzidzɔ na ale gbegbe la, dzi nyuie. Exɔ nyɔnyrɔ eye emegbe wòɖe Guy Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ fifia. Lɔlɔ̃tɔ siawo kpe ɖe ŋunye be alesi dzinyelawo ƒe kuku na metsia akogo ɣeaɖewoɣi la dzi ɖena kpɔtɔ.

Le ƒe 2004 ƒe gɔmedzeɣi la, nɔvi siwo le Lörrach, si nye dzinyelawo dedu me, tu Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe ɖe Stich Mɔdodo to. Le dzesidede nusiwo Yehowa Ðasefowo wɔ ta la, dua me aɖaŋuɖotakpekpe ɖoe be yewoagbugbɔ ŋkɔ atsɔ na mɔdodoa be Denzstraße (si gɔmee nye Denz Mɔdodo) be wòanye ŋkuɖoɖo dzinyelawo dzi. Woɖo tanya aɖe ɖe nutoame nyadzɔdzɔgbalẽ, Badische Zeitung, me be “Ŋkuɖoɖo Atsu Kple Asi aɖe si Wowu Dzi: Ŋkɔ Yeye Na Mɔdodo Aɖe.” Nyadzɔdzɔa gblɔ be “wowu” dzinyelawo “le fuwɔamegaxɔ aɖe me le Nazi Dziɖuɣia ɖe woƒe xɔse ta.” Dugã la ƒe aɖaŋuɖotakpekpea ƒe wɔna sia nye nusi nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o, ke hã, enye nɔnɔmeawo ƒe tɔtrɔ fakɔname aɖe ƒe gɔmedzeɣi.

Papa gblɔna be ele be míawɔ ɖoɖo do ŋgɔ abe ke ɖe Harmagedon mava le míaƒe agbenɔɣi o ene gake míanɔ agbe abe ke etsɔ koe woava ene—enye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe si medzea agbagba ɣesiaɣi be matsɔ ade dɔwɔna me. Nusi wole mɔ kpɔm na vevie la lala dzigbɔɖitɔe menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, vevietɔ le ɣeyiɣi sia si me gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le tsitsi me la wɔe be metsi aƒeme ta. Ke hã, nyemeke ɖi le ŋugbe si Yehowa do na esubɔla wɔnuteƒewo katã ŋu kpɔ o be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me . . . Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

NYA VEVI SIWO ŊU MEVA KE ÐO EMEGBE

Nyɔnu aɖe si tso kɔƒe si didi vie tso Lörrach gbɔ la va Lörrach le ƒe 1980 me. Ɣemaɣi la, duametɔwo lɔ woƒe nunɔamesi siwo womeganɔ zazãm o la va ablɔ dzi be amesiwo hiã na nunɔamesi mawo la nate ŋu afɔ wo dometɔ ɖesiaɖe si wolɔ̃. Nyɔnu sia kpɔ aɖakavi si me awutɔnuwo nɔna la eye wòtsɔe yi aƒemee. Emegbe la, ekpɔ nyɔnuvi aɖe ƒe foto kple lɛta aɖewo siwo woŋlɔ ɖe fuwɔamegaxɔ ƒe agbalẽwo dzi la le aɖakavia te. Lɛtawo me nyawo wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi ale gbegbe be wòde ŋugblẽ le alesi wòawɔ ake ɖe nyɔnuvi sia si wogbi ɖa na la ŋu.

Le ƒe 2000 ƒe ŋkeke aɖe dzi la, nyɔnua kpɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe nyati aɖe si ƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ gbɔgblɔ ƒe wɔna aɖe si yi edzi le Lörrach la ŋu. Nyatia ƒo nu tso nusiwo me Yehowa Ðasefowo, siwo me míaƒe ƒomea hã nɔ, to ŋu le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi. Nye ƒewui me fotowo nɔ eme. Esi nyɔnua kpɔ be foto si ŋu yeke ɖo ɖi esiwo le nyadzɔdzɔgbalẽa me la, ete ɖe nyadzɔdzɔŋlɔla la ŋu hegblɔ lɛtawo ŋu nya nɛ—lɛta 42 ŋue wòke ɖo! Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, lɛtawo katã ka asinye. Dzinyelawo ƒe asinue nye ma mekpɔ le lɛta siwo woŋlɔ na danyegã hetsɔ nɔ tanye biam atraɖii la me. Ðetsɔleme si nɔ wo si nam la nu metsi gbeɖe o. Ewɔ nuku be lɛta siawo mevuvu o eye wogakpɔtɔ li mekpɔ ake le ƒe 60 megbe!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Woka míaƒe ƒome kpɔdzidzɔa hlẽ le Hitler ƒe dziɖuɣi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Hitler: U.S. Army photo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

1. Magdeburg ƒe alɔdzedɔwɔƒea

2. Adzamekpovitɔwo lé Ðasefo akpe geɖewo

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mía kple Jim míekpɔ dzidzɔ gbago le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me