Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Koŋ Nana Dzi Dzɔa Ame

Nusi Koŋ Nana Dzi Dzɔa Ame

 Nusi Koŋ Nana Dzi Dzɔa Ame

YEHOWA, “dzidzɔ Mawu la,” kple Yesu Kristo, “dzidzɔtɔ la,” nya nusi nana wokpɔa dzidzɔ la nyuie wu amesiame. (Timoteo I, 1:11; 6:15, NW) Eyata mewɔ nuku o be woakpɔ nusi nana ame kpɔa dzidzɔ la le Mawu ƒe Nya, Biblia, me.—Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7.

Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, eƒo nu tso nusiwo nana wokpɔa dzidzɔ ŋu. Egblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo’ (1) tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu, (2) le konyi fam, (3) nye ame fafawo, (4) dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, (5) kpɔa nublanui na amewo, (6) ƒe dzi me dza, (7) léa avu, (8) yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta, eye (9) wodzua wo hetia wo yome le ye ta.—Mateo 5:3-11. *

Ðe Yesu ƒe Nyaawo Sɔa?

Ehiã be woaɖe nya siwo Yesu gblɔ la dometɔ aɖewo ƒe nyateƒenyenye me vie. Amekae agbe be amesi nye ame fafa, nublanuikpɔla, kple avuléla, tso dzi dzadzɛ me la makpɔ dzidzɔ wu amesi nye dzikudola, gedila, kple tagbɔsesẽtɔ o?

Gake awɔ nuku na wò be woayɔ amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum alo  amesiwo le konyi fam la be dzidzɔtɔwo. Xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋuti nukpɔsusu si sɔ le amesiawo si. ‘Woɖea hũ hexaa nu ɖe ŋunyɔnu siwo katã wole wɔwɔm’ le míaƒe ŋkekea me ŋu. (Xezekiel 9:4) Medoa dzidzɔ na wo o. Gake esi wòse tame si Mawu ɖo be yeava he dzɔdzɔenyenye ava anyigba dzi eye woawɔ nu kple amesiwo wote ɖe anyi la le dzɔdzɔenyenye me la, woƒe dzidzɔa gbã go.—Yesaya 11:4.

Alesi amesiawo lɔ̃a nudzɔdzɔewɔwɔ hã wɔe be wofaa konyi ɖe alesi woa ŋutɔwo mete ŋu wɔa nudzɔdzɔe edziedzi o la ta. Esia fia be wotsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu. Amesiawo lɔ̃na be yewoakpɔ Mawu sinu be wòafia mɔ yewo, elabena wonyae be eya koe ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woaɖu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi.—Lododowo 16:3, 9; 20:24.

Amesiwo faa konyi, siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ wuna, eye wotsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu la nya alesi ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Wɔla la le vevie. Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amegbetɔwo nana wokpɔa dzidzɔ, gake ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu nana wogakpɔnɛ wu. Ẽ, esɔ be woayɔ amesiwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye vevie, amesiwo lɔ̃na faa xɔa Mawu ƒe mɔfiame, la be dzidzɔtɔwo.

Gake ɖewohĩ asesẽ na wò be nàxɔe ase be woayɔ ame aɖe si yome wotina hedzuna la be dzidzɔtɔ. Ke hã, anye nyateƒe, elabena Yesu ŋutɔe gblɔe. Le esia ta, aleke wòle be woase eƒe nyawo gɔmee?

Woti Wo Yome Gake Wonye Dzidzɔtɔwo—Aleke Wòanya Wɔe?

De dzesii be Yesu megblɔ be dzudzu kple yometiti ŋutɔ nana wokpɔa dzidzɔ o. Egblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta; ne wodzu mi, eye woti mia yome le tanye.’ (Mateo 5:10, 11) Eyata ne wodzu ame le esi wònye Kristo yomedzela ta kple le esi wònɔa agbe ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔe siwo Yesu fia nu ta koe wòate ŋu akpɔ dzidzɔ.

Esia ƒe kpɔɖeŋu dze le nusi dzɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔwo dzi me. Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la, me tɔwo ‘yɔ apostoloawo vɛ, ƒo wo, hede se na wo be woadzudzɔ nuƒoƒo le Yesu ƒe ŋkɔa dzi, heɖe asi le wo ŋu.’ Alekee apostoloawo wɔ nui? ‘Ke woawo la, wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woado ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta. Eye gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.’—Dɔwɔwɔwo 5:40-42; 13:50-52.

Apostolo Petro gakɔ nu me le kadodo si le dzudzu kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu. Eŋlɔ bena: “Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, [ke dzidzɔtɔwo mienye]; elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.” (Petro I, 4:14) Ẽ, abe Kristotɔ ene la, fukpekpe ɖe nu nyui wɔwɔ ta, togbɔ be fukpekpe mawo mevivia ame nu o hã la, hea dzidzɔ vɛ le enyanya be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le megbe na ame ta. Alekee Mawu ƒe gbɔgbɔa do ka kple dzidzɔkpɔkpɔe?

Ŋutilã ƒe Dɔwo loo alo Gbɔgbɔa ƒe Kutsetse

Amesiwo ɖoa to Mawu be enye dziɖula dzie Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔna. (Dɔwɔwɔwo 5:32) Yehowa menaa eƒe gbɔgbɔa amesiwo kpɔa gome le “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” me o. Dɔ siawoe nye “matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Nyateƒee, “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dze ƒã le egbe xexeame. Ke hã, amesiwo wɔa wo la mekpɔa dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa la o. Ke boŋ, nu mawo wɔwɔ gblẽa ƒomedodo nyui si le ame kple eƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame  nyanyɛwo dome. Gawu la, Mawu ƒe Nya gblɔ be amesiwo ‘wɔa ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.’

To vovo na esia la, Mawu naa eƒe gbɔgbɔa amesiwo ‘tsea gbɔgbɔa ƒe ku.’ Nɔnɔme siwo ƒo ƒu nye ku siae nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ne míeɖe nɔnɔme siawo fia la, míenaa nusiwo awɔe be ŋutifafa nanɔ mía kple amewo kpakple Mawu dome la va nɔa anyi, si hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. (Kpɔ aɖaka.) Vevietɔ wu la, to lɔlɔ̃, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, kple mawumenɔnɔme bubuwo ɖeɖe fia me la, míedoa dzidzɔ na Yehowa eye mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si nye agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me la sua mía si.

Ame Ŋutɔe Tiaa Dzidzɔkpɔkpɔ

Esi Wolfgang kple Brigitte, siwo nye srɔ̃tɔwo le Germany, te Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe la, ŋutilãmenu geɖe siwo amewo buna be woawoe naa wokpɔa dzidzɔ la nɔ wo si. Wonye sɔhɛwo eye lãmesẽ hã nɔ wo ŋu. Wodoa awu xɔasiwo, nɔ aƒe dzeani aɖe me, eye dɔ nyui aɖe nɔ wo si wowɔna. Wozã woƒe ɣeyiɣi gbogbo aɖe ɖe ŋutilãmenu geɖewo didi vevie ŋu, ke hã, ema mehe dzidzɔ vavãtɔ vɛ na wo o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Wolfgang kple Brigitte va tia nu vevi aɖe. Wova te ɣeyiɣi geɖe zazã ɖe gbɔgbɔmenuwo didi ŋu vevie hedi mɔ siwo nu woato ate ɖe Yehowa ŋu wu. Eteƒe medidi o tiatia si wowɔ la na woƒe nɔnɔme va trɔ, si ʋã wo be woaɖe alesi wonɔa agbee la dzi akpɔtɔ ahazu mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe nyanyuigblɔlawo. Egbea, wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Germany. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wole Asiatɔwo ƒe gbe aɖe srɔ̃m be yewoatsɔe akpe ɖe amesiwo tso duta ŋu be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, me nyateƒea.

Ðe atsu kple asi sia kpɔ dzidzɔ vavãtɔa? Wolfgang gblɔ be: “Tso esime míete gbɔgbɔmenuwo didi vevie la, dzi le mía dzɔm ɖe edzi eye míaƒe dzi dze eme wu. Yehowa subɔsubɔ tso dzi blibo me hã wɔe be míaƒe srɔ̃ɖeɖe me kadodoa me sẽ ɖe edzi. Dzidzɔ nɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me tsã ya, gake dɔ kple taɖodzinu siwo to  vovo kurae nɔ mía si. Fifia ya míewɔ ɖeka hele taɖodzinu ɖeka minyam.”

Nukae Nana Ame Kpɔa Dzidzɔ?

Kpuie ko la: Ƒo asa na “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” eye ‘nàtse Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ku.’ Ne ame akpɔ dzidzɔ la, ke ele be wòadi vevie be yeanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu. Amesi dzea agbagba wɔe alea asɔ kple amesi Yesu ɖɔ be dzidzɔtɔ.

Eyata, mègaƒo nya ta vodadatɔe be yemate ŋu akpɔ dzidzɔ o. Anɔ eme be mele lãmesẽ nyui me fifia ya o alo be kuxiwo anɔ wò srɔ̃ɖeɖe me. Ðewohĩ dzilanyenye me viɖewo to miame na wò, alo ànɔ ʋiʋlim be yeakpɔ dɔ nyui aɖe awɔ. Ðewohĩ ga megale asiwò abe tsã ene o. Ke hã, lé dzi ɖe ƒo; mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò kura o! Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua akpɔ kuxi siawo kple bubu geɖewo gbɔ. Le nyateƒe me la, eteƒe madidi o Yehowa Mawu awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo si hakpala la gblɔ dzi be: “Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, . . . Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” (Psalmo 145:13, 16) Abe alesi Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo ate ŋu aɖi ɖasee ene la, Yehowa ƒe ŋugbedodo sia si ŋu kakaɖedzi le la lelé ɖe susu me ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe egbea.—Nyaɖeɖefia 21:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Wotsɔ Helagbe me nya si nye ma·kaʹri·oi la dze nyagbɔgblɔ asieke siawo siwo woyɔna be dzidzɔnyawo la gɔmee. Le esi teƒe be woaɖe nya sia gɔme be “yayratɔwo,” abe alesi Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo wɔe ene la, New World Translation kple Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo, abe The Jerusalem Bible kple Today’s English Version ene, zã nya si sɔ wu be “dzidzɔtɔwo.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nusiwo Naa Dzi Dzɔa Ame

Lɔlɔ̃ ʋãa amewo be woawo hã woalɔ̃ wò.

Dzidzɔ doa ŋusẽ wò be nànɔ te ɖe kuxiwo nu.

Ŋutifafa kpena ɖe ŋuwò be dzre aɖeke menɔa mia kple amewo dome o.

Dzigbɔgbɔ blewu ana dzi nanɔ dzɔwòm ne wole tewòm kpɔ gɔ̃ hã.

Dɔmekɔkɔ hea amewo ɖe ŋuwò.

Dɔmenyonyo na amewo ana woakpe ɖe ŋuwò ne èhiã kpekpeɖeŋu.

Anukwaretɔnyenye ana nàka ɖe edzi be Mawu afia mɔ ye lɔlɔ̃tɔe.

Dɔmefafa ana wò dzi, susu, kple lãme hã afa.

Ðokuidziɖuɖu awɔe be wò vodadawo dzi aɖe akpɔtɔ.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Be nàkpɔ dzidzɔ la, ehiã be nàkpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ