Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Korintotɔwo II, 6:14 la, amekawoe Paulo yɔ be “dzimaxɔsetɔwo”?

Míexlẽ le Korintotɔwo II, 6:14 be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!” Ne míelé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia ŋu la, edze ƒã be Paulo nɔ nu ƒom tso amesiwo menye Kristo-hamea me tɔwo kura o la ŋu. Gɔmesese sia wɔ ɖeka kple Biblia me mawunyakpukpui bubu siwo me Paulo zã nya “dzimaxɔsetɔ” alo “dzimaxɔsetɔwo” le.

Le kpɔɖeŋu me, Paulo ka mo na Kristotɔwo le wo nɔewo kpɔkplɔ yi ʋɔnu “le dzimaxɔsetɔwo ŋku me” ta. (Korintotɔwo I, 6:6) Le afisia la, dzimaxɔsetɔawoe nye ʋɔnudrɔ̃la siwo drɔ̃a nya le Korinto. Le Paulo ƒe agbalẽ evelia, si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la, egblɔ be Satana “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” ‘Wotsyɔ nu’ dzimaxɔsetɔ mawo ƒe ŋkuwo dzi be womedzea si nyanyuie la o. Dzimaxɔsetɔ siawo mewɔ afɔɖeɖe aɖeke be yewoasubɔ Yehowa o, abe alesi Paulo ɖe eme do ŋgɔe ene be: “Ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.”—Korintotɔwo II, 3:16; 4:4.

Dzimaxɔsetɔ aɖewo nyea sedzimawɔlawo alo trɔ̃subɔlawo. (Korintotɔwo II, 6:15, 16) Ke hã, menye dzimaxɔsetɔwo katãe tsia tre ɖe Yehowa subɔlawo ŋu o. Wo dometɔ aɖewo tsɔa ɖe le nyateƒea me. Wo dometɔ geɖe srɔ̃ nye Kristotɔwo eye wòdze wo ŋu be yewoanɔ anyi kpli wo. (Korintotɔwo I, 7:12-14; 10:27; 14:22-25; Petro I, 3:1, 2) Gake amesiwo menye Kristo-hamea me tɔ, ‘siwo xɔ Aƒetɔ la dzi se,’ o lae Paulo zãa nya “dzimaxɔsetɔ” na ɣesiaɣi, abe alesi míegblɔe do ŋgɔe ene.—Dɔwɔwɔwo 2:41; 5:14; 8:12, 13.

Gɔmeɖose si le Korintotɔwo II, 6:14 nye mɔfiame vevi aɖe na Kristotɔwo le agbemenuwɔnawo katã me eye zi geɖe la, woyɔnɛ tsɔ ɖoa aɖaŋu si me nunya le na Kristotɔ siwo le kpeɖeŋutɔ si woaɖe la dim. (Mateo 19:4-6) Nunyatɔe la, Kristotɔ si ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ media amesi wòaɖe tsoa dzimaxɔsetɔwo dome o, le esi dzimaxɔsetɔwo ƒe gɔmeɖosewo, taɖodzinuwo, kple dzixɔsewo to vovo sãa tso Kristotɔ vavãwo tɔ gbɔ ta.

Ke amesiwo srɔ̃ Biblia eye wole ha dem kple Kristo-hamea ya ɖe? Ke aleke wòle le amesiwo nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo hã gome? Dzimaxɔsetɔwoe woawo hã nyea? Ao. Mele be woayɔ amesiwo xɔ nyateƒea ŋuti nyanyuia de eme eye wole ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ la be dzimaxɔsetɔwo o. (Romatɔwo 10:10; Korintotɔwo II, 4:13) Hafi Kornelio naxɔ nyɔnyrɔ la, wogblɔ le eŋu be “enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu.”Dɔwɔwɔwo 10:2.

Ke ɖe nunya anɔ eme ne Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖe do zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ɖe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe gbɔ alo be yeaɖee, esi wònye ne míagblɔe tututu la, Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si woŋlɔ ɖe Korintotɔwo II, 6:14 mexe mɔ ɖe afɔɖeɖe sia nu o ta? Ao, nunya manɔ eme o. Nukatae? Aɖaŋu aɖe si Paulo ɖo na Kristotɔ ahosiwo tẽ la tae. Paulo ŋlɔ bena: ‘Evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ̃; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo ma la, woxlɔ̃ nu Kristotɔ ɖeadzɔgbewo be woadi amesi woaɖe la tso amesiwo “le Aƒetɔ la me” ko.

Gɔmesese kae le nya “le Aƒetɔ la me” kple bubu si do ƒome kplii si nye “le Kristo me” ŋu? Paulo ƒo nu tso amesiwo “le Kristo me”  alo “le Aƒetɔ me” ŋu le Romatɔwo 16:8-10 kple Kolosetɔwo 4:7. Ne èxlẽ mawunyakpukpui mawo la, àkpɔe be ame mawo nye ‘hadɔwɔlawo’ ‘amesiwo dze,’ ‘nɔvi lɔlɔ̃tɔwo,’ ‘amesiwo li ke’ kple ‘subɔla hadɔwɔlawo.’

Ɣekaɣie ame va zua ‘subɔla le Aƒetɔ la me’? Eva zunɛ ne elɔ̃ faa wɔ nusi wòle na subɔla be wòawɔ eye wògbe nu le eɖokui gbɔ. Yesu ɖe eme be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) Ame va tea Kristo yomedzedze kple eɖokuitsɔtsɔna be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe ne etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Mawu. Emegbe etsɔa eɖokui nana hexɔa nyɔnyrɔ eye wòzua subɔla si woɖo si si tenɔnɔ nyui le le Yehowa Mawu ŋkume. * Eyata, be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me’ fia be woaɖe amesi ɖee fia kɔte be yenye xɔsetɔ ŋutɔŋutɔ, si nye “Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla,” ɖeadzɔgbe.Yakobo 1:1.

Amesi le Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo eye wòle gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo wɔm dze na kafukafu. Ke hã, metsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hetsɔ eɖokui na be yeanɔ subɔsubɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe haɖe o. Ekpɔtɔ le tɔtrɔ siwo hiã la wɔm. Ele nɛ be wòado ŋgɔ awɔ tɔtrɔ gã siwo hiã la bliboe be woanye adzɔgbeɖela, Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ hafi adze ŋugbledede le agbe me tɔtrɔ gã bubu, abe srɔ̃ɖeɖe ene, ŋu.

Ðe wòasɔ be Kristotɔ nado zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ɖe ame aɖe si dze abe ele ŋgɔyiyi nyui wɔm le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la gbɔ—ɖewohĩ kple susu be woalalae vaseɖe esime wòaxɔ nyɔnyrɔ ne woaɖea? Masɔ nenema o. Ate ŋu ana be Biblia-nusrɔ̃vi ƒe taɖodzinu siwo koŋ ta wòle nua srɔ̃m magato mɔ ɖeka o ne enya be Kristotɔ adzɔgbeɖela aɖe di be yeaɖe ye gake ne yexɔ nyɔnyrɔ ko hafi wòate ŋu ava eme na ye.

Zi geɖe la, ame nyea gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo, siwo me wòawɔ ŋgɔyiyi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Eyata nuxlɔ̃ame si nye be woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko la menye nusi dzi wɔwɔ sesẽ akpa o. Ke ne ame aɖe tsi ɖo srɔ̃ɖeɖe me, wònye amesi wonyi le Kristotɔ ƒe ƒome aɖe me, wòle vevie dom nu le hamea me hena ƒe geɖe, evɔ wònye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ya ɖe? Le amesia gome la, nukae xe mɔ nɛ be metsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa o? Nukatae wòle hehem ɖe megbe? Ðe ɖikeke ɖo emea? Togbɔ be menye dzimaxɔsetɔe wònye o hã la, womate ŋu agblɔ le eŋu be ‘ele Aƒetɔ la me’ o.

Nuxlɔ̃ame si Paulo na le srɔ̃ɖeɖe ŋu nye esi aɖe vi na mí. (Yesaya 48:17) Ne ame eve siwo do srɔ̃ɖeɖe ƒe ŋugbe na wo nɔewo nye amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke anye gbɔgbɔmegɔmeɖoanyi like na woƒe ɖekawɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Woawɔ ɖe gɔmeɖose ɖeka ma ke dzi eye woƒe taɖodzinuwo hã anɔ ɖeka. Esia wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ anɔ la ɖoɖo anyi me. Gawu la, ne ame ‘ɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me’ la, enye nuteƒewɔwɔ na Yehowa, eye ema hea yayra mavɔwo vɛ, elabena “[Yehowa ƒe] dɔme nyo ɖe dɔmenyotɔ la ŋu.”—Psalmo 18:26.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Le Kristotɔ amesiamina siwo Paulo nɔ agbalẽa ŋlɔm na tẽ le gɔmedzedzea me gome la, be woanye ‘subɔla le Aƒetɔ la me’ bia hã be woasi ami na wo woanye Mawu ƒe viwo kple Kristo nɔviwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

‘Yehowa ƒe dɔme nyo ɖe dɔmenyotɔ la ŋu’